Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Míawɔ Aɖe Amenyenye Xoxoa Ða Ahate Ða Le Eŋu Kura

Ale Si Míawɔ Aɖe Amenyenye Xoxoa Ða Ahate Ða Le Eŋu Kura

“Miɖe amenyenye xoxo la kple eƒe nuwɔnawo ɖa.”KOL. 3:9.

HADZIDZI: 121, 142

1, 2. Nu kae amewo de dzesi le Yehowa Ðasefowo ŋu?

AME geɖe de dzesii be nɔnɔme nyuiwo le Yehowa ƒe amewo si. Le kpɔɖeŋu me, agbalẽŋlɔla Anton Gill ŋlɔ tso nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo nɔ Nazi Germany ŋu be: “Nazitɔwo lé fu Yehowa Ðasefowo vevie. . . . Kaka ƒe 1939 naɖo la, wo dometɔ 6,000 sɔŋ ye nɔ [fuwɔamesaɖawo] me.” Agbalẽŋlɔlaa gblɔ kpee be, togbɔ be woti Ðasefowo yome kutɔkutɔe hã la, woɖee fia be “wonye ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo eye wofa tu,” eye “wonye nuteƒewɔlawo kple ame siwo léa nɔvisi.”

2 Nyitsɔ laa la, amewo de dzesi nɔnɔme nyui mawo tɔgbi le Mawu ƒe amewo ŋu le South Africa. Gake ɣeaɖeɣi va yi la, Ðasefo siwo ƒe ŋutigbalẽ to vovo la metea ŋu dea ha kple wo nɔewo faa o, le dukɔa ƒe se ta. Ke hã, le Kwasiɖagbe, December 18, 2011 dzi la, ewɔ nuku na amewo be wokpɔ nɔvi siwo wu 78,000 siwo ƒe ŋutigbalẽ to vovo eye wotso South Africa kple anyiehe Afrika dukɔ bubuwo me la va ƒo ƒu wɔ takpekpe le Johannesburg ƒe fefewɔƒe gãtɔ. Esi fefewɔƒea dzi kpɔlawo dometɔ ɖeka nɔ nu ƒom tso vavalawo ŋu la, egblɔ be: “Esiae nye amewo ƒe ƒuƒoƒo nyuitɔ kekeake si mekpɔ kpɔ le fefewɔƒe sia. Ame sia ame do awu nyuie. Eye miedzra fefewɔƒea ɖo wònya le kpɔkpɔm ŋutɔ. Gake esi gaɖe dzesi wue nye be, togbɔ be mietso dukɔ vovovowo me hã, miewɔ ɖeka vavã.”

3. Nu kae na míaƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa le etɔxɛ?

3 Nya mawo siwo ame siwo menye Ðasefowo o la gblɔ tso míaƒe xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa ŋu la ɖee fia be míele etɔxɛ vavã. (1 Pet. 5:9) Gake nu kae na míeto vovo tso habɔbɔ bubu ɖe sia ɖe gbɔ? Nu si na míeto vovoe nye be Mawu ƒe Nya la kple eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe mía ŋu míeku kutri vevie ‘ɖe amenyenye xoxoa ɖa.’ Eye le esia teƒe la, ‘míedo amenyenye yeye la.’—Kol. 3:9, 10.

