Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mawu Ƒe Ŋutifafa . . . Ƒo Gɔmesesewo Katã Ta”

“Mawu Ƒe Ŋutifafa . . . Ƒo Gɔmesesewo Katã Ta”

“Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo . . . ŋu.”—FLP. 4:7.

HADZIDZI: 112, 58

1, 2. Nu kawoe dzɔ hafi Paulo kple Sila va kpɔ wo ɖokuiwo le gaxɔ me le Filipi? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

ANƆ abe zã ga wuieve ene. Dutanyanyuigblɔla eve siwo nye Paulo kple Sila le gaxɔ me—wole gaxɔ emetɔ la me—le Filipi dua me. Wobɔ pã woƒe afɔwo, eye woƒe dzimegbe gakpɔtɔ nɔ wo vem le esi woƒo wo vevie eteƒe medidi o ta. (Dɔw. 16:23, 24) Aleke nɔnɔmeawo trɔ kpata ale! Le vo me ko, ameha aɖe va dze wo dzi eye wohe wo yi dua ƒe ablɔ me heɖi ʋɔnu ɖe wo ŋu enumake. Wovuvu woƒe awuwo le wo ŋu, eye woƒo wo vevie kple ati. (Dɔw. 16:16-22) Nu madzɔmadzɔ ka gbegbee nye esi! Ðe wòle be woadrɔ̃ nya na Paulo, si nye Romatɔ la nyuie hafi. *

2 Esi Paulo nɔ vivitia me le gaxɔa me la, enɔ ŋugble dem le nu siwo dzɔ le ŋkekea me ŋu. Enɔ Filipi dua me tɔwo ŋu bum. Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe aɖeke menɔ woƒe dua me abe ale si wònɔ le du bubu siwo me Paulo yi ɖagblɔ nya nyuia le la me ene o. Le nyateƒe me la, tɔsisi aɖe si le dua godo la nue Yudatɔ siwo nye mawusubɔlawo la ƒoa ƒu ɖo. (Dɔw. 16:13, 14) Ðe wòfia be Yuda ŋutsu ewo, si nye xexlẽme si hiã hafi woaɖo ƒuƒoƒe la, gɔ̃ hã menɔ dua me oa? Edze ƒãa be Roma dumevinyenye ƒe gome si nɔ Filipitɔawo si la nye dada na wo. (Dɔw. 16:21) Ðe wòanye be ema tae womebui gɔ̃ hã be Roma dumevinyenye ƒe gome ate ŋu anɔ Paulo kple Sila, siwo nye Yudatɔwo la, si oa? Aleke kee nyaa ɖale o, wode wo gaxɔ me madzemadzee.

3. Nu ka tae wòanya wɔ mo yaa na Paulo be wolé ye de gaxɔ me; ke hã, nɔnɔme kae wòɖe fia?

3 Ðewohĩ nu siwo dzɔ le ɣleti ʋɛ siwo va yi me hã nɔ susu me na Paulo. Enɔ Asia Sue, si nye nuto aɖe si le Aegea Ƒua ƒe go kemɛ dzi la me. Le afi ma la, edzɔ enuenu be gbɔgbɔ kɔkɔea xe mɔ na Paulo be wòagaɖe gbeƒã le teƒe aɖewo o. Ðeko wònɔ abe ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea nɔ eƒom ɖe enu be wòaɖe gbeƒã le teƒe bubu ene. (Dɔw. 16:6, 7) Gake le teƒe ka? Ekpɔ nya ma ƒe ŋuɖoɖo le ŋutega aɖe me esime wònɔ Troa. Le ŋutegaa me la, ŋutsu aɖe gblɔ na Paulo be: “Tso ƒu va Makedonia.” Esi Paulo kpɔe dze sii kɔtɛ be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue nye ema ta la, eɖo ta afi ma enumake. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 16:8-10.) Gake nu kae va dzɔ? Esi wòva ɖo Makedonia megbe kpuie ko la, wolée de gaxɔ me! Nu ka tae Yehowa ɖe mɔ nu sia dzɔ ɖe Paulo dzi? Ɣekaɣie wòanɔ gaxɔ me ase ɖo? Ne biabia mawo ɖe fu na Paulo ƒe susu gɔ̃ hã la, meɖe mɔ esia gbɔdzɔ eƒe xɔse alo gblẽ eƒe dzidzɔkpɔkpɔ me o. Eya kple Sila wode asi ‘gbedodoɖa me henɔ ha dzim nɔ Mawu kafum.’ (Dɔw. 16:25) Mawu ƒe ŋutifafa na woƒe dzi dze eme eye woƒe susu dze akɔ anyi.

