Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔ, kple ŋɔŋlɔdzesi suetɔ kekeake si woŋlɔ dzĩi

Hebri Ŋɔŋlɔdzesi Suetɔ Kekeake Na Míekpɔ Kpeɖodzi Sesẽ Aɖe

Hebri Ŋɔŋlɔdzesi Suetɔ Kekeake Na Míekpɔ Kpeɖodzi Sesẽ Aɖe

Ðe míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu ƒe ŋugbedodowo katã ava emea? Yesu ka ɖe edzi be woava eme, eye eƒe nufiafiawo do ŋusẽ eƒe nyaselawo ƒe xɔse. De ŋugble le Yesu ƒe Todzimawunya si woŋlɔ ɖe Mateo 5:18 ŋu kpɔ: “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, ne dziƒo kple anyigba nu ate ŋu ayi gɔ̃ hã la, Sea ƒe ŋɔŋlɔdzesi suetɔ kekeake alo ŋɔŋlɔdzesi aɖe ƒe kakɛ aɖeke nu mayi o, va se ɖe esime nu siawo katã va eme.”

Hebri ŋɔŋlɔdzesi suetɔ kekeakee nye י (yod), eye eyae nye Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa * la ƒe gbãtɔ. Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo dea asixɔxɔ nya kple nyagbɔgblɔ siwo le Mawu ƒe Sea me ŋu, eye wobua “ŋɔŋlɔdzesi aɖe ƒe kakɛ” nu vevii.

Yesu nɔ gbɔgblɔm be anɔ bɔbɔe be dziƒo kple anyigba nu nayi wu be Sea me nya suetɔ kekeake nado kpo emevava. Ke hã, Ŋɔŋlɔawo na míenya be dziƒo kple anyigba ŋutɔŋutɔ anɔ anyi tegbee. (Psalmo 78:69) Eya ta nya ʋãme mawo na míekpɔe be Sea me nya suetɔ kekeake ava eme godoo.

Ðe Yehowa Mawu bua nya suesuewo nya veviia? Ɛ̃. Bu nya sia ŋu kpɔ: wogblɔ na blema Israel-viwo be woagagbã Ŋutitotolẽvia ƒe ƒuawo dometɔ aɖeke o. (2 Mose 12:46) Ðewohĩ adze nya sue aɖe. Ðe wose susu si ta mele be woagbã ƒuawo dometɔ aɖeke o gɔmea? Ðewohĩ womese egɔme o. Gake Yehowa Mawu ya nya be nya sue sia nye nyagblɔɖi be womaŋe Mesia la ƒe ƒuwo dometɔ aɖeke ne wohee ɖe fuwɔameti ŋu wòku o.—Psalmo 34:20; Yohanes 19:31-33, 36.

Nu kae Yesu ƒe nya siawo fia mí? Míawo hã míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa Mawu ƒe ŋugbedodo suetɔwo kekeake hã ava eme pɛpɛpɛ. Hebri ŋɔŋlɔdzesi suetɔ kekeake sia na míekpɔ kpeɖodzi sesẽ aɖe!

^ mm. 3 Helagbe me ŋɔŋlɔdzesi suetɔ kekeakee nye iota eye esɔ kple Hebrigbe me nya י (yod). Esi woŋlɔ Mose ƒe Sea eye emegbe wova ŋlɔe ɖe Hebrigbe me ta la, Hebri ŋɔŋlɔdzesia ŋue Yesu anya nɔ nu ƒom tsoe.