Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nàna Wò Dzi Naku Ðe Nu Siwo Woŋlɔ Ði La Ŋua?

Ðe Nàna Wò Dzi Naku Ðe Nu Siwo Woŋlɔ Ði La Ŋua?

‘Woŋlɔ nu siawo ɖi be wòanye nuxlɔ̃ame na mí ame siwo dzi nuɖoanyi siawo ƒe nuwuwuwo va ɖo la.’—1 KOR. 10:11.

HADZIDZI: 11, 61

1, 2. Nu ka tae míadzro Yuda fia ene aɖewo ƒe ŋutinya me?

NE ÈKPƆ ame aɖe wòɖiɖi dze anyi le mɔ aɖe dzi la, ɖe màɖɔ ŋu ɖo ne èle mɔ ma ke dzi zɔm oa? Ŋugbledede le ame bubuwo ƒe vodadawo ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na vodada mawo ke wɔwɔ. Aleae wòle le míaƒe mawusubɔsubɔ hã gome. Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖewo tso ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe kple ame bubuwo hã ƒe vodadawo me.

2 Yuda fia ene siwo ŋu míesrɔ̃ nu tsoe le nyati si do ŋgɔ na esia me la subɔ Yehowa kple dzi blibo. Ke hã, woda vo gã aɖewo. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso woƒe ŋutinyawo me, eye aleke míawɔ aƒo asa na vodada siwo wowɔ? Ŋugbledede le woƒe ŋutinyawo ŋu ate ŋu ana be nu siwo woŋlɔ ɖi tsã be woatsɔ afia nu mí la naɖe vi na mí.—Xlẽ Romatɔwo 15:4.

ŊUÐOÐO ÐE AMEGBETƆ ƑE NUNYA ŊU GBLẼA NU LE AME ŊU

3-5. (a) Togbɔ be Asa ƒe dzi ku ɖe Yehowa ŋu hã, vodada kae wòwɔ? (b) Nu ka gbɔe wòanya tso be Asa ɖo ŋu ɖe amegbetɔwo ŋu esime Baasa ho aʋa ɖe Yuda ŋu?

3 Gbã la, na míadzro Asa ƒe ŋutinyaa me ne míakpɔ ale si Mawu ƒe Nyaa ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe mía dzi ɖa. Esi Etiopiatɔ miliɔn ɖeka ho aʋa ɖe Yuda ŋu la, Asa ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Ke hã, esi Israel fia Baasa ho aʋa ɖe Asa ŋu hekeke Rama si nye du si nɔ Yuda kple Israel ƒe liƒo dzi ɖe enu la, Asa megaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu o. (2 Kron. 16:1-3) Le go sia me la, Asa ɖo ŋu ɖe eya ŋutɔ ƒe nunya ŋu eye wòtsɔ nunana yi na Siria Fia Ben-Hadad be wòaho aʋa ɖe Baasa ŋu. Ðe Asa kpɔ dzidzedzea? Biblia gblɔ be: “Esi Baasa see la, enumake edzudzɔ Rama tsotso, eye wòtasi eƒe dɔ la.” (2 Kron. 16:5) Eya ta adze abe ɖe Asa kpɔ dzidzedze ene!

4 Gake aleke Yehowa ya bu Asa ƒe nuwɔnaa? Yehowa Mawu dɔ eƒe nyanuɖela Hanani ɖa be wòaɖaka mo na Asa le esi meɖo ŋu ɖe Eŋu o ta. (Xlẽ 2 Kronika 16:7-9.) Hanani gblɔ nɛ be, “tso fifia dzi la, aʋa anɔ dowòme.” Ele eme be Baasa dzudzɔ dua tsotso hetrɔ dzo ya, gake Asa kple eƒe amewo mekpɔ ŋutifafa le eƒe dziɖuɖu ƒe ƒe mamlɛawo me o.

5 Abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, Mawu dzro Asa ƒe dzi me hekpɔe be Asa ƒe dzi ku ɖe ye ŋu bliboe. (1 Fia. 15:14) Le wo katã me la, Mawu kpɔe be Asa subɔ ye nyuie hewɔ ɖe yeƒe nudidiwo dzi. Ke hã, mete ŋu ƒo asa na eƒe vodadawo me tsonuwo o. Le Asa kple Baasa dome nyaa gome la, nu kae na Asa ɖo ŋu ɖe eya ŋutɔ ɖokui kple Ben-Hadad ŋu le esi teƒe be wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu? Ðe wòanya susu be nubabla kple fia bubu aɖe alo aʋawɔɖaŋu ŋu dɔ wɔwɔ aɖe vi wu ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋua? Aɖaŋuɖoɖo gbegblẽ aɖe si wòanya xɔ tae wòwɔ nu nenema ɖoa?

6. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Asa ƒe vodadaa me? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

6 Ðe ŋugbledede le nu si dzɔ ɖe Asa dzi ŋu aʋã mí be míalé ŋku ɖe míaƒe afɔɖeɖewo ŋua? Ne kuxi siwo dze abe ɖe wowu tsɔtsɔ na mí ene dze ŋgɔ mí la, ɖewohĩ anɔ bɔbɔe be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Gake nu kae míewɔna ne míedo go kuxi suesuesuewo gbe sia gbe? Ðe míeɖoa ŋu ɖe amegbetɔ ƒe nunya ŋu hedzea agbagba be míakpɔ wo gbɔ le mía ɖokui sia? Alo ɖe míedia Biblia me mɔfiamewo hewɔna ɖe wo dzi eye míetoa esia me ɖenɛ fiana be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ƒe mɔwo ŋu le kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ mea? Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ edzɔna ɣeaɖewoɣi be wò ƒometɔwo tsia tsitre ɖe ŋuwò be nàgade kpekpewo alo takpekpewo o. Eya ta èbiaa Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nànya mɔ nyuitɔ si dzi nàto akpɔ kuxia gbɔ. Ke ne dɔ ge le asiwò, eye wòle sesẽm na wò be nàkpɔ dɔ bubu ya ɖe? Ne èva ke ɖe dɔ aɖe ŋu eye mia kple dɔtɔa miele nu ƒom tso dɔa ŋuti ɖoɖowo ŋu la, ɖe nàna wòanya be yedea kpekpe le ŋkeke aɖewo dzi kwasiɖa sia kwasiɖa? Kuxi ka kee ɖava mía dzi o, nunya le eme be míawɔ ɖe hakpalaa ƒe nya sia dzi: “Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa si me; ɖo ŋu ɖe eŋu, ekema eya ŋutɔ awɔe na wò.”—Ps. 37:5.

NU KAE HADEDE VƆ̃ ATE ŊU AGBLẼ LE ŊUWÒ?

7, 8. Vodada kawoe Yehosafat wɔ, eye nu kawoe do tso eme nɛ? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

7 Azɔ mina míadzro Asa viŋutsu Yehosafat ƒe ŋutinyaa me kpɔ. Nɔnɔme nyui geɖe nɔ esi. Esi Yehosafat ɖo ŋu ɖe Mawu ŋu la, ewɔ nu nyui geɖe. Gake eɖe afɔ gbegblẽ aɖewo hã. Le kpɔɖeŋu me, ewɔ ɖoɖo viaŋutsu ɖe dziehe fiaɖuƒea ƒe fia vɔ̃ɖi Ahab vinyɔnu. Yehosafat yi ɖakpe ɖe Ahab ŋu wowɔ aʋa kple Siriatɔwo, evɔ nyagblɔɖila Mikaya xlɔ̃ nui tso afɔ ma ɖeɖe ŋu hafi. Yehosafat ku kloe le aʋa ma me. Esia megbe la, etrɔ va Yerusalem. (2 Kron. 18:1-32) Ale nyagblɔɖila Yehu biae be: “Ame vɔ̃ɖi ŋue nèyi ɖakpe ɖo, eye ame siwo lé fu Yehowa ye nèlɔ̃a?”—Xlẽ 2 Kronika 19:1-3.

8 Ðe Yehosafat srɔ̃ nu tso nudzɔdzɔ ma mea? Togbɔ be elɔ̃ Mawu eye wòdi be yeadze eŋu hã, edze abe mesrɔ̃ nu tso nu si dzɔ ɖe edzi esi wòdze Ahab yome kple nuxlɔ̃amenya si Yehu gblɔ nɛ la me o ene. Yehosafat gaɖe afɔ bubu aɖe si me nunya mele kura o. Ebla nu kple Mawu ƒe futɔ vɔ̃ɖi si nye Fia Ahaziya, Ahab viŋutsu la. Yehosafat wɔ ɖeka kple Ahaziya wokpa tɔdziʋuwo, gake womete ŋu zã wo na taɖodzinu si ta wokpa wo ɖo la o, elabena tɔdziʋuawo gbã.—2 Kron. 20:35-37.