4, 5. (a) Aleke míaƒe nɔnɔmea ate ŋu anɔ abe Paulo tɔ ene? (b) Aleke Paulo ƒe nɔnɔmea va trɔ le mɔ si menɔ mɔ kpɔm na o nu?

4 Abe Paulo ene la, ɖewohĩ anya dzɔ le wò agbe me kpɔ be èka ɖe edzi be yele zɔzɔm ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia nu, gake kasia, nuwo meva yi abe ale si nènɔ mɔ kpɔm nɛ ene o. Kuxi sesẽwo do mo ɖa, alo nɔnɔmeawo va trɔ ale gbegbe be ehiã be nàwɔ tɔtrɔ gãwo le wò agbe me. (Nyagb. 9:11) Esi nèle ale si nuwo va yii ŋu bum la, ɖewohĩ ènɔ ɖokuiwò biam be nu ka tae Yehowa ɖe mɔ nuwo va yi nenema mahã. Ne nenemae la, nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi ado dzi ahaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe? Na míagatrɔ ɖe Paulo kple Sila ƒe ŋutinyaa ŋu be míakpɔ ŋuɖoɖoa.

5 Esi Paulo kple Sila nɔ kafukafuhawo dzim la, nu vovovo siwo womenɔ mɔ kpɔm na kura o la dzɔ. Kasia, anyigba ʋuʋu sesĩe. Gaxɔa ƒe ʋɔtruwo katã ʋu gbadza. Gamenɔlawo katã ƒe gawo tu le wo ŋu. Gaxɔdzikpɔlaa di be yeawu ye ɖokui, gake Paulo ɖo asi edzi be megawɔe o. Gaxɔdzikpɔlaa kple eƒe aƒemetɔwo katã trɔ dzi me hexɔ nyɔnyrɔ. Esi ŋu ke la, dumegãwo dɔ atikplɔtɔwo ɖa be woaɖe asi le Paulo kple Sila ŋu woadzo. Wova ɖe kuku na wo be woadzo le ŋutifafa me. Esi dumegãwo se be Romatɔwoe Paulo kple Sila nye eye mesɔ kura be yewoadrɔ̃ ʋɔnu madzɔmadzɔ woamawo nenema hafi o la, woawo ŋutɔwo va be yewoakplɔ ŋutsu eveawo aɖo ɖa. Gake Paulo kple Sila ɖoe kplikpaa be yewoaɖaklã Lidia, yewo nɔvinyɔnu yeye la, hafi adzo. Eye wowɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ de dzi ƒo na nɔvi susɔeawo. (Dɔw. 16:26-40) Aleke gbegbe nuwo va trɔ kpatae ye nye esi!

‘EƑO GƆMESESEWO KATÃ TA’

6. Nu kawo mee míadzro fifia?

6 Nufiame kawoe le nudzɔdzɔ siawo me na mí? Yehowa ate ŋu awɔ nu siwo míele mɔ kpɔm na o, eya ta mele be míatsi dzimaɖi ne xaxawo va mía dzi o. Ðikeke mele eme o be nya sia tsi susu me na Paulo nyuie. Esia dze kɔtɛ le nya si wòŋlɔ emegbe ɖo ɖe nɔvi siwo le Filipi ku ɖe dzimaɖitsitsi kpakple Mawu ƒe ŋutifafa ŋu la me. Gbã la, na míadzro Paulo ƒe nya si dze le Filipitɔwo 4:6, 7 la me. (Xlẽe.) Eyome, míadzro Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu bubu siwo ku ɖe ale si Yehowa wɔ nu siwo esubɔlawo menɔ mɔ kpɔm na o la me. Mlɔeba, míadzro ale si “Mawu ƒe ŋutifafa” ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi ahaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe la me.

7. Nufiame vevi ka dzie Paulo he susu yi le agbalẽ si wòŋlɔ ɖo ɖe nɔvi siwo nɔ Filipi la me, eye nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe nyawo me?

