Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu, Eye Nàwɔ Nu Nyui”

“Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu, Eye Nàwɔ Nu Nyui”

“Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye nàwɔ nu nyui . . . eye nàwɔ nuteƒe.”—PS. 37:3.

HADZIDZI: 133, 63

1. Esi Yehowa wɔ amegbetɔwo la, ŋutete wɔnuku kawoe wòna wo?

YEHOWA na ŋutete wɔnukuwo amegbetɔwo esime wòwɔ wo. Ena tamebubuŋutete mí be míatsɔ akpɔ kuxiwo gbɔ eye míawɔ ɖoɖo ɖe etsɔme ŋu. (Lod. 2:11) Ena ŋutete mí be míate ŋu awɔ míaƒe tameɖoɖowo dzi, ale be míate ŋu aminya taɖodzinu nyuiwo. (Flp. 2:13) Gakpe ɖe eŋu la, ena dzitsinya—si nye ŋutete si le mía me be míade vovo nyui kple vɔ̃ dome—la mí be míate ŋu aƒo asa na nu gbegblẽ wɔwɔ eye míaɖɔ míaƒe vodadawo ɖo.—Rom. 2:15.

2. Aleke Yehowa kpɔa mɔ be míazã míaƒe ŋutetewoe?

2 Yehowa kpɔa mɔ be míazã míaƒe ŋutetewo le mɔ nyuitɔ nu. Nu ka tae? Esi wòlɔ̃ mí eye wònyae be ne míewɔ nunana siawo ŋu dɔ la, dzidzeme asu mía si tae. Yehowa to eƒe Nya la dzi xlɔ̃ nu mí enuenu be míazã míaƒe ŋutetewo le mɔ nyuitɔ nu. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ le Hebri Ŋɔŋlɔawo me be: “Veviedola ƒe ɖoɖowo hea dzidzedzekpɔkpɔ vanɛ,” eye “nu sia nu si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ katã.” (Lod. 21:5; Nyagb. 9:10) Eye egblɔ na mí le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me be: “Zi ale si mɔnukpɔkpɔa kpɔtɔ li la, mina míawɔ nyui na amewo katã,” eye wògblɔ hã be: “Nunana ale si nu ame sia ame xɔ . . . la, mitsɔe subɔ mia nɔewo.” (Gal. 6:10; 1 Pet. 4:10) Eme kɔ ƒãa be Yehowa di be míawɔ nu si míate ŋui be eme nanyo na mía kple ame bubuwo siaa.

3. Seɖoƒe kawoe li na amegbetɔwo?

3 Ke hã, Yehowa nyae be seɖoƒe li na nu siwo amegbetɔwo ate ŋu awɔ. Mímate ŋu aɖe blibomademade, nu vɔ̃ kple ku ɖa gbeɖe o; nenema kee mímate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzi o, elabe tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe le ame sia ame si. (1 Fia. 8:46) Eye aleke kee sidzedze kple nuteƒekpɔkpɔ ɖasu mía si o, míakpɔtɔ anɔ abe ɖeviwo ene le Yehowa ŋkume.—Yes. 55:9.

Ne èle kuxiwo me tom la, “ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye nàwɔ nu nyui”

4. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

4 Le nɔnɔme ɖe sia ɖe me la, ehiã be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòafia mɔ mí, eye míaka ɖe edzi be akpe ɖe mía ŋu ahawɔ nu si míate ŋu awɔ le mía ɖokui si o la na mí. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ele be míawɔ nu si míate ŋui, míaɖe afɔ si sɔ be míakpɔ kuxiwo gbɔ eye míakpe ɖe ame bubuwo ŋu. (Xlẽ Psalmo 37:3.) Kpuie ko la, ehiã be ‘míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye míawɔ nu nyui’ hã; ehiã be ‘míawɔ nuteƒe.’ Aleke míate ŋu awɔ esiae? Na míakpɔ nu si míate ŋu asrɔ̃ tso Noa, David kple Mawu subɔla wɔnuteƒe bubu siwo ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu heɖe afɔ si sɔ la gbɔe ɖa. Míakpɔe be wode dzesi nu si womate ŋu awɔ o kple nu si woate ŋu awɔ, eye wowɔ nu si sɔ.

