Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Woakafu Wò Aɖaŋudzedze!”

“Woakafu Wò Aɖaŋudzedze!”

DAVID si nɔ anyi le blema Israel ye gblɔ nya mawo tsɔ kafu nyɔnu aɖe si wòdo goe. Eŋkɔe nye Abigail. Nu kae ʋã David wòkafui, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Abigail ƒe kpɔɖeŋua me?

Esime David nɔ sisim le Fia Saul nue wòdo go nyɔnu srɔ̃tɔ sia. Abigail srɔ̃ ŋkɔe nye Nabal. Enye kesinɔtɔ aɖe si nana eƒe lãha gã la ɖua gbe le Yuda ƒe anyiehe tonutowo me. David kple eƒe amewo nɔ abe ametakpɔkpɔ ƒe “gli” ene na Nabal ƒe alẽkplɔlawo kple eƒe lãhawo. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, David dɔ amewo ɖo ɖe Nabal be wòana nuɖuɖu yewo—‘nu sia nu si wòate ŋui.’ (1 Sam. 25:8, 15, 16) Ne míebu ale si gbegbe David kple eƒe amewo kpɔ Nabal ƒe alẽkplɔlawo kple eƒe lãwo tae ŋu la, menye nu gã aɖekee nye ema David bia hafi o.

Gake Nabal, si ƒe ŋkɔ gɔmee nye “Yakame” alo “Movitɔ” la, wɔ nu wòsɔ kple eƒe ŋkɔa. Eda gbe ɖe David gbɔ hegblɔ dzugbenyawo ɖe eŋu, eye wògbe be yemana nanekee o. Eya ta, David bla aʋakpa be yeaɖatu nu kple Nabal le ale si wòɖo nya ŋu nɛ amemabumabutɔe kple nuŋumabumabutɔe la ta. Nabal ƒe movidzɔdzɔa na eya ŋutɔ kple eƒe aƒemetɔwo ɖo afɔku me.—1 Sam. 25:2-13, 21, 22.

Esi Abigail kpɔ nu si gbegbe ate ŋu ado tso tame si David ɖo me la, eɖe afɔ kaba dzinɔameƒotɔe. Eyi ɖakpe David heƒo nu nɛ bubutɔe eye wòɖe kuku nɛ be wòagawɔ nu si agblẽ ƒomedodo si le woa kple Yehowa dome la me o. Azɔ hã, etsɔ nuɖuɖu gbogbo aɖewo na David, si ava zu fia kpuie la kple eŋumewo. Eye David hã de dzesii be Yehowa ye to Abigail dzi xe mɔ na ye be yemewɔ nu si ana yeaɖi fɔ le Mawu ŋkume o. David gblɔ na Abigail be: “Woakafu wò aɖaŋudzedze, eye woakafu wò, ame si xe mɔ nam egbe sia be nyemeɖi ʋufɔ alo tsɔ nye ŋutɔ nye asi bia hlɔ̃e o.”—1 Sam. 25:18, 19, 23-35.

Mía dometɔ aɖeke madi gbeɖe be yeawɔ nu abe Nabal, si mekpɔ ŋudzedze ɖe nyui si wowɔ nɛ ŋu o la ene o. Azɔ hã, ne míede dzesii be kuxi sesẽ aɖe le mo do ge ɖa la, anyo be míawɔ nu si míate ŋui be míalé enu. Ɛ̃, míawo hã míate ŋu agblɔ na Mawu abe hakpalaa ene be: “Fia susuŋudɔwɔwɔ nyui kple nunyam.”—Ps. 119:66.

Ðewohĩ ame bubuwo akpɔe le míaƒe nuwɔna me be míedze nunya alo míedze aɖaŋu. Woɖaɖee gblɔ alo womeɖagblɔe o, ɖewohĩ woƒe susu awɔ ɖeka kple David tɔ esi wògblɔ be: “Woakafu wò aɖaŋudzedze!”