Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpe Ðe “Amedzroviwo” Ŋu ‘Woasubɔ Yehowa Kple Dzidzɔ’

Kpe Ðe “Amedzroviwo” Ŋu ‘Woasubɔ Yehowa Kple Dzidzɔ’

“Yehowa kpɔa amedzroviwo ta.”—PS. 146:9.

HADZIDZI: 84, 73

1, 2. (a) Nɔnɔme sesẽ kawo me tom mía nɔvi Kristotɔ aɖewo le? (b) Biabia kawo me míadzro?

NƆVIŊUTSU aɖe si ŋkɔe nye Lije gblɔ be: “Míaƒe ƒomea nɔ nutome sue takpekpe aɖe me esime dukɔmeviʋa dze egɔme le Burundi. Míekpɔ amewo wonɔ du dzi, eye tu nɔ ɖiɖim. Nu ʋɛ aɖewo koe míetsɔ eye mí ɖevi 11-awo kple mía dzilawo míesi. Mía dometɔ aɖewo si yi sitsoƒedilawo ƒe asaɖa aɖe me le Malawi, si gbɔ didi kilometa 1,600 sɔŋ. Mí ame susɔeawo míeka hlẽ.”

2 Le xexea me godoo la, wobu akɔnta be ame siwo si dzo le woƒe aƒewo me le aʋawɔwɔ alo yometiti ta ƒe xexlẽme nye miliɔn 65 kple edzivɔ fifia. Esiae nye xexlẽme gbogbotɔ tso esime wodze eŋuti kɔntabubu gɔme. * Yehowa Ðasefo akpe geɖe hã le wo dome. Wo dometɔ geɖe ƒe ame veviwo ku eye wobu woƒe nunɔamesiwo katã kloe. Kuxi bubu kawo mee wo dometɔ aɖewo to? Aleke míate ŋu akpe ɖe mía nɔvi siawo ŋu ‘woasubɔ Yehowa kple dzidzɔ’ togbɔ be wole nɔnɔme sesẽ mawo me tom? (Ps. 100:2) Eye aleke míawɔ agblɔ nya nyuia na sitsoƒedila siwo mekpɔ nya Yehowa haɖe o?

KUXI SIWO ME SITSOƑEDILAWO TONA

3. Aleke wòdzɔe be Yesu va zu sitsoƒedila, eye aleke esia dzɔ le eƒe nusrɔ̃la geɖewo hã gome?

3 Esi Yehowa ƒe dɔla xlɔ̃ nu Yosef be Fia Herodes nɔ didim be yeawu Yesu ɖevi la la, esia wɔe be Yesu kple edzilawo va zu sitsoƒedilawo le Egipte. Wonɔ afi ma va se ɖe esime Herodes ku. (Mat. 2:13, 14, 19-21) Ƒe geɖe megbe la, yometiti wɔe be Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo hã ‘ka hlẽ ɖe Yudea kple Samaria nutowo me.’ (Dɔw. 8:1) Yesu nyae be yometiti aƒoe ɖe ye yomedzela geɖewo nu be woasi agblẽ woƒe aƒewo ɖi. Egblɔ be: “Ne woti mia yome le du aɖe me la, misi yi du bubu me.” (Mat. 10:23) Gake sisi menɔa bɔbɔe ɣeaɖekeɣi o.

4, 5. Kuxi sesẽ kawoe dzea ŋgɔ sitsoƒedilawo (a) ne wole sisim? (b) le sitsoƒedilawo ƒe asaɖa me?

4 Sitsoƒedilawo doa go kuxi sesẽwo ne wole sisim alo esime wole sitsoƒedilawo ƒe asaɖawo me. Gad, si nye Lije nɔviŋutsu gblɔ be: “Míenɔ azɔli dzi kwasiɖa geɖe henɔ ame kuku alafa geɖe ŋu tom. Mexɔ ƒe 12 ɣemaɣi. Nye afɔwo te ale gbegbe be megblɔ na ƒomea me tɔ susɔeawo be woagblẽm ɖi. Esi fofonye medi be yeagblẽm ɖi ne aʋawɔlawo nava lém o ta la, ekɔm. Míenɔ agbe ɖe nu si míekpɔ gbe sia gbe nu, míenɔ gbedodoɖa dzi heɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye ɣeaɖewoɣi nu si míeɖuna koe nye mango tsetse siwo míekpɔ le mɔa dzi.”—Flp. 4:12, 13.

