Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Zɔzɔ Kple Nunyalawo Ðe Vi Geɖe Nam

Zɔzɔ Kple Nunyalawo Ðe Vi Geɖe Nam

YAME fa nyuie ŋdi ma le Brookings, South Dakota, Amerika, eye míenɔ yame ƒe fafa miamiamia sem. Esia ɖo ŋku edzi nam be madidi o, míaɖo vuvɔŋɔli me. Ke hã, awɔ nuku na wò be gbe ma gbe la, mí ame ʋɛ aɖewo míenɔ ƒoƒom tititi le lãnyiƒe aɖe si me dzoƒuƒe mele o. Eye míenɔ tsitre ɖe lãto si wotsɔ ga wɔe, si me tsi fafɛ le la ŋgɔ! Na magblɔ nye agbemeŋutinya kpui aɖe na wò be nàse nu si tae la gɔme.

MÍAƑE ƑOMEA

Tɔgã Alfred kple tɔnye

Wodzim le March 7, 1936 dzi. Mí ame enee wodzi eye nyee nye dɔmlɔea. Agblekɔƒe aɖe mee míenɔ le South Dakota ƒe ɣedzeƒe gome. Míaƒe ƒomea léa fɔ ɖe agbledede ŋu, ke hã, menye eyae nye míaƒe dɔwɔna vevitɔ o. Dzinyelawo xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefowo le ƒe 1934 me. Woɖe adzɔgbe na Yehowa, mía Fofo si le dziƒo la, eya ta Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe nye nu vevitɔ na wo le agbe me. Tɔnye, si ŋkɔe nye Clarence, nye hamesubɔla (si míeyɔna egbea be hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla) eye emegbe tɔgãnye Alfred hã va zu hamesubɔla le míaƒe hame sue si le Conde, South Dakota, la me.

Nu siwo ŋu míaƒe ƒomea léa fɔ ɖo ye nye Kristotɔwo ƒe kpekpeawo dede kple etsɔmemɔkpɔkpɔ wɔnuku si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ŋu nya gbɔgblɔ na amewo tso aƒe me yi aƒe me. Kpɔɖeŋu siwo mía dzilawo ɖo ɖi na mí kple hehe si wona mí la siaa kpɔ ŋusẽ nyui ɖe mí ɖeviawo dzi. Nɔvinyenyɔnu tsitsitɔ Dorothy zu Fiaɖuƒegbeƒãɖela esime wòxɔ ƒe ade, eye nenemae wònɔ le nye hã gonyeme. Le ƒe 1943 me la, meŋlɔ ŋkɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua, si va zu míaƒe kpekpeawo ƒe akpa vevi aɖe ɣemaɣi la me.

Esi menye mɔɖela le ƒe 1952 me

Takpekpe gãwo kple suewo nɔ vevie na míaƒe ƒomea. Meɖo ŋku takpekpe gã si míewɔ le ƒe 1949 me le Sioux Falls, South Dakota, la dzi. Nɔviŋutsu Grant Suiter si nye nuƒola si woɖo ɖe takpekpea me lae ƒo nuƒo si nye, “Ele Ŋgɔgbe Wu Ale Si Nèbui!” Ete gbe ɖe edzi be ehiã be Kristotɔ ɖeadzɔgbewo nawɔ woƒe ŋutete katã aɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe si woɖo anyi la ŋuti nya nyuia. Esiae ʋãm meɖe adzɔgbe na Yehowa. Nutome sue takpekpe si míewɔ le esia yome le Brookings la mee menɔ lãnyiƒe si fa miamiamia, si ŋu nya megblɔ va yi, henɔ lalam be woanyrɔm ɖe tsi me. Lãto ma si wotsɔ ga wɔe la mee wonyrɔ mí ame ene ɖo, le November 12, 1949 dzi.