7 Esi nɔvi siwo nɔ Filipi xlẽ agbalẽ si Paulo ŋlɔ ɖo ɖe wo la, ɖikeke mele eme o be woɖo ŋku nu si dzɔ ɖe edzi kple ale si wo dometɔ aɖeke menɔ mɔ kpɔm be Yehowa akpɔ nyawo gbɔ le mɔ si nu wòwɔe le o la dzi. Nu ka fiamee Paulo nɔ wo? Eya koe nye be: Migatsi dzi o. Mido gbe ɖa, eye Mawu ƒe ŋutifafa asu mia si. Ke hã, de dzesii be “Mawu ƒe ŋutifafa [la] ƒo gɔmesesewo katã ta.” Nya sia gɔme ɖe? Gbegɔmeɖela aɖewo ɖea nya sia gɔme be “eƒo míaƒe didiwo katã ta” alo “eƒo amegbetɔ ƒe ɖoɖowo katã ta.” Nu si Paulo ƒe nyaa fia koe nye be “Mawu ƒe ŋutifafa” la ƒo nu sia nu si míate ŋu asusu la ta sãsãsã. Eya ta, togbɔ be le amegbetɔwo gbɔ la, adze abe wɔna aɖeke meli o ene hã la, Yehowa ya nya míaƒe kuxiwo gbɔ kpɔnu, eye ate ŋu awɔ nu si míele mɔ kpɔm na o.—Xlẽ 2 Petro 2:9.

8, 9. (a) Togbɔ be wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe Paulo ŋu le Filipi hã la, nu nyui kawoe do tso nudzɔdzɔ mawo me? (b) Nu ka tae nɔvi siwo nɔ Filipi la ate ŋu aka ɖe nya siwo Paulo gblɔ le eƒe agbalẽa me la dzi?

8 Ŋugbledede le nu mawo siwo dzɔ ƒe ewo aɖewo va yi la ŋu anya do ŋusẽ nɔvi siwo nɔ Filipi la ƒe xɔse. Nya siwo Paulo gblɔ na wo le agbalẽa me la le eme vavã. Togbɔ be Yehowa ɖe mɔ wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe Paulo kple Sila ŋu hã la, esia wɔe be mlɔeba la, ‘wote ŋu ʋli nya nyui la ta heɖoe anyi le se nu.’ (Flp. 1:7) Dumegã mawo abu tame zi eve hafi awɔ nane atsɔ atsi tsitre ɖe Kristo hame yeye si woɖo ɖe dua me la ŋu. Ðewohĩ ale si Paulo wɔ nui le nɔnɔme sesẽ mawo me lae wɔe be eƒe mɔzɔhati Luka, si nye atikewɔla la, te ŋu kpɔtɔ nɔ dua me le Paulo kple Sila ƒe dzodzo megbe gɔ̃ hã. Esia na mɔnukpɔkpɔ Luka wòyi edzi kpe ɖe Kristotɔ yeye siwo le du ma me la ŋu.

9 Esi nɔvi siwo nɔ Filipi la xlẽ Paulo ƒe agbalẽa la, wonyae be menye Paulo ŋutɔ koe nɔ anyi ɖe afi aɖe nɔ eya ŋutɔ ƒe susuwo ŋlɔm ɖo ɖe yewo o. Paulo to nɔnɔme sesẽ geɖewo me; ke hã, eɖee fia be “Mawu ƒe ŋutifafa” su ye si. Le nyateƒe me la, le ɣeyiɣi si me wònɔ agbalẽa ŋlɔm na nɔvi mawo la, asrafowo sikae ɖe eƒeme nɔ eŋu dzɔm. Gake egakpɔtɔ nɔ eɖem fia be “Mawu ƒe ŋutifafa” la su ye si.—Flp. 1:12-14; 4:7, 11, 22.

“MIGATSI DZIMAÐI LE NANEKE ŊUTI O”

10, 11. Nu kae wòle be míawɔ ne míetsi dzimaɖi le kuxi aɖe ŋu, eye nu kae míate ŋu akpɔ mɔ na?

10 Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míagatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o eye “Mawu ƒe ŋutifafa” nasu mía si? Nya si Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Filipitɔwo la na míekpɔe be gbedodoɖae nye nu si ana míadzudzɔ dzimaɖitsitsi. Eya ta ne xaxawo va mía dzi la, le dzimaɖitsitsi teƒe la, ele be míanɔ gbe dom ɖa boŋ. (Xlẽ 1 Petro 5:6, 7.) Ne èle gbe dom ɖa na Yehowa la, ka ɖe edzi bliboe be etsɔ ɖe le eme na wò. Ðo ŋku nu siwo wòtsɔ yra wòe la dzi, eye ‘nàda akpe’ nɛ ɖe wo ta. Ne míeɖo ŋku edzi be ate ŋu “awɔ nu siwo míebiana alo nu siwo vaa míaƒe susu me la na mí wòagbɔ eŋu sãsãsã” la, esia ado ŋusẽ mí.—Ef. 3:20.

