Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Adzɔgbe Si Nèɖe La, Wɔ Edzi”

“Adzɔgbe Si Nèɖe La, Wɔ Edzi”

‘Xe wò adzɔgbeɖefewo na Yehowa.’MAT. 5:33.

HADZIDZI: 63, 59

1. (a) Nu kae ɖe dzesi le Ʋɔnudrɔ̃la Yefta kple Hana siaa ŋu? (Kpɔ nɔnɔmetata siwo le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Biabia kawo me míadzro le nyati sia me?

ŊUTSUA nye kplɔla dzinɔameƒotɔ; nyɔnua nye srɔ̃nyɔnu ɖokuibɔbɔla. Ŋutsua nye aʋakalẽtɔ; eye nyɔnua nye aƒedzikpɔla bɔbɔɖokui. Ʋɔnudrɔ̃la Yefta kple Elkana srɔ̃, Hana, siaa nye Mawu subɔlawo, gake to vovo na esia la, nu bubu kae gaɖe dzesi le wo ŋu? Wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe adzɔgbe na Yehowa, eye woxe woƒe adzɔgbeɖefewo na Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe. Woɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖea adzɔgbe na Yehowa le mɔ vovovowo nu egbea. Ke hã, biabia vevi aɖewo fɔ ɖe te: Nu kae nye adzɔgbeɖeɖe alo atamkaka? Aleke gbegbee adzɔgbeɖeɖe alo atamkaka na Mawu nye ŋkubiãnyae? Nu vevi kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Yefta kple Hana gbɔ?

2, 3. (a) Nu kae nye adzɔgbeɖeɖe alo atamkaka? (b) Nu kae Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso adzɔgbeɖeɖe na Mawu ŋu?

2 Le Biblia me la, adzɔgbeɖeɖe alo atamkaka nye ŋugbe si wodo na Mawu tso dzi blibo me. Ame aɖe ate ŋu ado ŋugbe na Mawu be yeawɔ nane, yeana nane, yeaƒo ye ɖokui ɖe dɔ aɖe me, alo yeatsri nanewo. Ame ŋutɔe tsona le eɖokui si ɖea adzɔgbe. Ke hã, le Mawu gbɔ la, enye ŋugbedodo tɔxɛ si blaa amea, elabena enye atamkanya si me amea do ŋugbe le be yeawɔ nane alo yeatsri nane. (1 Mose 14:22, 23; Heb. 6:16, 17) Nya kae Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso ale si adzɔgbeɖeɖe alo atamkaka na Mawu nye ŋkubiãnyae ŋu?

3 Wogblɔ le Mose ƒe Sea me be: “Ne ŋutsu aɖe ɖe adzɔgbe na Yehowa alo ka atam . . . la, megada eƒe nya la dzi o. Newɔ atam sia atam si wòka la dzi.” (4 Mose 30:2) Ƒe geɖe megbe la, Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Salomo wòŋlɔ bena: “Ne èɖe adzɔgbe na Mawu la, mègahe edziwɔwɔ ɖe megbe o, elabena bometsilawo ƒe nu menyoa eŋu o. Adzɔgbe si nèɖe la, wɔ edzi.” (Nyagb. 5:4) Yesu ɖo kpe ale si adzɔgbeɖeɖe alo atamkaka nye ŋkubiãnyae la dzi esi wògblɔ be: “Miese hã be wogblɔ na blematɔwo be: ‘Mègaka atam nàgbe edziwɔwɔ o, ke boŋ nàxe wò adzɔgbeɖefewo na Yehowa.’”—Mat. 5:33.

4. (a) Aleke gbegbee adzɔgbeɖeɖe alo atamkaka na Mawu nye ŋkubiãnyae? (b) Nu kae míedi be míasrɔ̃ tso Yefta kple Hana gbɔ?