Ɣemaɣie meɖoe nye taɖodzinu be mawɔ mɔɖeɖedɔa. Medze mɔɖeɖedɔa gɔme le January 1, 1952 dzi, esime mexɔ ƒe 15. Biblia gblɔ be: “Ame si zɔna kple nunyalawo la, adze nunya.” Nunyala geɖe nɔ nye ƒomea me, eye wode nyametsotso si mewɔ be mawɔ mɔɖeɖedɔa dzi. (Lod. 13:20) Tɔgãnye Julius si xɔ ƒe 60 ɣemaɣi la va zu nye zɔhɛ le mɔɖeɖedɔa me. Togbɔ be menye hatiwo míenye o hã, míekpɔ dzidzɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me ɖekae. Mesrɔ̃ nu geɖe tso nunya kple nuteƒekpɔkpɔ siwo su esi le agbe me la me. Eteƒe medidi o, Dorothy hã dze mɔɖeɖedɔa gɔme.

NUTOME SUE DZIKPƆLAWO TSƆ ÐE LE EME NAM

Tso nye ɖevime ke la, dzinyelawo kpe nutome sue dzikpɔla geɖewo kple wo srɔ̃wo wova dze mía gbɔ. Nɔviŋutsu Jesse Cantwell kple srɔ̃a Lynn wokpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Woƒe dzideƒoname hã le eme tae metso nya me be mawɔ mɔɖeɖedɔa. Ale si wotsɔ ɖe le eme nam la ʋãm be maminya teokrasitaɖodzinuwo. Ne wova le hame siwo tsɔ mía gbɔ srãm kpɔ la, ɣeaɖewoɣi la, wokpeam be mava wɔ ɖeka kpli yewo le gbeƒãɖeɖedɔa me. Esia vivia nunye ŋutɔ eye wòdoa ŋusẽm hã!

Emegbe, Nɔviŋutsu Bud Miller kple srɔ̃a Joan ye va srã míaƒe hamea kpɔ. Kaka maxɔ ƒe 18 la, dziɖuɖua bia tso asinye be mava wɔ asrafodɔ. Wobia tso asinye be mawɔ dɔ aɖewo siwo mekpɔ be wotsi tsitre ɖe se si Yesu de be míagade akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o la ŋu. Evɔ medi be maɖe gbeƒã Fiaɖuƒe nya nyuia. (Yoh. 15:19) Eya ta, meɖe kuku na dɔwɔƒe si xɔa amewo ɖe asrafodɔ me la be woabum nyanyuigblɔlae ale be nyemawɔ asrafodɔ o.

Ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ be Nɔviŋutsu Miller tso le eɖokui si be yeakplɔm míayi dziɖuɖudɔwɔƒea esi ɣeyiɣia de be maɖaɖe ɖokuinye nu. Enye ame aɖe si ƒo dzi le, eye mesia ame ŋkume o. Dzi ɖo ƒonye ŋutɔ be nɔviŋutsu sia si tsi le gbɔgbɔ me la nɔ ŋunye! Esia megbe la, dɔwɔƒe si xɔa ame ɖe asrafodɔ me la lɔ̃ ɖe edzi le ƒe 1954 ƒe dzomeŋɔli me be menye nyanyuigblɔla. Esia ʋu mɔ nam mete ŋu ɖo nye teokrasitaɖodzinu bubu gbɔ.

Esi meva Betel teti, kple míaƒe agbleʋua

Ɣemaɣi lɔƒo la, wokpem be mava Betel, ne mawɔ dɔ le afi si míeyɔna ɣemaɣi be Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Agble dzi, le Staten Island, New York. Mɔnukpɔkpɔ su asinye mesubɔ le afi ma ƒe etɔ̃ aɖewo. Esia wɔe be nuteƒekpɔkpɔ nyui geɖe su asinye, elabena mewɔ dɔ aduadu kple nunyala geɖewo.

