Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe ‘Nèléa Nunya Vavãtɔ Me Ðe Asi’ Sesĩea?

Ðe ‘Nèléa Nunya Vavãtɔ Me Ðe Asi’ Sesĩea?

ŊUTINYA aɖe gblɔ tso ŋutsuvi aɖe si nɔ kɔƒe totroe aɖe me ŋu be eda ahe. Ame siwo nɔ kɔƒea me ɖua fewu le eŋu, elabe wosusu be eƒe tagbɔ ku. Eye woɖea alɔme le eŋu le amedzro siwo vaa kɔƒea me la ŋkume. Wotsɔa gaku eve, klosalogaku gã kple sikagaku sue si xɔ asi wu klosalogakua zi gbɔ zi eve sɔŋ fianɛ. Wogblɔna nɛ be, “Tia esi nèdi, ne nàtsɔe.” Ðevia tsɔa klosalogaku la heƒua du dzona.

Gbe ɖeka, amedzro aɖe biae be, “Ðe mènya be sikagaku la xɔ asi wu klosalogakua zi gbɔ zi eve sɔŋ oa?” Ðevia ko alɔgbɔnu heɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, menya.” Eye amedzroa gabiae be, “Ke nu ka tae nètsɔa klosalogakua? Ne ètsɔ sikagaku ɖekaa, àkpɔ klosalogakua ƒe teƒe eve!” Ðevia gaɖo eŋu be, “Gake ne metsɔ sikagakua, amewo magafe fefe sia kplim o. Ènya klosalogaku si gbegbe mekpɔa?” Ðevi si le ŋutinya sia me la ɖe nɔnɔme nyui aɖe si ate ŋu aɖe vi na ame tsitsiwo hã fia—eyae nye nunya vavãtɔ.

Biblia gblɔ be: “Lé nunya vavãtɔ me ɖe asi eye nàdzɔ tamebubuŋutete ŋu. Ekema àlé wò mɔ atsɔ dedie, eye wò afɔ makli nu gbeɖe o.” (Lod. 3:21, 23) Eya ta ne míenya nu si “nunya vavãtɔ” nye kple ale si míawɔ eŋu dɔ la, enana míenɔa dedie. Eye wòkpena ɖe mía ŋu be míaƒe “afɔ” nali ke ale be míagadze afɔku le gbɔgbɔ me o.

NU KAE NYE NUNYA VAVÃTƆ?

Nunya vavãtɔ to vovo na sidzedze kple gɔmesese. Ame si si sidzedze le la xɔa nyatakaka geɖe tso nu siwo wòsrɔ̃ alo xlẽ la me. Ame si si gɔmesese le la kpɔa ale si nyatakaka vovovo siwo wòxɔ la de nu wo nɔewo me. Ame si si nunya le la tea ŋu wɔa sidzedze kple gɔmesese siaa ŋu dɔ le mɔ si aɖe vi nu.

Le kpɔɖeŋu me, ame aɖe ate ŋu axlẽ Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa le ɣeyiɣi kpui aɖe me ahase emenyawo gɔme. Eye ne wole Biblia srɔ̃m kplii la, aɖo nya ŋu pɛpɛpɛ. Ðewohĩ adze kpekpeawo dede gɔme ahanɔ nya ŋu ɖom nyuie gɔ̃ hã. Nu siawo katã ate ŋu anye dzesi be amea le ŋgɔ yim, gake ɖe wòfia kokoko be edze nunya? Mefia nenema kokoko o. Ðewohĩ eƒe tagbɔ ye ɖa. Gake ne etsɔa nyateƒe si wòsrɔ̃ la dea dɔwɔwɔ me eye wòwɔa sidzedze kple gɔmesese ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu la, ke ele nu wɔm le nunya me. Azɔ hã, ne ebua nuwo ŋu nyuie, si wɔnɛ be eƒe nyametsotsowo kpɔa dzidzedze la, ke edze ƒãa be ele nunya vavãtɔ ŋu dɔ wɔm.

Kpɔɖeŋu aɖe si Yesu wɔ ku ɖe ŋutsu eve siwo tu xɔ ŋu la dze le Mateo 7:24-27. Egblɔ tso wo dometɔ ɖeka ŋu be ‘edze aɖaŋu.’ Esi wònye be ŋutsu sia bu nu siwo ate ŋu adzɔ emegbe ŋu ta la, etu eƒe xɔa ɖe agakpe dzi. Ebu nuwo ŋu yi ŋgɔ eye wòwɔ nu le mɔ nyuitɔ nu. Mebui be xɔtutu ɖe ke dzi atsɔ na ye wu eye maxɔ asi fũu hã o. Ke boŋ nunyatɔe la, ebu nyametsotso siwo wòawɔ fifia me tsonuwo ŋu yi ŋgɔ ʋĩi. Eya ta, esi ya ƒo va lɔ eƒe xɔ la, xɔa memu o, ke boŋ enɔ dedie. Fifia nyabiasea ye nye be, Nu kae míawɔ be nunya vavãtɔ nasu mía si, eye aleke míate ŋu alé nɔnɔme nyui sia me ɖe asi?

