Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔ Ƒomedodo Si Le Wò Kple Yehowa Dome Ta Esi Nèle Subɔsubɔm Le Duta

Kpɔ Ƒomedodo Si Le Wò Kple Yehowa Dome Ta Esi Nèle Subɔsubɔm Le Duta

“Medzra wò nyawo ɖo ɖe nye dzi me.”—PS. 119:11.

HADZIDZI: 142, 92

1-3. (a) Nɔnɔme ka ke mee míeɖakpɔ mía ɖokui le o, nu kae wòle be wòanɔ vevie na mí wu? (b) Kuxi kawoe ame siwo le gbe bubu srɔ̃m la doa goe, eye biabia kawoe esia fɔ ɖe te? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

YEHOWA ÐASEFO akpe geɖe le akpa vevi aɖe wɔm le nyagblɔɖi si nye be woaɖe gbeƒã nya nyuia na “dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple ame ɖe sia ɖe ƒomevi” la me vava me. (Nyaɖ. 14:6) Ðe wò hã èle gbe bubu srɔ̃ma? Dutanyanyuigblɔlae nènyea? Ðe nèle subɔsubɔm le afi si hiahiã geɖe wu le le duta? Alo ɖe nèdze kpekpewo dede le dutagbe hame aɖe me le miaƒe dukɔa mea?

2 Esi míenye Mawu subɔlawo ta la, míawo ŋutɔwo kple míaƒe ƒomea ƒe gbɔgbɔmededienɔnɔ ye wòle be wòanɔ vevie na mí wu. (Mat. 5:3) Gake ɣeaɖewoɣi la, gbe sia gbe hloloetsotsowo ate ŋu awɔe be míakpɔ ɣeyiɣi asrɔ̃ nu le mía ɖokui si veviedodotɔe o. Ke hã, nɔvi siwo le subɔsubɔm le duta ya gadoa go kuxi bubuwo.

3 Tsɔ kpe ɖe gbe bubu sɔsrɔ̃ ŋu la, ele hã be ame siwo le subɔsubɔm le duta nakpɔ egbɔ be yewotsɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu sesẽ le yewo ɖokui nyim edziedzi. (1 Kor. 2:10) Aleke woate ŋu awɔ esia ne womese gbe si wodona le hamea me nyuie o? Eye nu ka tae wòle be dzila Kristotɔwo nakpɔ egbɔ be Mawu ƒe Nya la de dzi gbɔ na wo viwo?

NANE SI ATE ŊU AGBLẼ NU LE MÍAƑE GBƆGBƆMELÃMESẼ ŊU

4. Nu kae ate ŋu agblẽ nu le míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ ŋu? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

4 Ne míesea Biblia ƒe nufiafiawo gɔme nyuie o le esi míeɖu tu na dutagbea o ta la, esia ate ŋu agblẽ nu le míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ ŋu. Le ƒe alafa atɔ̃lia Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me la, Nehemiya de dzesii be Yudatɔ siwo trɔ gbɔ tso Babilon la dometɔ aɖewo ƒe viwo mese Hebrigbea o, eye esia ɖe fu nɛ vevie. (Xlẽ Nehemiya 13:23, 24.) Esi ɖevi mawo metea ŋu sea Mawu ƒe Nyaa gɔme o ta la, ƒomedodo si nɔ woa kple Mawu kple eƒe dukɔ tiatiaa dome la me gbɔdzɔ.—Neh. 8:2, 8.

5, 6. Nu kae dzila siwo le subɔsubɔm le duta la dometɔ aɖewo va de dzesii, eye nu ka tae?

5 Dzila Kristotɔ siwo le subɔsubɔm le duta la dometɔ aɖewo va kpɔe be dzo si nɔ yewo viwo me ɖe nyateƒea ŋu tsã la va nɔ tsitsim. Esi wònye be ɖeviawo mesea Biblia ƒe nufiafiawo gɔme nyuie le Fiaɖuƒe Akpata me o ta la, mewɔa dɔ ɖe wo dzi o. Pedro, [1] si ʋu tso South America kple eƒe ƒomea yi Australia la gblɔ be “ne ame le Mawu ƒe Nyaa srɔ̃m la, ele be wòase nu si srɔ̃m wòle la gɔme ale be wòaʋã eƒe dzi be wòanɔ agbe ɖe enu.”—Luka 24:32.

6 Ne míexlẽ nane le dutagbe me la, ɖewohĩ mawɔ dɔ ɖe mía dzi abe ale si wòanɔ ne míexlẽe le mía degbe me ene o. Azɔ hã, ne míetea ŋu doa gbea nyuie o la, esia ate ŋu ate ɖeɖi mía ŋu ale gbegbe be míava gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me. Eya ta, esi míele agbagba dzem be dzo si le mía me be míasubɔ le duta nagatsi o la, ele vevie hã be míakpɔ ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome ta.—Mat. 4:4.

