Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE

“Fiaɖuƒegbeƒãɖela Siwo Le Britain—Minyɔ!!”

“Fiaɖuƒegbeƒãɖela Siwo Le Britain—Minyɔ!!”

NYATI aɖe si me nyawo bia nuwɔwɔ kpata la ƒe tanya yi ale: “Fiaɖuƒegbeƒãɖela Siwo Le Britain—Minyɔ!!” (Edze le Informant, * December 1937, London tɔ me) Eƒe tanya suea si ana ame nayi ŋugble me la gblɔ kpee be: “Míekpɔ Dzidziɖedzi Gobii Aɖeke Le Ƒe Ewo Me O.” Ƒe ewo ƒe subɔsubɔdɔ, si tso ƒe 1928 va ɖo ƒe 1937, ƒe akɔntabubu si dze le axa gbãtɔ la, ɖo kpe nya sia dzi.

ÐE MƆÐELAWO SƆ GBƆ AKPAA?

Nu kae wɔe be gbeadzisubɔsubɔdɔa megava nɔ afɔ tsɔm le Britain o? Edze abe “ave xoxoa” me koe hameawo gakpɔtɔ nɔ ene, elabena ale si nuwo nɔ tso gbe aɖe gbe ke la me koe wogalé ɖe asi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, alɔdzedɔwɔƒea tso nya me be mɔɖela 200 koe su na dɔwɔwɔ le anyigbamamaa me, eye wowɔa dɔ le anyigbamama saɖeagawo me, ke menye kple hamewo o. Eya ta alɔdzedɔwɔƒea gblɔ na ame siwo di be yewoawɔ mɔɖeɖedɔa be womakpɔ anyigbamama na wo le Britain o, eye wòde dzi ƒo na wo be woaɖasubɔ le Europa dukɔ bubuwo me. Nu si dze kafukafue nye be, mɔɖela geɖe ʋu le Britain yi dukɔwo abe France ene me, togbɔ be wo dometɔ aɖewo meɖu tu na gbea o, eye ɖewo mesee kura o hã.

“NUWƆWƆ KPATA ƑE YƆYƆ AÐE”

Le ƒe 1937 me la, Informant la ka bo gã aɖe na nɔviawo: Woaɖe gbeƒã gaƒoƒo miliɔn ɖeka le ƒe 1938 me! Woate ŋu aɖo bokanamea gbɔ bɔbɔe ne gbeƒãɖelawo ɖe gbeƒã gaƒoƒo 15 eye mɔɖelawo ɖe gbeƒã gaƒoƒo 110 ɣleti sia ɣleti. Wowɔ ɖoɖo hã be le ŋkeke aɖewo dzi la, woawɔ gaƒoƒo atɔ̃ le gbeadzi eye woawɔ tɔtrɔyiwo koŋ le kwasiɖa domedomewo le fiẽsiwo me.

Mɔɖela siwo me dzo nɔ la lé fɔ ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu

Gbetete ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ƒe vevienyenye dzi alea do dzidzɔ na nɔvi geɖe. Hilda Padgett * si nɔ anyi ɣemaɣi gblɔ be: “Enye nuwɔwɔ kpata ƒe yɔyɔ aɖe si tso míaƒe dɔwɔƒegãa kple susu be woade dzo mía me ɖe dɔa ŋu. Mía dometɔ geɖe nɔ mɔ kpɔm nɛ vevie, eye nu nyui geɖe do tso eme.” Nɔvinyɔnu E. F. Wallis hã gblɔ be: “Gbe-ɖeka-gaƒoƒo-atɔ̃ ƒe ɖoɖoa de dzo mía me ŋutɔ! Dzidzɔ kae galolo wu esi míekpɔna ne míetsɔ ŋkeke blibowo wɔ dɔ na Aƒetɔ la? . . . Ðe nu tia kɔ na mí ne míegbɔ va aƒe mea? Ðewohĩ. Gake ɖe míekpɔa dzidzɔa? Nenema tututue!” Stephen Miller si nye ɖekakpui ɣemaɣi la kpɔ ale si gbegbe yɔyɔa bia nuwɔwɔ kpatae, eye wòtso ɖe dɔ ŋu. Edi be yeawɔ dɔa esime mɔnukpɔkpɔa gakpɔtɔ li nɛ! Eɖo ŋku edzi be gbeƒãɖelawo ƒe ƒuƒoƒowo doa gasɔ ɖaɖea gbeƒã ŋkeke blibowo, eye le dzomeŋɔli ƒe fiẽsiwo la, woƒoa nuƒo siwo wolé ɖe mɔ̃ dzi na amewo wosena. Wokpɔ gome le gbeƒãɖeɖe ƒe gbɔlɔlɔ siwo me wokplaa pepa siwo dzi woŋlɔ nu ɖo la me dzonɔamemetɔe, eye wona magazinewo le ablɔdziɖaseɖiɖidɔa me.