4. Nu ka mee míadzro le nyati sia me, eye nu ka tae?

4 Ne míeɖe amenyenye xoxoa ɖa vɔ la, ehiã be míate ɖa le eŋu kura. Le nyati sia me la, míadzro ale si míaɖe amenyenye xoxoa ɖa, nu si tae esia wɔwɔ hiã kpata kple nu si tae wòanya wɔ be ame natrɔ eƒe agbenɔnɔ, aleke kee wòɖaƒo eɖokui ɖe nuwɔna gbegblẽwo me o la me. Azɔ hã, míadzro ale si ame siwo le nyateƒea me ƒe geɖe la awɔ be woayi edzi aƒo asa na amenyenye xoxo si woɖe ɖa la me. Nu ka tae ŋkuɖodzinya siawo hiã? Nublanuitɔe la, ame aɖewo siwo nɔ Yehowa subɔm tsã la megava nɔ ŋudzɔ o, eye wogatrɔ ɖe woƒe tsãgbenɔnɔa ŋu. Esia tae wòle be míaɖo ŋku nuxlɔ̃amenya sia dzi be: “Ame si susu be yele tsitre la nakpɔ nyuie be wòagadze anyi o.”—1 Kor. 10:12.

“MIWU” DZODZRO ÐE SIA ÐE “LE GBƆDƆDƆ MANƆSENU” GOME

5. (a) Wɔ nu si tae wòhiã kpata be míaɖe amenyenye xoxoa ɖa ƒe kpɔɖeŋu. (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Le Kolosetɔwo 3:5-9 ƒe nya nu la, nuwɔna kawoe nye amenyenye xoxoa ƒe akpa aɖe?

5 Ne awu si le ŋuwò la ƒo ɖi alo le ʋeʋẽm la, nu kae nàwɔ? Àɖe awu ƒoɖia kaba ale si wòanya wɔe. Nenema kee wòhiã kpata be míawɔ ɖe sedede si nye be míaɖe asi le numame siwo tsi tsitre ɖe Mawu ƒe amenyenye ŋu la ŋu. Míedi be míawɔ ɖe nuxlɔ̃amenya si me kɔ ƒãa, si Paulo gblɔ na Kristotɔwo le eƒe ŋkekea me be, “Miɖe asi le nu siawo katã ŋu keŋkeŋ” la dzi. Na míadzro nu vɔ̃ gbenɔnɔ ƒomevi eve siwo hã ŋu Paulo ƒo nu tsoe la me. Esiawoe nye gbɔdɔdɔ manɔsenu kple makɔmakɔnyenye.—Xlẽ Kolosetɔwo 3:5-9.

6, 7. (a) Aleke Paulo ƒe nyawo ɖee fia be ebia kutrikuku hafi míate ŋu aɖe amenyenye xoxoa ɖa? (b) Agbe ka ƒomevie Sakura nɔna tsã, eye nu kae do ŋusẽe wòdzudzɔ agbe ma nɔnɔ?

6 Gbɔdɔdɔ manɔsenu. Le Biblia me la, “gbɔdɔdɔ manɔsenu” lɔ ame siwo meɖe wo nɔewo le se nu o ƒe dɔdɔ, kpakple ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ hã ɖe eme. Paulo gblɔ na ehati Kristotɔwo be ‘woawu’ woƒe ‘ŋutinuwo,’ si fia be woaɖu dzodzro ɖe sia ɖe si ku ɖe “gbɔdɔdɔ manɔsenu” ŋu la dzi. Nya siwo Paulo zã la ɖee fia be ebia kutrikuku be woaɖu dzodzro mawo dzi keŋkeŋ. Ke hã, míate ŋu aɖu aʋa si wɔm míele kple nu vɔ̃ ƒe dzodzrowo la dzi.