4 Eya ta, eme kɔ ƒãa be ŋkubiãnyae wònye be woado ŋugbe na Mawu. Ne míewɔa adzɔgbe si míeɖe alo atam si míeka na Yehowa dzi la, esia nana ƒomedodo si le mía kplii dome la me sẽna, gake ne mímewɔa wo dzi o la, ate ŋu agblẽ mía kplii dome. David ŋlɔ bena: “Ame kae alia Yehowa ƒe to la, eye ame kae atsi tsitre ɖe eƒe kɔkɔeƒe la? . . . Ame si meyɔa Nye [Yehowa ƒe] agbe tsɔ taa nu dzodzro o, eye mekaa alakpatam o.” (Ps. 24:3, 4; etenuŋɔŋlɔ) Adzɔgbe kae Yefta kple Hana ɖe, eye aleke woƒe adzɔgbeɖeɖea dzi wɔwɔ nɔ na wo?

WOWƆ ADZƆGBE SI WOÐE NA MAWU LA DZI NUTEƑEWƆWƆTƆE

5. Adzɔgbe kae Yefta ɖe na Mawu, eye aleke nuwo va yii?

5 Yefta wɔ ŋugbe si wòdo na Yehowa esime wòyina aʋa wɔ ge kple Amonitɔ siwo nɔ ŋuta sẽm le Mawu ƒe amewo ŋu la dzi nuteƒewɔwɔtɔe. (Ʋɔn. 10:7-9) Yefta di vevie be yeaɖu Amonitɔwo dzi, eya ta edo ŋugbe be: “Ne ètsɔ Amonitɔwo de asi nam la, ekema ame si ado tso nye aƒe ƒe agbo nu ava kpem ne megbɔ tso Amonitɔwo gbɔ le ŋutifafa me la, azu Yehowa tɔ.” Aleke nuwo va yii? Yefta ɖu Amonitɔwo dzi, eye esi wòtrɔ gbɔna eƒeme la, vianyɔnue nye ame si do go va kpee. Eya ta, vianyɔnua ye “azu Yehowa tɔ.” (Ʋɔn. 11:30-34) Esia gɔme ɖe?

6. (a) Aleke wònɔ na Yefta kple vianyɔnua be woaxe Yefta ƒe adzɔgbeɖefea na Mawu? (b) Nya vevi kae 5 Mose 23:21, 23 kple Psalmo 15:4 gblɔ tso adzɔgbeɖeɖe na Mawu ŋu?

6 Be Yefta vinyɔnua naxe fofoa ƒe adzɔgbeɖefea la, ele be wòasubɔ Yehowa ɣeyiɣiawo katã le eƒe kɔkɔeƒe la. Ðe Yefta mebu nuwo ŋu nyuie hafi ɖe adzɔgbe na Mawu oa? Ao, elabena anɔ eme be eya ŋutɔ nya be ate ŋu adzɔ be ye vinyɔnuae ado le ye ƒeme ava kpe ye. Togbɔ be esia anya nɔ nyanya nɛ hã la, menɔ bɔbɔe na woa kple vianyɔnua siaa be woawɔ adzɔgbe si wòɖe na Mawu la dzi o. Esi Yefta kpɔ vianyɔnua la, “edze eƒe awuwo” hegblɔ be yeƒe dzi gbã gudugudu. Vianyɔnua “yi ɖafa eƒe ɖetugbui leaƒe nyenye.” Nu ka tae? Viŋutsu aɖeke menɔ Yefta si o, eye vianyɔnu si nye vi ɖeka hɔ̃ si le esi la maɖe srɔ̃ gbeɖe o, eye Yefta mate ŋu axɔ tɔgbuiyɔviwo hã o. Ƒomea ƒe ŋkɔ abu eye ame aɖeke manyi edome o. Gake menye emae nye nu vevitɔ na Yefta o. Yefta gblɔ be: “Meɖe adzɔgbe na Yehowa, eye nyemagate ŋu atrɔe o.” Eye vianyɔnua xɔ edzi gblɔ nɛ be: “Wɔm abe ale si nèdo ŋugbee ene.” (Ʋɔn. 11:35-39) Wonye nuteƒewɔla siwo madi gbeɖe be yewoagbe adzɔgbe si yewoɖe na Mawu Dziƒoʋĩtɔ la dzi wɔwɔ o, nu ka kee esia abia tso wo si be woatsɔ asa vɔe o.—Xlẽ 5 Mose 23:21, 23; Psalmo 15:4.