BETEL SUBƆSUBƆDƆ

Le WBBR Radiodɔwɔƒea kple Nɔviŋutsu Franz

Radiodɔwɔƒe si nye WBBR hã nɔ agble si nɔ Staten Island la dzi. Yehowa Ðasefowo zã radio ma tso ƒe 1924 me va ɖo ƒe 1957 me. Betel-ƒomea me tɔ 15 va ɖo 20 koe wode dɔ asi na le agblea dzi. Mía dometɔ akpa gãtɔ nye sɔhɛ siwo si nuteƒekpɔkpɔ boo mesu o. Ke hã, nɔviŋutsu tsitsi si ŋkɔe nye Eldon Woodworth, si nye amesiamina la, nɔ mía dome. Edze nunya vavã. Ale si wòtsɔ ɖe le eme na mí abe viawo ene la na míeli ke le gbɔgbɔ me. Ne míaƒe blibomademade wɔe be kuxiwo do mo ɖa ɣeaɖewoɣi la, Nɔviŋutsu Woodworth gblɔna be, “Oo ewɔ nuku ŋutɔ be Aƒetɔ la le ame madeblibowo zãm tsɔ le dɔ gãwo wɔm.”

Dzo nɔ Harry Peterson me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu ale gbegbe

Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na mí be Nɔviŋutsu Frederick W. Franz hã nɔ mía dome. Ale si gbegbe wòse Ŋɔŋlɔawo gɔme kpakple eƒe nunya siaa kpɔ ŋusẽ nyui ɖe mí katã dzi, eye etsɔ ɖe le eme na mía dometɔ ɖe sia ɖe vevie. Míaƒe nuɖalae nye Nɔviŋutsu Harry Peterson; enɔ bɔbɔe na mí be míayɔ ŋkɔ sia nɛ tsɔ wu eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ si nye Papargyropoulos. Amesiaminae eya hã nye eye dzo nɔ eme ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu ale gbegbe. Nɔviŋutsu Peterson wɔa eƒe Betel dɔdeasiwo nyuie gake mefena kple gbeadzisubɔsubɔdɔa kura o. Emaa magazine alafa geɖe ɣleti sia ɣleti. Eya hã nya Ŋɔŋlɔawo nyuie ŋutɔ, eye eɖo míaƒe biabia geɖewo ŋu na mí.

MESRƆ̃ NU TSO NƆVINYƆNU SIWO DZE NUNYA GBƆ

Míetrɔa asi le agblemenuawo ŋu hedea wo nugoewo kple atukpawo me le xɔ aɖe si le agblea dzi la me be woagagblẽ kaba o. Ƒe sia ƒe la, míedea atikutsetsewo kple amagbewo nugoe 45,000 me alea hena Betel-ƒome bliboa ƒe zazã. Mɔnukpɔkpɔ su asinye mewɔ dɔ kple Nɔvinyɔnu Etta Huth; edze nunya vavã. Eyae fiaa mɔ si dzi míezɔna ɖo dea agblemenuawo nugoewo me la mí. Ne ɣeyiɣia de be míade agblemenuawo nugoeawo me la, nɔvinyɔnu siwo le nutoa me va kpea asi ɖe dɔa ŋu eye Etta wɔa ɖoɖo ɖe woƒe dɔwɔnawo ŋu. Togbɔ be Etta wɔ akpa vevi aɖe le dɔ sia me hã, eɖɔa ŋu ɖo ɣesiaɣi hedea bubu nɔviŋutsu siwo le ŋgɔ xɔm le agblea dzi la ŋu be wòanye kpɔɖeŋu nyui aɖe na nɔvinyɔnuawo. Ðokuibɔbɔ ɖe tanyenye te ƒe kpɔɖeŋu nyui si wòɖo la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.

