Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Anyigba Blibo La Ƒe Ʋɔnudrɔ̃la” Wɔa Nu Dzɔdzɔe Ɣeawokatãɣi

“Anyigba Blibo La Ƒe Ʋɔnudrɔ̃la” Wɔa Nu Dzɔdzɔe Ɣeawokatãɣi

“Agakpe la, eƒe dɔwɔwɔ de blibo, elabena eƒe mɔwo katã dzɔ.”—5 MOSE 32:4.

HADZIDZI: 112, 89

1. Aleke Abraham ɖee fia be yeka ɖe edzi be Yehowa nye ʋɔnu dzɔdzɔe drɔ̃la? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

“ÐE ANYIGBA blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la la mawɔ nu dzɔdzɔe oa?” (1 Mose 18:25) Nya siae Abraham bia Mawu tsɔ ɖee fia be yeka ɖe edzi be Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe ame siwo le Sodom kple Gomora. Abraham ka ɖe edzi be Yehowa mawɔ nu madzɔmadzɔ o. Enyae be mawu “ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa” zi ɖeka o. Abraham ‘ka ɖe edzi’ be Mawu mawɔ nu ma gbeɖe o. Ƒe 400 aɖewo megbe la, Yehowa gblɔ tso eɖokui ŋu be: “Agakpe la, eƒe dɔwɔwɔ de blibo, elabena eƒe mɔwo katã dzɔ. Mawu nyateƒetɔ, ame si mewɔa nu madzɔmadzɔ gbeɖe o; dzɔdzɔetɔ kple nuteƒewɔla wònye.”—5 Mose 31:19; 32:4.

2. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be manya wɔ be Yehowa nawɔ nu madzɔmadzɔ o?

2 Nu kae na Abraham ka ɖe edzi be Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe ɣeawokatãɣi? Nu si tae nye be, Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ kple eƒe dzɔdzɔenyenye ƒo ɖe sia ɖe ta. Le nyateƒe me la, le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la, wozãa Hebrigbe me nya siwo gɔme woɖena be “ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃” kple “dzɔdzɔenyenye” la ɖekae zi geɖe. Ne míagblɔe la, vovototo aɖeke mele nu si le dzɔdzɔe wɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye dome o. Esi wònye be Yehowa ƒe mɔwo katã dzɔ ta la, adrɔ̃ ʋɔnu le mɔ nyuitɔ nu ɣesiaɣi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, eƒe Nya la gblɔ be “elɔ̃a dzɔdzɔenyenye kple nya dzɔdzɔe.”—Ps. 33:5.

3. Gblɔ nu madzɔmadzɔ siwo yia edzi egbea la ƒe kpɔɖeŋu.

3 Dzianukwaretɔwo nyae be Yehowa wɔa nu dzɔdzɔe ɣeawokatãɣi, eye esia faa akɔ na wo, elabena nu madzɔmadzɔ wɔwɔ xɔ aƒe ɖi ale gbegbe, si wɔe be ame geɖe kpe fu ŋutɔ le nu tovo siwo wowɔ ɖe wo ŋu ta. Le kpɔɖeŋu me, wodrɔ̃ ʋɔnu ame aɖewo madzemadzee helé wo de gaxɔ me. Le ame aɖewo gome la, ɖe wova zã numekukumɔnu deŋgɔwo hafi kpɔe be womeɖi fɔ o eye woɖe asi le wo ŋu mlɔeba, ke hã wonɔ gaxɔ me ƒe geɖe ɖe nu gbegblẽ si womewɔ o ta. Togbɔ be nudzɔdzɔ siawo tena ɖe ame dzi hekua dzi na amewo gɔ̃ hã la, nu madzɔmadzɔ ƒomevi bubu aɖe li si gatena ɖe Kristotɔwo dzi wu.

LE HAMEA ME

4. Nu kae ate ŋu ado Kristotɔ aɖe ƒe xɔse kpɔ?

4 Kristotɔwo nyae be ame siwo mele hamea me o ate ŋu awɔ nu madzɔmadzɔ ɖe yewo ŋu. Ke hã, ne ewɔ na mí be wowɔ nu madzɔmadzɔ aɖe le hamea me, alo míawo ŋutɔwo ŋue wowɔe ɖo la, esia ate ŋu ado míaƒe xɔse kpɔ. Aleke nàwɔ nui ne ewɔ na wò be womewɔ nu ɖe ye ŋu nyuie le hamea me o, alo hati Kristotɔ aɖe wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ŋuwò? Ðe nàɖe mɔ esia nazu nukikli na wòa?