5 Mlɔeba, Lije ƒe ƒometɔwo dometɔ akpa gãtɔ va nɔ Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe sitsoƒedilawo ƒe asaɖa me ƒe geɖe. Ke hã, womenɔ dedie le afi ma o. Lije, si nye nutome sue dzikpɔla fifia gblɔ be: “Dɔwɔɖui menɔ ame akpa gãtɔ si o. Wogblɔa ame nya, womua aha, wofia fi eye wonɔa gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ.” Eya ta, Yehowa Ðasefo siwo nɔ asaɖa mawo me la ƒo wo ɖokuiwo ɖe subɔsubɔdɔa me bliboe ale be yewoaƒo asa na ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ mawo. (Heb. 6:11, 12; 10:24, 25) Wozã woƒe ɣeyiɣi nyuie ale be yewo kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli, eye wo dometɔ geɖe wɔ mɔɖeɖedɔa. Wotsɔ susu ɖo ale si Israel-viwo ƒe mɔzɔzɔa nɔ le gbeadzi ŋu heɖoa ŋku edzi be yewoƒe asaɖaa me nɔnɔ ava wu enu gbe ɖeka godoo.—2 Kor. 4:18.

WƆ NU ÐE SITSOƑEDILAWO ŊU LE LƆLƆ̃ ME

6, 7. (a) Aleke “Mawu ƒe lɔlɔ̃” ʋãa Kristotɔwo wowɔa nu ɖe nɔvi siwo ɖo hiã me ŋu? (b) Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

6 “Mawu ƒe lɔlɔ̃” ʋãa mí míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ mía nɔewo, vevietɔ le nɔnɔme sesẽwo me. (Xlẽ 1 Yohanes 3:17, 18.) Esime dɔ to le ƒe alafa gbãtɔ me eye Kristotɔ siwo nɔ Yudea hiã kpekpeɖeŋu la, hamea wɔ ɖoɖo wona kpekpeɖeŋu si wohiã la wo. (Dɔw. 11:28, 29) Apostolo Paulo kple Petro siaa de dzi ƒo na Kristotɔwo be woanye amedzrowɔlawo. (Rom. 12:13; 1 Pet. 4:9) Ne ele na Kristotɔwo be woaxɔ nɔvi siwo nye amedzrowo nyuie la, ɖe mele vevie be woaxɔ wo nɔvi siwo ɖo hiã me le afɔkuwo alo yometiti ta la geɖe wu oa?—Xlẽ Lododowo 3:27. *

7 Nyitsɔ laa la, eva hiã be Yehowa Ðasefo akpe geɖe, siwo nye ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo, nasi le aʋawɔwɔ kple yometiti si nɔ edzi yim le Ukraine ƒe ɣedzeƒe ta. Nublanuitɔe la, wo dometɔ aɖewo ku. Gake, nɔvi siwo le Ukraine ƒe teƒe bubuwo la xɔ wo nɔvi Kristotɔ siawo dometɔ akpa gãtɔ, eye Ðasefo siwo le Russia hã xɔ wo dometɔ geɖe. Le dukɔ evea siaa me la, nɔviawo medea akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o le esi ‘womenye xexea ƒe akpa aɖeke o’ ta, eye woyi edzi le “gbeƒã ɖem nya nyui la” dzonɔamemetɔe.—Yoh. 15:19; Dɔw. 8:4.

KPE ÐE SITSOƑEDILAWO ŊU WOADO ŊUSẼ WOƑE XƆSE

8, 9. (a) Kuxi kawoe sitsoƒedilawo doa goe ne wosi yi dukɔ bubu me? (b) Nu ka tae wòhiã be míagbɔ dzi ɖi akpe ɖe wo ŋu?

8 Ame aɖewo dia sitsoƒe le woawo ŋutɔwo ƒe dukɔ me, ke eva hiãna be ame bubu geɖewo ya nasi ayi afi si nɔnɔmeawo to vovo le kura le dukɔ bubu me. Ele eme be dziɖuɖuwo wɔa ɖoɖo ɖe nuɖuɖu, nudodo kple nɔƒe ŋu na sitsoƒedilawo ya, gake ɖewohĩ nuɖuɖua anye esiwo womenya le wo de o. Ale si yame fana miamiamia le dukɔ aɖewo me la ate ŋu anye nu yeye na sitsoƒedila siwo tso dukɔ siwo me dzoxɔxɔ le me eye womanya ale si woado awu wòasɔ ɖe enu o. Ne kɔƒenutowo mee wotso va la, anɔ eme be womenya dɔwɔnu deŋgɔ siwo amewo zãna le aƒewo me le dugãwo me la ŋu dɔ wɔwɔ o.

