Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mifa Avi Kple Ame Siwo Le Avi Fam”

“Mifa Avi Kple Ame Siwo Le Avi Fam”

“Miyi edzi mianɔ dzi dem ƒo na mia nɔewo, eye mianɔ mia nɔewo tum ɖo.”—1 TES. 5:11.

HADZIDZI: 90, 111

1, 2. Nu ka tae wòle be míadzro ale si míawɔ afa akɔ na ame siwo le nu xam le woƒe ame veviwo ƒe ku ta la me? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

NƆVINYƆNU aɖe si ŋkɔe nye Susi gblɔ be: “Ƒe ɖeka kloe le mía viŋutsua ƒe ku megbe la, míegakpɔtɔ nɔ veve sem kokoko.” Nɔviŋutsu aɖe hã gblɔ be esi ye srɔ̃ ku kpata la, yese “veve wu gbɔgblɔ.” Nublanuitɔe la, nɔvi gbogbo aɖewo hã le veve sem nenema ke. Kristotɔ geɖewo mesusui kpɔ be yewoƒe ame veviwo aku do ŋgɔ na Armagedon o. Ne wò ŋutɔ wò ame vevi aɖe ku alo èdze si ame aɖe si dzi ku dzɔ ɖo la, ɖewohĩ àbia be, ‘Aleke ame siwo dzi ku dzɔ ɖo la awɔ akpɔ akɔfafa?’

2 Ðewohĩ èsenɛ amewo gblɔna be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woƒe dzi afa. Gake ɖe wòfia be ne ɣeyiɣiawo va le yiyim ko la, amea ŋutɔ ƒe dzi afa? Ahosi aɖe gblɔ tso nya sia ŋu be, “Mekpɔe be nu si wòle be míagblɔ boŋue nye be nu siwo wowɔ le ɣeyiɣi mawo me lae nana wokpɔa akɔfafa.” Nyateƒee, ale si ko abi kuna ne wokpɔ egbɔ nyuie la, nenema kee dzi si le nu xam hã kpɔa akɔfafa vivivi ne wotsɔ ɖe le eme na amea. Nu ka koŋue ate ŋu akpe ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu le woƒe ame veviwo ƒe ku ta la ŋu be woƒe dzi nafa?

YEHOWA NYE “AKƆFAFAWO KATÃ ƑE MAWU”

3, 4. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa nya ale si gbegbe ame siwo le nu xam la hiã akɔfafae?

3 Ðikeke mele eme o be, Yehowa, mía Fofo si le dziƒo si sea veve ɖe ame nu lae nye míaƒe akɔfafatsoƒe vevitɔ. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 1:3, 4.) Yehowa, ame si nye kpɔɖeŋu gãtɔ kekeake le vevesese ɖe ame nu me la ka ɖe edzi na eƒe amewo be: “Nye ŋutɔe nye Ame si le akɔ fam na mi.”—Yes. 51:12; Ps. 119:50, 52, 76.

4 Mía Fofo si le dziƒo, si nye dɔmetɔtrɔ Fofo, la ŋutɔ hã ƒe ame veviwo, abe Abraham, Isak, Yakob, Mose kple Fia David ene ku. (4 Mose 12:6-8; Mat. 22:31, 32; Dɔw. 13:22) Mawu ƒe Nya la ka ɖe edzi na mí be Yehowa le mɔ kpɔm vevie, ɛ̃, ele edzrom vevie be yeafɔ wo. (Hiob 14:14, 15) Ɣemaɣi la, woanɔ lãmesẽ deblibo me eye woakpɔ dzidzɔ. Azɔ hã, bu eŋu kpɔ be, Mawu ƒe Vi si gbɔ melɔ̃a nu le o, si ‘wòlɔ̃ vevie’ la se veve helĩhelĩ heku. (Lod. 8:22, 30) Nu meli agblɔ ale si gbegbe Yehowa anya se veve gbe ma gbe o.—Yoh. 5:20; 10:17.

5, 6. Aleke Yehowa faa akɔ na mí?

5 Míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Yehowa akpe ɖe mía ŋu. Eya ta, mele be míahe ɖe megbe kura be míado gbe ɖa agblɔ ale si gbegbe míele veve semee la nɛ o. Efaa akɔ na mí ŋutɔ be Yehowa nya míaƒe vevesesewo eye wònaa akɔfafa si míehiã vevie la mí! Mɔ ka dzie wòtona faa akɔ na mí?