5. Ne Kristotɔ aɖe kpɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ teƒe le hamea me alo eya ŋutɔ ŋue wowɔe ɖo la, nu ka tae mele be wòawɔ nuku nɛ o?

5 Esi wònye be mía dometɔ aɖeke mede blibo o eye míedaa vo ta la, míenyae be ate ŋu adzɔ be woawɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu loo alo míawo míawɔe ɖe ame aɖe ŋu le hamea me. (1 Yoh. 1:8) Togbɔ be ƒãa hafi nu siawo dzɔna hã la, ne edzɔ la, mewɔa nuku na Kristotɔ wɔnuteƒewo alo zua nukikli na wo o. Esɔ ŋutɔ be Yehowa na mɔfiame nyuiwo mí le eƒe Nya la me be woakpe ɖe mía ŋu míayi edzi awɔ nuteƒe ne haxɔsetɔwo mewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o gɔ̃ hã.—Ps. 55:12-14.

6, 7. Nu madzɔmadzɔ kae wowɔ ɖe nɔviŋutsu aɖe ŋu le hamea me, eye nɔnɔme kae wòɖe fia si kpe ɖe eŋu wòkpɔ nyaa gbɔ nyuie?

6 Bu nu si me Willi Diehl to ŋu kpɔ. Tso ƒe 1931 me la, Nɔviŋutsu Diehl subɔ nuteƒewɔwɔtɔe le alɔdzedɔwɔƒe si le Bern, le Switzerland. Ede Gilead Suku ƒe klass enyilia le New York, Amerika, le ƒe 1946 me. Esi wòwu sukua nu la, wode dɔ asi nɛ emegbe be wòawɔ nutome sue dzikpɔkpɔdɔa le Switzerland. Nɔviŋutsu Diehl gblɔ le eƒe agbemeŋutinya me be: ‘Le May 1949 me la, mena alɔdzedɔwɔƒe si le Bern la nya be mewɔ ɖoɖo be maɖe srɔ̃.’ Aleke woɖo eŋu nɛ? Wogblɔ nɛ be: “Mɔnukpɔkpɔ aɖeke megali na [mi] wu gbesiagbe mɔɖeɖedɔa o.” Nɔviŋutsu Diehl gblɔ yi edzi be: “Womeɖe mɔ nam be maƒo dutoƒonuƒo o . . . [nɔvi] geɖe megadoa gbe na mí o, eye wowɔa nu ɖe mía ŋu abe ame siwo woɖe le haa me ene.”

7 Aleke Nɔviŋutsu Diehl wɔ nui? Egblɔ be: “Míenya be srɔ̃ɖeɖe menye nu si ŋu Ŋɔŋlɔawo tsi tre ɖo o, eya ta míetsɔ gbedodoɖa wɔ míaƒe sitsoƒee eye míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu.” Mlɔeba la, wova ɖɔ susu totro si nɔ nɔviwo si ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu si wɔe be womewɔ nu ɖe Nɔviŋutsu Diehl ŋu nyuie o la ɖo, eye wogatsɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ siwo nɔ esi tsã la nɛ. Yehowa ɖo eƒe nuteƒewɔwɔa teƒe nɛ. * Anyo be míabia mía ɖokuiwo be: ‘Ne wowɔ nu madzɔmadzɔ sia tɔgbi ɖe ŋunye la, ɖe magbɔ dzi ɖi akpɔ Yehowa sinu be wòaɖɔ nɔnɔmea ɖoa? Alo ɖe mate kpɔ be mawɔ nu si dze nye ŋutɔ ŋunye atsɔ akpɔ nyaa gbɔa?’—Lod. 11:2; xlẽ Mika 7:7.

8. Nu ka tae wòate ŋu adzɔ be míasusui vodadatɔe be wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe míawo ŋutɔwo alo ame bubu ŋu?