9 Dziɖuɖu aɖewo wɔ ɖoɖo kpena ɖe sitsoƒedilawo ŋu be woatrɔ ɖe woƒe nɔnɔme yeyeawo ŋu. Ke hã, wokpɔa mɔ be ɣleti ʋɛ aɖewo megbe ko la, woawo ŋutɔwo nakpɔ wo ɖokuiwo dzi. Esia wɔwɔ ate ŋu asesẽ na wo. Bu eŋu kpɔ ko be ehiã be nàsrɔ̃ gbe yeye, anɔ agbe ɖe dukplɔse yeye kple ale si wowɔa nu le dukɔa me nu, asrɔ̃ gamedzinɔnɔ, adzɔxexe, nuzazãwo ŋuti fewo xexe kpakple ɖoɖo si le sukudede kple vihehe ŋu le ɣeyiɣi ɖeka ma ke me! Ðe nàte ŋu agbɔ dzi ɖi akpe ɖe nɔvi siwo le nɔnɔme siawo me tom la ŋu ahade bubu wo ŋua?—Flp. 2:3, 4.

10. Aleke míate ŋu ado ŋusẽ sitsoƒedila siwo va dukɔa me teti la ƒe xɔse? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

10 Azɔ hã, ɣeaɖewoɣi la, dziɖuɖuwo nana wòsesẽna na mía nɔvi sitsoƒedilawo be woade ha kple hamea. Dɔ si kpekpeɖeŋunahabɔbɔ aɖewo kpɔ na mía nɔviwo la maɖe mɔ na wo be woade kpekpeawo o, ke hã, wogblɔna na wo be ne womelɔ̃ xɔ dɔa o la, yewoadzudzɔ kpekpeɖeŋunana wo alo womaxɔ wo ɖe dukɔa me o. Esia do vɔvɔ̃ na nɔvi aɖewo, si wɔe be wolɔ̃ xɔ dɔ mawo ƒomevi. Eya ta, ne mía nɔvi sitsoƒedilawo va ɖo ko la, ele vevie be míayi aɖakpe wo kaba ale si wòanya wɔ. Ele be míana woakpɔe be míetsɔ ɖe le eme na yewo. Ale si míase veve ɖe wo nu ahakpe ɖe wo ŋu ate ŋu ado ŋusẽ woƒe xɔse.—Lod. 12:25; 17:17.

KPE ÐE SITSOƑEDILAWO ŊU

11. (a) Hiahiã kawo gbɔe wòle be woakpɔ na sitsoƒedilawo gbã? (b) Aleke sitsoƒedilawo ate ŋu aɖee afia be yewonye akpedalawo?

11 Gbã la, ɖewohĩ ahiã be míana nuɖuɖu, awu, alo nu bubu siwo akpɔ woƒe hiahiã veviwo gbɔ la wo. * Nu suesuesuewo, abe kɔla tsɔtsɔ na nɔviŋutsu aɖe ene, gɔ̃ hã wɔa akpa vevi aɖe. Ne sitsoƒedilawo daa akpe ɖe nu siwo wowɔ na wo ta eye womekpɔa mɔ be woawɔ nu sia nu na yewo o la, esia awɔe be nɔvi siwo le kpekpeɖeŋu nam wo la nakpɔ dzidzɔ le nunana me. Ele be sitsoƒedilawo nadze agbagba asu te ava kpɔ wo ɖokuiwo dzi mlɔeba, elabena agbenɔnɔ ɖe amewo ƒe dɔmenyonunanawo nu ɖaa ate ŋu awɔe be bubu magava nɔ wo ŋu o, eye ate ŋu agblẽ nu le ƒomedodo si le woa kple nɔviwo dome hã ŋu. (2 Tes. 3:7-10) Ke hã, ehiã be míakpe ɖe wo ŋu hafi woate ŋu asu te akpɔ wo ɖokuiwo dzi.

