Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àlɔ̃ Faa Akpɔ Mawu Sinu Dzigbɔɖitɔea?

Àlɔ̃ Faa Akpɔ Mawu Sinu Dzigbɔɖitɔea?

“Miawo hã migbɔ dzi ɖi.”—YAK. 5:8.

HADZIDZI: 114, 79

1, 2. (a) Nu kawoe ate ŋu awɔe be míabia be: “Va se ɖe ɣekaɣi”? (b) Nu ka tae nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema ƒe kpɔɖeŋuwo ate ŋu ade dzi ƒo na mí?

“VA SE ÐE ɣekaɣi?” Nyagblɔɖila wɔnuteƒe Yesaya kple Habakuk siaa bia nya sia. (Yes. 6:11; Hab. 1:2) Esi Fia David nɔ Psalmo 13 lia kpam la, eya hã bia zi ene sɔŋ be: “Va se ɖe ɣekaɣi”? (Ps. 13:1, 2) Xɔsemanɔsitɔ siwo dome mía Aƒetɔ Yesu Kristo nɔ la ƒe nuwɔnawo na eya hã bia nya sia. (Mat. 17:17) Eya ta mele be wòawɔ nuku na mí ne edzɔ be míawo hã míebia nya ma ɣeaɖewoɣi o.

2 Nu kawoe ate ŋu ana míabia be: “Va se ɖe ɣekaɣi”? Ðewohĩ wowɔ nu madzɔmadzɔ aɖe ɖe mía ŋu. Alo míele avu wɔm kple tsitsimekuxiwo kple dɔlélewo, alo nu te mía ŋu le “ɣeyiɣi sesẽ” siawo ‘siwo me nɔnɔ sesẽ’ la me. (2 Tim. 3:1) Alo ɖewohĩ ame siwo dome míele ƒe nuwɔna gbegblẽwo wɔe be dzi ɖe le mía ƒo. Nu ka gbɔe wòɖatso o, ede dzi ƒo ŋutɔ be míanyae be Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema hã bia nya ma si vaa susu me na mí ɣeaɖewoɣi la, evɔ Yehowa mebu fɔ wo le esia ta o!

3. Ne kuxiwo ɖe kpe na mí la, nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi?

3 Ke ne kuxi mawo tɔgbi ɖe kpe na mí le agbe me la, nu kae akpe ɖe mía ŋu míado dzi? Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã nusrɔ̃la Yakobo, si nye Yesu dadavi wògblɔ na mí be: “Eya ta nɔviwo, migbɔ dzi ɖi va se ɖe Aƒetɔ la ƒe anyinɔɣi la.” (Yak. 5:7) Ɛ̃, mí katã míehiã dzigbɔɖi. Gake nu kae wòbia be mawumenɔnɔme sia nanɔ ame si?

NU KAE NYE DZIGBƆÐI?

4, 5. (a) Nu kae wòbia be dzigbɔɖi nanɔ ame si? (b) Aleke nusrɔ̃la Yakobo ɖe nu si dzigbɔɖi fia la me? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

4 Biblia na míenya be gbɔgbɔ kɔkɔea ye nana dzigbɔɖi sua ame si; Mawu ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee la, amegbetɔ madeblibowo mate ŋu agbɔ dzi ɖi le nɔnɔme sesẽwo me o. Dzigbɔɖi nye nunana tso Mawu gbɔ, eye ne míegbɔa dzi ɖi la, enye mɔ vevi aɖe si dzi míetona ɖenɛ fiana be míelɔ̃ Mawu. Ne míenye dzigbɔɖitɔwo la, míeɖenɛ fiana hã be míelɔ̃ mía haviwo. Gake ne míenye dzimagbɔɖitɔwo la, ate ŋu ana lɔlɔ̃ si le mía kple ame bubuwo dome la nu nafa. (1 Kor. 13:4; Gal. 5:22) Dzigbɔɖi bia be míaɖe Kristotɔwo ƒe nɔnɔme vevi bubuwo hã afia. Le kpɔɖeŋu me, kadodo kplikplikpli le dzigbɔɖi kple dzidodo dome, elabena dzidodo kpena ɖe mía ŋu míenɔa te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu eye mɔkpɔkpɔ mebuna ɖe mí o. (Kol. 1:11; Yak. 1:3, 4) Dzigbɔɖi bia hã be míado dzi le vɔ̃ me ahaƒo asa na wɔɖenuiwɔwɔ, eye míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa le kuxi ɖe sia ɖe me. Azɔ hã, Biblia de dzi ƒo na mí be míalɔ̃ faa be míalala akpɔ Mawu sinu. Wote gbe ɖe dzigbɔɖi ƒe nɔnɔme sia dzi le Yakobo 5:7, 8. (Xlẽe.)