7 Bu nu si me Sakura, * si tso Japan to la ŋu kpɔ. Esime wònye sɔhɛ la, esena le eɖokui me enuenu be yetsi akogo eye viɖe aɖeke mele ye ŋu o. Tso esime wòxɔ ƒe 15 la, eva nɔ gome kpɔm le gbɔdɔnuwɔnawo me kple ame vovovowo ale be yeatsi yeƒe akogotsitsia nu. Egblɔ kple ŋukpe be: “Agbenɔnɔ sia wɔe be meɖe fu zi etɔ̃.” Egblɔ hã be: “Le gɔmedzedzea me la, ne nye kple ame aɖe míedɔ la, mesena le ɖokuinye me be mele dedie le esi mesusuna be asixɔxɔ le ŋunye eye wolɔ̃m ta. Gake zi ale si mekpɔ gome le gbɔdɔnuwɔnawo me la, zi nenemae meva kpɔe be nyemele dedie kura o.” Sakura yi agbenɔnɔ sia dzi va se ɖe esime wòxɔ ƒe 23. Emegbe, elɔ̃ Ðasefowo va nɔ Biblia srɔ̃m kplii. Sakura lɔ̃ nu si srɔ̃m wònɔ, eye le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, eva ɖu fɔbuameɖokui ƒe seselelãme sẽŋu kple ŋukpe si nɔ eyama me la dzi eye wòdzudzɔ gomekpɔkpɔ le gbɔdɔdɔ manɔsenu me. Sakura nye gbesiagbe mɔɖela fifia, eye megasena le eɖokui me be yetsi akogo azɔ o. Ke boŋ eya ŋutɔ gblɔ be, “Mele dzidzɔ kpɔm gbe sia gbe, elabena Yehowa lɔ̃m.”

ALE SI MÍAWƆ AÐU NUWƆNA MAKƆMAKƆWO DZI

8. Nu siwo ate ŋu ana be mía ŋu makɔ le Mawu ŋkume o la dometɔ aɖewo ɖe?

8 Makɔmakɔnyenye. Biblia me nya si gɔme woɖe be “makɔmakɔnyenye” la lɔ nu geɖe ɖe eme wu gbɔdɔdɔ manɔsenu ko. Ate ŋu afia atama alo sigaret nono, si gblẽa nu le ame ŋu, alo fefenya madzetowo gbɔgblɔ. (2 Kor. 7:1; Ef. 5:3, 4) Elɔ nu makɔmakɔ siwo ame wɔna le ɣaɣlaƒe, abe agbalẽ siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me la xexlẽ alo amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ, siwo ate ŋu ana ameɖokuigbɔdɔdɔ si nye nuwɔna makɔmakɔ la nava zu numame na ame ene, hã ɖe eme.—Kol. 3:5. *

9. Nu kawoe ate ŋu anye “gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃” me tsonuwo?

9 “Gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃” va nyɔna ɖe ame siwo tsɔ amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ɖo dɔe la me, eye esia wɔnɛ be gomekpɔkpɔ le gbɔdɔdɔ me atraɖii va zua numame na wo. Numekuku ɖee fia be nanewo siwo ɖea dzesi le ame siwo ahanono kple atike vɔ̃ɖiwo zazã zu numame na ŋu la ɖea dzesi le ame siwo amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ zu numame na hã ŋu. Mewɔ nuku o be amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ gblẽa nu le ame ŋu vevie. Emetsonu aɖewoe nye, ŋukpe ƒe seselelãme sẽŋu, fɔmalémalé ɖe dɔ ŋu, ƒomegbenɔnɔ si me dzidzɔ mele o, srɔ̃gbegbe kple ameɖokuiwuwu. Ŋutsu aɖe si amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ zu numame na hafi wòva dzudzɔ la gblɔ le ƒe ɖeka megbe be: “Azɔ megase le ɖokuinye me be bubu le ŋunye.”