WOKPƆ ƑOMEDODO SI LE WOA KPLE YEHOWA DOME TA

7. Aleke Babilontɔwo dze agbagba be yewoana Daniel nalɔ̃ yewoƒe dekɔnuwo kple yewoƒe mawusubɔsubɔ?

7 Esi Daniel kple eƒe zɔhɛwo nɔ aboyo me la, Babilontɔwo dze agbagba be yewoana woalɔ̃ yewoƒe dekɔnuwo kple mawusubɔsubɔ, eya ta wofia ‘Kaldeatɔwo ƒe gbegbɔgblɔ’ woamawo. Azɔ hã, fiaŋume si nɔ hehe nam wo la tsɔ Babilontɔwo ƒe ŋkɔwo na wo. (Dan. 1:3-7) Babilontɔwo ƒe mawu vevitɔ si nye Bel la ƒe ŋkɔ dze le ŋkɔ si wotsɔ na Daniel la me. Anɔ eme be susu si Fia Nebukadnezar di be yeaƒã ɖe ta me na Daniel ye nye be Babilontɔwo ƒe mawua kpe eƒe Mawu, Yehowa, dzi.—Dan. 4:8.

8. Esime Daniel nɔ dzronyigba dzi la, nu kae kpe ɖe eŋu wòkpɔ ƒomedodo si nɔ woa kple Yehowa dome ta?

8 Togbɔ be wona fia ƒe nuɖuɖu viviwo Daniel be wòaɖu hã la, “Daniel ɖoe le eƒe dzi me” be ‘yemagblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui o.’ (Dan. 1:8) Esi wòyi edzi nɔ “agbalẽ kɔkɔeawo” srɔ̃m le wo degbe me ta la, eyi edzi sẽ ŋu le xɔse me, togbɔ be enɔ dzronyigba dzi hã. (Dan. 9:2, etenuŋɔŋlɔ) Eya ta anɔ abe ƒe 70 ene megbe gɔ̃ hã la, wogayɔa eƒe Hebri-ŋkɔa nɛ kokoko.—Dan. 5:13.

9. Abe ale si wòdze le Psalmo 119 lia me ene la, dɔ kae Mawu ƒe Nyaa wɔ ɖe psalmo sia ŋlɔla dzi?

9 Mawu ƒe Nyaa do ŋusẽ Psalmo 119 lia ŋlɔla ale be mena ame siwo dome wònɔ ƒe nuwɔnawo kpɔ ŋusẽ ɖe edzi o. Ekpe fu le fiaŋumewo si me, elabena woɖe alɔme le eŋu. (Ps. 119:23, 61) Ke hã, eɖe mɔ Mawu ƒe nyawo wɔ dɔ ɖe eƒe dzi dzi vevie.—Xlẽ Psalmo 119:11, 46.

KPƆ ƑOMEDODO SI LE MIA KPLE YEHOWA DOME TA

10, 11. (a) Ne míele Mawu ƒe Nyaa srɔ̃m la, nu kae wòle be wòanye míaƒe taɖodzinu? (b) Aleke míawɔ aɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

10 Togbɔ be subɔsubɔdɔa kple míaƒe dɔwɔɖuiwo ate ŋu axɔ ɣeyiɣi geɖe le mía si hã la, ele be mí katã míadi ɣeyiɣi na ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple ƒometadedeagu. (Ef. 5:15, 16) Gake menye nu agbɔsɔsɔme si míasrɔ̃ alo dzadzraɖo ɖe nyaŋuɖoɖo ŋu le kpekpeawo me dzaa koe wòle be wòanye míaƒe taɖodzinu o. Míadi be Mawu ƒe Nya la nade míawo ŋutɔwo míaƒe dzi gbɔ eye wòado ŋusẽ míaƒe xɔse.