Woto Informant la dzi tsɔ yɔyɔ bubu aɖe ɖo nɔviawo ŋkume be: “Míehiã na mɔɖela 1,000.” Wowɔ anyigbamamawo ŋuti ɖoɖo yeye be mɔɖelawo magaɖe ɖe vovo tso hameawo gbɔ o, ke boŋ woawɔ dɔ aduadu kpli wo, akpe asi ɖe wo ŋu ahatu wo ɖo. Nɔvinyɔnu Joyce Ellis (si nye Barber ƒomea me tɔ) gblɔ emegbe be: “Nɔvi geɖe va nyɔ le wo ɖokui me hekpɔe be ele be yewoawɔ mɔɖeɖedɔa.” Egblɔ kpee be: “Togbɔ be ƒe 13 koe mexɔ ɣemaɣi hã la, mɔɖeɖedɔae dzrom be mawɔ.” Eɖo eƒe taɖodzinua gbɔ le July 1940 me, esime wòxɔ ƒe 15. Peter, si va zu Joyce srɔ̃ emegbe la hã se “Yɔyɔa,” eye esia ʋãe “wòva nɔ mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu bum.” Le June 1940 me, esime wòxɔ ƒe 17 la, edo gasɔ kilometa 105 yi anyigbamama si wode asi nɛ le Scarborough la me hedze mɔɖeɖedɔa gɔme le afi ma.

Cyril Johnson kple srɔ̃a Kitty hã nɔ mɔɖela yeye siwo me ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ nɔ la dome. Wodzra woƒe aƒe kple nunɔamesiwo tsɔ do alɔ woƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Cyril ɖe asi le eƒe dɔwɔɖuia ŋu, eye le ɣleti ɖeka me la, wonɔ klalo be yewoadze mɔɖeɖedɔa gɔme. Egblɔ emegbe be: “Míenya nu si wɔm míenɔ. Míewɔe tso dzi me faa kple dzidzɔ.”

MƆÐELAWO ƑE AƑEWO

Esi mɔɖelawo ƒe xexlẽme nɔ dzidzim ɖe edzi ŋutɔ ta la, nɔvi siwo nɔ ŋgɔ xɔm la bu mɔ siwo dzi woato akpe ɖe mɔɖelawo ƒe ha gã si nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi la ŋu. Nɔviŋutsu Jim Carr, si nye nutome subɔla (si woyɔna fifia be nutome sue dzikpɔla) le ƒe 1938 me la wɔ ɖe mɔfiame si nye be woaɖo mɔɖelawo ƒe aƒewo ɖe dugãwo me la dzi. Wode dzi ƒo na mɔɖelawo ƒe ƒuƒoƒowo be woanɔ teƒe ɖeka ahawɔ dɔ ɖekae kple susu be woaɖe gazazãwo dzi akpɔtɔ. Le Sheffield la, wohaya aƒe gã aɖe eye wotsɔe de nɔviŋutsu kpɔnuteƒe aɖe ƒe dzikpɔkpɔ te. Hame si nɔ nutoa me la dzɔ ga kple xɔmenuwo. Jim gblɔ emegbe be: “Ame sia ame kpe asi ɖe ɖoɖoa ŋu be wòadze edzi.” Mɔɖela veviedola ewo nɔ afi ma, eye wolé gbɔgbɔmedɔwo wɔwɔ ƒe ɖoɖo nyui me ɖe asi. “Wodzroa [ŋkekea ƒe] mawunyakpukpuia me ŋdi sia ŋdi le kplɔ̃ ŋu le ŋdinuɖuɣiwo,” eye “mɔɖelaawo yia woƒe anyigbamamawo me le dugã la ƒe teƒe vovovowo gbe sia gbe.”

Mɔɖelawo do bibibi hekpe asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le Britain

Gbeƒãɖelawo kple mɔɖelawo siaa zɔ ɖe yɔyɔa dzi, si wɔe be woɖo gaƒoƒo miliɔn ɖeka ƒe bokanamea gbɔ le ƒe 1938 me. Akɔntabubuwo ɖee fia be wokpɔ dzidziɖedzi le gbeadzisubɔsubɔdɔa ƒe akpa vovovoawo katã me. Le ƒe atɔ̃ me la, gbeƒãɖela siwo nɔ Britain la dzi ɖe edzi teƒe etɔ̃ kloe. Ale si wogate gbe ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ƒe vevienyenye dzi la do ŋusẽ Yehowa ƒe amewo wodo dzi le aʋawɔɣi sesẽ si va le ƒe siwo kplɔe ɖo me la me.

Egbea, mɔɖelawo ƒe xexlẽme gale dzidzim ɖe edzi le Britain esime Mawu ƒe Armagedon-ʋa la le aƒe tum. Wogakpɔ mɔɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeyewo le ƒe ewo siwo va yi me, eye le October 2015 me la, woƒe xexlẽme de 13,224. Mɔɖela siawo nyae nyuie be nu nyuitɔ siwo ame ate ŋu awɔ le agbe me dometɔ ɖekae nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa.

^ mm. 3 Wova yɔe emegbe be Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ.

^ mm. 8 Nɔvinyɔnu Padgett ƒe agbemeŋutinya dze le October 1, 1995 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 19-24.