Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Èlɔ̃am Wu Esiawoa?”

“Èlɔ̃am Wu Esiawoa?”

“Simon, Yohanes vi, èlɔ̃am wu esiawoa?”YOH. 21:15.

HADZIDZI: 128, 45

1, 2. Esi Petro da ɖɔ zã bliboa megbe la, nu kae dzɔ, eye nu vevi kae wòsrɔ̃ tso eme?

YESU ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ adre nɔ zã dzi le Galilea-ƒua dzi nɔ ɖɔ dam gake womekpɔ lã aɖeke ɖe o. Esi agu dze la, Yesu si wofɔ ɖe tsitre la nɔ go dzi nɔ wo kpɔm. Azɔ egblɔ na wo be: “‘Mida ɖɔ la ɖe ʋua ƒe ɖusime, eye miakpɔ lã aɖe.’ Eya ta woda ɖɔa, ke wode ehe ge do kpoe le lã gbogbo si woɖe ta.”—Yoh. 21:1-6.

2 Esi Yesu na ŋdinu wo woɖu vɔ la, etrɔ ɖe Simon Petro ŋu hebiae be: “Simon, Yohanes vi, èlɔ̃am wu esiawoa?” Nu kawoe Yesu wɔnɛ? Petro lɔ̃ tɔƒodede ŋutɔ. Eya ta, edze abe Yesu nɔ ebiam be nu ka koŋue wòlɔ̃ wu hã ene. Ðe Petro lɔ̃ tɔmelãwo kple lãɖeɖedɔa wu Yesu kple Yesu ƒe nufiafiawoa? Petro ɖo nya si Yesu biae la ŋu be: “Ɛ̃, Aƒetɔ, ènya be nyemelɔ̃a nu le gbɔwò o.” (Yoh. 21:15) Petro nɔ agbe wòwɔ ɖeka kple eƒe nyawo vavã. Tso gbe ma gbe la, eɖe ale si gbegbe wòlɔ̃ Kristoe la fia esi wòƒo eɖokui ɖe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me bliboe heva zu sɔti le Kristo hame si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la me.

3. Nu kawo ŋue wòhiã be Kristotɔwo nanɔ ŋudzɔ le?

3 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nya si Yesu gblɔ na Petro la me? Ele be míanɔ ŋudzɔ be míagaɖe mɔ lɔlɔ̃ si le mía si na Kristo la me nagbɔdzɔ eye míaƒe susu nadzo le Fiaɖuƒea ƒe nuwo dzi o. Yesu nyae be agbenɔnɔ le nuɖoanyi sia me manɔ bɔbɔe o, eye míado go kuxi siwo ana míatsi dzimaɖi. Yesu gblɔ le nukuwula ŋuti kpɔɖeŋu si wòwɔ la me be, ame aɖewo axɔ ‘Fiaɖuƒe ŋuti nya la’ nyuie le gɔmedzedzea me ahatsɔ dzo ɖe eŋu, gake “nuɖoanyi sia me dzimaɖitsitsi kple kesinɔnuwo ƒe amebleŋusẽ” ‘avu atsyɔ nya la dzi.’ (Mat. 13:19-22; Marko 4:19) Eme kɔ ƒãa be, ne míekpɔ nyuie o la, dzimaɖitsitsi ɖe míaƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo ŋu ate ŋu ate míaƒe dzi ɖe to, si awɔe be dzo maganɔ mía me ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu o. Esia ta, Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie be nu tsu ɖuɖu kple aha tsu nono kpakple agbemedzimaɖitsitsiwo nagate miaƒe dzi ɖe to gbeɖe o.”—Luka 21:34.

4. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míanya ne míelɔ̃ Yesu wu nu bubuwo? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

4 Le Petro kple Yesu si wofɔ ɖe tsitre ƒe gododoa megbe la, Petro tsɔ dɔ si Yesu de asi nɛ la ɖo nɔƒe gbãtɔ heto esia me ɖee fia be yelɔ̃ Kristo vavã. Míawo hã míate ŋu asrɔ̃ Petro ƒe kpɔɖeŋua. Aleke míate ŋu akpɔ egbɔ be míeyi edzi lé fɔ ɖe dɔa ŋu? Ehiã be míanɔ mía ɖokui biam edziedzi be: ‘Nu kae melɔ̃ vevie wu? Nu ka koŋue nana mekpɔa dzidzɔ? Nu siwo do ƒome kple Yehowa subɔsubɔe loo alo dɔwɔna bubuwoe?’ Be míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia sia la, na míadzro nu etɔ̃ siwo ne míetsɔ wo ɖo nɔƒe si sɔ o la, woate ŋu ana lɔlɔ̃ si le mía si na Kristo kple gbɔgbɔmedɔwo la me nagbɔdzɔ la me—esiawoe nye dɔwɔɖui, modzakaɖeɖe kple ŋutilãmenuwo.

TSƆ WÒ DƆWƆÐUIA ÐO NƆƑE SI SƆ

5. Le Ŋɔŋlɔawo nu la, agba kae le ƒome ƒe tawo dzi?

5 Le Petro gome la, menye modzakaɖeɖe ye lãɖeɖedɔa nye nɛ o, ke boŋ dɔwɔɖui si wòtsɔ kpɔa eƒe ƒomea dzie wònye nɛ. Egbea, ƒome ƒe tawo nyae be agba le yewo dzi le Ŋɔŋlɔawo nu be yewoakpɔ yewoƒe ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ. (1 Tim. 5:8) Ele be woawɔ dɔ sesĩe be woate ŋu awɔ esia. Ke hã, le ŋkeke mamlɛ siawo me la, dɔwɔɖui hea dzimaɖitsitsiwo vanɛ zi geɖe.

6. Nu kawoe nana amewo tsia dzimaɖi le dɔwɔƒewo egbea?

6 Esi wònye be esesẽ be amewo nakpɔ dɔ awɔ evɔ ame geɖe le dɔ dim ta la, esia ƒonɛ ɖe dɔwɔla geɖe nu be woawɔ dɔ gaƒoƒo geɖe togbɔ be ɣeaɖewoɣi fetua mede ame dzi o hã. Azɔ hã, ale si woƒonɛ ɖe dɔwɔlawo nu be woawɔ dɔ geɖe le ɣeyiɣi kpui aɖe me la wɔnɛ be dɔa va tea ɖeɖi woƒe ŋutilã kple susu siaa ŋu eye wògblẽa nu le woƒe lãmesẽ ŋu gɔ̃ hã. Eye ele bɔbɔe be dɔ nage le dɔwɔla siwo medi be yewoawɔ dɔ nenema o la si.

7, 8. (a) Ame kae nye ame vevitɔ si wòle be míawɔ nuteƒe na? (b) Nu vevi kae nɔviŋutsu aɖe si le Thailand la va de dzesi ku ɖe eƒe dɔwɔɖuia ŋu?

7 Yehowa Mawu koŋue wòle be mí Kristotɔwo míawɔ nuteƒe na, ke menye na míaƒe dɔtɔwo o. (Luka 10:27) Dɔwɔɖui nye mɔ si dzi míato aɖo taɖodzinu aɖe gbɔ. Eyae nye be míakpɔ míaƒe nuhiahiã veviwo gbɔ ale be míate ŋu awɔ subɔsubɔdɔa. Ke hã, ne míekpɔ nyuie o la, dɔwɔɖui ate ŋu ahe mí ɖe megbe le mawusubɔsubɔ gome. Le kpɔɖeŋu me, nɔviŋutsu aɖe si le Thailand gblɔ be: “Medzraa kɔmpiuta ɖo, eye dɔ sia dzɔa dzi nam ŋutɔ, gake ebia be mawɔ dɔ gaƒoƒo geɖe. Esia wɔe be nyemegatea ŋu kpɔa ɣeyiɣi ɖe mawusubɔsubɔdɔwo ŋu o. Mlɔeba, meva kpɔe be hafi mate ŋu atsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ la, ahiã be madi dɔ bubu awɔ.” Nu kae nɔviŋutsu sia wɔ?

