Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyagbe Aɖe Si Wɔ Dɔ Ðe Ame Dzi Ŋutɔ!

Nyagbe Aɖe Si Wɔ Dɔ Ðe Ame Dzi Ŋutɔ!

“NYƆNU.” Nenemae Yesu yɔ nyɔnuwo ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, esi wònɔ dɔ dam na dɔnɔ aɖe si xa gobaa ƒe 18 sɔŋ la, egblɔ be: “Nyɔnu, wotu ka wò tso wò dɔléle la me.” (Luka 13:10-13) Yesu zã nya ma esi wònɔ nu ƒom na eya ŋutɔ dadaa gɔ̃ hã. Le Biblia-ŋlɔɣiwo la, wobua nya ma be enye bubudede ame ŋu. (Yoh. 19:26; 20:13) Gake nyagbe bubu aɖe li si de ŋgɔ wu bubudede ame ŋu ko.

Biblia zãa nyagbe aɖe si ŋu dɔmetɔtrɔ kple ameŋububu ɖe dzesi le la ɣeaɖewoɣi ne ele nu ƒom tso nyɔnuwo ŋu. Yesu zãe esi wòƒo nu na nyɔnu aɖe si ʋusisidɔ ɖe fu na ƒe 12 sɔŋ. Le Mawu ƒe Sea nu la, mesɔ be wòate ɖe Yesu ŋu o, elabe Sea gblɔ be ne ame le nɔnɔme ma me la, eŋu mekɔ o. Eya ta ne woagblɔe ŋutɔŋutɔ la, ɖe wòle be nyɔnua naɖe eɖokui ɖe aga kura tso amewo gbɔ le eƒe nɔnɔmea ta hafi. (3 Mose 15:19-27) Gake nu te ɖe edzi vevie. Le nyateƒe me la, nyɔnua “kpe fu le atikewɔla geɖewo si me, eye wògblẽ eƒe nunɔamesiwo katã, gake dɔa meka ɖe eme nɛ o, ke boŋ ɖeko wòganyra ɖe edzi.”—Marko 5:25, 26.

Nyɔnua zɔ dzadzadza to ameha siwo nɔ Yesu yome la dome va ka asi eƒe awudziwuia toga. Enumake, ʋu si nɔ sisim le eŋu la nu tso! Nyɔnua susu be ame aɖeke made dzesi nu si yewɔ o, gake Yesu bia be: “Ame kae ka asi ŋunye?” (Luka 8:45-47) Nyɔnua nɔ vɔvɔ̃m henɔ dzodzom nyanyanya eye wòva dze klo ɖe Yesu ŋkume hegblɔ “nyateƒea katã nɛ.”—Marko 5:33.

Esi Yesu di be yeana nyɔnua ƒe dzi nadze eme ta la, egblɔ nɛ tufafatɔe be: “Vinyenyɔnu, wò dzi nedze eme”! (Mat. 9:22) Le Biblia ŋuti nunyalawo ƒe nya nu la, wotea ŋu zãa Hebri kple Helagbe me nya si nye “vinyɔnu” le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu tsɔ ɖea “ameŋububu kple dɔmetɔtrɔ” fiana. Yesu yi edzi de dzi ƒo nɛ esi wògblɔ nɛ be: “Wò xɔse na nèhaya. Heyi le ŋutifafa me, eye nàhaya tso wò dɔléle vɔ̃ɖi la si me.”—Marko 5:34.

“Vinyenyɔnu.” Nenemae Boaz si nye Israel-vi kesinɔtɔ aɖe la yɔ Rut Moabitɔ la. Rut hã meka ɖe edzi nenye be woawɔ nu ɖe ye ŋu nyuie o, elabena enɔ nuku fɔm le ame aɖe si menya o ƒe agble me. Ke hã Boaz gblɔ nɛ be, “Vinyenyɔnu, ɖo tom.” Eyome ede dzi ƒo na Rut be wòayi edzi anɔ nuku fɔm le yeƒe agblea me. Rut dze klo tsyɔ mo anyi ɖe Boaz ŋkume hebiae nu si ta wòve ye nu alea evɔ wònye amedzroe yenye hafi. Boaz gagblɔ nya bubuwo tsɔ de dzi ƒo nɛ ale: “Wogblɔ nu siwo katã nèwɔ na lɔ̃xowò [Naomi, ahosi la] . . . nam tsitotsito. Yehowa neɖo nu si nèwɔ teƒe na wò.”—Rut 2:8-12.

Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi Yesu kple Boaz siaa ɖo ɖi na Kristotɔ hamemetsitsiwo! Edzɔna ɣeaɖewoɣi be hamemetsitsi eve nakpe kple nɔvinyɔnu aɖe si ŋu wòhiã be woatsɔ Ŋɔŋlɔawo akpe ɖo ahade dzi ƒo na. Ne hamemetsitsiawo do gbe ɖa bia Yehowa ƒe mɔfiafia eye wolé to ɖe nɔvinyɔnua ƒe nyawo ŋu nyuie la, ekema woasu te azã Mawu ƒe Nyaa atsɔ ade dzi ƒo nɛ ahafa akɔ nɛ.—Rom. 15:4.