Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nàkpɔ Masɔmasɔwo Gbɔ Be Ŋutifafa Nanɔ Anyia?

Ðe Nàkpɔ Masɔmasɔwo Gbɔ Be Ŋutifafa Nanɔ Anyia?

YEHOWA MAWU de dzi ƒo na Kristotɔwo be woalɔ̃ ŋutifafa, eye ŋutifafa nanɔ vevie na wo le agbe me. Ne míewɔa ŋutifafa kple mía nɔewo la, ana ŋutifafa naxɔ aƒe ɖe Mawu subɔla vavãwo dome. Esia wɔnɛ be Kristo hamea me vava dzroa ame siwo lɔ̃ ŋutifafa.

Le kpɔɖeŋu me, bokɔnɔ xɔŋkɔ aɖe si le Madagascar la de dzesi ɖekawɔwɔ si le Yehowa Ðasefowo dome, eye wògblɔ na eɖokui be, ‘Ne mava nɔ subɔsubɔha aɖe me gbe ɖekaa, ke esiae wòanye.’ Ɣeyiɣi aɖe megbe la, eɖe asi le gbɔgbɔyɔnuwɔnawo ŋu, ezã ɣleti geɖe tsɔ wɔ tɔtrɔ siwo hiã be eƒe srɔ̃ɖeɖe nasɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidiwo nu, eye wòva zu Yehowa, ŋutifafa Mawu la subɔla.

Abe ŋutsu ma ene la, ame akpe geɖe nyea zi ɖe Kristo hamea me ƒe sia ƒe eye wokpɔa ŋutifafa si dim wole vevie la. Ke hã, Biblia gblɔe eme kɔ nyuie be ne “ŋuʋaʋã vɔ̃ɖi kple dzrehehe” le hamea me la, ate ŋu agblẽ xɔlɔ̃wo dome eye wòahe kuxi sesẽwo avɛ. (Yak. 3:14-16) Dzidzɔtɔe la, Biblia ɖo aɖaŋu nyuiwo ku ɖe ale si míaƒo asa na kuxi mawo ahana ŋutifafa nakpɔtɔ anɔ hamea me ŋu. Na míadzro agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ aɖewo me ne míakpɔ ale si míate ŋu awɔ esiae ɖa.

KUXIWO KPLE ALE SI MÍAKPƆ WO GBƆ

“Esesẽ nam be nye kple nɔvi aɖe si mía kplii míenye dɔwɔhatiwo la míawɔ dɔ le ŋutifafa me. Gbe ɖeka, míenɔ bublum ɖe mía nɔewo ta eye ame eve aɖewo va do go ɖe enu.”—CHRIS.

“Nye kple nɔvinyɔnu aɖe míewɔ ɖoɖo dea gbeadzi edziedzi, gake gbe ɖeka kple eƒe zãdodo koa, ɖeko wòdzudzɔ gbeadzidede kplim. Esia megbe la, megaƒoa nu nam o, evɔ nyemenya susu si tae o.”—JANET.

“Mí ame etɔ̃ míenɔ dze ɖom to telefonkadodo dzi. Esi ame ɖeka do baibai na mí la, mesusu be edzo le kaa dzi. Eyome megblɔ nya siwo medze o tso eŋu na ame kemɛa, gake sigbeɖe o, medzo le kaa dzi hafi o.”—MICHAEL.

“Masɔmasɔ ɖo mɔɖela eve aɖewo siwo le míaƒe hamea me la dome. Wo dometɔ ɖeka va nɔ nya hem ɖe nɔvia ŋu. Woƒe dzrehehea va nɔ fu ɖem na hamea me tɔ bubuwo.”—GARY.

Ðewohĩ awɔ na wò be nya mawo menye nya sesẽ o. Ke hã, masɔmasɔ mawo ate ŋu ade abi ame siwo dome wòdzɔ ɖo la ƒe seselelãme ŋu, eye ate ŋu agblẽ hamea hã ƒe ŋutifafa me. Gake adzɔ dzi na wò be nànyae be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo dome masɔmasɔ mawo ɖo la zã Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo tsɔ kpɔ wo gbɔ. Biblia ƒe mɔfiame kawo ŋu dɔe nèsusu be wowɔ tsɔ kpɔ nyawo gbɔ?