6 Mɔ aɖe si dzi Mawu tona kpena ɖe mía ŋue nye be enana ‘gbɔgbɔ kɔkɔea naa akɔfafa mí.’ (Dɔw. 9:31) Akɔfafatsoƒe gã aɖee Mawu ƒe dɔwɔŋusẽa nye. Yesu do ŋugbe be ye Fofo si le dziƒo la dina vevie be ‘yeana gbɔgbɔ kɔkɔea ame siwo bianɛ.’ (Luka 11:13) Susi, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Edzɔ zi gbɔ zi geɖe be nuxaxa wu tsɔtsɔ na mí ale gbegbe be ɖeko míeyia klo dzi ƒoa koko na Yehowa be wòafa akɔ na mí. Eye ɣesiaɣi si míeƒo koko nɛ la, míekpɔnɛ be Mawu ƒe ŋutifafa dzɔa míaƒe dziwo kple tamesusuwo ŋu vavã.”—Xlẽ Filipitɔwo 4:6, 7.

YESU NYE NUNƆLAGÃ SI SEA VEVE ÐE AME NU

7, 8. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yesu afa akɔ na mí?

7 Yesu, Mawu ƒe vi si ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu la, ɖe ale si gbegbe Yehowa sea veve ɖe mía nui la fia le mɔ deblibo nu le eƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔna me esime wònɔ anyigba dzi. (Yoh. 5:19) Mawu dɔ Yesu ɖa be wòada gbe le “ame siwo ƒe dzi gbã la” ŋu eye wòafa “akɔ na konyifalawo katã.” (Yes. 61:1, 2; Luka 4:17-21) Eya ta, wonyae be eƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu vevie—esea veve ɖe ame siwo le fu kpem la nu eye wòdina vevie be yeakpe ɖe wo ŋu.—Heb. 2:17.

8 Esime Yesu nye sɔhɛ la, ɖikeke mele eme o be eya ŋutɔ hã se veve le ƒometɔwo kple ame nyanyɛwo ƒe ku ta. Anɔ eme be esime Yesu gakpɔtɔ nye ɖekakpui ye Yosef si nye fofoa si xɔe nyi la ku. * Bu ale si wòanɔ na Yesu si anya xɔ abe ƒe 20 ene, si tsɔa ɖe le eme na ame la be wòanɔ te ɖe eya ŋutɔ ƒe nuxaxaa nu eye wòaganɔ akɔ fam na dadaa kple nɔviawo hã ŋu kpɔ.

9. Aleke ale si Yesu sea veve ɖe ame nui la dze ƒãa esime Lazaro ku?

9 Esi Yesu dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme la, edze kɔtɛ le eŋu be ese nɔnɔme si me amewo le la gɔme eye wòsea veve ɖe wo nu. Le kpɔɖeŋu me, bu ɣeyiɣi si me exɔlɔ̃ vevi Lazaro ku ŋu kpɔ. Togbɔ be Yesu nyae be yele Lazaro fɔ ge ɖe tsitre hã la, ale si Maria kple Marta nɔ veve semee la na Yesu hã se veve ɖe wo nu. Woƒe nuxaxaa wɔ dɔ ɖe edzi wòse veve ɖe wo nu ale gbegbe be wòfa avi.—Yoh. 11:33-36.

10. Nu ka tae míeka ɖe edzi be Yesu gasea veve ɖe mía nu egbea hã?

10 Aleke akɔfanya siwo Yesu gblɔ va yi la ate ŋu aɖe vi na mí egbea? Ŋɔŋlɔawo ka ɖe edzi na mí be “ame si Yesu Kristo nye la kee wònye etsɔ kple egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me.” (Heb. 13:8) Esi wònye be “Kplɔla Vevitɔ si naa agbe la” ŋutɔ nya ale si gbegbe ame vevi aɖe ƒe ku doa nuxaxa na ame ta la, “ate ŋu akpe ɖe ame siwo wotena kpɔna la ŋu.” (Dɔw. 3:15; Heb. 2:10, 18) Eya ta, míate ŋu aka ɖe edzi be amegbetɔwo ƒe fukpekpewo gatena ɖe Kristo la dzi kokoko, esea veve ɖe wo nu, eye wòfaa akɔ na wo “le hiahiãgbe.”—Xlẽ Hebritɔwo 4:15, 16.