NE MÍELE AME VƆ̃ÐIWO DOME

5. Ðɔ ale si nuwo nɔ le Noa ƒe ŋkekea me.

5 Noa nɔ agbe le ɣeyiɣi si me gbɔdɔdɔ manɔsenu kple “ŋutasesẽ yɔ” anyigba dzi. (1 Mose 6:4, 9-13) Enyae be Yehowa ava tsrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi ma mlɔeba. Togbɔ be esia nɔ nyanya na Noa hã, mawumavɔmavɔ̃ nuwɔna mawo anya ɖu dzi nɛ godoo. Le nɔnɔme ma me la, Noa nyae be nanewo li siwo yemate ŋu awɔ o, gake nu bubuwo hã li siwo yeate ŋu awɔ.

Ne amewo gbe míaƒe gbedeasia (Kpɔ memama 6-9)

6, 7. (a) Nu kawoe Noa mate ŋu awɔ o? (b) Aleke nɔnɔme si me míele la sɔ kple Noa tɔe?

6 Nu siwo Noa mate ŋu awɔ o: Togbɔ be Noa ɖe gbeƒã Yehowa ƒe nuxlɔ̃amegbedeasia nuteƒewɔwɔtɔe hã, mate ŋu azi ame vɔ̃ɖiwo dzi be woaxɔ gbedeasia o, eye mate ŋu ado tsɔtsɔe Tsiɖɔɖɔa ƒe vava hã o. Ele na Noa be wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be awɔ ŋugbe si wòdo be yeava tsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la dzi, eye ele be Noa naxɔe ase be Mawu awɔ esia le ɣeyiɣi dzi tututu.—1 Mose 6:17.

7 Míawo hã míele xexe si me nu vɔ̃ɖi wɔwɔ xɔ aƒe ɖo me, eye míenyae be Yehowa do ŋugbe be yeatsrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi sia. (1 Yoh. 2:17) Gake hafi ɣeyiɣi ma naɖo la, mímate ŋu azi amewo dzi be woaxɔ “Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” la o. Eye mímate ŋu awɔ naneke atsɔ ado tsɔtsɔe “xaxa gã” la ƒe vava hã o. (Mat. 24:14, 21) Abe Noa ene la, míehiã xɔse sẽŋu; ele be míaka ɖe edzi be Mawu atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo kpuie. (Ps. 37:10, 11) Míeka ɖe edzi be Yehowa maɖe mɔ xexe vɔ̃ɖi sia naganɔ anyi wòadidi ŋkeke ɖeka pɛ gɔ̃ hã wu ale si dze le eƒe tameɖoɖoa nu o.—Hab. 2:3.

8. Aleke Noa wɔ tsɔ susu ɖo nu si wòate ŋu awɔ ŋu? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

8 Nu si Noa ate ŋu awɔ: Noa mena ta le nu si mate ŋu awɔ o la ta o, ke boŋ etsɔ eƒe susu ɖo nu si wòate ŋu awɔ ŋu. Esi Noa nye “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela” ta la, eɖe gbeƒã Mawu ƒe nuxlɔ̃amegbedeasia nuteƒewɔwɔtɔe. (2 Pet. 2:5) Ðikeke mele eme o be esia wɔwɔ na xɔse sẽŋu kpɔtɔ nɔ Noa si. Hekpe ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la, Noa wɔ eƒe ŋusẽ kple tamebubu ŋutetewo ŋu dɔ hewɔ aɖakaʋukpakpa ƒe dɔ si Mawu de esi la de goe.—Xlẽ Hebritɔwo 11:7.

9. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Noa ƒe kpɔɖeŋua?