11 Abe ale si wònɔ le Paulo kple Sila gome esime wonɔ Filipi ene la, ate ŋu adzɔ be Yehowa nawɔ nu si míele mɔ kpɔm na kura o la na mí. Ðewohĩ manye nu wɔnuku aɖee wòanye ya o, gake anye nu si hiã mí ŋutɔŋutɔ. (1 Kor. 10:13) Ke hã, esia mefia be míanɔ anyi ade asi asitɛ me anɔ lalam be Yehowa naɖɔ nɔnɔmea ɖo alo akpɔ kuxia gbɔ o. Ele be míawɔ nu wòawɔ ɖeka kple míaƒe gbedodoɖawo. (Rom. 12:11) Ekema míaƒe nuwɔnawo aɖee afia be míele gbe dom ɖa le anukwareɖiɖi me, eye esia ana Yehowa nayra mí. Gake ele be wòanɔ susu me na mí hã be Yehowa ate ŋu awɔ nu wòagbɔ nu siwo míebianɛ alo kpɔa mɔ be wòawɔ na mí la ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, ewɔa nu siwo míasusu kura be awɔ o. Na míadzro Biblia me ŋutinya siwo ana míagaka ɖe ŋutete si le Yehowa si be wòawɔ nu siwo míele mɔ kpɔm na o na mí la dometɔ aɖewo me.

ALE SI YEHOWA WƆA NU SIWO ESUBƆLAWO MEKPƆA MƆ NA O ƑE KPƆÐEŊU AÐEWO

12. (a) Nu kae Fia Hizkiya wɔ esime Asiria Fia Senakerib tso ɖe eŋu? (b) Nu kae míesrɔ̃ tso ale si Yehowa kpɔ kuxia gbɔe me?

12 Ne míele Ŋɔŋlɔawo me dzrom la, enuenu la, míekpɔa ale si Yehowa wɔa nu si esubɔlawo menɔ mɔ kpɔm na o la ƒe kpɔɖeŋuwo. Fia Hizkiya nɔ agbe le ɣeyiɣi si me Asiria Fia Senakerib ho aʋa ɖe Yuda ŋu hexɔ eƒe du sesẽwo katã negbe Yerusalem ko la me. (2 Fia. 18:1-3, 13) Emegbe, Senakerib va trɔ ɖe Yerusalem ŋu be yeaxɔe. Nu kae Fia Hizkiya wɔ le nɔnɔme sesẽ sia me? Edo gbe ɖa na Yehowa eye wòbia aɖaŋuɖoɖo tso nyagblɔɖila Yesaya gbɔ. (2 Fia. 19:5, 15-20) Azɔ hã, Hizkiya wɔ nu si wòkpɔ be esɔ esi wòxe adzɔ si Senakerib ka nɛ la. (2 Fia. 18:14, 15) Mlɔeba, edzra ɖo ɖe amedzidzedzea ŋu. (2 Kron. 32:2-4) Gake aleke nuwo va yii? Yehowa dɔ mawudɔla ɖeka ɖa wòɖawu Senakerib ƒe asrafo 185,000 sɔŋ le zã ɖeka me. Hizkiya ŋutɔ hã mekpɔ mɔ be nuwo ava yi alea o!—2 Fia. 19:35.

Nu kae míesrɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe Yosef dzi me?​—1 Mose 41:⁠42 (Kpɔ memama 13)

13. (a) Nu kae míesrɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe Yosef dzi me? (b) Nu kae dzɔ le Abraham srɔ̃, Sara, gome si Sara menɔ mɔ kpɔm na kura o?

13 Bu Yakob viŋutsu Yosef ŋu kpɔ. Esime Yosef nɔ tomegaxɔ me le Egipte la, ɖe wòva susu me nɛ kpɔ be yeava zu amegã si anye Farao ƒe gɔmenɔla le dukɔ ma me alo be Yehowa ato ye dzi axɔ yeƒe ƒomea ɖe agbe esime dɔ to le anyigba la dzia? (1 Mose 40:15, etenuŋɔŋlɔ; 41:39-43; 50:20) Gake nu si Yehowa va wɔ la ƒo nu sia nu si ava susu me na Yosef la ta. Bu Yosef mamagã, Sara hã ŋu kpɔ. Ðe Sara, si ku nyagã la kpɔ mɔ be Yehowa ana ye ŋutɔ yeadzi ŋutsuvi, ke menye be yeaxɔ ŋutsuvi si yeƒe kosi la dzi na ye la be wòanye ye vi ko oa? Meva susu me na Sara kpɔ be yeadzi Isak o.—1 Mose 21:1-3, 6, 7.