5 Nu ka tae wòle be míalɔ̃ faa alala akpɔ Yehowa sinu be eya ŋutɔ nakpɔ nyawo gbɔ? Yakobo tsɔ míaƒe nɔnɔmea sɔ kple agbledela tɔ. Togbɔ be agbledela wɔa dɔ sesĩe ƒãa eƒe nukuwo hã la, mate ŋu awɔ naneke tso yame ƒe nɔnɔme ŋu alo ado tsɔtsɔe nukuwo ƒe miemie o. Mate ŋu ana ɣeyiɣia nava yi kaba hã o. Enyae be ele be yealala “anyigba ƒe nuku xɔasi la” dzigbɔɖitɔe. Le mɔ ma ke nu la, nu geɖewo li siwo ŋu mímate ŋu awɔ naneke le o esime míele lalam be Yehowa ƒe ŋugbedodowo nava eme. (Marko 13:32, 33; Dɔw. 1:7) Ele be míalala dzigbɔɖitɔe abe agbledelaa ene.

6. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nyagblɔɖila Mika ƒe kpɔɖeŋua me?

6 Nɔnɔme siwo me tom míele egbea la le abe ale si nuwo nɔ le nyagblɔɖila Mika ƒe ŋkekeawo me ene. Enɔ anyi le Fia vɔ̃ɖi Ahaz ƒe dziɖuɣi, eye nu fitifiti wɔwɔ ƒomevi ɖe sia ɖe nɔ edzi yim ɣemaɣi. Le nyateƒe me la, eŋɔlimetɔwo va “bi ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me.” (Xlẽ Mika 7:1-3.) Mika kpɔe be yemate ŋu atrɔ nɔnɔmea o. Ke nu kae wòate ŋu awɔ? Eya ŋutɔ gblɔ be: “Nye la, manɔ ŋu tsam na Yehowa. Manɔ Mawu, nye xɔnametɔ la, sinu kpɔm [alo ‘anɔ elalam dzigbɔɖitɔe’]. Nye Mawu aɖo tom.” (Mika 7:7, etenuŋɔŋlɔ) Ele be míawo hã míanɔ Mawu “sinu kpɔm” abe ale si Mika wɔe ene.

7. Nu ka tae Yehowa sinu kpɔkpɔ bia nu geɖe wu be míanɔ lalam dzro ko be eƒe ŋugbedodowo nava eme?

7 Ne xɔse le mía si abe Mika ene la, míalɔ̃ tso dzi me faa be míakpɔ Yehowa sinu. Míaƒe nɔnɔmea mele abe gamenɔla aɖe si wotso kufia na si le eƒe kugbe lalam la ene o. Le eya gome la, enye dzizizi nɛ be wòalala, eye mele mɔ kpɔm na ŋkeke ma ƒe vava o. Gake míawo ya míaƒe nɔnɔmea to vovo kura. Míawo ŋutɔwo míelɔ̃ faa be míakpɔ Yehowa sinu, elabena míenyae be awɔ ŋugbe si wòdo be yeana agbe mavɔ mí la dzi ɖe game dzi tututu, le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi! Eya ta ‘míedoa dzi bliboe le dzigbɔgbɔ blewu kple dzidzɔ me.’ (Kol. 1:11, 12) Esime míele lalam la, mele be míanɔ nyatoƒoe tom be Yehowa mele wɔwɔm kaba o, elabena esia madze mía Mawu la ŋu o.—Kol. 3:12.

DZIGBƆÐI ƑE KPƆÐEŊU VAVÃWO

8. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele ŋugble dem le ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema ŋu?

8 Ne míaƒe susu le ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema siwo lala dzigbɔɖitɔe be Yehowa ƒe ŋugbedodowo nava eme ŋu la, esia ana míawo hã míalɔ̃ faa be míalala. (Rom. 15:4) Ne míele ŋugble dem le woƒe kpɔɖeŋuwo ŋu la, anyo be míade dzesi ɣeyiɣi didi si wòhiã be woalala, nu si tae wolɔ̃ faa be yewoalala kple yayra siwo do tso woƒe dzigbɔɖia me.