9. Aleke hadede vɔ̃wo ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu?

9 Ele be Yehosafat ƒe ŋutinyaa xexlẽ naʋã mí míalé ŋku ɖe míaƒe agbenɔnɔ ŋu. Nu ka tae? Nya lae nye be, le wo katã me la, Yehosafat nye fia nyui. Ewɔ nu si le dzɔdzɔe eye edi “Yehowa kple eƒe dzi blibo.” (2 Kron. 22:9) Ke hã, hadede vɔ̃wo gblẽ nu le eŋu. Ðo ŋku Biblia me lododo sia dzi: “Ame si zɔna kple nunyalawo la, adze nunya, ke ame si dea ha kple bometsilawo la, eme manyo nɛ o.” (Lod. 13:20) Ele eme be míedzea agbagba be míakpe ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋu woaxɔ nyateƒea ya. Ke hã, Yehosafat ƒe hadede kplikplikpli kple Ahab na wòbu eƒe agbe kloe. Nenema kee ne míawo hã míedea ha kplikplikpli kple ame siwo mesubɔa Yehowa o la, esia ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu.

10. (a) Ne míele srɔ̃ dim be míaɖe la, nufiame kae le Yehosafat ƒe ŋutinyaa me na mí? (b) Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ku ɖe hadede vɔ̃wo ŋu?

10 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe Yehosafat dzi la me? Ate ŋu adzɔ be ame si menye Yehowa subɔla o ƒe nu nalé dzi na Kristotɔ aɖe eye wòaƒo nya ta be yemate ŋu ake ɖe kpeɖeŋutɔ si asɔ na ye la ŋu le Kristotɔ vavãwo dome o. Alo Kristotɔ aɖe ƒe ƒometɔ siwo menye haxɔsetɔwo o la anɔ nya ƒom ɖe enu be neɖe srɔ̃ ‘hafi wòatsi megbe akpa.’ Ame aɖewo hã ƒe susu wɔ ɖeka kple nɔvinyɔnu aɖe tɔ. Egblɔ be: “Le dzɔdzɔme nu la, míedina be woalɔ̃ mí eye míase le mía ɖokui me be wotsɔ ɖe le eme na mí.” Nu kae wòle be Kristotɔ nawɔ le nɔnɔme sia me? Ŋugbledede le nu si dzɔ ɖe Yehosafat dzi ŋu ate ŋu aɖe vi. Edia mɔfiame tso Mawu gbɔ zi geɖe. (2 Kron. 18:4-6) Gake nu kae va dzɔ esime wòte hadede kple Ahab, ame si melɔ̃ Yehowa o? Ðe wòle be wòanɔ susu me na Yehosafat be Yehowa ƒe ŋkuwo nɔa ame si ƒe dzi ku ɖe eŋu la ŋu. Le míaƒe ŋkekea me hã, Mawu ƒe ŋkuwo “kpɔa afi sia afi le anyigba blibo la dzi,” eye ele klalo be ‘yeazã yeƒe ŋusẽ’ atsɔ axɔ na mí. (2 Kron. 16:9) Ese míaƒe nɔnɔmea gɔme eye elɔ̃ mí. Ðe nèxɔe se vavã be Mawu nya be èdi be yeakpɔ ame si sɔ na wò la aɖe eye wòdi be yeakpe ɖe ŋuwòa? Ka ɖe edzi be ɣeyiɣi si Yehowa awɔe na wò la ava godoo!

Nɔ ŋudzɔ be kɔkuti ɖeka te nɔnɔ kple dzimaxɔsetɔ ƒe mɔ̃ nagaɖe wò o (Kpɔ memama 10)

MÈGANA WÒ DZI NADE ASI DADA ME O

11, 12. (a) Aleke Hizkiya ɖe nu si le eƒe dzi me fiae? (b) Nu ka tae Mawu tsɔ Hizkiya ƒe nu vɔ̃ kee?

11 Nufiame si le Hizkiya ƒe ŋutinyaa me na mí la ku ɖe dzi la ŋu. Ɣeaɖeɣi la, Yehowa, ame si dzroa dziwo me kpɔna la na nu si le Hizkiya ƒe dzi me la dze ƒãa. (Xlẽ 2 Kronika 32:31.) Esi Hizkiya dze dɔ vevie la, Mawu wɔ dzesi aɖe nɛ tsɔ ɖee fiae be ahaya. Ena vɔvɔli gbugbɔ ɖe megbe nukutɔe. Edze abe Babilontɔwo dɔ amewo ɖa be woaku nu me tso dzesi sia ŋu ene. (2 Fia. 20:8-13; 2 Kron. 32:24) Yehowa megblɔ ale si wòle be Hizkiya nawɔ nu ɖe Babilontɔawo ŋu la nɛ o. Biblia gblɔ be Yehowa “ɖe asi le eŋu” be yeakpɔ nu si wɔ ge wòala. Hizkiya tsɔ “nu siwo katã le eƒe kesinɔnudzraɖoƒe” la fia wo. Bometsinuwɔna sia na “nu siwo katã le [Hizkiya ƒe] dzi me” la dze ƒãa.