11 Dadasɔ hiã hafi míate ŋu aɖo taɖodzinu sia gbɔ, elabena togbɔ be ehiã be ame bubuwo ƒe hiahiãwo nanɔ susu me na mí esime míele nu srɔ̃m hã la, ele be míabu míawo ŋutɔwo míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo hã ŋu. (Flp. 1:9, 10) Ele be wòanɔ susu me na mí be ne míele dzadzram ɖo ɖe gbeadziyiyi, kpekpeawo, alo dɔdeasiwo ŋu la, míaƒe susu manɔ ale si míawo ŋutɔwo míawɔ eŋu dɔe la ŋu kokoko o. Le kpɔɖeŋu me: Togbɔ be nuɖala ɖɔa nuɖuɖuawo kpɔna hafi dzraa wo hã la, mate ŋu anɔ agbe ɖe esiwo wòɖɔna kpɔna la ɖeɖe nu o. Ne edi be yeanɔ lãmesẽ me la, ele be wòanɔ nuɖuɖu siwo me nunyiame le la ɖam na eɖokui. Nenema kee wòle be míatsɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu si akpɔ mía ŋutɔwo míaƒe hiahiãwo gbɔ la anɔ mía ɖokui nyim.

12, 13. Nu ka tae nɔvi geɖe siwo le subɔsubɔm le duta kpɔe be eɖea vi geɖe ne yewosrɔ̃a Biblia edziedzi le yewo degbe me?

12 Nɔvi geɖe siwo le subɔsubɔm le duta kpɔe be eɖea vi geɖe ne yewosrɔ̃a Biblia edziedzi le yewo ‘ŋutɔwo degbe’ me. (Dɔw. 2:8) Dutanyanyuigblɔlawo gɔ̃ hã de dzesii be hafi yewoate ŋu ali ke le xɔse me ayi yewoƒe dɔa dzi la, gbɔgbɔmenunyiame si yewoxɔna le kpekpeawo me la ɖeɖe mesu o.

13 Alain, si le Persiagbe srɔ̃m anɔ abe ƒe enyie nye esia gblɔ be: “Ne mele dzadzram ɖo ɖe kpekpeawo ŋu le Persiagbe me la, ale si mado gbea atsɔ aɖo nya ŋu koŋ ŋue nye susu nɔna. Esia wɔnɛ be Biblia me nufiafia si me dzrom mele la mewɔa dɔ ɖe dzinye tututu o. Eya ta media ɣeyiɣi srɔ̃a Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽ bubuwo le mía degbe me edziedzi.”

NA NYATEƑEA NADE DZI GBƆ NA VIWÒWO

14. Nu kae wòle vevie be dzilawo nawɔ, eye nu ka tae?

14 Ele vevie be dzila Kristotɔwo naƒã Mawu ƒe Nya la ɖe wo viwo ƒe dzi kple susu me vivivi. Esi Serge kple srɔ̃a Muriel subɔ le duta ƒe etɔ̃ kple edzivɔ megbe la, wova de dzesii be yewo viŋutsu si xɔ ƒe 17 la megava nɔ dzidzɔ kpɔm ɖe teokrasidɔwo ŋu o. Muriel gblɔ be: “Gbeƒãɖeɖe le gbe bubu me va nɔ dɔme vem nɛ, evɔ tsã la, gbeƒãɖeɖe le Fransegbe, si nye mía degbe, me dzɔa dzi nɛ ŋutɔ.” Serge hã gblɔ be: “Esi míede dzesii be esia le mía via ƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi hem ɖe megbe la, míetso nya me be míatrɔ ayi hame si me míenɔ tsã.”

Dze agbagba nàna nyateƒea nade dzi gbɔ na viwòwo (Kpɔ memama 14, 15)

15. (a) Nu kawoe ate ŋu ana dzilawo natso nya me be yewoatrɔ ayi hame si me wodoa gbe si wo viwo se nyuie la me? (b) Nuxlɔ̃amenya kae le 5 Mose 6:5-7 na dzilawo?

15 Nu kawoe ate ŋu ana dzilawo natso nya me be yewoatrɔ ayi hame si me wodoa gbe si wo viwo se nyuie la me? Gbã la, ele be woakpɔe ɖa be ɣeyiɣi kple ŋutetea le yewo ŋu yewoakpe ɖe yewo viwo ŋu woalɔ̃ Yehowa eye le ɣeyiɣi ma ke me yewoafia dutagbea ɖeviawo mahã. Evelia, ɖewohĩ woade dzesii be ɖeviawo megale dzidzɔ kpɔm ɖe gbɔgbɔmedɔwo alo subɔsubɔ le duta afi si wole la ŋu tututu o. Ne edzɔ alea la, ɖewohĩ dzila Kristotɔwo adi be yewoabu eŋu kpɔ be ɖe wòanyo be yewoaʋu ayi hame aɖe si me wodoa gbe si ɖeviawo se nyuie la me va se ɖe esime ɖeviawo li ke hewɔ nyateƒea wo tɔe hã.—Xlẽ 5 Mose 6:5-7.

16, 17. Aleke dzila aɖewo dze agbagba kpe ɖe wo viwo ŋu wowɔ nyateƒea wo tɔe esime wole subɔsubɔm le duta?