7. (a) Adzɔgbe kae Hana ɖe na Mawu, eye nu ka tae, eye aleke nuwo va yi nɛ? (b) Nu kae adzɔgbe si Hana ɖe la bia tso Samuel si be wòawɔ? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

7 Hana nye nuteƒewɔla bubu si wɔ adzɔgbe si wòɖe na Yehowa la dzi. Edo ŋugbe na Mawu esime wònɔ nu xam vevie le eƒe kotsitsia kple etsusia ƒe dzivenyawo gbɔgblɔ ɖe eŋu atraɖii ta. (1 Sam. 1:4-7, 10, 16) Hana gblɔ eƒe dzimenyawo na Mawu eye wòɖe adzɔgbe nɛ be: “Oo aʋakɔwo ƒe Yehowa, ne èkpɔ wò dɔlanyɔnu la ƒe fukpekpe ɖa, eye nèɖo ŋku dzinye, mèŋlɔ wò dɔlanyɔnu be o, eye nèna ŋutsuvi wò dɔlanyɔnu la, ekema matsɔe ana Yehowa le eƒe agbemeŋkekewo katã me, eye talũhɛ aɖeke made ta ŋu nɛ o.” * (1 Sam. 1:11) Mawu wɔ Hana ƒe biabiaa dzi nɛ, eye wòdzi eƒe vi gbãtɔ—ŋutsuvie wòdzi. Ekpɔ dzidzɔ ale gbegbe! Ke hã, meŋlɔ adzɔgbe si wòɖe na Mawu la be o. Esi wòdzi via teti ko la, egblɔ be: “Yehowa si mee mebiae le.”—1 Sam. 1:20.

8. (a) Aleke wònɔ na Hana be wòaxe eƒe adzɔgbeɖefea na Mawu? (b) Aleke David ƒe nya si dze le Psalmo 61 la ɖoa ŋku Hana ƒe kpɔɖeŋu nyui la dzi na wò?

8 Esime Samuel ɖevi la xɔ abe ƒe etɔ̃ ene eye dadaa Hana tso no nɛ ko la, ewɔ abe ale si tututu wòdo ŋugbe na Mawu ene. Nu bubu aɖeke meva susu me nɛ tsɔ wu ema o. Ekplɔ Samuel yi na Nunɔlagã Eli le avɔgbadɔa me le Silo, eye wògblɔ be: “Ðevi sia tae medo gbe ɖa le, eye Yehowa wɔ nu si mebiae la nam. Nye hã mele etsɔm na Yehowa. Ŋkeke ale si wòle agbe la, anye ame si wotsɔ na Yehowa.” (1 Sam. 1:24-28) “Ke Samuel ɖevi la nɔ tsitsim le Yehowa gbɔ” le afi ma. (1 Sam. 2:21) Gake nu ka gbegbee Hana tsɔ sa vɔe le esia wɔwɔ me? Elɔ̃ viaŋutsuvia vevie, gake azɔ la, via lɔlɔ̃a maganɔ egbɔ wòanɔ kpɔkpɔm gbe sia gbe o. Bu ale si wòadzroe vevie be yeakɔe ɖe akɔnu, afe kplii ahalé be nɛ ŋu kpɔ. Dzidzɔ si vidada lɔ̃amewo kpɔna ne wokpɔ wo vi wòle tsitsim tso ŋkeke yi ŋkeke la katã ato eŋu. Togbɔ be enɔ alea hã, meve Hana gbeɖe be yewɔ adzɔgbe si yeɖe na Mawu la dzi o. Eƒe dzi tso aseye le Yehowa me.—1 Sam. 2:1, 2; xlẽ Psalmo 61:1, 5, 8.

Ðe nèle wò adzɔgbeɖefewo xem na Yehowa?

9. Biabia kawo me míadzro azɔ?

9 Esi míese ale si gbegbe adzɔgbeɖeɖe na Mawu nye ŋkubiãnyae gɔme vɔ la, na míadzro biabia siawo me azɔ: Go kawo mee wòhiã le be mí Kristotɔwo míaɖe adzɔgbe na Mawu le? Azɔ hã, aleke gbegbee wòle be míaɖoe kplikpaa awɔ adzɔgbe siwo míeɖe alo atam siwo míeka na Mawu la dzi?