9 Abe Noa ene la, míekua kutri be míawɔ “geɖe le Aƒetɔ la ƒe dɔ la me.” (1 Kor. 15:58) Dɔ sia ƒe akpa aɖewoe nye tadeaguƒewo tutu kple beléle na wo, mía ɖokui tsɔtsɔ na faa akpe asi ɖe dɔwo ŋu le takpekpe suewo kple gãwo me, alo dɔwɔwɔ le alɔdzedɔwɔƒewo loo alo gbegɔmeɖedɔwɔƒewo. Ƒo wo katã ta la, míeléa fɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu, elabe míenyae be dɔ sia nana míegakpɔa mɔ na etsɔmeyayrawo vevie. Nɔvinyɔnu wɔnuteƒe aɖe gblɔe nyuie ale: “Ne èƒo nu tso yayra siwo Mawu Fiaɖuƒea ahe vɛ ŋu na amewo la, àkpɔe be mɔkpɔkpɔ aɖeke mele ameawo si o, eye wokpɔnɛ be naneke meli woate ŋu awɔ tso kuxi siwo me tom yewole ŋu o.” Vavãe, gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me nana míaƒe etsɔmemɔkpɔkpɔa gasẽna ɖe edzi eye míegaɖonɛ kplikpaa wu tsã be mímana ta le agbedua ƒuƒu me o.—1 Kor. 9:24.

NE MÍEWƆ NU VƆ̃

10. Ƒo nu tso nɔnɔme si me David kpɔ eɖokui le ŋu.

10 Yehowa gblɔ tso Fia David ŋu be enye “ŋutsu si ƒe nu dze [yeƒe] dzi ŋu.” (Dɔw. 13:22) Nuteƒewɔlae David nye. Ke hã, ewɔ nu vɔ̃ gã aɖewo. Ewɔ ahasi kple Bat-Seba. Eye nu si gagblẽ nyaa ɖe edzie nye be, esi wòdi be yeatsyɔ nu eƒe nu vɔ̃a dzi ta la, ewɔ ɖoɖo wowu nyɔnua srɔ̃, Uriya, le aʋagbe dzi. David ŋlɔ mɔfiame siwo dzi woazɔ ɖo be Uriya naku le aʋa la ɖe agbalẽ me hetsɔe de asi na eya ŋutɔ be wòatsɔe ayi na aʋafia la. (2 Sam. 11:1-21) David ƒe nu vɔ̃a va dze go mlɔeba. (Marko 4:22) Nu kae David wɔ azɔ?

Nu vɔ̃ siwo míewɔ va yi (Kpɔ memama 11-14)

11, 12. (a) Esi David wɔ nu vɔ̃ la, nu kae mate ŋu awɔ o? (b) Ne míewɔ nu vɔ̃ gã aɖe eye míetrɔ dzi me la, nu ka dzie míate ŋu aka ɖo be Yehowa awɔ na mí?

11 Nu si David mate ŋu awɔ o: Nu si David wɔ la, ewɔe xoxo, mate ŋu atrɔe o. Eye mate ŋu asi le eƒe nu vɔ̃awo me tsonuawo nu o. Le nyateƒe me la, David akpe emetsonu aɖewo ƒe fu le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me. (2 Sam. 12:10-12, 14) Eya ta David hiã xɔse. Ele be wòaxɔe ase be ne yetrɔ dzi me vavã la, Yehowa atsɔ yeƒe nu vɔ̃a ake ye eye wòakpe ɖe ye ŋu yeado dzi le yeƒe nuwɔnaa me tsonuwo me.

12 Esi míede blibo o ta la, mí katã míewɔa nu vɔ̃. Nu vɔ̃ aɖewo nye ŋkubiãnya wu bubuwo. Le go aɖewo me la, mímate ŋu aɖɔ nu si míaƒe nu vɔ̃wo gblẽ la ɖo o. Ðeko wòahiã be míado dzi atsɔ emetsonu vɔ̃awo. (Gal. 6:7) Gake míeka ɖe ŋugbe si Yehowa do la dzi be, ne míetrɔ dzi me la, yeakpe ɖe mía ŋu le xaxaɣiwo, ne míawo ŋutɔwo ƒe nuwɔnawoe he xaxawo va mía dzi gɔ̃ hã.—Xlẽ Yesaya 1:18, 19; Dɔwɔwɔwo 3:19.