10. Aleke Ribeiro wɔ te ŋu ɖu amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ si zu numame nɛ la dzi?

10 Le ame geɖe gome la, ele be woayi edzi anɔ ʋiʋlim vevie be woaɖu amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ si zu numame na wo la dzi. Ke hã, abe ale si Ribeiro si tso Brazil ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia ene la, woate ŋu aɖu aʋa la dzi. Ribeiro dzo le aƒe me esime wònye ƒewuivi, eye emegbe eva nɔ dɔ wɔm le dɔwɔƒe aɖe si trɔa asi le pepa xoxowo ŋu hena zazã. Afi mae wòte amamaɖeɖenuwɔnawo ƒe fotowo kpɔkpɔ le agbalẽwo me le. Egblɔ be: “Vivivi la, eva zu numame nam. Numamea nu va sẽ ale gbegbe be menɔa mɔ kpɔm vevie be nye kple nyɔnu si míeli la nado le aƒea me kaba ale be mate ŋu akpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo ƒe videowo.” Ke gbe ɖeka la, Ribeiro kpɔ agbalẽ aɖe le pepa xoxo siwo ŋu woƒe dɔwɔƒea atrɔ asi le hena zazã la dome eye wòkpɔe be eƒe tanyae nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona. Etsɔe eye wòxlẽe. Nu si wòsrɔ̃ le agbalẽa me la ʋãe wòlɔ̃ be Yehowa Ðasefowo nasrɔ̃ Biblia kpli ye, ke hã, exɔ ɣeyiɣi didi hafi wòte ŋu va ɖu eƒe numame gbegblẽa dzi. Nu kae kpe ɖe eŋu wòte ŋu va ɖu edzi mlɔeba? Egblɔ be: “Gbedodoɖa, Biblia-sɔsrɔ̃ kple ŋugbledede le nu siwo mesrɔ̃ ŋu kpe ɖe ŋunye meva kpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nyoameŋuawo ŋu ale gbegbe be nye lɔlɔ̃ na Yehowa nu va sẽ wu dzodzro si nɔ menye be makpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo.” Mawu ƒe Nya la kple eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe Ribeiro ŋu wòɖe amenyenye xoxoa ɖa hexɔ nyɔnyrɔ, eye fifia ezu hamemetsitsi.

11. Nu kae wòhiã be ame nawɔ hafi ate ŋu adzudzɔ amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ?

11 De dzesii be hafi Ribeiro naɖu aʋaa dzi la, ehiã be wòawɔ nu ayi ŋgɔ wu Biblia-sɔsrɔ̃ ko. Ehiã be wòadi ɣeyiɣi ade ŋugble le nu si wòsrɔ̃ ŋu ale be Biblia me gbedeasia nawɔ dɔ ɖe eƒe dzi dzi. Gbedodoɖa kple ŋugbledede kpe ɖe eŋu ale gbegbe be eƒe lɔlɔ̃ na Mawu nu va sẽ wu dzodzro sẽŋu si nɔ eme be wòakpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo. Mɔ nyuitɔ si dzi ame ato aɖe asi le amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ŋu keŋkeŋ ye nye be wòadze agbagba vevie alɔ̃ Yehowa kple dzi blibo eye wòalé fu vɔ̃.—Xlẽ Psalmo 97:10.

MIÐE DZIKU, NYA VEAME KPLE AƲATSOKAKA ÐA

12. Nu kae kpe ɖe Stephen ŋu wòɖe asi le dziku kple nya veamewo gbɔgblɔ ŋu?

12 Zi geɖe la, ame siwo doa dziku kabakaba tea ŋu gblɔa nya veamewo ɖe amewo ŋu le esi wodo dziku ta. Edze ƒãa be nɔnɔme sia mate ŋu ana dzidzɔ nanɔ ƒomea me o. Stephen, si nye vifofo aɖe le Australia, gblɔ be: “Tsã la, melɔ̃a nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ, eye medoa dziku kabakaba le nu maɖinuwo ta. Nye kple srɔ̃nye dome klã zi etɔ̃ sɔŋ eye míedze ɖoɖowo wɔwɔ gɔme be míagbe mía nɔewo.” Gake, Ðasefowo va dze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme kple atsu kple asi sia. Esi Stephen va te wɔwɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi la, viɖe kae do tso eme? Egblɔ be: “Nuwo trɔ le míaƒe ƒomea me ŋutɔ. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, nye dzi dze eme ale gbegbe eye nye susu dze akɔ anyi.” Egblɔ be, hafi yeava nya Yehowa la, yedoa dziku ɖe nu maɖinuwo ta ale gbegbe be ɖeko yenɔ abe bɔmb si ate ŋu awó zi ɖeka kpoyi ene. Fifia, Stephen nye subɔsubɔdɔwɔla, eye srɔ̃a nye gbesiagbe mɔɖela ƒe aɖewoe nye esia. Hamemetsitsi siwo le woƒe hamea me gblɔ be: “Stephen nye ame fatu kple dɔ sesẽ wɔla, eye ebɔbɔ eɖokui hã.” Womeɖo ŋku edzi be yewokpɔe wòdo dziku kpɔ o. Ðe Stephen gblɔ be ye ŋutɔ yeƒe agbagbadzedzee na yetrɔ alea? Stephen gblɔ be: “Ne ɖe nyemelɔ̃ xɔ kpekpeɖeŋu si Yehowa nam be matrɔ nye amenyenye keŋkeŋ o la, anye ne yayra wɔnuku siawo dometɔ aɖeke masu asinye o.”