Aleke míate ŋu akpe ɖe mía nɔvi Kristotɔ siwo nye sitsoƒedilawo ŋu? (Kpɔ memama 11-13)

12, 13. (a) Nu ŋutɔŋutɔ kawoe míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe sitsoƒedilawo ŋu? (b) Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

12 Mehiã be ga geɖe nanɔ mía si hafi míate ŋu akpe ɖe sitsoƒedilawo ŋu o, nu si koŋ wohiãe nye míaƒe ɣeyiɣi kple ɖetsɔleme. Ɣeaɖewoɣi la, nu si hiã koe nye be míafia wo ale si woawɔ aɖo ʋu ayi teƒeteƒewo, afi si woate ŋu aƒle nuɖuɖu nyui siwo mexɔ asi fũu o la le, alo ale si woawɔ akpɔ dɔwɔnu aɖewo, abe nutɔmɔ̃ alo mɔ̃ si wotsɔ ƒoa gbe ene, ale be woate ŋu anɔ ga vivivi kpɔm. Nu si le vevie wue nye be, míakpe ɖe wo ŋu woaƒo wo ɖokuiwo ɖe woƒe hame yeyea ƒe dɔwo me bliboe. Ne anya wɔ la, míakɔ wo ɖe míaƒe ʋu me ayi kpekpeawo. Anyo hã be míafia wo ale si woate ɖe amewo ŋu le míaƒe anyigbamamaa me agblɔ Fiaɖuƒegbedeasia na wo. Wɔ ɖoɖo nàzɔ kple mía nɔvi siawo le gbeadzi.

13 Esime ɖekakpui sitsoƒedila ene aɖewo va hame aɖe me la, hamemetsitsi vovovowo fia ʋukuku, kɔmpiuta tsɔtsɔ aŋlɔ nu kple dɔdigbalẽ ŋɔŋlɔ wo. Azɔ hã, wofia wo ale si woawɔ woƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ nyuie ale be woasubɔ Yehowa bliboe. (Gal. 6:10) Eteƒe medidi o, wo ame enea katã va zu mɔɖelawo. Kpekpeɖeŋu si wona wo, kple agbagba si woawo ŋutɔwo dze be yewoaɖo gbɔgbɔmetaɖodzinuwo gbɔ la, kpe ɖe wo ŋu wotse ku geɖe eye Satana ƒe xexea ƒe susuhenuwo mekpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o.

14. (a) Tetekpɔ ka dzie wòle be sitsoƒedilawo naɖu? (b) Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

14 Abe Kristotɔwo katã ene la, ehiã be sitsoƒedilawo hã naʋli be woaɖu tetekpɔ kple nyaƒoɖeamenu siwo ana woati ŋutilãmenuwo yome eye ƒomedodo si le woa kple Yehowa dome naɖo afɔku me la dzi. * Lije, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la kple nɔviawo ɖo ŋku nu vevi aɖe si wo fofo fia wo ku ɖe ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu la ŋu esime wonɔ sisim la dzi. Wogblɔ be: “Mía fofo nɔ asi ɖem le míaƒe nunɔamesi ʋɛ siwo menɔ vevie o la ŋu ɖekaɖeka le mɔa dzi. Mlɔeba, edo akplo ƒuƒlu la ɖe dzi eye wòko alɔgbɔnu hegblɔ be: ‘Miekpɔea? Nu si miehiã katã koe nye esia!’”—Xlẽ 1 Timoteo 6:8.

KPƆ SITSOƑEDILAWO ƑE NUHIAHIÃ VEVITƆWO GBƆ

15, 16. (a) Aleke míate ŋu akpe ɖe nɔvi sitsoƒedilawo ŋu woado ŋusẽ woƒe xɔse? (b) Aleke míate ŋu akpe ɖe wo ŋu woƒe dzi nadze eme?

15 Togbɔ be sitsoƒedilawo hiã ŋutilãmenuwo hã la, nu siwo ado ŋusẽ woƒe xɔse kple kpekpeɖeŋu siwo ana woƒe dzi nadze eme ye le vevie wu. (Mat. 4:4) Hamemetsitsiwo ate ŋu akpe ɖe sitsoƒedilawo ŋu be míaƒe agbalẽ siwo le wo degbe me nasu wo si, eye woate ŋu aɖe nɔvi siwo se wo degbea hã afia wo. Sitsoƒedila geɖewo ka hlẽ tso woƒe ƒometɔwo, wo detɔwo kple woƒe hamea me tɔwo gbɔ. Eya ta, ele be wo nɔvi Kristotɔwo dome nɔnɔ nana woase le wo ɖokui me be Yehowa lɔ̃ yewo eye wòsea veve ɖe yewo nu. Ne menye nenema o la, woava te ɖe woƒe ƒometɔ siwo menye haxɔsetɔwo o alo wo detɔ siwo le dukɔa me la ŋu kplikplikpli le esi wotso teƒe ɖeka ta. (1 Kor. 15:33) Ne míena woƒe dzi dze eme le hamea me la, anye mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe na mí be míawɔ dɔ aduadu kple Yehowa ‘akpɔ amedzroviwo ta.’—Ps. 146:9.