NU KAE MAWƆ BE NUNYA VAVÃTƆ NASU ASINYE?

Gbã la, de dzesii be Mika 6:9 gblɔ be: “Ame si si nunya vavãtɔ le la avɔ̃ [Mawu ƒe] ŋkɔ.” Yehowa ƒe ŋkɔa vɔvɔ̃ bia be woade bubu eyama ŋu. Efia be míade bubu gã eŋu le ame si wònye ta, eye míawɔ eƒe dzidzenuwo hã dzi. Hafi nàte ŋu ade bubu ame aɖe ŋu la, ele be nànya ale si wòbua nuwo ŋui. Ekema àte ŋu aka ɖe amea dzi, asrɔ̃ nu tso egbɔ be nàkpɔ dzidzedze abe eya ke ene. Ne míetsia dzi vevie ɖe ale si míaƒe nuwɔnawo akpɔ ŋusẽ ɖe ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome dzi le etsɔme ŋu eye míetua míaƒe nyametsotsowo ɖe eƒe dzidzenuwo dzi la, ke nunya vavãtɔ le mía si sum.

Evelia, Lododowo 18:1 gblɔ be: “Ame sia ame si ɖea eɖokui ɖe aga la le eya ŋutɔ ƒe nudzodzrowo yome tim; etsia tre ɖe nunyawo katã ŋu.” Ne míekpɔ nyuie o la, míate ŋu aɖe mía ɖokui ɖe aga le Yehowa kple eƒe amewo ŋu. Be míaƒo asa na nɔnɔme sia la, ele be míanɔ ha dem kple ame siwo vɔ̃a Mawu ƒe ŋkɔa eye wodea bubu eƒe dzidzenuwo ŋu. Ele be míade kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpataa me ɣesiaɣi si wòanya wɔ, ale be míabɔ ha kple Kristo hamea edziedzi. Ne kpekpeawo le edzi yim la, ele be míaʋu míaƒe dzi kple susu ale be nu siwo srɔ̃m míele la naɖo míaƒe dzi gbɔ.

Tsɔ kpe ɖe esia ŋu la, ne míegblɔ míaƒe dzimenyawo na Yehowa le gbedodoɖa me la, ana míate ɖe eŋu geɖe wu. (Lod. 3:5, 6) Ne míeʋu míaƒe dzi kple susu me esime míele Biblia kple agbalẽ siwo Yehowa ƒe habɔbɔa ta na mí srɔ̃m la, míakpɔ nu siwo ate ŋu ado tso míaƒe nuwɔnawo me le etsɔme la adze sii, eye míaɖe afɔ si sɔ. Azɔ hã, ele be míalɔ̃ faa axɔ nɔvi tsitsiwo ƒe aɖaŋuɖoɖowo. (Lod. 19:20) Ekema, le esi teƒe be ‘míatsi tre ɖe nunyawo katã ŋu’ la, míalé wo me ɖe asi boŋ.

ALEKE NUNYA VAVÃTƆ AÐE VI NA NYE ƑOMEA?

Nunya vavãtɔ ate ŋu akpɔ ƒomewo ta. Le kpɔɖeŋu me, Biblia xlɔ̃ nu srɔ̃nyɔnu be wòade “bubu deto” srɔ̃a ŋu. (Ef. 5:33) Nu kae srɔ̃ŋutsua awɔ be srɔ̃a nade bubu deto eŋu? Ne etsɔ akpasesẽ bia be srɔ̃a nade bubu ye ŋu la, esia maɖe vi boo o. Elabena srɔ̃a ade bubu eŋu vie ne ele egbɔ ale be tomefafa nanɔ anyi. Ke hã, ɖe esia ana srɔ̃nyɔnua nayi edzi ade bubu srɔ̃a ŋu ne mele aƒe me oa? Edze ƒãa be manɔ alea o. Ele be srɔ̃ŋutsua nabu viɖe si anɔ anyi ɣeyiɣi didi wu la ŋu. Ne ŋutsua ɖe gbɔgbɔa ƒe kutsetse fia to srɔ̃a lɔlɔ̃ me eye wòwɔa nu ɖe eŋu tufafatɔe la, esia ana srɔ̃anyɔnua hã nade bubu deto eŋu. Le nyateƒe me la, ele be srɔ̃nyɔnu Kristotɔ nade bubu srɔ̃a ŋu, eɖadze nɛ loo alo medze nɛ o.—Gal. 5:22, 23.