ADZƆGBE SI NÈÐE BE YEAWƆ MAWU ƑE LƆLƆ̃NU

Adzɔgbe si nèɖe be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu (Kpɔ memama 10)

10. Nu kae nye ŋugbe vevitɔ si Kristotɔ ado, eye nu kae esia bia tso esi?

10 Ŋugbe vevitɔ si Kristotɔ adoe nye be wòatsɔ eƒe agbe aɖe adzɔgbe na Yehowa. Susu ka tae? Susu si tae nye be, edo gbe ɖa tso eŋu le eɖokui si hedo ŋugbe na Yehowa Mawu tso dzi blibo me be, nu ka kee ɖadzɔ o, yeazã yeƒe agbe atsɔ asubɔe tegbee. Abe ale si Yesu gblɔe ene la, ame si ɖe adzɔgbe alea la ‘gbe nu le eɖokui gbɔ,’ eɖe asi le eƒe gomenɔamesiwo katã ŋu, eye wòdo ŋugbe na Mawu be eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe anye nu vevitɔ na ye le agbe me. (Mat. 16:24) Eya ta, ‘ezu Yehowa tɔ’ tso gbe ma gbe ke. (Rom. 14:8) Ele be ame sia ame si tsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa la nabu eƒe adzɔgbeɖeɖea nu vevii, abe ale si ko hakpala la gblɔ tso adzɔgbe si wòɖe na Mawu ŋu ene be: “Nu kae matsɔ aɖo eteƒe na Yehowa ɖe nyui siwo katã wòwɔ nam la ta? Maxe nye adzɔgbeɖefewo na Yehowa le eƒe dukɔ blibo la ŋkume.”—Ps. 116:12, 14.

11. Nu kae nèɖe fia le wò nyɔnyrɔxɔgbe?

11 Ðe nètsɔ wò agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe wò adzɔgbeɖeɖea dzia? Ne nenemae la, èwɔe nyuie! Ðe nèɖo ŋku edzi be le wò nyɔnyrɔxɔgbea la, wobia wò le amehawo ŋkume be, ɖe nètsɔ wò agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa hese egɔme be “wò adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ ana nàzu Yehowa Ðasefo si ade ha kple Mawu ƒe habɔbɔ si eƒe gbɔgbɔ fiaa mɔea?” Esi nèɖo eŋu be ɛ̃ la, eteƒekpɔlawo katã nyae be ètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe keŋkeŋ na Yehowa eye nèdze be woanyrɔ wò nàzu subɔla si Yehowa ɖo. Ànya do dzidzɔ na Yehowa gbe ma gbe ŋutɔ!

12. (a) Nya kawoe wòanyo be míabia mía ɖokuiwo? (b) Nɔnɔme nyui kawoe Petro de dzi ƒo na mí be míatu ɖo?

12 Ke hã, Yehowa subɔsubɔ ƒe gɔmedzedze koe nyɔnyrɔxɔxɔ nye. Le nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, anyo be míayi edzi anɔ agbe le ɖekawɔwɔ me kple míaƒe adzɔgbeɖeɖea ahasubɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe. Eya ta, anyo be míabia mía ɖokui be: ‘Ðe ƒomedodo si le nye kple Yehowa dome la le nyonyom ɖe edzi tso esime mexɔ nyɔnyrɔa? Ðe mekpɔtɔ le Yehowa subɔm kple dzi bliboa? (Kol. 3:23) Ðe medoa gbe ɖa, xlẽa Mawu ƒe Nya la, dea hamea ƒe kpekpewo hekpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me edziedzi ale si dzea? Alo ɖe wòanye be mele gbɔdzɔgbɔdzɔm le go mawo dometɔ aɖewo mea?’ Apostolo Petro gblɔ be ne míeyi edzi tsɔ xɔse, dzidodo kple ɖokuitsɔtsɔ na Mawu le kpekpem ɖe míaƒe sidzedze ŋu la, míaƒe asiwo mado agblɔ le subɔsubɔdɔ si wɔm míele na Mawu la me o.—Xlẽ 2 Petro 1:5-8.

13. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na Kristotɔ si ɖe adzɔgbe xɔ nyɔnyrɔ?