16 Gake dzila aɖewo to mɔ aɖewo dzi fia nu wo viwo tso Yehowa ŋu le wo degbe me esime wole dutagbe hame alo ƒuƒoƒo aɖe me. Le kpɔɖeŋu me, Charles, si si vinyɔnuvi etɔ̃, siwo xɔ tso ƒe 9 va ɖo 13, le la le kpekpem ɖe Lingalagbe ƒuƒoƒo aɖe ŋu. Egblɔ be: “Míesrɔ̃a nu kple ɖeviawo hewɔa ƒometadedeagu hã le mía degbe me. Gake le nusrɔ̃ɣi mawo me la, míewɔa wɔwɔfiawo kple fefewo hã le Lingalagbe me ale be ɖeviawo nate ŋu asrɔ̃ gbea esime wole dzidzɔ kpɔm.”

Midze agbagba miasrɔ̃ dutagbea eye miakpɔ gome le kpekpeawo me (Kpɔ memama 16, 17)

17 Kevin, si si vinyɔnuvi eve le, siwo dometɔ ɖeka xɔ ƒe atɔ̃ eye evelia xɔ ƒe enyi, la ku kutri vevie fia nyateƒea viawo le esi ɖeviawo metea ŋu sea Biblia ƒe nufiafiawo gɔme nyuie le dutagbe hame si me wole me o ta. Egblɔ be: “Nye kple srɔ̃nye míesrɔ̃a nu kple mía viawo ɖekaɖeka le Fransegbe, si nye mía degbe me. Azɔ hã, míewɔ ɖoɖo be míanɔ kpekpeawo dem le Fransegbe me zi ɖeka le ɣletia me, eye ne míeyi mɔkeke la, míewɔa mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ dea takpekpewo le mía degbea me.”

18. (a) Mɔfiame kae le Romatɔwo 15:1, 2 si akpe ɖe ŋuwò nànya nu si aɖe vi na viwòwo wu? (b) Aɖaŋu kawoe dzila aɖewo ɖo? (Kpɔ dzesidenya la.)

18 Ƒome ɖe sia ɖe ƒe agbae wònye be woatso nya me le nu si ade ɖeviawo ƒe gbɔgbɔmelãmesẽ dzi ŋu. [2] (Gal. 6:5) Muriel, si ƒe nya míegblɔ va yi la gblɔ be ye kple ye srɔ̃ yewodi be yewoasubɔ le dutagbe hame me, gake yewotrɔ yi aƒe le yewo viŋutsua ƒe gbɔgbɔmenyonyo ta. (Xlẽ Romatɔwo 15:1, 2.) Egbea, Serge kpɔe be yewotso nya me nyuie. Egblɔ be: “Tso esime míetrɔ yi Fransegbe hamea me la, mía via yi ŋgɔ le gbɔgbɔ me kabakaba eye wòva xɔ nyɔnyrɔ. Fifia, enye gbesiagbe mɔɖela. Ele ɖoɖo wɔm gɔ̃ hã be yeatrɔ ayi dutagbe ƒuƒoƒo me!”

NA MAWU ƑE NYAA NADE DZI GBƆ NA WÒ

19, 20. Aleke míate ŋu aɖee afia be míelɔ̃ Mawu ƒe Nya la?

19 Lɔlɔ̃ ʋã Yehowa wòna eƒe Nya, Biblia la, le gbegbɔgblɔ alafa geɖe me ale be ‘nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ nasu amewo katã ƒomevi si.’ (1 Tim. 2:4) Enya be ne míexlẽa yeƒe Nyaa le mía degbe me la, mía kpli ye dome anɔ kplikplikpli.

20 Gake nɔnɔme ka ke mee míeɖale o, ele be míakpɔ egbɔ be míetsɔa gbɔgbɔmenuɖuɖu sesẽwo nyia mía ɖokui. Ne míesrɔ̃a Biblia edziedzi le mía degbe me la, ana míawo ŋutɔwo kple míaƒe ƒomea siaa míali ke le xɔse me eye míaɖee afia be míedea asixɔxɔ Mawu ƒe nyawo ŋu vavã.—Ps. 119:11.

^ [1] (memama 5) Míetrɔ ŋkɔawo.

^ [2] (memama 18) Ne èdi numeɖeɖewo ku ɖe Biblia ƒe mɔfiame siwo ate ŋu aɖe vi na wò ƒomea ŋu la, kpɔ nyati si nye “Vihehe le Dutanyigba Dzi—Eme Kuxiwo Kple Teƒeɖoɖowo,” si dze le October 15, 2002, ƒe Gbetakpɔxɔ me.