Nye kple Angela kpakple Etta Huth

Angela Romano hã nɔ nɔvinyɔnu sɔhɛ siwo va kpea asi ɖe dɔa ŋu la dome. Esi wòxɔ nyateƒea la, Etta kpe ɖe eŋu ŋutɔ. Aleae wòdzɔe be le nye Betel subɔsubɔdɔa me la, medo go nɔvinyɔnu dzenunya bubu si nye kplii míele subɔsubɔm ɖekae ƒe 58 ye nye esia. Nye kple Angie míeɖe mía nɔewo le April 1958 me, eye míekpɔ dzidzɔ le subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ vovovowo me ɖekae. Le ƒe siawo katã me la, Angie ƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa tamanamanae wɔe be míaƒe srɔ̃ɖeɖea li ke. Kuxi ka kee ɖadze ŋgɔ mí o, meka ɖe eyama dzi bliboe be awɔ nu le nunya me.

MÍEWƆ DUTANYANYUIGBƆGBLƆDƆ KPLE DZIKPƆLA MƆZƆLA ƑE DƆA

Esi wodzra habɔbɔa ƒe radiodɔwɔƒe si nɔ Staten Island la le ƒe 1957 me la, mewɔ dɔ le Brooklyn Betel ɣeyiɣi kpui aɖe. Esia yomee meɖe Angie, esia ta medzo le Betel, eye míewɔ mɔɖeɖedɔa abe ƒe etɔ̃ ene le Staten Island. Ame siwo ƒle míaƒe radiodɔwɔƒea tsɔe wɔ radiodɔwɔƒe bubu si wona ŋkɔe be WPOW, eye mewɔ dɔ kpli wo ɣeyiɣi aɖe.

Nye kple Angie míeɖoe kplikpaa be míanɔ agbe tsɛ ale be wòanya wɔ na mí be míaɖasubɔ le afi sia afi si woahiã mí le. Esia wɔe be le ƒe 1961 ƒe gɔmedzedze la, míete ŋu xɔ dɔdeasi si nye be míanye mɔɖela veviwo le Falls City, Nebraska. Kaka afi ma nɔnɔ nama mí ko la, wokpe mí be míaɖade Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku, si wowɔna ɣleti ɖeka blibo ɣemaɣi, le South Lansing, New York. Míesrɔ̃ nu geɖe le sukua me, eye míenɔ mɔ kpɔm be míazã nu si míesrɔ̃ le sukua la le subɔsubɔdɔa me ne míetrɔ yi Nebraska. Eya ta, ewɔ nuku na mí ŋutɔ esi wogade dɔ bubu asi na mí be míaɖawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ le Cambodia! Esi míenɔ dukɔ nyui sia si le Anyieheɣedzeƒe Asia me la, míekpɔ teƒe dzeaniwo, míese ha viviwo eye míeɖu nu viviwo hã; esiawo katã to vovo na nu siwo míenya tsã. Míaƒe didi vevi ye wònye be míakaka nya nyuia le afi ma.

Ke hã, dunyahehe me zitɔtɔwo wɔe be míedzo le dukɔa me yi ɖanɔ South Vietnam. Nublanuitɔe la, mede ƒe eve hafi lãmesẽkuxi sesẽwo va ɖe fu nam o, eya ta wode dzi ƒo na mí be míatrɔ ayi mía de be makpɔ nye lãmesẽnyawo gbɔ. Emegbe esi nye lãme nya sẽ ko la, míegadze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme.

Nye kple Angela le ƒe 1975 me, hafi woabia gbe mí le television dzi

Le March 1965 me la, wona mɔnukpɔkpɔ mí be míawɔ nutome sue dzikpɔla ƒe dɔa. Nye kple Angie míekpɔ dzidzɔ le nutome sue kple nutome gã dzi kpɔkpɔ dɔa me ƒe 33, eye esia bia be makpɔ dɔ siwo yia edzi do ŋgɔ na takpekpewo kple takpekpeawo ŋutɔ hã dzi. Tso gbe aɖe gbe kee takpekpe gãwo dede doa dzidzɔ nam, eya ta dzidzɔe wònyena nam be makpe asi ɖe ɖoɖoawo ŋu. Míesubɔ le New York City ƒe aɖewo, eye míewɔ takpekpe gãwo le Yankee Stadium zi geɖe.