16 Abe ale si wònɔ le Yesu ɖevi la kple edzilawo gome ene la, ɖewohĩ mɔnukpɔkpɔ masu sitsoƒedilawo si be woatrɔ ayi wo de o zi ale si wo yometilawo kpɔtɔ le dzi ɖum. Azɔ hã, abe ale si Lije gblɔe ene la, “esesẽna na dzila siwo kpɔ eteƒe wodɔ woƒe ƒometɔwo gbɔ sesẽe alo wowu wo le wo ŋkume la dometɔ geɖe be woakplɔ wo viwo woatrɔ ayi teƒe siwo hlɔ̃donu mawo dzɔ le.” Esia ta ehiã be nɔvi siwo le sitsoƒedila siwo to nɔnɔme gbãdziname siawo me xɔm la be ‘woase veve ɖe wo nu, alɔ̃ wo abe dadaviwo ene, woƒe dɔme natrɔ ɖe wo ŋu, eye woabɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi’ hafi woate ŋu akpe ɖe wo ŋu. (1 Pet. 3:8) Yometiti wɔe be sitsoƒedila aɖewo ɖea wo ɖokui ɖe aga, eye ekpea ŋu na wo be woaƒo nu tso woƒe fukpekpewo ŋu, vevietɔ le wo viwo ŋkume. Bia ɖokuiwò be, ‘Ne nyee le nɔnɔme ma me ɖe, aleke madi be woawɔ nu ɖe ŋunye?’—Mat. 7:12.

ALE SI MÍAÐE GBEƑÃ NA SITSOƑEDILAWO

17. Aleke gbeƒãɖeɖe na sitsoƒedilawo nana woƒe dzi dzea eme?

17 Egbea, sitsoƒedila geɖe tso dukɔ siwo me woɖo asi míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi le la me. Ke hã, dzidzɔtɔe la, Ðasefo dovevienu siwo le dukɔ siwo me sitsoƒedilawo va le me ƒe agbagbadzedzewo wɔe be sitsoƒedila akpe geɖe va se ‘Fiaɖuƒe ŋuti nya la’ zi gbãtɔ. (Mat. 13:19, 23) Togbɔ be “agba le” ame geɖe “wum” egbea le gbɔgbɔ me hã, wokpɔa gbɔdzɔe le míaƒe kpekpewo me, eye wodea dzesii enumake be ‘Mawu le mía dome vavã.’—Mat. 11:28-30; 1 Kor. 14:25.

18, 19. Aleke míate ŋu awɔ nu aɖaŋutɔe ne míele gbeƒã ɖem na sitsoƒedilawo?

18 Ehiã be ame siwo le gbeƒã ɖem na sitsoƒedilawo la ‘nadze aɖaŋu,’ eye ahiã be ‘woadze aye’ gɔ̃ hã. (Mat. 10:16; Lod. 22:3) Ne wole woƒe dzimenyawo gblɔm na wò la, ɖo to nyuie, ke hã, mègade nu woƒe dunyawo me o. Zɔ ɖe alɔdzedɔwɔƒea kple dumegãwo ƒe mɔfiafiawo dzi; mègawɔ naneke si ana nàkpɔ nya alo ade ame bubuwo nya me o. Subɔsubɔha siwo me sitsoƒedilawo le kple woƒe dekɔnuwo nenɔ nyanya na wò eye nàwɔ nu ɖe wo ŋu bubutɔe. Le kpɔɖeŋu me, dukɔ aɖewo me tɔwo tsia dzi vevie ɖe ale si wòle be nyɔnuwo nado awui ŋu. Eya ta, ne èle gbeƒã ɖem na sitsoƒedilawo la, anyo be nàdo awu le mɔ si maɖia wo nu o la nu.