8 Ate ŋu adzɔ be nàsusui vodadatɔe be wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe wò ŋutɔ loo alo hamea me tɔ aɖe ŋu. Esia dzɔna ɣeaɖewoɣi le esi míetea ŋu sea nuwo gɔme bliboe o alo míenyaa nu sia nu tso nya bliboa ŋu o ta. Ke hã, míaƒe nuŋububu ɖale eteƒe alo meɖale eteƒe o, gbedodoɖa kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu kpakple nuteƒewɔwɔ awɔe be míaƒe dzi ‘manyra ɖe Yehowa ŋu’ o.—Xlẽ Lododowo 19:3.

9. Kpɔɖeŋu kawo mee míadzro le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me?

9 Na míadzro nu madzɔmadzɔ wɔwɔ siwo yi edzi le Yehowa ƒe amewo dome le Biblia ŋlɔɣiwo ƒe kpɔɖeŋu etɔ̃ me kpɔ. Le nyati sia me la, míaƒo nu tso Abraham tɔgbuitɔgbuiyɔvi Yosef kple nɔviaŋutsuwo dome nyaa ŋu. Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míadzro ale si Yehowa wɔ nu kple Israel Fia Ahab kpakple nu si dzɔ ɖe apostolo Petro dzi le Antiokia si le Siria la me. Ne míele kpɔɖeŋu siawo me dzrom la, dze agbagba nàde dzesi nufiame siwo akpe ɖe ŋuwò nàɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye mia kplii dome nakpɔtɔ anɔ nyuie, vevietɔ ne èse le ɖokuiwò me be womewɔ nu ɖe ye ŋu nyuie o.

WOWƆ NU MADZƆMADZƆ ÐE YOSEF ŊU

10, 11. (a) Nu madzɔmadzɔ kawoe wowɔ ɖe Yosef ŋu? (b) Mɔnukpɔkpɔ kae ʋu ɖi na Yosef esime wònɔ gaxɔ me?

10 Yosef nye Yehowa subɔla wɔnuteƒe, ke hã, menye ame tutɔwo koe wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe eŋu o, ke esi gavee wue nye be ekpe fu le eya ŋutɔ nɔviawo si me. Esime Yosef xɔ ƒe 17 la, nɔviawo tsɔe dzra wòzu kluvi. Eƒlelawo kplɔe yi Egipte togbɔ be menye eƒe didie wònye o hã. (1 Mose 37:23-28; 42:21) Le dukɔ ma me la, eva dzɔ gbe ɖeka be woda alakpa ɖe esi be ete kpɔ be yeadɔ nyɔnu aɖe gbɔ sesẽe, eye wolée de gaxɔ me evɔ womena mɔnukpɔkpɔe be wòaɖe eɖokui nu le ʋɔnu o. (1 Mose 39:17-20) Ɣeyiɣi si me Yosef kpe fu abe kluvi ene kple eƒe gaxɔmenɔɣia katã xɔ abe ƒe 13 ene. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Yosef ƒe kpɔɖeŋua me si akpe ɖe mía ŋu míado dzi ne haxɔsetɔ aɖe wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu?

11 Mɔnukpɔkpɔ su Yosef si wòɖe eƒe nyaa dzi na gamenɔla bubu aɖe. Gamenɔla ma nye fia la ƒe ahakulawo ƒe amegã tsã. Esime Yosef kple ahakulaa siaa nɔ gaxɔ me la, ahakulaa ku drɔ̃e aɖe eye Yosef ɖe egɔme nɛ. Yosef gblɔ nɛ be woagatsɔe aɖo dɔ si wɔm wònɔ le Farao ƒe fiasãa me la nu. Esi Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Yosef wòɖe drɔ̃ea gɔme na ahakulaa vɔ la, ewɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ ƒo nu tso nɔnɔme si me eya ŋutɔ nɔ la ŋu nɛ. Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖewo tso nu siwo ŋu Yosef ƒo nu tsoe kple esiwo ŋu meƒo nu tsoe o siaa me.—1 Mose 40:5-13.

12, 13. (a) Aleke nya si Yosef gblɔ na ahakulaa ɖee fia be menye ɖeko wònɔ anyi kpoo naneke mawɔmawɔe tso eƒe fukpekpea ŋu o? (b) Nu ka ŋue Yosef meƒo nu tsoe na ahakulaa o?