“AKƆFAFA SI MÍEKPƆ TSO ŊƆŊLƆAWO ME”

11. Mawunyakpukpui kae faa akɔ na wò wu?

11 Biblia me ŋutinya si ku ɖe ale si Yesu xa nu vevie esime Lazaro ku ŋu la nye ŋɔŋlɔawo me nya fakɔname gbogbo siwo le Mawu ƒe Nyaa me la dometɔ ɖeka ko. Eye mewɔ nuku o be, “nu siwo katã woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔ wo ɖi be woatsɔ afia nu mí, ale be to míaƒe dzidodo kple akɔfafa si míekpɔ tso Ŋɔŋlɔawo me dzi la, mɔkpɔkpɔ nasu mía si.” (Rom. 15:4) Ne èle nu xam le ame vevi aɖe ƒe ku ta la, mawunyakpukpui siwo gbɔna ate ŋu afa akɔ na wò hã:

  • “Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ; exɔna na ame siwo ƒe gbɔgbɔ ŋu nu te la.”—Ps. 34:18, 19.

  • “Ne metsi dzodzodzoe akpa la, [wò Yehowa] èfaa akɔ nam henana mekpɔa gbɔdzɔe.”—Ps. 94:19.

  • “Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ kple Mawu, mía Fofo, ame si lɔ̃ mí, eye wòto eƒe amenuveve me na akɔfafa mavɔ kple mɔkpɔkpɔ nyui mí la, nafa akɔ na miaƒe dziwo, eye wòado ŋusẽ mi.”2 Tes. 2:16, 17. *

HAME LA NYE AKƆFAFATSOƑE GÃ AÐE

12. Mɔ vevi ka nue míate ŋu anye akɔfafatsoƒe na ame bubuwo le?

12 Kristo hamea hã nye akɔfafatsoƒe bubu na ame siwo le konyi fam. (Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 5:11.) Aleke nàte ŋu ado ŋusẽ ame siwo ƒe ‘gbɔgbɔ dzi nu te ɖo vevie la’ ahafa akɔ na wo? (Lod. 17:22) Ðo ŋku edzi be “ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li.” (Nyagb. 3:7) Ahosi aɖe si ŋkɔe nye Dalene gblɔ be: “Ame siwo ame vevi aɖe ku na la dina be yewoaɖe yewoƒe susuwo kple seselelãmewo agblɔ. Eya ta, nu vevitɔ si nàte ŋu awɔe nye be nàɖo to nyuie ase woƒe nyawo—mègatso nya le wo nu o.” Nɔvinyɔnu Junia, si nɔviŋutsu wu eɖokui la hã gblɔ be: “Togbɔ be ɖewohĩ màte ŋu ase ale si gbegbe wole veve semee gɔme bliboe o hã, nu si le vevie ye nye be woakpɔe be èdi be yease ale si wole sesem le wo ɖokui me la gɔme.”

13. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ku ɖe nuxaxa ŋu?

13 Ðo ŋkui hã be, ame sia ame kple ale si wòxaa nui, nenema kee wòle le ale si ame sia ame ɖea eƒe nuxaxa fianae hã gome. Ɣeaɖewoɣi la, ame si le nu xam la ŋutɔ koe nyana veve si gbegbe sem wòle, eye asesẽ be wòaɖe ale si tututu wòle sesem le eɖokui me la agblɔ. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Ame ƒe dzi nya eya ŋutɔ ƒe vevesese, eye ame bubu aɖeke mate ŋu ama eƒe dzidzɔ kplii o.” (Lod. 14:10) Ne ame aɖe ɖe eƒe seselelãmewo gblɔ gɔ̃ hã la, menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be ame bubuwo nase nya si wòdi be yeagblɔ la gɔme o.

14. Nya kawoe míate ŋu agblɔ atsɔ afa akɔ na ame siwo le nu xam?

14 Eme kɔ ƒãa be, esesẽna be míanya nya si míagblɔ na ame si ƒe dzi gbã gudugudu le nuxaxa ta. Ke hã, Biblia gblɔ be “nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.” (Lod. 12:18) Ame geɖe kpɔ akɔfanya siwo woagblɔ la le agbalẽ gbadza si nye Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku me. * Gake zi geɖe la, eɖea vi ŋutɔ nenye be ‘èfa avi kple ame siwo le avi fam.’ (Rom. 12:15) Gaby, si srɔ̃ŋutsu ku la, gblɔ be: “Aɖatsiwo koe ɖea nye seselelãmewo fiana. Esia tae mekpɔa akɔfafa ne xɔ̃nyewo fa avi kplim. Ne wofa avi kplim la, mekpɔnɛ be menye nye ɖeka koe le afi aɖe le nu xam o.”