8 Egblɔ be: “Anɔ abe ƒe ɖeka ene la, menɔ dɔ si mawɔ ŋu bum henɔ ɖoɖo wɔm ɖe eŋu, eye mlɔeba meva tso nya me be madzra numeɖenu fafɛ (ice cream alo crème glacée) le mɔ to. Le gɔmedzedzea me la, ganyawo meva de dzinye o, eye dzi ɖe le ƒonye. Ne medo go nye dɔwɔhati tsãtɔwo le dua me la, woɖua fewu le ŋunye eye wobianam be nu ka tae mesusu be numeɖenu fafɛ dzadzra nyo wu kɔmpiuta ŋuti dɔ wɔwɔ le ɔfis si me fa nyuie me hã. Medo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye mado dzi eye maɖo nye taɖodzinu si nye be mawɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me la gbɔ. Esia megbe kpuie la, nuwo va nɔ kakam ɖe eme nam. Meva nya numeɖenu si dzɔa dzi na nuƒlelawo wu, eye meva bi ɖe ewɔwɔ me hã. Eteƒe medidi hafi amewo va ƒlea numeɖenu si mewɔna gbe sia gbe la wòvɔna o. Le nyateƒe me la, ganyawo va de dzinye wu esime menɔ kɔmpiuta ŋuti dɔ wɔm. Ena mekpɔa dzidzɔ geɖe wu, elabena dɔ sia menana metsia dzimaɖi eye nu tena ɖe dzinye abe ale si wònɔ le dɔ si mewɔna tsã gome ene o. Eye vevietɔ wu la, nye kple Yehowa dome va le kplikplikpli wu.”—Xlẽ Mateo 5:3, 6.

9. Aleke míawɔ ada asɔ le dɔwɔɖuinyawo gome?

9 Veviedodonu nye nɔnɔme nyui si dzea Mawu ŋu eye dɔ sesẽ wɔwɔ ɖea vi geɖe. (Lod. 12:14) Ke hã, abe ale si nɔviŋutsu si ŋu míeƒo nu tsoe la va kpɔe dze sii ene la, ehiã be míatsɔ míaƒe dɔwɔɖuia aɖo nɔƒe si sɔ. Yesu gblɔ be: “Eya ta miyi edzi mianɔ Fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dim gbã, eye woatsɔ nu bubu siawo [agbemenuhiahiã vevitɔwo] katã akpe ɖe eŋuti na mi.” (Mat. 6:33) Be míanya nenye be míeda sɔ le ale si míebua dɔwɔɖui kple mawusubɔsubɔ nyawo gome la, anyo be míabia mía ɖokui be: ‘Ðe mekpɔa dzidzɔ ɖe nye dɔwɔɖui ŋu vevie evɔ mebua mawusubɔsubɔdɔwo ya abe dɔwɔna dzro aɖe ko enea?’ Ŋugbledede le biabia sia ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya nu si míelɔ̃na wu.

10. Nu vevi kae Yesu fia mí ku ɖe nu si wòle be míatsɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ ŋu?

10 Yesu na míenya ale si wòle be míada asɔ le ŋutilãmedɔwo kple mawusubɔsubɔnyawo gome. Gbe ɖeka Yesu ɖi tsa yi Maria kple nɔvia Marta gbɔ le wo ƒeme. Marta nɔ zazãm ɖe nuɖaɖa ŋu esime Maria ya bɔbɔ nɔ Yesu ƒe afɔnu nɔ eƒe nyawo sem. Esi Marta gblɔ na Yesu be Maria menɔ asi kpem ɖe dɔa ŋu na ye o la, Yesu gblɔ na Marta be: ‘Maria tia nyuia gome, eye womele exɔ ge le esi o.’ (Luka 10:38-42) Nu vevi aɖe ye nye ema Yesu fia Marta. Nu si akpe ɖe mía ŋu be dɔwɔɖui nagahe mí ɖa le mawusubɔsubɔ ŋu o eye míaɖee afia kɔtɛ be míelɔ̃ Kristo ye nye be míayi edzi ‘atia nyuia gome,’ si fia be míatsɔ mawusubɔsubɔdɔwo aɖo nɔƒe gbãtɔ.