12 Xlẽ 1 Mose 40:14, 15. De dzesii be Yosef gblɔ be ɖe ‘wofi ye.’ Eme kɔ ƒãa be wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe eŋu vavã. Azɔ hã, Yosef gblɔ be yemewɔ naneke si tae woade ye gaxɔ me ɖo o. Eya ta, egblɔ na ahakulaa be wòaƒo nu tso ye ŋu na Farao. Nu ka tae? Eɖe nu si tae la me ale: “Ale be woaɖem le gaxɔ sia me.”

13 Ðe wòdze le Yosef ƒe nyawo me be enɔ anyi kpoo naneke mawɔmawɔe tso eƒe nɔnɔmea ŋua? Kura o. Enyae nyuie be wowɔ nu madzɔmadzɔ geɖe ɖe ye ŋu. Egblɔ nu si dzɔ la na ahakulaa eme kɔ, kple susu be ɖewohĩ ate ŋu akpe ɖe ye ŋu. Ke hã, de dzesii be naneke mele Ŋɔŋlɔawo me si ɖee fia be Yosef gblɔe na Farao loo alo ame bubu aɖe be ye nɔviwoe dzra ye o. Le nyateƒe me la, esi Yosef nɔviwo va Egipte eye wodzra wo nɔewo dome ɖo megbe la, Farao xɔ wo atuu eye wògblɔ na wo be woaʋu ava tsi Egipte, eye ‘anyigba blibo la katã ƒe nu nyuitɔwo’ nanye wo tɔ.—1 Mose 45:16-20.

Ameŋugbegblẽ ate ŋu ana kuxi aɖe nado gã ɖe edzi (Kpɔ memama 14)

14. Ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu le hamea me la, nu kae akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na ameŋugbegblẽ?

14 Ne ewɔ na mí be hamea me tɔ aɖe wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu la, ele be míaɖɔ ŋu ɖo be míaganɔ amea ŋu gblẽm o. Enye nyateƒe be ne nu gbegblẽ si nye ŋkubiãnyae amea wɔ la, ele be míaɖe nyaa dzi na hamemetsitsiwo ne woakpe ɖe mía ŋu. (3 Mose 5:1) Ke hã, le nya geɖe siwo menye ŋkubiãnya o gome la, anya wɔ be ame siwo dome nyaa le la ɖeɖe nakpɔ nyaa gbɔ, eye mahiã be hamemetsitsiwo nade nu eme o. (Xlẽ Mateo 5:23, 24; 18:15.) Neva eme be míazã Biblia ƒe mɔfiamewo atsɔ akpɔ nya mawo gbɔ nuteƒewɔwɔtɔe. Le go aɖewo me la, ɖewohĩ míava de dzesii be, sigbeɖe, menye nu madzɔmadzɔe wowɔ ɖe mía ŋu kura o. Aleke gbegbe dzi adzɔ mí ye nye esi be mímegblẽ mía nɔvi Kristotɔ la ŋu o, elabena ɖeko esia agagblẽ nyaa ɖe edzi! Ðo ŋku edzi be, mía tɔ dzɔ alo mía tɔ medzɔ o, ameŋugbegblẽ maɖɔ nyaa ɖo gbeɖe o. Nuteƒewɔwɔ na Yehowa kple mía nɔviwo siaa ana míaƒo asa na vodada ma. Hakpalaa gblɔ tso “ame si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o” ŋu be, “metsɔa eƒe aɖe gblẽa ame ŋu o, mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o, eye medaa exɔlɔ̃wo ɖe anyi o.”—Ps. 15:2, 3; Yak. 3:5.

ƑOMEDODO SI LE WÒ KPLE YEHOWA DOME YE NYE NU VEVITƆ

15. Yayra kae Yosef kpɔ le esi wòna ƒomedodo nyui gakpɔtɔ nɔ eya kple Yehowa dome ta?

15 Nufiame nyui aɖe le ƒomedodo si nɔ Yosef kple Yehowa dome la me na mí. Le ƒe 13 siwo katã me Yosef nɔ nɔnɔme sesẽwo me tom la, eɖee fia be Yehowa ƒe susu le nuwo ŋu nɔ ye si. (1 Mose 45:5-8) Mebu fɔ Yehowa gbeɖe ɖe fu si wòkpe ta o. Togbɔ be meŋlɔ nu siwo me wòto be o hã la, melé dziku ɖe dɔme o. Vevietɔ wu la, meɖe mɔ amewo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple nu gbegblẽ wɔwɔwo gblẽ nu le ƒomedodo si le eya kple Yehowa dome ŋu o. Esi Yosef wɔ nuteƒe ta la, mɔnukpɔkpɔ su esi wòkpɔ ale si Yehowa de asi nyaa me heɖɔ nu madzɔmadzɔawo ɖo kpakple ale si wòyra eya kple eƒe ƒometɔwoe.

