Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Míado Amenyenye Yeyea Ahana Wòayi Edzi Anɔ Mía Ŋu

Ale Si Míado Amenyenye Yeyea Ahana Wòayi Edzi Anɔ Mía Ŋu

“Mido amenyenye yeye la.”—KOL. 3:10.

HADZIDZI: 126, 28

1, 2. (a) Nu ka tae wòanya wɔ be míado amenyenye yeyea? (b) Amenyenye yeyea ƒe akpa kawo ŋue woƒo nu tsoe le Kolosetɔwo 3:10-14?

“AMENYENYE yeye” la. Nya sia dze le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia la me zi eve. (Ef. 4:24; Kol. 3:10) Efia amenyenye si “wowɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu.” Anya wɔ be míatu amenyenye yeye ma ɖo. Nu ka tae? Nu si tae nye be Yehowa wɔ amegbetɔwo ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme nu, eye esia ta anya wɔ na mí be míaɖe eƒe nɔnɔme nyoameŋuawo afia.—1 Mose 1:26, 27; Ef. 5:1.

2 Enye nyateƒe be, le blibomademade si ƒe dome míenyi tso mía dzila gbãtɔwo gbɔ ta la, dzodzro vɔ̃wo nyɔna ɖe mía me ɣeaɖewoɣi. Ame siwo dome míele ƒe nuwɔnawo hã ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía dzi. Ke hã, esi Yehowa nye nublanuikpɔla ta la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míava zu ame siwo ƒomevi wòdi be míanye. Azɔ, míadzro amenyenye yeye si ŋuti gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ nu tsoe la ƒe akpa vovovo aɖewo me be wòado ŋusẽ mí míaɖoe kplikpaa be míaɖo taɖodzinu ma gbɔ. (Xlẽ Kolosetɔwo 3:10-14.) Azɔ hã, míadzro ale si míaɖe amenyenye yeyea ƒe akpa siawo afia le gbeƒãɖeɖedɔa me la me.

“AME ÐEKAE MI KATÃ MIENYE”

3. Nɔnɔme kae ɖea dzesi le amenyenye yeyea ŋu?

3 Esi Paulo de dzi ƒo na mí be míado amenyenye yeyea vɔ la, eyi edzi ƒo nu tso ameŋkumemakpɔmakpɔ si nye amenyenye yeyea ƒe dzesi vevi aɖe la ŋu. Egblɔ be: “Helatɔ alo Yudatɔ, aʋatsotso alo aʋamatsomatso, amedzro, Skitetɔ, kluvi alo ablɔɖeme meli o.” * Le hamea me la, mele be ame aɖeke nasusu be yenyo wu ame bubuwo le yeƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede, dukɔ si me yetso alo hadomeɖoƒe si le ye si ta o. Nu ka tae? Elabena “ame ɖekae” Kristo yomedzela vavãwo “katã” nye.—Kol. 3:11; Gal. 3:28.

4. (a) Aleke wòle be Yehowa subɔlawo nawɔ nu ɖe amewo ŋu? (b) Nɔnɔme kae ate ŋu agblẽ nu le Kristotɔwo ƒe ɖekawɔwɔ ŋu?

4 Ame siwo do amenyenye yeye la wɔa nu ɖe haxɔsetɔwo kple ame siwo menye haxɔsetɔwo o siaa ŋu bubutɔe, metsɔ le hadomeɖoƒe si le wo si alo ŋutigbalẽ si le wo ŋu me o. (Rom. 2:11) Esia wɔwɔ ate ŋu anye nu sesẽ le dukɔ aɖewo me. Le kpɔɖeŋu me, le South Africa (Afrique du Sud) la, Ðasefowo dometɔ akpa gãtɔ gakpɔtɔ le nuto siwo woɖe ɖe vovo tsã be ame ƒomevi aɖewo ko nanɔ la me—eɖanye nuto siwo me gatɔwo, ameyibɔwo, alo ameyibɔ-yevuwo nɔ tsã o. Eya ta, esi Dɔdzikpɔhaa di be yeade dzi ƒo na nɔviwo be ‘woakeke wo ɖokui’ ta la, le October 2013 me la, woda asi ɖe ɖoɖo tɔxɛ aɖe si akpe ɖe nɔviawo ŋu be woanya wo nɔewo nyuie la dzi. (2 Kor. 6:13) Nu kae ɖoɖo sia lɔ ɖe eme?