MÍETRƆ YI BETEL EYE MEKPE ASI ÐE TEOKRASI SUKUWO ŊU

Dɔ siwo bia kutrikuku, siwo me míekpɔ dzidzɔ geɖe le la nɔ nye kple Angie lalam, abe ale si wònɔna le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛ wɔla geɖe gome ene. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1995 me la, wobia tso asinye be mafia nu le Subɔsubɔdɔ Ƒe Hehenasukua me. Ƒe etɔ̃ megbe la, wokpe mí be míaɖawɔ dɔ le Betel. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye nam be megatrɔ va afi si medze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛa gɔme le ƒe 40 aɖewo do ŋgɔ. Mewɔ dɔ le Subɔsubɔ Dɔdzikpɔƒea hena ɣeyiɣi aɖe, eye mefia nu le subɔsubɔ suku vovovowo me. Le ƒe 2007 me la, Dɔdzikpɔhaa na suku siwo wowɔna le Betel la va le Teokrasi Sukuwo Ƒe Dɔdzikpɔƒea ƒe dzikpɔkpɔ te, eye mɔnukpɔkpɔ su asinye menye dɔdzikpɔƒea dzi kpɔla hena ƒe aɖewo.

Ƒe aɖewoe nye esia la, míele tɔtrɔ geɖewo teƒe kpɔm le teokrasi hehenasukuwo me. Woɖo Hamemetsitsiwo Ƒe Sukua le ƒe 2008 me. Le ƒe eve siwo kplɔe ɖo me la, hamemetsitsi siwo wu 12,000 ye de suku sia le Patterson kple Brooklyn Betel. Wole sukunufiala siwo wona hehee la zãm tsɔ le suku sia wɔm le teƒe bubuwo hã fifia. Le ƒe 2010 me la, wova trɔ ŋkɔ na Subɔsubɔdɔ Ƒe Hehenasukua heyɔe be Nɔviŋutsu Trewo Ƒe Bibliasrɔ̃suku, eye woɖo suku bubu si nye Kristotɔ Srɔ̃tɔwo Ƒe Bibliasrɔ̃suku.

Tso ƒe 2015 subɔsubɔƒea ƒe gɔmedzedze la, wova ƒo suku eve mawo nu ƒu ɖekae hena ŋkɔe be Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Suku. Srɔ̃tɔwo alo nɔviŋutsu trewo alo nɔvinyɔnu trewo ate ŋu ade suku sia. Edo dzidzɔ na nɔviwo le xexea me godoo be wowɔ ɖoɖo be woawɔ suku siawo le alɔdzedɔwɔƒe vovovowo. Dzidzɔ bliboe wònye nam be mɔnukpɔkpɔ va su nɔvi geɖe si be woade teokrasi sukuwo, eye edzɔ dzi nam be medo go ame geɖe siwo wɔ asitɔtrɔ le woƒe agbe me be yewoate ŋu ade suku siawo.

Ne metrɔ kpɔ megbe tso ɣeyiɣi siwo do ŋgɔ na gbe si gbe wonyrɔm le lãtoa me dzi va de asi na egbea la, medaa akpe na Yehowa ɖe nunyala siwo kpe ɖe ŋunye le nyateƒemɔa dzi la ta. Menye wo katãe nye hanyetiwo o, eye wotso teƒe vovovowo. Gake le ememe la, wo katã wolɔ̃ Mawu vevie. Woƒe agbenɔnɔ kple nuwɔnawo ɖee fia be wolɔ̃ Yehowa tso dzi blibo me. Nunyala geɖewo le Yehowa ƒe habɔbɔa me siwo míate ŋu azɔ kple. Mezɔ kple nunyalawo eye eɖe vi nam vavã.

Dzidzɔe wònyena nam be mado go kple sukuvi siwo tso xexea ƒe teƒe vovovowo