Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Gayo Kpe Ðe Nɔvi Kristotɔwo Ŋu

Ale Si Gayo Kpe Ðe Nɔvi Kristotɔwo Ŋu

GAYO kple Kristotɔ bubu siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ ƒe nuwuwu lɔƒo la nɔ nɔnɔme sesẽwo me tom. Ame ɖekaɖeka siwo nɔ alakpanufiafiawo kakam le Kristotɔwo dome la dze agbagba be yewoaɖe dzi le nɔviawo ƒo, ale be yewoade mama hameawo me. (1 Yoh. 2:18, 19; 2 Yoh. 7) Ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Diotrefo la nɔ ‘nya vlowo’ gblɔm le apostolo Yohanes kple ame bubuwo ŋu, medina be yeawɔ amedzro na Kristotɔ siwo nɔ mɔ zɔm la o, eye edzea agbagba be yeaƒoe ɖe ame bubuwo nu woasrɔ̃ yeƒe nuwɔna. (3 Yoh. 9, 10) Nenemae nɔnɔmea nɔ esime Yohanes ŋlɔ agbalẽ na Gayo. Wova tsɔ agbalẽ ma si apostoloa ŋlɔ le ƒe 98 Kristotɔwo Ŋɔli lɔƒo, si wova yɔ be “Yohanes Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia,” la kpe ɖe Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ŋu.

Gayo yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa togbɔ be eto nɔnɔme sesẽ geɖe me hã. Aleke wòwɔ nuteƒee? Nu ka tae míedi be míasrɔ̃ Gayo ƒe kpɔɖeŋua egbea? Aleke Yohanes ƒe agbalẽa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia?

AGBALẼ AÐE SI WOŊLƆ NA XƆLƆ̃ VEVI AÐE

Ame si ŋlɔ Yohanes Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia yɔ eɖokui be ‘ame tsitsi la.’ Nya ma ɖeɖe dzaa su na Gayo, si nye eƒe gbɔgbɔmevi si gbɔ melɔ̃a nu le o, la be wòade dzesii be apostolo Yohanes ye ŋlɔ agbalẽa. Yohanes yɔ Gayo vividoɖeameŋutɔe be “lɔlɔ̃tɔ, ame si melɔ̃ vevie.” Eyome Yohanes gblɔ be yedoa gbe ɖa be wòanɔ lãmesẽ me abe ale si wòsẽ ŋu le xɔse me ene. Nyuidiname kple kafukafunya lédziname kae nye esi!—3 Yoh. 1, 2, 4.

Anɔ eme be hamemetsitsi ye Gayo nye, gake agbalẽa megblɔe o. Yohanes kafu Gayo ɖe ale si wòxɔa nɔvi Kristotɔwo nyuie togbɔ be menya wo gɔ̃ hã o la ta. Le esia ta, Yohanes bu Gayo be enye nuteƒewɔla, elabena amedzrowɔwɔ nye nɔnɔme aɖe si ɖea dzesi le Mawu subɔlawo ŋu tso blema ke.—1 Mose 18:1-8; 1 Tim. 3:2; 3 Yoh. 5.

Kafukafunya siwo Yohanes gblɔ tso Gayo ŋu le ale si wòwɔ amedzro na nɔviawo ŋu la ɖee fia be Kristotɔwo zɔa mɔ tso nuto si me apostolo Yohanes nɔ la me yia hameawo me gbɔna edziedzi, eye edze ƒãa be mɔzɔla siawo va gblɔa nu siwo teƒe wokpɔ la na Yohanes. Ðewohĩ aleae wòdzɔe be Yohanes se nu tso nu siwo nɔ edzi yim le hameawo me ŋu.

Kristotɔ siwo le mɔ zɔm la adi godoo be yewoadze haxɔsetɔwo gbɔ. Nu si tae nye be, nu baɖa wɔwɔ yia edzi le amedzrodzeƒewo, womeléa be na teƒeawo o, eye wonye teƒe siwo gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ xɔ aƒe ɖo. Esia ta, zi ale si wòanya wɔ la, mɔzɔla siwo dze nunya la dzea wo xɔlɔ̃wo gbɔ; Kristotɔ siwo le mɔ zɔm hã dzea wo nɔvi Kristotɔwo gbɔ.

“EƑE ŊKƆ LA TAE WODO YI ÐO”

Yohanes de dzi ƒo na Gayo be wòayi eƒe amedzrowɔwɔa dzi, eye wògblɔ nɛ be ‘wòado mɔ mɔzɔlawo ale si dze Mawu ŋu.’ Nya si wògblɔ be wòado mɔ amedzroawo la fia be wòakpɔ nu si woahiã be woatsɔ ayi woƒe mɔzɔzɔa dzi la gbɔ na wo, eye wòatsɔ nu sia nu si ŋu dɔ woawɔ va se ɖe esime woɖo afi si woɖo tae la ana wo. Edze ƒãa be Gayo wɔ nu siawo na amedzro siwo dze egbɔ va yi, elabena wova ƒo nu tso eƒe lɔlɔ̃ kple xɔse ŋu na Yohanes.—3 Yoh. 3, 6.