5, 6. (a) Ðoɖo kawoe wowɔ be woatsɔ ado ŋusẽ ɖekawɔwɔ si le Mawu ƒe amewo dome la le dukɔ aɖe me? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nu kawoe do tso eme?

5 Wowɔ ɖoɖo na hame eve siwo ƒe gbegbɔgblɔ to vovo alo hame eve siwo dometɔ ɖeka me tɔwo nye yevuwo eye evelia me tɔwo nye ameyibɔwo la be woawɔ nu ɖekae le kwasiɖanuwuwu aɖewo. Nɔvi siwo le hame eveawo me la de gbeadzi ɖekae, wode kpekpewo ɖekae eye woɖu nu kple wo nɔewo le woƒe aƒewo me. Hame alafa geɖe kpɔ gome le ɖoɖo sia me, eye alɔdzedɔwɔƒea xɔ nyatakaka nyui geɖewo tso ɖoɖo sia ŋu tso nɔviwo kple ame siwo menye Ðasefowo o gɔ̃ hã gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, esia ʋã osɔfo aɖe wògblɔ be, “Menye Ðasefoe menye o, gake magblɔ be miewɔ ɖoɖo ɖe miaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu nyuie ŋutɔ, eye togbɔ be miaƒe habɔbɔa me tɔwo ƒe ŋutigbalẽ to vovo hã, miewɔ ɖeka vavã.” Dɔ nyui kae ɖoɖo sia wɔ ɖe mía nɔviwo dzi?

6 Gbã la, nɔvinyɔnu Xhosa-gbedola aɖe si ŋkɔe nye Noma la nɔ hehem ɖe megbe be yeakpe nɔvi siwo nye yevuwo, siwo le Eŋlisigbe hame me la ava yeƒe aƒe tsɛ la me. Gake esi eya kple Ðasefo siwo nye yevuwo wɔ dɔ ɖekae le gbeadzi eye wokpee va woƒe aƒe me hede ha ɖekae la, ewɔ nuku nɛ wògblɔ be, “Ðeko wole abe míawo ke ene!” Eya ta esi wòva ɖo woƒe hamea, si nye Xhosa-gbedolawo ƒe hamea, dzi be woawɔ amedzro na Eŋlisigbedolawo ƒe hamea me tɔwo la, eɖa nu hekpe wo dometɔ aɖewo va eƒeme. Hamemetsitsi yevu aɖe hã nɔ amekpekpeawo dome. Noma gblɔ be, “Ewɔ nuku nam be elɔ̃ be yeanɔ anyi ɖe aŋego sue aɖe dzi.” Ðoɖo sia wɔe be nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo va dze xɔlɔ̃ yeyewo eye woɖoe kplikpaa be yewoakeke yewo ɖokui.

‘MIDO DƆMETƆTRƆ ƑE VEVESEÐEAMENU KPLE DƆMENYONYO’

7. Nu ka tae wòhiã be míaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu ɣeawokatãɣi?

7 Zi ale si Satana ƒe xexea kpɔtɔ li la, xaxawo ava mía dzi godoo. Nu siwo ɖea fu na mí ƒe ɖewoe nye dɔmakpɔwɔe, dɔlélewo, yometiti, dzɔdzɔmefɔkuwo, adzodada míaƒe nunɔamesiwo kple bubuawo. Hafi míate ŋu akpe ɖe mía nɔewo ŋu le nɔnɔme sesẽwo kple xaxawo me la, ele be míaɖe dɔmetɔtrɔ vavã afia. Ne míaƒe dɔme trɔna ɖe mía nɔviwo ŋu la, esia aʋã mí míanyo dɔme na wo. (Ef. 4:32) Amenyenye yeyea ƒe akpa sia akpe ɖe mía ŋu míasrɔ̃ Mawu eye míanye akɔfafatsoƒe na ame bubuwo.—2 Kor. 1:3, 4.