ALE SI MÍEBUA MODZAKAÐEÐE KPLE DZIDZƆDONAMENUWO

11. Nu kae Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso ɖiɖiɖeme kple modzakaɖeɖe ŋu?

11 Esi míewɔa dɔ sesẽ hetsoa hloloe ta la, ehiã be míadi ɣeyiɣi aɖi ɖe eme ahado dzidzɔ na mía ɖokuiwo. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Naneke menyo na amegbetɔ wu be, wòaɖu nu ano nu, eye wòakpɔ dzidzɔ le dɔ sesẽ siwo wòwɔna la ta o.” (Nyagb. 2:24) Yesu hã kpɔe be ɖiɖiɖeme hiã. Ɣeaɖeɣi esi woa kple eƒe nusrɔ̃lawo woɖe gbeƒã veviedodotɔe megbe la, egblɔ na wo be: “Miva, ne míawo ɖeɖe míayi teƒe aɖe si ame aɖeke mele o, ne míaɖi ɖe eme vie.”—Marko 6:31, 32.

12. Nu ka tae wòle be míaɖɔ ŋu ɖo le modzakaɖeɖe kple dzidzɔdonamenuwo gome? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

12 Enye nyateƒe be modzakaɖeɖe kple dzidzɔdonamenuwo wɔa akpa vevi aɖe le míaƒe agbe me ya. Ke hã, ele be míaɖɔ ŋu ɖo be dzidzɔdodo na mía ɖokui nagava zu nu vevitɔ na mí o, elabena agblẽ nu le mía ŋu. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, amewo ƒe agbenɔnɔ wɔ ɖeka kple nya si nye: “Mina míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ míele kuku ge.” (1 Kor. 15:32) Nɔnɔme ma kee le amewo si le xexea ƒe akpa geɖe egbea. Le kpɔɖeŋu me, ƒe aɖewoe nye esia la, ɖekakpui aɖe si nɔ Ɣetoɖoƒe Europa la dze Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede gɔme. Gake eva ƒo eɖokui ɖe modzakaɖeɖe me vĩi ale gbegbe be wòdzudzɔ hadede kple Yehowa ƒe amewo. Ke hã, ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva de dzesii be esi yeti dzidzɔdonamenuwo yome atraɖii la, meɖe vi aɖeke na ye o, kuxiwo sɔŋ koe wòhe va ye dzi. Eya ta, egadze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme ake, eye mlɔeba eva zu nya nyuia ƒe gbeƒãɖela. Egblɔ le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe be: “Nu si vem koe nye be megblẽ ɣeyiɣi geɖe hafi va kpɔe dze sii be dzidzɔ le Yehowa subɔsubɔ me sãsãsã wu xexe sia ƒe dzidzɔdonamenuwo yome nɔnɔ.”

13. (a) Gblɔ ale si modzakaɖeɖe kple dzidzɔdonamenuwo ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu ƒe kpɔɖeŋu. (b) Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míada asɔ le ale si míebua modzakaɖeɖe kple dzidzɔdonamenuwo gome?