15. Ne esesẽ na mí be míayi aɖafa akɔ na ame siwo le nu xam la, nu kae míate ŋu awɔ? (Kpɔ aɖaka si nye “ Akɔfanya Siwo Nana Ame Ƒe Dzi Dzea Eme” hã.)

15 Ne esesẽ na wò be nàyi ame si le nu xam la gbɔ aɖafa akɔ nɛ la, ɖewohĩ anɔ bɔbɔe wu be nàŋlɔ akɔfanyawo ɖe nyuidinamegbalẽvi dzi, aŋlɔ e-mail, text message, alo lɛta aɖo ɖe amea. Ðewohĩ nu si nàŋlɔ koe nye mawunyakpukpui fakɔname aɖe me nyawo, nya aɖe si he susu yi ame si ku la ƒe nɔnɔme nyui aɖe dzi, alo nane si dzi nèɖoa ŋkui kple dzidzɔ ku ɖe amea ŋu. Junia gblɔ be: “Ne ame aɖe ŋlɔ akɔfanya kpui aɖe ɖo ɖem alo hati Kristotɔwo kpem be mava bɔ ha kpli yewo la, eɖea vi nam wu gbɔgblɔ. Ðetsɔtsɔ le eme nam alea nana mekpɔnɛ be wolɔ̃m eye wobua ŋunye.”

16. Mɔ bubu si ɖea vi ŋutɔ ka dzie míetona faa akɔ na ame siwo le nu xam?

16 Míaƒe gbedodoɖawo ate ŋu aɖe vi geɖe na mía hati Kristotɔ si ƒe ame vevi aɖe ku. Togbɔ be ate ŋu asesẽ be nàdo gbe ɖa agblɔ wò susuwo le ɣeyiɣi mawo tɔgbi me hã la, ne èdo gbe ɖa kple ame si dzi ku dzɔ ɖo heƒo koko na Yehowa ɖe eta le avigbe kple aɖatsiwo me gɔ̃ hã la, esia ate ŋu anye akɔfafa gã aɖe nɛ. Dalene gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi ne nɔvinyɔnuwo va be yewoafa akɔ nam la, mebiaa wo be woadi be yewoado gbe ɖa kplim hã. Zi geɖe la, ne wodze gbedodoɖaa gɔme la, nyawo metea ŋu dona le wo nu bɔbɔe o, gake le nyagbe ʋɛ aɖewo gbɔgblɔ megbe la, ŋusẽ va ɖoa woƒe gbe ŋu eye wodoa gbe ɖa tso dzi me wòwɔa dɔ ɖe dzinye ale gbegbe. Xɔse sẽŋu si le wo si, woƒe lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme do ŋusẽ nye xɔse ale gbegbe.”

YI EDZI NÀNƆ AKƆ FAM NA WO

17-19. Nu ka tae wòhiã be míayi edzi anɔ akɔ fam na ame siwo dzi ku dzɔ ɖo?

17 Ame sia ame kple ɣeyiɣi ƒe didime si wòtsɔ xaa nui. Eya ta, nɔ wo srãm kpɔ, menye le ŋkeke ʋɛ siwo me xɔlɔ̃wo kple ƒometɔ geɖewo yi ɖasrã wo kpɔ la me ko o, ke le ɣleti siwo kplɔe ɖo, esime amewo gatrɔ ɖe woƒe gbe sia gbe dɔwo ŋu, hã me. “Xɔlɔ̃ vavã lɔ̃a ame ɣeawokatãɣi, eye ame nɔvi wònye wodzi ɖe xaxagbe ŋu.” (Lod. 17:17) Ɣeyiɣi didi ka kee haxɔsetɔ aɖe ɖaxa nui o, hati Kristotɔwo ate ŋu anye akɔfafatsoƒe gã aɖe nɛ.—Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 3:7.