“Migado dziku ɖe mia nɔewo ŋu le mɔa dzi o.” (1 Mose 45:24) Yosef ye ɖo aɖaŋu sia na nɔviawo esi wole mɔ dze ge atrɔ ayi wo fofo gbɔ. Aɖaŋu nyui aɖee nye ema wòɖo na wo! Ne ame aɖe metea ŋu ɖua eƒe gbɔgbɔ dzi o eye wòbia dzi kabakaba la, esia ate ŋu ado dziku na ame bubuwo hã. Chris va kpɔe be yeƒe gbɔdzɔgbɔdzɔe nye be yedoa ye ɖokui ɖe dzi eye yemelɔ̃na xɔa aɖaŋuɖoɖo o. Eɖoe be yeatrɔ yeƒe nɔnɔme, eya ta eɖe kuku na nɔviŋutsu si woa kplii wowɔ dzrea la, eye wòdze agbagba vevie be yemaganɔ dziku dom kabakaba o. Esi Chris ƒe dɔwɔhatia kpɔ agbagba siwo dzem wònɔ la, eya hã wɔ tɔtrɔ. Fifia, wole Yehowa subɔm ɖekae le ŋutifafa me.

“Afi si adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi.” (Lod. 15:22) Janet ɖoe be yeatsɔ Biblia ƒe mɔfiame sia awɔ dɔe. Eya ta, ete ɖe eƒe zɔhɛa ŋu be yewoaƒo nu tso nyaa ŋu. Le woƒe dzeɖoɖoa me la, Janet ƒo nu tufafatɔe hede dzi ƒo na eƒe zɔhɛa be ne yewɔ nane si te ɖe edzi la, negblɔe na ye. Le gɔmedzedzea me la, wotsi mavo vie, gake esi woyi edzi nɔ dze ɖom tso kuxia ŋu tufafatɔe la, wo ame evea ƒe dzi va dze eme. Nɔvinyɔnua va kpɔe be nanee dzɔ, si gɔme yemese nyuie o, evɔ nyaa meka Janet hafi o. Eya ta, eɖe kuku na Janet, eye fifia wole Yehowa subɔm asi-le-asi-me abe tsã ene.

“Eya ta ne ètsɔ wò nunana va vɔsamlekpuia gbɔ, eye nèɖo ŋku edzi le afi ma be nya aɖe le nɔviwò si ɖe ŋuwò la, gblẽ wò nunana la ɖe afi ma le vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye nàdzo ayi. Wɔ ŋutifafa kple nɔviwòa gbã.” (Mat. 5:23, 24) Yesue ɖo aɖaŋu sia le eƒe Todzimawunyaa me. Esi Michael kpɔ ale si gbegbe wògblẽ nɔvia ŋui la, ete ɖe edzi vevie. Eɖoe kplikpaa be yeadzra ye kple ye nɔvia dome ɖo. Eyi nɔvi si dzi wòdze agɔa le la gbɔ, eye wòɖe kuku nɛ ɖokuibɔbɔtɔe. Nu kae do tso eme? Michael gblɔ be, “Nɔvinyea tsɔe kem tso dzi me.” Ale wogazu xɔlɔ̃wo ake.

“Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu.” (Kol. 3:12-14) Le mɔɖela kpɔnuteƒe eveawo gome la, hamemetsitsi lɔ̃ame aɖe kpe ɖe wo ŋu wode ŋugble le biabia siawo tɔgbi ŋu: ‘Ðe wòsɔ be míana ame bubuwo nanɔ veve sem le mí ame evea ƒe masɔmasɔa ta? Ðe míeka ɖe edzi vavã be susu aɖe li si tae mímate ŋu ado dzi anɔ anyi kple mía nɔewo ahayi edzi asubɔ Yehowa le ŋutifafa me oa?’ Wolɔ̃ faa wɔ ɖe hamemetsitsia ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi. Fifia, wo dome le vivim eye wowɔ ɖeka le gbeƒã ɖem nya nyuia.

Ne ame aɖe wɔ nu wòve wò la, ɖewohĩ nu gbãtɔ si wòanyo be nàwɔe nye be nàwɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si dze le Kolosetɔwo 3:12-14 la dzi. Ame geɖe kpɔe be ɖokuibɔbɔ kpe ɖe yewo ŋu yewotsɔ ke faa heɖe susu ɖa le nyaa ŋu. Ke ne míedze agbagba be míawɔe nenema gake míete ŋu le asi ɖem le nyaa ŋu o ɖe? Ðewohĩ ahiã be míawɔ mɔfiame vevi si le Mateo 18:15 la ŋu dɔ. Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo si le kpukpui sia me la ku ɖe afɔ si woaɖe ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya ɖe nɔvia ŋu la ŋu. Ke hã, míate ŋu awɔ mɔfiame vevi si le eme la ŋu dɔ le go sia me. Nu si nàwɔ koe nye be nàte ɖe nɔviwòa ŋu eye nàdze agbagba adzro nyaa me kplii le ɖokuibɔbɔ kple tufafa me be miadzra mia nɔewo dome ɖo.