13 Ne míenya ɖe adzɔgbe na Mawu ko la, mímate ŋu ate fli ɖe ŋugbe si míedo nɛ la me emegbe le mɔ aɖeke nu o. Ne Yehowa subɔsubɔ alo Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ megadze ame aɖe ŋu o la, mate ŋu agblɔ be yemeɖe adzɔgbe ŋutɔŋutɔ o, eye le esia ta gɔmesese aɖeke mele yeƒe nyɔnyrɔxɔxɔa ŋu o alo mebla ye o. * Elabena, le goawo katã me la, eɖe eɖokui fia abe ame si tsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe na Mawu ene. Eya ta, ne ewɔ nu vɔ̃ gã aɖe la, abu akɔnta na Yehowa kple hamea siaa. (Rom. 14:12) Negadzɔ gbeɖe le mía gome be ‘míagblẽ lɔlɔ̃ si nɔ mía si gbã la ɖi’ o. Míedi boŋ be Yesu nagblɔ le mía ŋu be: “Menya wò dɔwɔwɔwo, wò lɔlɔ̃, wò xɔse, wò subɔsubɔdɔ kple wò dzidodo, eye wò dɔwɔwɔ fifitɔwo wu tsãtɔwo.” (Nyaɖ. 2:4, 19) Eya ta, mina míayi edzi anɔ agbe ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖea nu dzonɔamemetɔe be wòado dzidzɔ na Yehowa.

WÒ SRƆ̃ÐETAMKAKAA

Wò Srɔ̃ɖetamkakaa (Kpɔ memama 14)

14. Nu kae nye ŋugbe vevitɔ evelia si ame ate ŋu ado, eye nu ka tae?

14 Ŋugbe vevitɔ evelia si ame ate ŋu adoe nye srɔ̃ɖetamkaka. Nu ka tae? Nu si tae nye be srɔ̃ɖeɖe nye nu kɔkɔe le Mawu ŋkume. Ŋugbetɔsrɔ̃a kple ŋugbetɔ la siaa ka woƒe srɔ̃ɖetam la le Mawu kple amegbetɔwo ŋkume. Zi geɖe la, ŋugbetɔsrɔ̃a kaa atam na ŋugbetɔa be yealɔ̃e, alé be nɛ ahade bubu eŋu ‘zi ale si yewo ame evea yewoanɔ anyi ɖekae le anyigba dzi le Mawu ƒe srɔ̃ɖeɖoɖoa nu.’ Ŋugbetɔa hã kaa atam na ŋugbetɔsrɔ̃a nenema ke. Anɔ eme be ame aɖewo megblɔ atamkanya mawo pɛpɛpɛ le woƒe srɔ̃ɖegbe ya o, ke hã, wogblɔ atamkanya aɖe le Mawu ŋkume. Eya tae woɖe gbeƒã woamawo le amewo ŋkume be wozu srɔ̃tɔwo ɖo, eye Mawu kpɔ mɔ be woakpɔtɔ anye srɔ̃tɔwo le woƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me. (1 Mose 2:24; 1 Kor. 7:39) Abe ale si Yesu gblɔe ene la, “eya ŋuti nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke negama eme o.” Le susu sia ta, ele be atsu kple asia nanyae be ne yewonya ɖe srɔ̃ ko la, yewomekpɔ mɔ agbe yewo nɔewo o.—Marko 10:9.

15. Nu ka tae mele be Kristotɔwo nabu srɔ̃ɖeɖe abe ale si xexea me tɔwo bunɛ ene o?

15 Enye nyateƒe be srɔ̃ɖeɖe aɖeke mede blibo o. Amegbetɔ madeblibo evee ɖe wo nɔewo. Esia tae Biblia gblɔ be ame siwo ɖe srɔ̃ la “akpɔ xaxa le ŋutilã me” ɣeaɖewoɣi ɖo. (1 Kor. 7:28) Gake le xexea me egbea la, ewɔ nublanui ŋutɔ be ame aɖewo megadea bubu srɔ̃ɖeɖe ŋu kura o. Ne kuxiwo do mo ɖa le srɔ̃tɔwo dome ko la, wogbea wo nɔewo afɔtsɔtsɔe. Gake Kristotɔwo ya mebua srɔ̃ɖeɖe alea o. Srɔ̃gbegbe nenema sɔ kple aʋatsokaka na Mawu, eye Mawu lé fu aʋatsokalawo! (3 Mose 19:12; Lod. 6:16-19) Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ðe wobla wò ɖe nyɔnu ŋua? Dzudzɔ mɔnudidi be yeaɖe ta le eme.” (1 Kor. 7:27) Nu si tae Paulo gblɔ nya ma ɖoe nye be enyae be Yehowa lé fu srɔ̃gbegbe alakpatɔe.—Mal. 2:13-16.