Ehiã be Abraham nalala ƒe geɖe hafi woadzi tɔgbuiyɔviawo, siwo nye Esau kple Yakob (Kpɔ memama 9, 10)

9, 10. Ɣeyiɣi didi kae wòhiã be Abraham kple Sara nakpɔ Yehowa sinu?

9 Bu Abraham kple Sara ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Wole “ame siwo to xɔse kple dzigbɔɖi me nyi ŋugbedodowo dome la” dome. Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí be “esi Abraham gbɔ dzi ɖi” ta la, Yehowa do ŋugbe nɛ be yeayrae eye yeana eƒe dzidzimeviwo nasɔ gbɔ zã. (Heb. 6:12, 15) Nu ka tae wòhiã be Abraham nagbɔ dzi ɖi? Kpuie ko la, axɔ ɣeyiɣi hafi ŋugbedodoa nava eme. Nu, si Yehowa bla kple Abraham la dze dɔwɔwɔ gɔme le Nisan 14, 1943 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) dzi. Ɣemaɣie eya kple Sara kpakple eƒe aƒekɔ bliboa wotso Frat-tɔsisia heyi ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi. Eyome, Abraham lala ƒe 25 sɔŋ hafi wova dzi via Isak le ƒe 1918 D.Y. me, eye egalala ƒe 60 bubu hafi wova dzi tɔgbuiyɔviawo, siwo nye Esau kple Yakob le ƒe 1858 D.Y. me.—Heb. 11:9.

10 Anyigba ƒe lolome kae Abraham xɔ wòzu eƒe domenyinu? Biblia gblɔ na mí be: “Gake [Yehowa] mena domenyinu aɖekee le edzi o, ao, mena afɔ ɖeka ƒe kekeme teti hãe o; gake edo ŋugbe nɛ be yeatsɔe anɛ wòazu etɔ, eye emegbe yeatsɔe ana eƒe dzidzimeviwo, evɔ vi aɖeke menɔ esi ɣemaɣi o.” (Dɔw. 7:5) Esi Abraham tso Frat-tɔsisia megbe la, ƒe 430 sɔŋ va yi hafi eƒe dzidzimeviwo va zu dukɔ si anyi anyigba la dome.—2 Mose 12:40-42; Gal. 3:17.

11. Nu ka tae Abraham lɔ̃ faa be yealala akpɔ Yehowa sinu, eye yayra kawoe asu esi le eƒe dzigbɔɖia ta?

11 Abraham lɔ̃ faa be yealala, elabena eka ɖe edzi be Yehowa awɔ Eƒe ŋugbedodowo dzi. Ɛ̃, exɔ Yehowa dzi se. (Xlẽ Hebritɔwo 11:8-12.) Abraham mekpɔ ŋugbe si Yehowa do nɛ la me vava teƒe bliboe le eƒe agbenɔɣi o, ke hã, etsɔ dzidzɔ nɔ mɔ kpɔm nɛ. Gake bu dzidzɔ si gbegbe Abraham akpɔ ne wofɔe ɖe tsitre le paradiso me le anyigba dzi ŋu kpɔ. Ne eva kpɔ ale si gbegbe woƒo nu tso eya kple eƒe ƒomea ƒe ŋutinyaa ŋu le Biblia me la, awɔ nuku nɛ ŋutɔ. * Azɔ hã, ava kpɔe be yewɔ akpa vevi aɖe be tame si Yehowa ɖo ku ɖe dzidzimevia ŋu la va eme. Bu ale si gbegbe esia nyanya ado dzidzɔ nɛ ŋu kpɔ! Ðikeke mele eme o be, ase le eɖokui me be ƒe gbogbo siwo yetsɔ lala la menye dzodzro o.

12, 13. Nu ka tae Yosef hiã dzigbɔɖi, eye nɔnɔme nyui kae nɔ esi?