Aɖaŋuɖoɖo nyui bubuwo hã gale Biblia me. Gake hafi míate ŋu awɔ wo dzi la, ehiã be míaɖo ŋu ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu be míaɖe ‘gbɔgbɔa ƒe kutsetse’ afia. Gbɔgbɔa ƒe kutsetse ye nye “lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmenyonyo, nyuiwɔwɔ, xɔse, tufafa, ɖokuidziɖuɖu.” (Gal. 5:22, 23) Abe ale si ko wodea ami mɔ̃ ƒe teƒeteƒewo ale be mɔ̃a nate ŋu awɔ dɔ nyuie ene la, nenema kee wòanɔ bɔbɔe be míakpɔ mía nɔewo dome masɔmasɔwo gbɔ ahanɔ anyi le ŋutifafa me ne míeɖea nɔnɔme nyui siawo fiana.

MÍAƑE AMENYENYE VOVOVOAWO NYE YAYRA NA HAMEA

Nɔnɔme alo amenyenye vovovowo le mía dometɔ ɖe sia ɖe si. Nɔnɔme nyui siwo le mía si la to vovo na ame bubuwo tɔ, eye nenema kee wòle le míaƒe susuwo kple ale si míeɖea wo gblɔnae hã gome. Esia tea ŋu nana xɔlɔ̃wo dome vivina. Gake vovototo mawo ate ŋu ahe masɔmasɔwo hã avɛ. Hamemetsitsi kpɔnuteƒe aɖe wɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: “Ate ŋu asesẽ na ame aɖe si kpea ŋu la be wòaɖe dzi ɖi le ame si nye dzidzɔme si doa vivi ɖe ame ŋu la gbɔ. Vovototo ma adze nu tsɛ; ke hã, ate ŋu ahe kuxi sesẽwo avɛ.” Gake ɖe nèsusu be ame siwo ƒe amenyenyewo to vovo la mate ŋu anɔ anyi kple wo nɔewo le ŋutifafa me oa? Enyo, míatsɔ apostolo eve awɔ kpɔɖeŋui. Ame ka ƒomevie Petro nye? Ðewohĩ àgblɔ be enye ame si ɖea eƒe susu gblɔna faa eye wòwɔa nu dzitsitsitɔe. Ke Yohanes ya ɖe? Ðewohĩ míagblɔ be enye ame si lɔ̃a ame, eye zi geɖe la, edaa nuwo kpɔna nyuie hafi ƒoa nu alo ɖea afɔ. Anɔ eme be susu nyui aɖewo tae nèƒo nya ta nenema ɖo. Edze ƒãa be woƒe amenyenyewo to vovo. Ke hã, wote ŋu wɔ dɔ aduadu kple wo nɔewo. (Dɔw. 8:14; Gal. 2:9) Eya ta, anya wɔ egbea be Kristotɔ siwo ƒe amenyenyewo to vovo la nawɔ dɔ ɖekae.

Ðewohĩ, ale si nɔvi aɖe si le hamea me la ƒoa nui kple ale si wòwɔa nui ɖea fu na wò. Ke hã, ènyae be Kristo ku ɖe eya hã ta eye ele be yealɔ̃e. (Yoh. 13:34, 35; Rom. 5:6-8) Eya ta, le esi nàƒo nya ta be manya wɔ gbeɖe be miazu xɔlɔ̃wo o alo nànɔ asa ƒom nɛ teƒe la, bia ɖokuiwò be: ‘Ðe nɔvinyea le nane si mesɔ le Ŋɔŋlɔawo nu o la wɔma? Ðe wòɖoe koŋ be yeanɔ fu ɖem nama? Alo ɖe wòanye be esi míaƒe amenyenyewo to vovo ta koea?’ Azɔ hã, biabia si gale vevie ye nye: ‘Eƒe nɔnɔme nyui kawoe ate ŋu aɖe vi nam?’

Biabia mamlɛtɔ sia le vevie ŋutɔ. Ne amea lɔ̃a nuƒoƒo evɔ wò ya mèlɔ̃a nuƒoƒo o la, kpɔ ale si wònɔa bɔbɔe nɛ be wòadze dzeɖoɖo gɔme kple amewo le gbeadzi ɖa. Ðewohĩ anyo be nàwɔ ɖoɖo azɔ kplii le gbeadzi be nàkpɔ nu si nàte ŋu asrɔ̃ tso egbɔ. Ne enye ame aɖe si nyoa dɔme na amewo, ke wò ya esesẽna na wò be nàʋu asime la, ɖe manyo be nàsrɔ̃ eƒe nɔnɔme ma ale be nàkpɔ dzidzɔ si dona tso nunana ame tsitsiwo, dɔnɔwo, alo ame siwo hiã tu me oa? Nya lae nye be, togbɔ be miaƒe amenyenyewo to vovo hã la, kadodo nyui ate ŋu anɔ wò kple nɔviwòa dome ne ètsɔa susu ɖoa eƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu. Ðewohĩ, esia wɔwɔ mana miazu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo ya o, ke hã, ate ŋu ana mia dome navivi wu. Azɔ hã, wò ŋutɔ àkpɔ ŋutifafa, eye ŋutifafa anɔ hamea hã me.