12 Biblia megblɔ nu si tututu na Hizkiya ƒe dzi de asi dada me la na mí o. Ðe wòanye be esi wòɖu Asiriatɔwo dzi tae loo alo esi Mawu da dɔ nɛ nukutɔe taea? Alo “kesinɔnuwo kple bubu geɖe” si su esi taea? Nu ka gbɔe wòɖatso o, esi Hizkiya do eɖokui ɖe dzi ta la, “mekpɔ ŋudzedze ɖe nyui si wowɔ nɛ la ŋu o.” Ewɔ nublanui loo! Togbɔ be ete ŋu gblɔ na Mawu le gbedodoɖa me be yesubɔe kple dzi blibo hã la, eva ɖo ɣeaɖeɣi la, Hizkiya wɔ nu si medze Yehowa ŋu o. Gake emegbe “Hizkiya bɔbɔ eɖokui,” eya ta Mawu ƒe dɔmedzoe meva eya kple dukɔ la dzi o.—2 Kron. 32:25-27; Ps. 138:6.

13, 14. (a) Ɣekaɣie wòate ŋu adzɔ be Yehowa ‘naɖe asi le mía ŋu be yeado mí akpɔ’? (b) Ne wokafu mí ɖe nu nyui aɖe si míewɔ ta la, aleke wòle be míawɔ nui?

13 Aleke Hizkiya ƒe ŋutinyaa xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu ate ŋu aɖe vi na mí? Ðo ŋku edzi be esi Yehowa ɖu Senakerib dzi eye wòna Hizkiya haya tso eƒe dɔléle vɔ̃ɖia me megbe teti koe Hizkiya ƒe dada la va dze ƒãa. Le míawo gome la, ne míewɔ nane si dze na kafukafu la, ɖe wòanye be ɣemaɣie Yehowa ‘aɖe asi le mía ŋu be yeado mí akpɔ’ ale be nu si le míaƒe dzi me nadze ƒãa? Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ nɔviŋutsu aɖe ku kutri dzra nuƒo aɖe ɖo va ƒo le amehawo ŋkume. Ame geɖe kafui ɖe esia ta. Aleke wòawɔ nui?

14 Ne wokafu mí la, anyo be míawɔ nya si Yesu gblɔ la dzi be: “Ne miewɔ nu siwo katã woɖo na mi la, migblɔ be: ‘Kluvi gbɔlowo koe míenye. Nu si wòle be míawɔ lae míewɔ.’” (Luka 17:10) Eye le go sia hã me la, míate ŋu asrɔ̃ nu tso nu si dzɔ ɖe Hizkiya dzi me. Eƒe dzi de asi dada me eye “mekpɔ ŋudzedze ɖe nyui si wowɔ nɛ la ŋu o.” Ŋugbledede le nu siwo gbegbe Yehowa Mawu wɔ na mí ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na nɔnɔme si wòlé fui. Eye míate ŋu aƒo nu tso ale si gbegbe míekpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu ŋuti, elabena eyae toa Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo kple gbɔgbɔ kɔkɔea dzi kpena ɖe eƒe amewo ŋu.

ÐƆ ŊU ÐO NE ÈLE NYA ME TSOM

15, 16. Aleke wòdzɔe be Mawu mekpɔ Yosiya ta o eye wòbu eƒe agbe?

15 Mlɔeba la, nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe fia nyui Yosiya dzi me? Ðo ŋku nu si gbɔ wòtso be woɖu edzi le aʋa me eye wòbu eƒe agbe la dzi. (Xlẽ 2 Kronika 35:20-22.) Yosiya “ho ɖe” Egipte Fia Neko ŋu, evɔ fia ma gblɔ na Yosiya be menye eya ŋue yeho aʋa ɖo o. Biblia gblɔ be Neko ƒe nyawo “tso Mawu nu.” Ekema nu ka tae Yosiya ho ɖe eŋu? Biblia megblɔe o.