13. Nu ka tae dzikudodo tea ŋu gblẽa nu ŋutɔ, eye nuxlɔ̃amenya kae Biblia gblɔ tso eŋu?

13 Susu nyuiwo tae Biblia xlɔ̃ nu mí be míaƒo asa na dziku, nya veamewo gbɔgblɔ kple ɣlidodo ɖo. (Ef. 4:31) Nublanuitɔe la, nɔnɔme siawo tea ŋu kplɔa ame dea ŋutasẽnuwɔwɔ me zi geɖe. Xexea me tɔwo ate ŋu asusui be naneke megblẽ le dzikudodo kple adãwɔwɔ ŋu o, gake nɔnɔme siawo medea bubu mía Wɔla la ŋu o. Eva hiã be ame geɖe naɖe asi le nɔnɔme gbegblẽ siawo ŋu hafi ate ŋu ado amenyenye yeyea.—Xlẽ Psalmo 37:8-11.

14. Ðe wòanya wɔ be ame aɖe si nye dzikume nava zu ame fafa?

14 Bu Hans si nye hamemetsitsi le Austria ŋu kpɔ. Hame si me wòle ƒe hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla gblɔ tso eŋu be: “Enye nɔvi siwo fa tu wu, siwo gbɔ nɔnɔ ado dzidzɔ na wò la dometɔ ɖeka.” Gake menye aleae Hans nɔ tsã o. Esime wònye ƒewuivi la, eva te aha tsu nono, eye esia wɔe be wòva zu adãwɔla. Gbe ɖeka, esi wòno aha mu eye wòdo dziku helĩhelĩ la, ewu eƒe ahiãvi, eye wolée heka ƒe 20 sɔŋ nɛ be wòatsɔ anɔ gaxɔ me. Gaxɔmenɔnɔ gɔ̃ hã mena Hans dzudzɔ dzikudodo o. Gake ɣeyiɣi aɖe megbe la, dadaa wɔ ɖoɖo be hamemetsitsi aɖe nayi aɖakpɔe ɖa le gaxɔa me, eye Hans lɔ̃ be wòasrɔ̃ Biblia kpli ye. Egblɔ be: “Avu kple kɔe wònye nam be maɖe amenyenye xoxoa ɖa. Mawunyakpukpui siwo de dzi ƒo namee nye Yesaya 55:7, si gblɔ be: ‘Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ ŋu,’ kple 1 Korintotɔwo 6:11, si gblɔ tso ame siwo ɖe asi le nu vɔ̃ gbenɔnɔ ŋu be: ‘Gake nenemae mia dometɔ aɖewo nɔ tsã.’ Yehowa kpe ɖe ŋunye ƒe geɖe to eƒe gbɔgbɔa dzi medo amenyenye yeye la.” Esi Hans nɔ gaxɔ me ƒe 17 kple afã megbe la, woɖe asi le eŋu. Ɣemaɣi la, exɔ nyɔnyrɔ zu Kristotɔ xoxo. Egblɔ be: “Meda akpe na Yehowa ɖe eƒe nublanuikpɔkpɔ kple tsɔtsɔke manyagblɔ la ta.”