12 Yosef, si nye Abraham ƒe tɔgbuitɔgbuiyɔvi hã lɔ̃ faa gbɔ dzi ɖi. Wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe eŋu ŋutasesẽtɔe. Gbã, eya ŋutɔ nɔviawo dzrae wòzu kluvi esime wòxɔ abe ƒe 17 ene. Eyome, wotsɔ nya ɖe eŋu alakpatɔe be edi be yeadɔ yeƒe aƒetɔ srɔ̃ gbɔ sesẽe eye wolée de gaxɔ me wònɔ kɔsɔkɔsɔ me. (1 Mose 39:11-20; Ps. 105:17, 18) Togbɔ be Yosef wɔa nuteƒe na Mawu hã la, edze abe emetsonua va nye tohehe, ke menye yayra o ene. Gake le ƒe 13 megbe la, nu sia nu trɔ kpata. Woɖee le gaxɔ me eye wodoe ɖe dzi wòva zu amegã le Egipte, negbe Farao koe nɔ ŋgɔ nɛ.—1 Mose 41:14, 37-43; Dɔw. 7:9, 10.

13 Ðe nu madzɔmadzɔ siwo wowɔ ɖe Yosef ŋu la na wòva zu dɔmevevitɔa? Ðe nu siwo me wòto la wɔe be megava ka ɖe Yehowa Mawu dzi oa? Gbeɖe! Nu kae kpe ɖe Yosef ŋu wògbɔ dzi ɖi? Yehowa dzi xɔxɔ se ye kpe ɖe eŋu. Ekpɔ Yehowa ƒe asi le nyaa me. Kpɔ ale si esia dze ƒãa le nya si wògblɔ na nɔviawo mee ɖa; egblɔ be: “Migavɔ̃ o, Mawu teƒee melea? Miawo miedi vɔ̃ nam, ke Mawu ya trɔe wòzu nyui, abe ale si wòle egbe sia ene, ale be wòaxɔ ame geɖewo ɖe agbe.” (1 Mose 50:19, 20) Mlɔeba, Yosef va kpɔe dze sii be yeƒe lalaa mezu dzodzro o.

14, 15. (a) Nu kae ɖe dzesi le David ƒe dzigbɔɖia ŋu? (b) Nu kae kpe ɖe David ŋu wòlala dzigbɔɖitɔe?

14 Wowɔ nu madzɔmadzɔ geɖe ɖe Fia David hã ŋu. Togbɔ be Yehowa si ami na David esime wònye ɖekakpui dzaa be wòava zu fia ɖe Israel nu hã la, ehiã be David nalala ƒe 15 aɖewo hafi woava ɖoe fia ɖe to si me wòtso la nu. (2 Sam. 2:3, 4) Le ɣeyiɣi mawo me la, Fia Saul si va zu nuteƒemawɔla la ti David yome ƒe geɖe henɔ didim be yeawui. * Esia wɔe be David va zu sisila; ɣeaɖewoɣi la, edia sitsoƒe le dukɔ bubu me, eye ɣebubuɣiwo la, ebena ɖe agadowo me le gbedadaƒo. Esi wova wu Saul le aʋagbedzi mlɔeba gɔ̃ hã la, ehiã be David nagalala abe ƒe adre ene hafi woaɖoe fia ɖe Israel dukɔ bliboa nu.—2 Sam. 5:4, 5.

15 Nu ka tae David lɔ̃ faa be yealala akpɔ Mawu sinu? Eya ŋutɔ ɖo eŋu na mí le psalmo si me wòbia Mawu le zi ene sɔŋ be, “Va se ɖe ɣekaɣi?” la me. Egblɔ be: “Ke nye ya, wò lɔlɔ̃ si nu metsina o ŋue meɖoa ŋu ɖo; nye dzi atso aseye le wò xɔnamedɔwo ŋuti. Madzi ha na Yehowa, elabena ewɔ nyui geɖe nam.” (Ps. 13:5, 6) David ɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la ŋu. Etsɔ dzidzɔ nɔ mɔ kpɔm na Yehowa ƒe xɔname, eye ede ŋugble le nu nyui siwo Yehowa wɔ nɛ va yi la ŋu. Ɛ̃, David kpɔe be yeƒe lalaa manye dzodzro o.

Le lala dzigbɔɖitɔe ƒe nyaa gome la, Yehowa mebia tso mía si be míawɔ nu si eya ŋutɔ medi be yeawɔ o

16, 17. Aleke Yehowa Mawu kple Yesu Kristo siaa ɖo lala dzigbɔɖitɔe ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo ɖi na mí?