Anɔ eme be dutanyanyuigblɔlawo, Yohanes ƒe amedɔdɔwo, alo dzikpɔla mɔzɔlawoe amedzroawo nye. Aleke kee wòɖale o, nya nyuia tae wozɔ mɔ ɖo. Yohanes gblɔ be: “Eƒe ŋkɔ la tae wodo yi ɖo.” (3 Yoh. 7) Ðeko Yohanes ƒo nu tso Mawu ŋu teti koe nye ema (kpɔ kpukpui 6 lia), eya ta edze abe nyagbɔgblɔ si nye ‘eƒe ŋkɔ la ta’ la ku ɖe Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu ene. Esia fia be Kristo hamea me tɔwoe nɔviawo nye, eye wodze be woaxɔ wo nyuie. Esia tae Yohanes ŋlɔ bena: “Ele na mí be míaxɔ ame siawo tɔgbi nyuie awɔ amedzro na wo, ale be míazu hadɔwɔlawo le nyateƒe la me.”—3 Yoh. 8.

EKPE ÐE GAYO ŊU WÒKPƆ KUXI SESẼ AÐE GBƆ

Menye ɖeko Yohanes ŋlɔ agbalẽ na Gayo be yeatsɔ ada akpe nɛ o. Ke edi hã be yeakpe ɖe eŋu wòakpɔ kuxi sesẽ aɖe gbɔ. Le susu aɖe ta la, Kristo hamea me tɔ aɖe si ŋkɔe nye Diotrefo la mewɔa amedzro na Kristotɔ siwo nɔ mɔ zɔm la o. Eye edzea agbagba gɔ̃ hã be yeaxe mɔ na ame bubuwo be woagawɔ amedzro na wo o.—3 Yoh. 9, 10.

Ðikeke mele eme o be, ne anya wɔ be Kristotɔ wɔnuteƒewo nadze Diotrefo gbɔ gɔ̃ hã la, womadi be yewoadze egbɔ o. Diotrefo dina be yeanɔ nɔƒe gbãtɔ le hamea me, mexɔa naneke tso Yohanes gbɔ bubutɔe o, eye wògblɔa nya vlowo tsɔ gblẽa apostoloa kple ame bubuwo ŋu. Togbɔ be Yohanes megblɔ be Diotrefo nye aʋatsonufiala o hã la, Diotrefo tsia tsitre ɖe apostoloa ƒe mɔfiafiawo ŋu. Nɔnɔme si medze Kristotɔ o, si Diotrefo ɖena fiana kple eƒe nɔƒe gã didi wɔe be womegaka ɖe eƒe nuteƒewɔwɔ dzi o. Diotrefo ƒe nyaa ɖee fia kɔtɛ be nɔƒe gã dilawo kple ame siwo doa wo ɖokui ɖe dzi la adze agbagba be yewoade mama hamea me. Eya ta, Yohanes gblɔ na Gayo be: “Mègasrɔ̃ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ o,” eye nya sia yi na mía dometɔ ɖe sia ɖe.—3 Yoh. 11.

SUSU NYUI AÐE SI TAE WÒLE BE MÍAWƆ NU NYUI

Yohanes ƒo nu tso Kristotɔ bubu aɖe ŋu be enye kpɔɖeŋu nyui ɖola. Eya mele abe Diotrefo ene o. Eŋkɔe nye Demetrio. Yohanes ŋlɔ bena: “[Woɖi] ɖase nyui le Demetrio ŋu . . . Le nyateƒe me la, míawo hã míele ɖase ɖim le eŋu, eye ènyae be ɖase si míeɖina la nye nyateƒe.” (3 Yoh. 12) Anɔ eme be Demetrio hiã na Gayo ƒe kpekpeɖeŋu, eye apostolo Yohanes to eƒe Agbalẽ Etɔ̃lia dzi ƒo nu nyui tso Demetrio ŋu hekafui. Demetrio ŋutɔ ye anya tsɔ agbalẽa yi na Gayo. Esi Demetrio nye Yohanes ƒe amedɔdɔwo dometɔ ɖeka, alo dzikpɔla mɔzɔla ta la, anɔ eme be eya ŋutɔ ɖo kpe nya siwo Yohanes ŋlɔ la dzi.

Esi wònye be Gayo nye amedzrowɔla xoxo ta la, nu ka tae Yohanes gade dzi ƒo nɛ be wòayi amedzrowɔwɔ dzi? Ðe Yohanes kpɔe be ehiã be yeado ŋusẽ Gayo be dzi nanɔ eƒo geɖe wua? Ðe wòanye be apostoloa nɔ vɔvɔ̃m be Gayo ava nɔ hehem ɖe megbe le amedzrowɔwɔ ŋu le esi Diotrefo nɔ agbagba dzem be yeaɖe Kristotɔ siwo wɔa amedzro la le hamea me ta? Aleke kee wòɖale o, Yohanes na kakaɖedzi geɖe gasu Gayo si esi wògblɔ nɛ be: “Ame si wɔa nu nyui la, etso Mawu me.” (3 Yoh. 11) Ema nye susu nyui aɖe si tae wòle be míawɔ nu nyui eye míayi edzi anɔ ewɔm ɖo.