13 Taɖodzinu si tae míeɖea modzaka ɖo ye nye be wòade dzo yeye mía me. Be míaɖo taɖodzinu ma gbɔ la, ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme kae wòhiã be míazã ɖe eŋu? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Mía dometɔ geɖe kpɔa dzidzɔ ɖe numeɖenu viviwo ɖuɖu ŋu, gake míenyae be ne míeɖua nu siawo ɣeawokatãɣi la, agblẽ nu le míaƒe lãmesẽ ŋu. Esia ta, nu siwo me nunyiame le koŋue míeɖuna. Nenema kee ne míenɔa modzakaɖeɖe kple dzidzɔdonamenuwo yome atraɖii la, ana míaƒe xɔse nagbɔdzɔ. Be esia nagadzɔ ɖe mía dzi o la, míekpɔa gome le Fiaɖuƒea ƒe dɔwo me edziedzi. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míanya nenye be míeda sɔ le ale si míebua modzakaɖeɖe gome? Míate ŋu aɖoe koŋ be le kwasiɖa blibo ɖeka me la, míaŋlɔ gaƒoƒo agbɔsɔsɔme si míezã ɖe mawusubɔsubɔdɔwo abe, kpekpewo dede, gbeƒãɖeɖedɔa, ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple ƒomenusɔsrɔ̃ ene ŋu la ɖi. Eyome míatsɔ nuŋlɔɖi ma asɔ kple gaƒoƒo agbɔsɔsɔme si míezã le kwasiɖa ma ke me ɖe dzidzɔdonamenuwo abe, kamedefefewo, modzakaɖeɖe, television kpɔkpɔ alo videofefewo ene ŋu. Nu kae akɔntabubu sia ɖe fia? Ðe wòahiã be míawɔ tɔtrɔa?—Xlẽ Efesotɔwo 5:15, 16.

14. Nu kae wòle be wòafia mɔ mí le modzakaɖeɖe kple dzidzɔdonamenuwo tiatia me?

14 Yehowa ɖe mɔ na mí be míatia modzakaɖeɖe si míedi, eye ƒome ƒe tawo hã ate ŋu atia esi sɔ na woƒe ƒomea. Gake ele be nu si míatia be míatsɔ aɖe modzakae la nawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe mɔfiame siwo le Biblia me. * “Mawu ƒe nunanae” modzakaɖeɖe tuameɖowo nye. (Nyagb. 3:12, 13) Enye nyateƒe be ame sia ame kple modzakaɖeɖe si doa dzidzɔ nɛ. (Gal. 6:4, 5) Ke hã, modzakaɖeɖe ka kee míeɖatia o, ele be míatsɔe aɖo nɔƒe si sɔ. Yesu gblɔ be: “Afi si wò kesinɔnuwo le la, afi mae wò dzi hã anɔ.” (Mat. 6:21) Eya ta, lɔlɔ̃ si le mía si na Yesu aʋã mí míana míaƒe susu, nyagbɔgblɔ kple nuwɔna naku ɖe Fiaɖuƒea ƒe nuwo ŋu gbe sia gbe wu nu bubu ɖe sia ɖe.—Flp. 1:9, 10.

ƲIƲLI BE MÍAƑO ASA NA ŊUTILÃMENUDIDI ƑE MƆ̃ LA

15, 16. (a) Aleke wòate ŋu adzɔe be ŋutilãmenudidi ƒe mɔ̃ naɖe Kristotɔ? (b) Aɖaŋu nyui kae Yesu ɖo ku ɖe ŋutilãmenuwo ŋu?

15 Egbea, ame geɖe tsɔ woƒe susu katã ɖo nudodo siwo le tsia dzi, elektrɔnikmɔ̃ yeyewo kple bubuawo ŋu. Eya ta, ehiã be Kristotɔ ɖe sia ɖe natsɔ nyabiase siawo tɔgbi anɔ eɖokui me dzrom edziedzi. Ate ŋu abia eɖokui be: ‘Ðe ŋutilãmenuwo va le vevie nam ale gbegbe be mezãa ɣeyiɣi geɖe nɔa nu me kum henɔa ŋugble dem le ʋu alo awu ƒe atsyã siwo gado la ŋu wu dzadzraɖo ɖe hamea ƒe kpekpewo ŋua? Ðe metsi dzi ɖe gbe sia gbe dɔwɔnawo ŋu ale gbegbe be nyemegakpɔa vovo doa gbe ɖa alo xlẽa Biblia abe tsã ene oa?’ Ne míekpɔe be míeva le ŋutilãmenuwo lɔ̃m wu Kristo la, ele be míade ŋugble le Yesu ƒe nya sia ŋu: “Mikpɔ nyuie le ŋukeklẽ ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu.” (Luka 12:15) Nu ka tae Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo alea ɖo?