15. Nuwɔna kae bɔ egbea, gake nya kae Biblia gblɔ tso eŋu?

15 Alakpadada hã nye amenyenye xoxoa ƒe akpa aɖe abe nya veamewo gbɔgblɔ ke ene. Le kpɔɖeŋu me, amewo daa alakpa le adzɔ si wòle be woaxe gome alo wodaa alakpa le esi wodi be woaƒo asa na woƒe nu vɔ̃wo me tsonu ta. Gake, Yehowa nye “nyateƒe Mawu.” (Ps. 31:5) Eya ta, edi tso esubɔlawo “dometɔ ɖe sia ɖe” si be ‘wòato nyateƒe na ehavi,’ ke menye be ‘wòaka aʋatso o.’ (Ef. 4:25; Kol. 3:9) Eya ta, ele be míato nyateƒe, ne esia ana míaɖu ŋukpe alo ne esia wɔwɔ asesẽ gɔ̃ hã.—Lod. 6:16-19.

ALE SI WOWƆ ÐU NƆNƆME GBEGBLẼWO DZI

16. Aleke míawɔ aɖe amenyenye xoxoa ɖa?

16 Mímate ŋu aɖe amenyenye xoxoa ƒe nɔnɔmewo ɖa le míawo ŋutɔwo ƒe ŋusẽ me o. Ame siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia me, siwo nye Sakura, Ribeiro, Stephen kple Hans ʋli vevie ɖe asi le nuwɔna gbegblẽwo ŋu. Nu si kpe ɖe wo ŋue nye be woɖe mɔ Mawu ƒe Nyaa kple eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe tamesusu kple dzi dzi. (Luka 11:13; Heb. 4:12) Hafi Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe ŋusẽ naɖe vi na mí la, ele be míanɔ Biblia xlẽm gbe sia gbe, anɔ ŋugble dem le nu si míexlẽ ŋu ahanɔ gbe dom ɖa madzudzɔmadzudzɔe be Mawu ƒe nunya nasu mía si eye wòado ŋusẽ mí be míawɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi. (Yos. 1:8; Ps. 119:97; 1 Tes. 5:17) Azɔ hã, Mawu ƒe Nyaa kple eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe mía ŋu ne míedzrana ɖo ɖe hamea ƒe kpekpewo ŋu hedea kpekpeawo edziedzi. (Heb. 10:24, 25) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, anyo be míawɔ mɔnu bubu siwo dzi Mawu tona naa gbɔgbɔmenuɖuɖu eƒe amewo le xexea me godoo egbea hã ŋu dɔ. Esia ƒe ɖewoe nye míaƒe magazinewo, JW Nyakakadɔwɔƒea, JW Library kple jw.org nyatakakadzraɖoƒea.—Luka 12:42.

Aleke míawɔ aɖe amenyenye xoxoa ɖa? (Kpɔ memama 16)

17. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

17 Míedzro nuwɔna gbegblẽ aɖewo siwo ŋu wòle be Kristotɔwo naɖe asi le keŋkeŋ ahaƒo asa na la me. Gake esia koe Mawu bia tso mía si ale be míaƒe nu nadze eŋua? Ao. Ele be míado amenyenye yeyea hã. Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míadzro amenyenye yeyea ƒe akpa vovovo siwo wòhiã be míado abe awu ene eye woakpɔtɔ anɔ mía ŋu ɖaa la me.

^ mm. 7 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.

^ mm. 8 Kpɔ Questions Young People Ask—Answers That WorkLes jeunes s’interrogent — Réponses pratiques ) gbalẽa, Babla 1 ƒe ta 25 lia.