19 Abe Samariatɔ havilɔ̃la si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le eƒe kpɔɖeŋua me ene la, míedi be míakpe ɖe ame siwo le fu kpem la ŋu, ne womenye Ðasefowo o gɔ̃ hã. (Luka 10:33-37) Mɔ nyuitɔ si dzi míato awɔ esia ye nye be míagblɔ nya nyuia na wo. Hamemetsitsi aɖe si kpe ɖe sitsoƒedila geɖewo ŋu la gblɔ be: “Ele vevie be míana woanya tso gɔmedzedzea be Yehowa Ðasefowoe míenye, eye míaƒe taɖodzinu vevitɔe nye be míakpe ɖe wo ŋu woanya nu geɖe tso Mawu ŋu, ke menye be míana ŋutilãmekpekpeɖeŋu wo o. Ne menye nenema o la, wo dometɔ aɖewo ava nɔ ha dem kpli mí le ŋutilãmekpekpeɖeŋu si woakpɔ tso mía gbɔ ko ta.”

NU NYUIWO DONA TSO EME

20, 21. (a) Ne sitsoƒedilawo kpɔe be míelɔ̃ yewo la, nu nyui kawoe dona tso eme? (b) Nu ka me míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

20 Ne ame siwo nye ‘amedzrowo’ le dukɔa me la kpɔe be míelɔ̃ yewo la, nu nyuiwo dona tso eme. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be ye kple yeƒe ƒomea yewosi le Eritrea le yometiti si nɔ edzi yim la ta. Via ene zɔ ŋkeke enyi sɔŋ to gbegbenutowo me eye ɖeɖi te wo ŋu belibeli hafi wova ɖo Sudan. Egblɔ be: “Mía nɔvi Kristotɔ siwo le afi ma la xɔ wo atuu abe ƒometɔ kplikplikpliwoe wonye ene; wona nuɖuɖu, awu kple mlɔƒe wo, eye wokpɔ woƒe ʋuɖonyawo hã gbɔ. Ame bubu kawoe axɔ amedzrowo ɖe wo ƒeme le esi wosubɔa Mawu ɖeka ta ko? Yehowa Ðasefowo koe ate ŋu awɔ esia!”—Xlẽ Yohanes 13:35.

21 Ke ɖevi gbogbo siwo kplɔ wo dzila sitsoƒedilawo ɖo kple amedzro bubuwo ƒe viwo ya ɖe? Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míadzro ale si míakpe ɖe wo ŋu woasubɔ Yehowa kple dzidzɔ la me.

^ mm. 2 Le nyati sia me la, míazã ŋkɔnya “sitsoƒedilawo” na ame siwo si yi dukɔ bubu me alo teƒe bubu aɖe le woawo ŋutɔwo ƒe dukɔ me, le aʋawɔwɔ, yometiti alo dzɔdzɔmefɔku ta. Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Dɔdzikpɔhagã Na Sitsoƒedilawo ka nya ta be egbea, le xexea me godoo la, “ame 1 le ame 113” dome nye “sitsoƒedila.”

^ mm. 6 Kpɔ nyati si nye “Migaŋlɔ Dɔmenyonyo Na Amedzrowo Be O,” si dze le October 2016 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 8-12.

^ mm. 11 Ne sitsoƒedilawo va ɖo ko la, ele be hamemetsitsiwo nawɔ mɔfiame si le Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ gbalẽa ƒe ta 8 lia ƒe memama 30 lia me ŋu dɔ kaba ale si wòanya wɔ. Hamemetsitsiwo ate ŋu ato jw.org dzi aŋlɔ agbalẽ na woƒe alɔdzedɔwɔƒea ale be woado ka kple hame siwo me sitsoƒedilawo tso. Le ɣeyiɣi ma ke me la, woate ŋu abia nya aɖewo sitsoƒedilawo tso woƒe hamea kple subɔsubɔdɔa ŋu ŋuɖɔɖotɔe be woanya nu tso woƒe tenɔnɔ le gbɔgbɔ me ŋu.

^ mm. 14 Kpɔ nyati siwo nye “Ame Aɖeke Mate Ŋu Asubɔ Aƒetɔ Eve O” kple “Lé Dzi Ðe Ƒo—Yehowa Ye Nye Wò Kpeɖeŋutɔ!” siwo dze le April 15, 2014, ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 17-26.