13. Aleke David wɔ dzra woa kple Yehowa dome ɖo?

13 Nu si David ate ŋu awɔ: David lɔ̃ faa Yehowa kpe ɖe eŋu wòɖɔ woa kple Yehowa dome ɖo. Mɔ si nu wòwɔ esia le dometɔ ɖekae nye be elɔ̃ faa Yehowa teƒenɔla, nyagblɔɖila Natan ɖɔe ɖo. (2 Sam. 12:13) Gakpe ɖe eŋu la, David do gbe ɖa na Yehowa, eʋu eƒe nu vɔ̃wo me nɛ, eye wòƒo koko nɛ be wòakpɔ nublanui na ye. (Ps. 51:1-17) David meɖe mɔ dzitsinya ƒe fɔbuame na dzi ɖe le eƒo o, ke boŋ esrɔ̃ nu tso nu si dzɔ la me. Le nyateƒe me la, megawɔ nu vɔ̃ mawo ake gbeɖe o. Le nudzɔdzɔ sia megbe la, David wɔ nuteƒe ƒe geɖe va de asi na eƒe kugbe, eye Yehowa bunɛ ame maɖifɔe.—Heb. 11:32-34.

14. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso David ƒe kpɔɖeŋua me?

14 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso David ƒe kpɔɖeŋua me? Ne míewɔ nu vɔ̃ gã aɖe la, ehiã be míatrɔ dzi me vavã eye míabia Yehowa be wòatsɔ míaƒe nu vɔ̃ ake mí. Ele be míaʋu míaƒe nu vɔ̃wo me nɛ. (1 Yoh. 1:9) Ehiã be míagblɔe na hamemetsitsiwo hã, elabena woakpe ɖe mía ŋu míagakpɔ gbɔgbɔmelãmesẽ. (Xlẽ Yakobo 5:14-16.) Ne míelɔ̃ faa zɔ ɖe ɖoɖo si Yehowa wɔ dzi la, míaɖee afia be míeka ɖe ŋugbe si wòdo be yeada gbe le mía ŋu ahatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí la dzi. Esiawo megbe la, anyo be míasrɔ̃ nu tso nu si dzɔ la me, míayi ŋgɔ le subɔsubɔdɔ si wɔm míele na Yehowa me, eye míatsɔ kakaɖedzi anɔ mɔ kpɔm na etsɔmeyayrawo.—Heb. 12:12, 13.

LE NƆNƆME BUBUWO ME

Lãmesẽkuxiwo (Kpɔ memama 15)

15. Nu kae míesrɔ̃ tso Hana ƒe kpɔɖeŋua me?

15 Wò susu ate ŋu ayi Yehowa subɔla wɔnuteƒe bubu siwo nɔ anyi le blema, siwo ɖo ŋu ɖe eŋu heɖe afɔ si sɔ la dzi. Le kpɔɖeŋu me, Hana mate ŋu aɖe eƒe kotsitsia ɖa le eya ŋutɔ ɖokui si o. Gake eka ɖe edzi be Yehowa afa kɔ na ye, eya ta eyia avɔgbadɔa me ɖasubɔnɛ hedoa gbe ɖa gblɔa eƒe dzimenyawo nɛ. (1 Sam. 1:9-11) Ðe esia menye kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí oa? Ne lãmesẽkuxiwo alo kuxi bubu siwo ŋu míate ŋu awɔ naneke le o le fu ɖem na mí la, míedroa míaƒe dzimaɖitsitsiwo ɖe Yehowa dzi hekana ɖe edzi be alé be na mí. (1 Pet. 5:6, 7) Eye míewɔa míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míakpɔ gome le Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple ɖoɖo bubu siwo Yehowa ƒe habɔbɔa wɔ na mí me.—Heb. 10:24, 25.

Ne mía viwo gbe nyateƒea (Kpɔ memama 16)

16. Nu kae dzilawo ate ŋu asrɔ̃ tso Samuel amegãɖeɖi la gbɔ?

16 Ke dzila wɔnuteƒe siwo ƒe viwo gbe nyateƒea ya ɖe? Samuel amegãɖeɖi la mate ŋu azi via tsitsiawo dzi be woalé Mawu ƒe nudidi dzɔdzɔe siwo yefia wo la me ɖe asi o. (1 Sam. 8:1-3) Ðeko wòhiã be wòagblẽ nyaa ɖe Yehowa si me. Togbɔ be ele alea hã la, Samuel ate ŋu alé eƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi ahadze Yehowa, Fofoa si le dziƒo la ŋu. (Lod. 27:11) Egbea, dzila Kristotɔ geɖe le nɔnɔme sia tɔgbi me. Woka ɖe edzi be Yehowa kpɔtɔ le mɔ kpɔm be yeaxɔ nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me hetrɔ va ye gbɔ la atuu, abe dzila si le vi nudomegblẽla ŋuti kpɔɖeŋua me ene. (Luka 15:20) Le ɣeyiɣi ma ke me la, dzila mawo dzea agbagba vevie be yewoawɔ nuteƒe na Yehowa, eye wole mɔ kpɔm be yewoƒe kpɔɖeŋua aʋã yewo viwo woatrɔ ava Yehowa gbɔ.