Ðe Yohanes ƒe agbalẽa ʋã Gayo wòyi amedzrowɔwɔ dzia? Nyateƒe si wònye be wokpɔ Yohanes Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia ta hetsɔe kpe ɖe Biblia-gbalẽwo ŋu ale be emenyawo nakpɔtɔ anɔ dzi dem ƒo na ame bubuwo be ‘woasrɔ̃ nu nyui wɔwɔ’ la ɖee fia be eɖo taɖodzinu ma gbɔ.

NUFIAME SIWO LE YOHANES ƑE AGBALẼ ETƆ̃LIA ME NA MÍ

Míeganya nu boo aɖeke tso Gayo, mía nɔvi lɔlɔ̃a, si nɔ anyi le blema la ŋu o. Ke hã, míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso eƒe ŋutinya kpui sia me.

Aleke míate ŋu awɔ mɔfiame si nye, “minɔ amedzrowɔwɔ dzi” la dzi?

Gbã, le mía dometɔ akpa gãtɔ gome la, nuteƒewɔla siwo lɔ̃ faa zɔ mɔ tso teƒe didiwo la hã ƒe agbagbadzedzewo le eme tae nyateƒe ƒe sidzedzea su mía si. Enye nyateƒe be menye Kristo hame si li egbea la me tɔwo katãe zɔa mɔ didiwo hafi ɖea gbeƒã nya nyuia o. Ke hã, abe Gayo ene la, míate ŋu akpe ɖe ame siwo zɔa mɔ, abe nutome sue dzikpɔla kple srɔ̃a ene, ŋu ahade dzi ƒo na wo. Alo ɖewohĩ míate ŋu ana kpekpeɖeŋu nɔvi siwo ʋuna yia dukɔa ƒe akpa bubuwo alo duta gɔ̃ hã be yewoaɖe gbeƒã le afi si Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe wu hiã le. Eya ta, mina ‘míanɔ amedzrowɔwɔ dzi.’—Rom. 12:13; 1 Tim. 5:9, 10.

Evelia, togbɔ be ƒãa hafi wòdzɔna hã, ne eva dzɔ be hamea me tɔ aɖe tsi tre ɖe ame siwo le agbanɔamedzinɔƒewo ƒe mɔfiafiawo ŋu la, mele be wòawɔ nuku na mí o. Hamea me tɔ aɖewo tsi tsitre ɖe Yohanes ŋu; nenema kee wowɔe na apostolo Paulo hã. (2 Kor. 10:7-12; 12:11-13) Ne nu sia tɔgbi dzɔ le hamea me la, aleke wòle be míawɔ nui? Paulo ɖo aɖaŋu na Timoteo be: “Mele be Aƒetɔ la ƒe kluvi nawɔ dzre o, ke boŋ wòafa tu na amewo katã, wòanya nufiafia, wòaɖu eɖokui dzi ne wowɔ vɔ̃ ɖe eŋu, wòafia nu tsitretsiɖeŋulawo le tufafa me.” Ne wowɔ nu wòdo dziku na mí gake míeyi edzi wɔ nu tufafatɔe la, vivivi la, esia ate ŋu aʋã tsitretsiɖeŋulawo dometɔ aɖewo woatrɔ woƒe nɔnɔme. Eye ɖewohĩ Yehowa “ana woatrɔ dzi me ava nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ gbɔ.”—2 Tim. 2:24, 25.

Etɔ̃lia, ehiã be míade dzi ƒo na hati Kristotɔ siwo subɔa Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe togbɔ be wotsia tsitre ɖe wo ŋu hã eye míakafu wo ɖe woƒe nuteƒewɔwɔa ta. Ðikeke mele eme o be apostolo Yohanes ƒe nyawo de dzi ƒo na Gayo hena wòka ɖe edzi be nu nyuitɔe nye ema wɔm wònɔ. Egbea, nenema kee wòle be hamemetsitsiwo nasrɔ̃ Yohanes ƒe kpɔɖeŋua ahanɔ dzi dem ƒo na nɔviawo ale be ‘ɖeɖi nagate wo ŋu o.’—Yes. 40:31; 1 Tes. 5:11.

Agbalẽ si apostolo Yohanes ŋlɔ ɖo ɖe Gayo lae nye Biblia-gbalẽ suetɔ kekeake. Helagbe me nya ɖekaɖeka 219 koe wòtsɔ ŋlɔe. Ke hã, asixɔxɔ gã le eŋu na Kristotɔwo egbea.