Biblia gblɔ hã be ele be srɔ̃ŋutsu nalɔ̃ srɔ̃a. (Ef. 5:28, 33) Ðewohĩ, srɔ̃nyɔnu atiae be yeaɣla nya veame aɖe si wòle be srɔ̃a nanya la ɖee kple susu be ye srɔ̃ nayi edzi alɔ̃ ye. Gake ɖe esia nye nunya vavãtɔ ŋu dɔ wɔwɔa? Emegbe, ne srɔ̃ŋutsua va nya nya ɣaɣlaa ɖe, nu kae ado tso eme? Ðe wòagalɔ̃ srɔ̃a ɖe edzia? Ðe wòasesẽ nɛ boŋ. Gake ne srɔ̃nyɔnua di ɣeyiɣi si sɔ eye wògblɔ nyaa na srɔ̃a tufafatɔe la, srɔ̃aŋutsua akpɔ ŋudzedze ɖe ale si wòto nyateƒe nɛ la ŋu. Esia ana eƒe lɔlɔ̃ na srɔ̃a me nagasẽ ɖe edzi.

Ale si nèhea viwòwo egbea akpɔ ŋusẽ ɖe ale si mia kpli wo dome anɔ le etsɔme dzi

Ele be ɖeviwo naɖo to wo dzilawo eye woaxɔ Yehowa ƒe amehehe. (Ef. 6:1, 4) Ðe esia fia be dzilawo nade se gbogbo aɖewo na wo viwoa? Aƒea me sewo kple to si woahe na wo ne wowɔ nu gbegblẽ la nyanya ɖeɖe mesu o. Dzila si si nunya vavãtɔ le akpe ɖe via ŋu wòase susu si ta toɖoɖo le vevie ɖo la gɔme.

Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be ɖevi aɖe ƒo nu na tɔa alo nɔa amemabumabutɔe. Ne dzilaa nyra ɖe ɖevia dzi alo he to nɛ enumake kple dziku la, ate ŋu ana ŋu nakpe ɖevia alo ana wòazi kpi kpoo. Ke hã, ɖewohĩ ɖevia abi dzi, si ate ŋu ana kadodo si le woa kple edzilawo dome nagbɔdzɔ.

Dzila siwo le nunya vavãtɔ tum ɖo la abu ale si wonaa hehe wo viwo kple ale si esia akpɔ ŋusẽ ɖe ɖeviawo dzi le etsɔme la ŋu vevie. Mele be dzilaa natso ɖe ɖevia ŋu enumake le esi ɖevia ƒe nuwɔnaa do ŋukpee ta ko o. Ðewohĩ woate ŋu aɖe ɖevia ɖeɖe ɖe vovo eye woatsɔ gbe blewu axlɔ̃ nui ahaɖe eme nɛ be Yehowa di be wòade bubu edzilawo ŋu ale be wòahe viɖe mavɔwo avɛ na eya ŋutɔ. Ekema ne ɖevia ƒe nuwɔnawo ɖee fia be edea bubu edzilawo ŋu la, akpɔe adze sii be yele to ɖom Yehowa. (Ef. 6:2, 3) Ewɔwɔ alea ate ŋu aʋã ɖeviwo ƒe dzi. Ðevia akpɔe be ye dzilawo tsɔa ɖe le eme na ye vavã, eye wòayi edzi ade bubu geɖe wo ŋu. Esia aʋu mɔ na ɖevia be wòate ɖe edzilawo ŋu faa abia kpekpeɖeŋu ɣesiaɣi si wòadze ŋgɔ kuxi aɖe.

Dzila aɖewo gbea tohehe na wo viwo le esi womedina be yewoado vevesese na ɖeviawo o ta. Ke hã, nu kae adzɔ ne ɖevia va tsi? Ðe wòavɔ̃ Yehowa ahanya nunya si le Mawu ƒe dzidzenuwo me léle ɖe asi mea? Ðe wòaƒu to anyi ase Yehowa ƒe amehehea, alo ɖe wòaɖe eɖokui ɖe aga tso Yehowa gbɔa?—Lod. 13:1; 29:21.

Atikpala bua nu si wòdi be yeakpa la ŋu do ŋgɔ. Menɔa atia kpam ko henɔa mɔ kpɔm be ava zu atikpakpɛ nyui aɖe o. Dzila siwo si nunya vavãtɔ le zãa ɣeyiɣi geɖe ɖe nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ƒe dzidzenuwo kple ale si woawɔ wo ŋu dɔe ŋu; wotoa esia me vɔ̃a eƒe ŋkɔa. Ne womeɖea wo ɖokui ɖe aga tso Yehowa kple eƒe habɔbɔa gbɔ o la, nunya vavãtɔ asu wo si eye woazãe atsɔ atu woƒe ƒomea ɖo.

Nyametsotso siwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbe dzi dzea ŋgɔ mí gbe sia gbe. Le esi míatsi klokloklo aɖe afɔ aɖe alo atso nya me dzitsitsitɔe teƒe la, ɖe manyo wu be míatɔ sẽe abu nuwo ŋu nyuie oa? Bu nu siwo ava do tso eme le etsɔme la ŋu. Bia kpekpeɖeŋu tso Yehowa gbɔ, eye nàwɔ mawumenunya ŋu dɔ. Nuwɔwɔ alea afia be míelé nunya vavãtɔ me ɖe asi, eye esia ana agbe mí.—Lod. 3:21, 22.