Gakuxiwo (Kpɔ memama 17)

17. Nu ka tae ahosi dahea ƒe kpɔɖeŋua dea dzi ƒo na mí?

17 Bu ahosi dahe si nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea me hã ŋu kpɔ. (Xlẽ Luka 21:1-4.) Mate ŋu awɔ naneke le nu fitifiti wɔwɔ siwo nɔ edzi yim le gbedoxɔa me ŋu o. (Mat. 21:12, 13) Eye anɔ eme be nu boo aɖeke meli si wòate ŋu awɔ be eƒe ganyawo naka ɖe eme o. Ke hã, elɔ̃ faa dzɔ “gaku sue eve” mawo, siwo nye “nu siwo katã le esi, siwo nu wòanɔ agbe ɖo” la. Nyɔnu nuteƒewɔla ma ɖee fia be yeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, elabe enyae be ne yetsɔ gbɔgbɔmenuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ la, Yehowa akpɔ yeƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ na ye. Ale si gbegbe ahosia ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋui la ʋãe wòkpe asi ɖe tadedeagu vavãtɔ ƒe ɖoɖo si nɔ anyi ɣemaɣi ŋu. Nenema kee míawo hã míeka ɖe edzi be ne míedi Fiaɖuƒea gbã la, Yehowa akpɔ egbɔ be nu siwo hiã mí la su mía si.—Mat. 6:33.

18. Gblɔ egbegbe Yehowa subɔla siwo bua nuwo ŋu nyuie la dometɔ aɖe ƒe kpɔɖeŋu.

18 Egbea hã, míaƒe haxɔsetɔ geɖewo li siwo ɖee fia be yewoɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu eye woɖea afɔ si sɔ. Bu nɔviŋutsu si ŋkɔe nye Malcolm, si yi edzi wɔ nuteƒe va de asi na esime wòku le ƒe 2015 me ŋu kpɔ. Eya kple srɔ̃a wosubɔ Yehowa ƒe geɖe, eye woto nɔnɔme nyuiwo kple nɔnɔme madeamedziwo me. Egblɔ be: “Míate ŋu anya nu siwo ava dzɔ o. Ɣeaɖewoɣi nɔnɔme sesẽwo va ɖina ɖe mí. Gake Yehowa yraa ame siwo ɖoa ŋu ɖe eŋu.” Aɖaŋu kae Malcolm ɖo na mí? Egblɔ be: “Do gbe ɖa nàbia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu be nàwɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me ale si nàte ŋui. Wò susu nenɔ nu si nàte ŋu awɔ ŋu, ke menye nu si màte ŋu awɔ o ŋu o.” *

19. (a) Nu ka tae ƒe 2017 ƒe mawunyakpukpuia sɔ ŋutɔ? (b) Aleke nàwɔ ƒe 2017 ƒe mawunyakpukpuia ŋu dɔ le wò agbenɔnɔ me?

19 Esi xexe vɔ̃ɖi sia le “vɔɖivɔ̃ɖim ɖe edzi” la, míate ŋu akpɔ mɔ be nɔnɔmeawo anɔ sesẽm ɖe edzi wu tsã. (2 Tim. 3:1, 13) Eya ta ele vevie fifia wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe be míagaɖe mɔ naneke nana dzi naɖe le mía ƒo o. Ke boŋ ele be míayi edzi aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu geɖe wu esime míele afɔ nyui ɖe sia ɖe si míate ŋui la ɖem. Aleke gbegbe ƒe 2017 ƒe mawunyakpukpuia si nye, “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye nàwɔ nu nyui” la sɔ nyuie ye nye esi!—Ps. 37:3.

Ƒe 2017 ƒe mawunyakpukpuia ye nye: “Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu, Eye Nàwɔ Nu Nyui”Psalmo 37:3