16. Nya kae Biblia gblɔ tso srɔ̃gbegbe kple srɔ̃tɔwo ƒe kaklã ŋu?

16 Yesu fia nu be nu ɖeka pɛ si ŋu Ŋɔŋlɔawo ɖe mɔ ɖo be ana woatso srɔ̃ɖetamkakaa mee nye ne srɔ̃tɔ maɖifɔ la tiae be yematsɔ ye srɔ̃ ƒe ahasi si wòwɔ ɖe ye ŋu la akee o. (Mat. 19:9; Heb. 13:4) Ke nya kae Biblia gbɔ tso kaklã tso ame srɔ̃ gbɔ ya ŋu? Biblia ƒe nyaa me kɔ ƒãa le go sia hã me. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 7:10, 11.) Biblia megblɔ susu aɖe koŋ si tae srɔ̃tɔwo dome naklã o. Ke hã, Kristotɔ srɔ̃tɔ aɖewo kpɔe be nɔnɔme aɖewo ƒoe ɖe yewo nu be yewoanɔ adzɔge tso yewo srɔ̃ gbɔ. Esia ƒe ɖewoe nye ne srɔ̃a si nye ŋutasẽla alo xɔsegbela la ƒe nuwɔna na wòdze ƒãa be eƒe agbe alo ƒomedodo si le woa kple Yehowa dome la ɖo afɔku me vevie. *

17. Aleke srɔ̃tɔ Kristotɔwo ate ŋu awɔ be woƒe srɔ̃ɖeɖe nanɔ anyi ɖaa?

17 Ne atsu kple asiwo te ɖe hamemetsitsiwo ŋu be woaɖo aɖaŋu na yewo tso yewoƒe srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo ŋu la, anyo be hamemetsitsiwo nabia wo be le ɣeyiɣi siawo me la, ɖe wo ame eve siaa wokpɔ video si ƒe tanyae nye Nu Kae Nye Lɔlɔ̃ Vavã?, eye ɖe wosrɔ̃ agbalẽ gbadza si nye Dzidzɔ Ate Ŋu Anɔ Wò Ƒomea Me la ɖekae hã. Nu ka tae? Nu si tae nye be, dɔwɔnu siawo he susu yi Mawu ƒe mɔfiafia siwo kpe ɖe srɔ̃tɔ geɖe ŋu woƒe srɔ̃ɖekadodoa va le kplikplikpli wu tsã la dzi. Atsu kple asi aɖe gblɔ be: “Tso esime míedze agbalẽ gbadza sia sɔsrɔ̃ gɔme la, míeva le dzidzɔ kpɔm geɖe wu le míaƒe srɔ̃ɖeɖea me.” Srɔ̃nyɔnu aɖe si woa kple srɔ̃a wogbe wo nɔewo kloe ɣeaɖeɣi la gblɔ tso woƒe srɔ̃ɖeɖe si li ƒe 22 ye nye esia ŋu be: “Mí ame evea siaa míexɔ nyɔnyrɔ, gake míaƒe seselelãmewo to vovo tso mía nɔewo tɔ gbɔ ale gbegbe. Video sia va le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi! Fifia mía dome le vivim sãsãsã wu tsã.” Srɔ̃tɔe nènyea? Ðoe kplikpaa nàtsɔ Yehowa ƒe mɔfiamewo awɔ dɔ le wò srɔ̃ɖeɖea me. Esia akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ wò srɔ̃ɖetamkakaa dzi kple dzidzɔ!

ƔEYIƔIAWO KATÃ ƑE SUBƆSUBƆDƆ TƆXƐ ƑE ADZƆGBEÐEÐE

18, 19. (a) Nu kae dzila Kristotɔ geɖe wɔ? (b) Nya kawoe míate ŋu agblɔ tso ame siwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛa wɔm ŋu?