14. Nu kae míeka ɖe edzi be Yehowa ate ŋu awɔ na mí?

14 Le nyateƒe me la, mímekpɔa mɔ be Yehowa naɖe míaƒe kuxiwo katã ɖa nukutɔe hafi xexe yeye si ŋugbe wòdo la nava o; nenema kee mímenɔa mɔ kpɔm kokoko be nu wɔnukuwo nadzɔ le míaƒe agbe me o. Gake míenyae be Mawu si kpe ɖe esubɔlawo ŋu le mɔ wɔnukuwo nu lae nye mía Mawu, Yehowa. (Xlẽ Yesaya 43:10-13.) Esia ta míeka ɖe Yehowa dzi eye míexɔ eyama dzi se. Míenyae be ate ŋu awɔ nu sia nu si hiã be wòado ŋusẽ mí be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu bliboe. (2 Kor. 4:7-9) Nu kawoe míesrɔ̃ tso Biblia me ŋutinya siawo me? Abe ale si Hizkiya, Yosef kple Sara ƒe kpɔɖeŋuawo ɖee fia ene la, Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu nu siwo gbɔ míaƒe ŋutete ŋu la dzi ne míeyi edzi wɔ nuteƒe nɛ.

Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu nu siwo gbɔ míaƒe ŋutete ŋu la dzi ne míeyi edzi wɔ nuteƒe nɛ

15. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be “Mawu ƒe ŋutifafa” nakpɔtɔ anɔ kpli mí, eye nu kae ana esia nanya wɔ?

15 Aleke wòate ŋu adzɔe be “Mawu ƒe ŋutifafa” nakpɔtɔ anɔ kpli mí ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã? Eyae nye be ƒomedodo nyui nanɔ mía kple mía Mawu, Yehowa, dome. Kristo Yesu ƒe tafevɔsa lae ʋu mɔ ɖi be ƒomedodo sia nanɔ mía kple Mawu dome. Tafe la ganye mía Fofo la ƒe nukudɔwo dometɔ ɖeka. Yehowa toa tafea dzi tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí, si wɔnɛ be dzitsinya nyui sua mía si eye míeva tena ɖe eŋu kplikplikpli.—Yoh. 14:6; Yak. 4:8; 1 Pet. 3:21.

ADZƆ MÍAƑE DZIWO KPLE MÍAƑE TAMESUSUWO ŊU

16. Ne “Mawu ƒe ŋutifafa” su mía si la, aleke wòaɖe vi na mí? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

16 Viɖe kae wòanye na mí ne “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la” su mía si? Ŋɔŋlɔawo ɖo eŋu be ‘adzɔ míaƒe dziwo kple míaƒe tamesusuwo ŋu to Kristo Yesu dzi.’ (Flp. 4:7) Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘dzɔ eŋu’ la nye asrafowo ƒe nyagbɔgblɔ aɖe si fia asrafoha si wode dɔ asi na be wòadzɔ du aɖe ŋu. Du ma ƒomevie Filipi nye. Filipi dua me nɔlawo ɖea dzi ɖi dɔa alɔ̃ le zã me le esi wonyae be asrafowo le yewoƒe dua ŋu dzɔm ta. Nenema kee, ne “Mawu ƒe ŋutifafa” su mía si la, míaƒe susu dzea akɔ anyi eye míaƒe dzi dzea eme. Míenyae be Yehowa léa be na mí eye edi be eme nanyo na mí. (1 Pet. 5:10) Esia nye takpɔkpɔ na mí, elabe ewɔnɛ be xaxawo kple dziɖeleameƒo menana míetsia dzimaɖi fũu akpa o.

17. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le xaxa gã la me?

17 Eteƒe madidi o, xaxa gã si tɔgbi meva xexea me kpɔ o la ava anyigba dzi. (Mat. 24:21, 22) Mímenya ale si tututu nɔnɔmeawo anɔ na mía dometɔ ɖe sia ɖe ɣemaɣi o. Ke hã, mehiã be míatsi dzimaɖi fũu le ema ta o. Togbɔ be míenya nu sia nu si Yehowa awɔ o hã, míenya mía Mawu la. Ale si wòwɔ nuwoe le blema la na míekpɔe be nu ka kee ɖadzɔ o, Yehowa ana tame si wòɖo la nava eme godoo, eye ɣeaɖewoɣi la, ewɔa esia le mɔ si esubɔlawo manɔ mɔ kpɔm na o nu. Ɣesiaɣi si Yehowa wɔ nu ɖe mía ŋu alea la, míegava kpɔa “Mawu ƒe ŋutifafa si ƒo gɔmesesewo katã ta” la nyuie wu.

^ mm. 1 Edze abe Romatɔe Sila hã nye ene.—Dɔw. 16:37.