16 Le lala dzigbɔɖitɔe ƒe nyaa gome la, Yehowa mebia tso mía si be míawɔ nu si eya ŋutɔ medi be yeawɔ o. Eyae ɖo lala dzigbɔɖitɔe ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi na mí. (Xlẽ 2 Petro 3:9.) Yehowa le lalam dzigbɔɖitɔe ƒe akpe geɖewoe nye esia ale be woakpɔ nya si Satana fɔ ɖe te le Eden-bɔa me be Yehowa meɖua dzi le mɔ nyuitɔ nu o la gbɔ bliboe. Yehowa le “lalam dzigbɔɖitɔe,” eye wòle ‘mɔ kpɔm na’ ɣeyiɣi si me woakɔ eƒe ŋkɔa ŋu bliboe. Esia ahe yayra manyagblɔ vɛ na ame siwo “kpɔa esinu” vevie.—Yes. 30:18; etenuŋɔŋlɔ.

17 Yesu hã lɔ̃ faa be yealala. Togbɔ be eto nuteƒewɔwɔ ƒe dodokpɔa me dzidzedzetɔe le anyigba dzi afi sia eye wòtsɔ asixɔxɔ si le eƒe tafea ŋu yi na Mawu le ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) me hã la, ehiã be wòalala va se ɖe ƒe 1914 me hafi wòadze fiaɖuɖu gɔme. (Dɔw. 2:33-35; Heb. 10:12, 13) Eye Yesu ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu ko hafi woatsrɔ̃ eƒe futɔwo katã gbidigbidi. (1 Kor. 15:25) Esia abia be wòalala ɣeyiɣi didi aɖe ŋutɔ, gake míeka ɖe edzi be eƒe lalaa manye dzodzro o.

NU KAE AKPE ÐE MÍA ŊU?

18, 19. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míalɔ̃ faa alala dzigbɔɖitɔe?

18 Eme kɔ ƒãa be ehiã be mía dometɔ ɖe sia ɖe nalɔ̃ faa alala akpɔ Yehowa sinu dzigbɔɖitɔe. Gake nu kae akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia? Eyae nye be míado gbe ɖa abia Mawu be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea mí. Ðo ŋku edzi be dzigbɔɖi nye gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖe. (Ef. 3:16; 6:18; 1 Tes. 5:17-19) Ƒo koko na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàdo dzi akpɔ eyama sinu dzigbɔɖitɔe.

19 Ðo ŋku nu siwo kpe ɖe Abraham, Yosef kple David ŋu wolala dzigbɔɖitɔe be Yehowa ƒe ŋugbedodowo nava eme la dzi. Ale si woxɔ Yehowa dzi se heɖoa ŋu ɖe eŋu ye kpe ɖe wo ŋu. Woƒe susu menɔ woawo ŋutɔwo kple woƒe dzidzemekpɔkpɔ ɖeɖe ko ŋu o. Ne míede ŋugble le nu nyui siwo do tso eme na wo ŋu la, esia aʋã míawo hã be míalala akpɔ Yehowa sinu.

20. Nu kae wòle be míaɖo tame kplikpaa be míawɔ?

20 Togbɔ be míele dodokpɔwo kple tetekpɔwo me tom hã la, míeɖoe kplikpaa be míayi edzi anɔ Mawu ‘sinu kpɔm.’ Ele eme be ate ŋu adzɔ ɣeaɖewoɣi be míado ɣli be: “Oo Yehowa, va se ɖe ɣekaɣi?” ya. (Yes. 6:11) Ke hã, le Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu me la, mí katã míeɖoe kplikpaa be míagblɔ abe Yeremiya ene be: “Yehowae nye nye gome, esia tae manɔ esinu kpɔm ɖo.”—Kony. 3:21, 24.

^ mm. 11 Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe ta 15 sɔŋ ƒo nu tso Abraham ƒe ŋutinyaa ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, ame siwo ŋlɔ Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo la yɔ Abraham ŋkɔ wu zi 70 sɔŋ.

^ mm. 14 Togbɔ be Saul ƒe fiaɖuɖu ƒe eve aɖewo megbe koe Yehowa gbee hã la, eɖe mɔ wòyi edzi ɖu fia ƒe 38 sɔŋ va de asi na eƒe kugbe.—1 Sam. 13:1; Dɔw. 13:21.