16. Nu ka tae wònyo be míate ɖe Yehowa ŋu geɖe wu ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu le hamea me?

16 Abe Yosef ene la, ele be míawo hã míade asixɔxɔ ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome la ŋu, eye míakpɔ eta. Megadzɔ gbeɖe be míaɖe mɔ mía nɔviwo ƒe blibomademade nama mí ɖa tso Mawu si míelɔ̃ hesubɔna la gbɔ o. (Rom. 8:38, 39) Ke boŋ ne haxɔsetɔ aɖe wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu la, mina míate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu, eye míana eƒe susu le nyawo ŋu nanɔ mía si, abe ale si Yosef wɔe ene. Ne míewɔ mía tɔ sinua le nɔnɔmea ŋu le ɖekawɔwɔ me kple Ŋɔŋlɔawo ƒe mɔfiamewo vɔ la, ele be míagblẽ nyaa ɖe Yehowa si me ahaka ɖe edzi be eya ŋutɔ nya ale si wòaɖɔ nɔnɔmea ɖo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.

KA ÐE “ANYIGBA BLIBO LA ƑE ƲƆNUDRƆ̃LA” LA DZI

17. Aleke míaɖee afia be míeka ɖe “anyigba blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la” la dzi?

17 Zi ale si míegakpɔtɔ le nuɖoanyi sia me la, woawɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu. Togbɔ be ƒãa hafi wòdzɔna hã la, ate ŋu adzɔ be woawɔ nu madzɔmadzɔ ɖe wò ŋutɔ alo ame aɖe si nènya ŋu le hamea me, alo nane nadzɔ si awɔ na wò be enye nu madzɔmadzɔ. Mègana wòazu nukikli na wò o. (Ps. 119:165) Esi míenye Mawu subɔla wɔnuteƒewo ta la, míedoa gbe ɖa heɖoa ŋu ɖe eŋu nuteƒewɔwɔtɔe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míelɔ̃na ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be ɖewohĩ míenya nu sia nu tso nyaa ŋu o. Míeɖoa ŋku edzi hã be ɖewohĩ míawoe mese nya bliboa gɔme nyuie o. Abe ale si míesrɔ̃e tso Yosef ƒe kpɔɖeŋua me ene la, ele be míaƒo asa na ameŋugbegblẽ, elabena ɖeko esia ganana kuxia doa gã ɖe edzi. Mlɔeba la, le esi míate kpɔ be míawɔ nu si dze míawo ŋutɔwo ŋu atsɔ aɖɔ nɔnɔmea ɖo teƒe la, mina míaɖoe kplikpaa awɔ nuteƒe na Yehowa eye míagbɔ dzi ɖi akpɔ esinu be wòaɖɔ nɔnɔmea ɖo. Ðikeke mele eme o be esia wɔwɔ ana míaƒe nu nadze Yehowa ŋu eye wòayra mí, abe ale si ko wòyra Yosef ene. Ɛ̃, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa, ame si nye “anyigba blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la” la awɔ nu si le dzɔdzɔe ɣesiaɣi, “elabena eƒe mɔwo katã dzɔ.”—1 Mose 18:25; 5 Mose 32:4.

18. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

18 Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu eve bubu siwo yi edzi le Yehowa ƒe amewo dome le Biblia ŋlɔɣiwo la me. Kpɔɖeŋu mawo me dzodzro ana míakpɔ ale si ɖokuibɔbɔ kple ale si míelɔ̃na faa tsɔna kena nana Yehowa ƒe susu le dzɔdzɔenyenye ŋu sua mía si.

^ mm. 7 Kpɔ Willi Diehl ƒe agbemeŋutinya si ƒe tanyae nye “Yehowa Ye Nye Mawu Si Ŋu Maɖo Ŋu Ðo,” si dze le Gbetakpɔxɔ ƒe tata si nye Vol. 112, No. 21 EW me (alo November 1, 1991, ƒe Gbetakpɔxɔ, yevugbe me tɔ).