16 Yesu gblɔ be “ame aɖeke mate ŋu anye kluvi na aƒetɔ eve o.” Egblɔ yi edzi be: “Miate ŋu anye Mawu kple Kesinɔnuwo siaa ƒe kluviwo o.” Nu si tae nye be “aƒetɔ” evea siaa biaa ɖokuitsɔtsɔna bliboe. Yesu gblɔ be ‘míalé fu ɖeka, eye míalɔ̃ evelia, alo míalé ɖe ɖeka ŋu, eye míado vlo evelia.’ (Mat. 6:24) Esi míenye ame madeblibowo ta la, ehiã be míayi edzi anɔ aʋa wɔm kple “ŋutilã ƒe nudzodzrowo,” siwo dome ŋutilãmenudidi vivivo hã le.—Ef. 2:3.

17. (a) Nu ka tae wòsesẽ na ame aɖewo be woada asɔ le ale si wobua ŋutilãmenuwoe me? (b) Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu ŋutilãmenudidi ƒe dzodzrowo dzi?

17 Esesẽna na ame siwo tsɔ woƒe susu ɖo ŋutilãmenuwo ŋu la be woada asɔ le ŋutilãmenuwo gome. Nu ka tae? Nu si tae nye be womegatea ŋu dea dzesi nu si le vevie le Mawu ŋkume o. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 2:14.) Esi womegale nuwo ŋu bum nyuie o ta la, eva nɔ sesẽm na wo be woade vovo nyui kple vɔ̃ dome. (Heb. 5:11-14) Esia wɔnɛ be ame aɖewo va tia ŋutilãmenuwo yome atraɖii, evɔ meɖia ƒo na wo gbeɖe o. (Nyagb. 5:10) Ke hã, dzidzɔnyae nye be, nane li si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be ŋutilãmenuwo nagaxɔ susu me na mí o: eyae nye be míanɔ Mawu ƒe Nya, Biblia, la srɔ̃m edziedzi. (1 Pet. 2:2) Abe ale si ko ŋugbledede le nyateƒenya siwo tso Mawu gbɔ ŋu kpe ɖe Yesu ŋu wòɖu tetekpɔwo dzi ene la, nenema kee Biblia me mɔfiamewo dzi wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu míaɖu ŋutilãmenudidi ƒe dzodzro dzi. (Mat. 4:8-10) Míato esia me aɖee afia be míelɔ̃ Yesu wu ŋutilãmenu ɖe sia ɖe.

Nu kawoe le vevie na wò wu le agbe me? (Kpɔ memama 18)

18. Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

18 Esi Yesu bia Petro be, “Èlɔ̃am wu esiawoa?” la, enɔ ŋku ɖom edzi na Petro be ele be wòatsɔ gbɔgbɔmenuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ. Petro, si ƒe ŋkɔ gɔmee nye “Kpe” la, nɔ agbe wòsɔ ɖe eƒe ŋkɔa nu vavã, elabena eɖee fia be yeli ke abe agakpe ene. (Dɔw. 4:5-20) Egbea, míawo hã míeɖoe kplikpaa be míali ke le lɔlɔ̃ si le mía si na Kristo la me, eya ta míetsɔa dɔwɔɖui, modzakaɖeɖe kple ŋutilãmenuwo ɖoa nɔƒe si sɔ. Neva eme be tiatia siwo míawɔ le agbe me la naɖee afia be míesena le mía ɖokui me abe Petro ene, esi wògblɔ be: “Aƒetɔ, ènya be nyemelɔ̃a nu le gbɔwò o.”

^ mm. 14 Kpɔ nyati si nye “Ðe Wò Modzakaɖeɖe Ðea Vi Na Wòa?” si dze le October 15, 2011, ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 9-12, mm. 6-15.