Anɔ eme be Ewodia kple Sintike ƒe amenyenyewo to vovo. Ke hã, apostolo Paulo de dzi ƒo na wo be “woƒe tamesusu nawɔ ɖeka le Aƒetɔ la me.” (Flp. 4:2) Ðe manyo be wò hã nàminya taɖodzinu ma ale be ŋutifafa nanɔ hamea me oa?

KPƆ MASƆMASƆWO GBƆ KABA

Abe ale si ko gbe vɔ̃ɖiwo tea ŋu miena le seƒoƒobɔ me kabakaba ene la, dziku si míelé ɖe dɔme la nu ate ŋu asẽ ɖe edzi nenye be mímedze agbagba ho seselelãme ma ɖa o. Ne dzibibi nu va sẽ ɖe ame ƒe dzi me la, esia ate ŋu agblẽ nu le hamea ƒe ŋutifafa gɔ̃ hã ŋu. Gake ne míelɔ̃ Yehowa kple mía nɔviwo la, míawɔ nu sia nu si míate ŋui be míagaɖe mɔ masɔmasɔwo nagblẽ ŋutifafa si le Mawu ƒe amewo dome la me o.

Ne èbɔbɔ ɖokuiwò eye nèdze agbagba be yeawɔ ŋutifafa la, nu nyuiwo ado tso eme

Ne nugɔmemasemase kple masɔmasɔwo do mo ɖa eye míedze agbagba be míakpɔ wo gbɔ ale be ŋutifafa nanɔ anyi la, nu nyui siwo ado tso eme la ate ŋu awɔ nuku na míawo ŋutɔwo. Bu ale si wònɔ le nɔvinyɔnu aɖe gome ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Mese le ɖokuinye me be nɔvinyɔnu aɖe nɔ nu wɔm ɖe ŋunye abe ɖevie menye ene. Esia ɖe fu nam ŋutɔ. Esi eƒe nuwɔnaa va nɔ dzi kum nam ta la, nye hã meva nɔ nya ŋu ɖom nɛ ɖeƒomevii. Megblɔ na ɖokuinye be, ‘Medea bubu si medze na la ŋunye o, eya ta nye hã nyemade bubu eŋu o.’”

Nɔvinyɔnu sia va nɔ ŋku lém ɖe ale si eya ŋutɔ hã wɔa nui ŋu. Egblɔ be: “Meva nɔ dzesi dem gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo le ŋunye, eye ete ɖe dzinye ŋutɔ. Mekpɔe be ele be maɖɔ nye nuŋububu ɖo. Medo gbe ɖa le nyaa ŋu na Yehowa, eyome meƒle nunana sue aɖe na nɔvinyɔnua, eye metsɔ agbalẽvi aɖe si dzi meŋlɔ nu ɖo tsɔ ɖe kuku nɛ ɖe nye agɔdzedzea ta la kpe ɖe eŋu nɛ. Míewɔ atuu na mía nɔewo eye míelɔ̃ faa ɖe asi le nyaa ŋu. Masɔmasɔ aɖeke megaɖo mía dome kpɔ o.”

Ame sia ame hiã ŋutifafa. Gake dada kple sese le ame ɖokui me be wole ɖoƒe ʋlim kpli ye tea ŋu wɔnɛ be amewo megava wɔa nu le ŋutifafa me o. Aleae wòle le ame siwo mesubɔa Yehowa o la dometɔ geɖe gome, gake ele be ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nanɔ esubɔla siwo ŋu eƒe ŋkɔ le la dome. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Paulo wòŋlɔ bena: “Mele kuku ɖem na mi vevie be miazɔ ale si dze mia yɔyɔ la, le ɖokuibɔbɔ kple tufafa blibo me, le dzigbɔgbɔ blewu me, eye miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo le lɔlɔ̃ me, eye midze agbagba vevie mialé gbɔgbɔ la ƒe ɖekanyenye me ɖe asi le ŋutifafa ƒe nublanu la me.” (Ef. 4:1-3) Nu xɔasi aɖe ŋutɔe “ŋutifafa ƒe nublanu” la nye. Mina míado ŋusẽe eye míaɖoe kplikpaa be míakpɔ masɔmasɔ ɖe sia ɖe si ɖo mía kple mía nɔviwo dome la gbɔ.