16 Ke aleke Yosiya awɔ anya nenye be Yehowa gbɔe Neko ƒe nyawo tso? Ate ŋu abia Yeremiya, si nye nyagblɔɖila wɔnuteƒeawo dometɔ ɖeka hafi. (2 Kron. 35:23, 25) Gake Ŋɔŋlɔawo megblɔe be ewɔe nenema o. Azɔ hã, Karkemis yimee Neko nɔ. Eya ta “aƒe bubu ŋue” wòho aʋa ɖo, ke menye ɖe Yerusalem ŋu o. Gawu la, aʋa si Neko ho la magblẽ nu le Mawu ƒe ŋkɔ ŋu o, elabena menye Yehowa loo alo eƒe amewo ŋue wòtsi tsitre ɖo o. Eya ta mesɔ kura be Yosiya naho aʋa ɖe Neko ŋu o. Ðe míede dzesi nu vevi si míate ŋu asrɔ̃ tso esia mea? Ne kuxi aɖe dze ŋgɔ mí la, ele vevie be míabu nu si Yehowa adi be míawɔ le nɔnɔme ma me ŋu.

17. Ne kuxiwo do mo ɖa la, aleke míate ŋu aƒo asa na vodada si tɔgbi Yosiya wɔ?

17 Ne kuxiwo do mo ɖa la, ele be míabu Biblia me mɔfiame siwo ku ɖe nyaa ŋu la ŋu ahada asɔ le wo ŋu dɔ wɔwɔ me. Le go aɖewo me la, anyo be míate ɖe hamemetsitsiwo ŋu. Ðewohĩ míede ŋugble le nu si míenya tso nɔnɔmea ŋu la ŋu eye míeku nu me le habɔbɔa ƒe agbalẽwo me gɔ̃ hã. Ke hã, ɖewohĩ Biblia me mɔfiame bubu aɖewo li siwo ŋu wòahiã be míabu, siwo ŋu hamemetsitsi aɖe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míade ŋugble le. Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu aɖe nya be yeƒe agbanɔamedzie wònye be yeaɖe gbeƒã nya nyuia. (Dɔw. 4:20) Ke hã, tsɔe be eɖoe be yeayi gbeadzi le ŋkeke aɖe dzi, gake srɔ̃a si menye haxɔsetɔ o la di be wòanɔ aƒe me. Srɔ̃ŋutsua gblɔ nɛ be yewomegakpɔ vovo ɖe yewo nɔewo ŋu kpɔ o, eya ta yedi be yewoawɔ nane ɖekae. Ðewohĩ srɔ̃nyɔnua abu ŋɔŋlɔwo abe esiwo ku ɖe toɖoɖo Mawu kple sedede si nye be míawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo la ŋu. (Mat. 28:19, 20; Dɔw. 5:29) Gake anyo be wòade ŋugble le sedede si nye be srɔ̃nyɔnuwo nabɔbɔ wo ɖokuiwo na wo srɔ̃wo eye woanye nugɔmeselawo hã ŋu. (Ef. 5:22-24; Flp. 4:5) Ðe srɔ̃aŋutsua tsi tsitre ɖe eƒe gbeadziyiyi ŋu keŋkeŋua, alo ŋkeke ɖeka ma dzi koe wòle gbɔgblɔm nɛ be newɔ nu bubua? Ele be míada asɔ esime míele agbagba dzem be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye míana dzitsinya nyui nanɔ mía si.

WÒ DZI NEKU ÐE MAWU ŊU BLIBOE EYE NÀKPƆ DZIDZƆ

18. Ne ède ŋugble le fia ene siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia me ƒe ŋutinyawo ŋu la, vi kae esia aɖe na wò?

18 Esi míede blibo o ta la, ate ŋu adzɔ be míawo hã míawɔ vodada siwo tɔgbi fia ene mawo wɔ. Ate ŋu adzɔ be (1) míaɖe ŋu ɖi ava nɔ ŋu ɖom ɖe amegbetɔ ƒe nunya ŋu, (2) míade ha gbegblẽ, (3) míado mía ɖokui ɖe dzi, alo (4) míatso nya me evɔ míabu nu si nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le nyaa ŋu la ŋu o. Yehowa nyoa dɔme ŋutɔ be ekpɔa nu nyuiwo le mía ŋu abe ale si wòkpɔ nu nyuiwo le fia ene mawo ŋu ene! Yehowa dea dzesi ale si gbegbe míelɔ̃e kpakple didi vevi si le mía me be míasubɔe kple dzi blibo la hã. Eya ta, ena nuxlɔ̃amekpɔɖeŋuwo mí be woakpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na vodada gãwo wɔwɔ. Mina míade ŋugble le Biblia me ŋutinya siawo ŋu eye míada akpe na Yehowa ɖe wo ta!