18 Ðo ŋku edzi be nu vovovowo tea ŋu nana ame siwo dzi ku dzɔ ɖo la xaa nu vevie; esia ƒe ɖewoe nye ŋkuɖodzizãwo, haƒoƒo aɖewo, fotowo, dɔwɔna aɖewo, alo nanewo ƒe ʋeʋẽ, gbeɖiɖi aɖewo, alo ƒea ƒe ɣeyiɣi aɖewo. Le ame siwo srɔ̃ ku gome la, ne woawo ɖeɖe wova le nanewo wɔm zi gbãtɔ tso esime wo srɔ̃ ku, abe Ŋkuɖodzia alo takpekpe dede ene la, wotea ŋu xaa nu ale gbegbe. Nɔviŋutsu aɖe gblɔ be: “Menɔ mɔ kpɔm be manɔ bɔbɔe nam kura le míaƒe srɔ̃ɖeŋkuɖodzizã gbãtɔ si ava ɖe srɔ̃nye ƒe ku yome la dzi o, eye menɔ bɔbɔe nam hã o vavã. Gake nɔvi ʋɛ aɖewo ɖo kplɔ̃ hekpe xɔ̃nye veviwo hã ale be magatsi akogo o.”

19 Gake ɖo ŋku edzi be menye ɣeyiɣi tɔxɛwo ɖeɖe ko dzie ame siwo le woƒe ame veviwo ƒe ku fam la hiã dzideƒonyawo o. Junia gblɔ be: “Zi geɖe la, ne wona kpekpeɖeŋu amea alo nɔ egbɔ le ŋkeke bubu si menye ŋkuɖodzizã tɔxɛwo dzi o la, esia tea ŋu ɖea vi geɖe. Ne ame aɖe ŋutɔ tso le eɖokui si wɔ esia le gbedzrogbewo la, eɖea vi eye wòfaa akɔ na ame ale gbegbe.” Ele eme be mímate ŋu aɖe nuxaxa si ame vevi aɖe ƒe ku dona na ame alo akogotsitsi si wòhena vanɛ la ɖa keŋkeŋ ya o, ke hã, ne míewɔ nu ŋutɔŋutɔwo tsɔ kpe ɖe ame siwo le nu xam ŋu la, míate ŋu afa akɔ na wo ahana woƒe dzi nadze eme va se ɖe afi aɖe. (1 Yoh. 3:18) Gaby gblɔ be: “Medaa akpe na Yehowa ŋutɔ ɖe hamemetsitsi lɔ̃ame siwo nɔ ŋunye le ɣeyiɣi sesẽ mawo katã me la ta. Wona mese le ɖokuinye me be Yehowa tsɔ ɖe le eme nam vavã.”

20. Nu ka tae Yehowa ƒe ŋugbedodowo faa akɔ na mí geɖe ŋutɔ?

20 Efaa akɔ na mí be eteƒe madidi o, Yehowa, akɔfafawo katã ƒe Mawu la, aɖe nuxaxa ɖe sia ɖe ɖa ahana akɔfafa mavɔ mí esime “ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase [Kristo ƒe] gbe, eye woado go”! (Yoh. 5:28, 29) Mawu do ŋugbe be yeaɖe “ku ɖa tegbee, eye Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.” (Yes. 25:8, etenuŋɔŋlɔ) Ɣemaɣi la, le esi teƒe be “[míafa] avi kple ame siwo le avi fam” la, anyigbadzinɔlawo katã “[akpɔ] dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm” boŋ.—Rom. 12:15.

^ mm. 8 Zi mamlɛtɔ si woƒo nu tso Yosef ŋue nye esime Yesu xɔ ƒe 12. Esime Yesu wɔ eƒe nukunu gbãtɔ si me wòtrɔ tsi wòzu wain le la, womeƒo nu tso Yosef ŋu ɣemaɣi o, eye womeƒo nu tso eŋu emegbe hã o. Esi Yesu nɔ fuwɔametia ŋu la, etsɔ nɔa Maria de asi na apostolo Yohanes be wòalé be nɛ. Ne ɖe Yosef le agbe la, anye ne mawɔe nenema o.—Yoh. 19:26, 27.

^ mm. 14 Kpɔ nyati si nye “Fa Akɔ Na Ame Siwo Dzi Ku Dzɔ Ðo, Abe Ale Si Yesu Wɔe Ene” la hã, si dze le November 1, 2010, ƒe Gbetakpɔxɔ me.