18 Ède dzesi nu bubu si ɖe dzesi le Yefta kple Hana ŋua? Adzɔgbe si wo ame evea siaa ɖe la wɔe be Yefta vinyɔnua kple Hana viŋutsua va wɔ subɔsubɔdɔ tɔxɛ le avɔgbadɔa me. Subɔsubɔdɔ siawo ana woanɔ agbe si me dzidzeme geɖe le. Egbea, dzila Kristotɔ geɖe dea dzi ƒo na wo viwo be woaƒo wo ɖokuiwo ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me eye woana subɔsubɔdɔwɔwɔ na Mawu nanye nu vevitɔ na wo le agbe me. Ame siwo le esia wɔm la dze na kafukafu vavã.—Ʋɔn. 11:40; Ps. 110:3.

Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛ ƒe adzɔgbeɖeɖe (Kpɔ memama 19)

19 Yehowa Ðasefowo Ƒe Ɣeyiɣiawo Katã Ƒe Subɔsubɔdɔ Tɔxɛ Wɔla Siwo Le Xexea Me Godoo fifia ƒe xexlẽmee nye 67,000. Wo dometɔ aɖewo wɔa dɔ le Betel, bubuwo le xɔtudɔwo wɔm, ɖewo nye dzikpɔla mɔzɔlawo, bubuwo fiaa nu le habɔbɔa ƒe sukuwo, wo dometɔ aɖewo hã nye mɔɖela veviwo kple dutanyanyuigblɔlawo, eye ɖewo wɔa subɔsubɔdɔwo le Takpexɔwo kple afi si wowɔa Biblia-srɔ̃sukuwo le. Wo katã wole “Adzɔgbeɖeɖe Hena Toɖoɖo Kple Agbe Tsɛ Nɔnɔ” ƒe ɖoɖoa te, eya ta wolɔ̃ ɖe edzi be yewoawɔ dɔ ɖe sia ɖe si wode asi na yewo hena Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔ, be yewoanɔ agbe tsɛ, eye yewoaƒo asa na ŋutilãmedɔ wɔwɔ, negbe ɖe woɖe mɔ ɖe eŋu ko. Menye ameawoe wobuna ame tɔxɛwoe o, ke boŋ woƒe dɔdeasiawoe. Wokpɔe be ele vevie be yewoabɔbɔ yewo ɖokui awɔ adzɔgbe si yewoɖe la dzi zi ale si yewokpɔtɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛa wɔm.

20. Nu kae wòle be míawɔ “gbe sia gbe,” eye nu ka tae?

20 Adzɔgbe vovovo siwo me míedzro la dometɔ nenie nèɖe na Mawu—ɖekaa, evea, alo etɔ̃a katã? Èva de dzesii be mele be nàbu adzɔgbe siwo nèɖe la nu tsɛ o. (Lod. 20:25) Ne míegbe adzɔgbe siwo míeɖe na Yehowa dzi wɔwɔ la, esia ate ŋu agblẽ nu le ƒomedodo si le mía kplii dome ŋu vevie. (Nyagb. 5:6) Mina ‘míanɔ kafukafuha dzim na Yehowa ƒe ŋkɔ la tegbee, eye míaxe míaƒe adzɔgbeɖefewo gbe sia gbe.’—Ps. 61:8.

^ mm. 7 Le adzɔgbe si Hana ɖe nu la, efia be via ava nye Naziritɔ le eƒe agbemeŋkekewo katã me, si fia be aɖe eɖokui ɖe vovo, eye wòatsɔ eɖokui ake hena Yehowa ƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔwɔ.—4 Mose 6:2, 5, 8.

^ mm. 13 Ne míebu afɔ vovovo siwo hamemetsitsiwo ɖena be woatsɔ aka ɖe edzi be ame aɖe dze axɔ nyɔnyrɔ ŋu la, míakpɔe be ƒãa hafi woagblɔ be nya ku ɖe ame aɖe ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu.

^ mm. 16 Kpɔ agbalẽ si nye “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa” ƒe Megbenyawo ƒe nyati si nye “Nya Si Biblia Gblɔ Tso Kaklã Kple Srɔ̃gbegbe Ŋu.”