8. Ne míaƒe dɔme trɔna ɖe hamea me tɔwo katã ŋu eye míenyoa dɔme na wo la, nu nyui kawoe dona tso eme? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

8 Aleke míate ŋu anyo dɔme na hamea me tɔ siwo tso dukɔ bubu me alo esiwo dzi nu mede o la geɖe wu? Ehiã be míadze xɔlɔ̃ ame siawo tɔgbi eye míakpe ɖe wo ŋu woakpɔe be yewole akpa vevi aɖe wɔm le hamea me. (1 Kor. 12:22, 25) Bu nu si me Dannykarl si ʋu tso Philippines yi Japan la to ŋu kpɔ. Womewɔa nu ɖe eŋu nyuie le dɔwɔƒe abe ale si wowɔa nu ɖe dɔwɔla susɔeawo siwo nye nutoa me tɔwo la ŋu ene o. Gbe ɖeka, ede Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe aɖe. Dannykarl gblɔ be: “Ame siwo va kpekpea la dometɔ akpa gãtɔ nye Japantɔwo, ke hã, woxɔm nyuie, abe ɖe míenya mía nɔewo xoxo ene.” Woyi edzi nɔ nu wɔm ɖe eŋu dɔmenyotɔe, si wɔe be wòwɔ ŋgɔyiyi le mawusubɔsubɔ me. Exɔ nyɔnyrɔ, eye fifia enye hamemetsitsi. Hamemetsitsi susɔeawo gblɔ be Dannykarl kple srɔ̃a, Jennifer, wonye yayra na hamea. Hamemetsitsiawo gblɔ tso wo ŋu be, “Wonye mɔɖela siwo nɔa agbe tsɛ eye woɖoa kpɔɖeŋu nyui le Fiaɖuƒea ƒe nuwo tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ me.”—Luka 12:31.

9, 10. Gblɔ nu siwo dona tso eme ne míeɖe dɔmetɔtrɔ fia le gbeadzi la ƒe kpɔɖeŋu aɖewo.

9 Ne míele gbeƒã ɖem Fiaɖuƒegbedeasia na amewo la, enyea mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe na mí be “míawɔ nyui na amewo katã.” (Gal. 6:10) Esi Ðasefowo ƒe dɔme trɔna ɖe amedzro siwo le woƒe dukɔa me ŋu ta la, wo dometɔ geɖe dze agbagba srɔ̃ gbe bubu aɖe ale be yewoate ŋu agblɔ nya nyuia na wo. (1 Kor. 9:23) Nu nyui geɖe do tso esia me. Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe si ŋkɔe nye Tiffany, si le Australia la srɔ̃ Swahili-gbe ale be yeate ŋu akpe asi ɖe Swahili-gbedolawo ƒe hame si le Brisbane dua me la ŋu. Togbɔ be gbea sɔsrɔ̃ sesẽ na Tiffany hã la, ekpɔ yayra geɖe le eƒe agbagbadzedzewo ta. Egblɔ be: “Ne èdi be yeakpɔ dzidzɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me la, ekema subɔsubɔ le gbe bubu dolawo ƒe hame mee sɔ na wò. Ðeko wòle abe ɖe nèzɔ mɔ yi duta ene, evɔ aƒe ko nèle hafi. Ana nàse vivi na míaƒe xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa kple míaƒe ɖekawɔwɔ wɔnuku la.”

Nu kae ʋãa Kristotɔwo wokpena ɖe amedzro siwo ʋu va woƒe dukɔa me ŋu? (Kpɔ memama 10)

10 Bu ƒome aɖe si le Japan hã ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Sakiko, si nye wo vinyɔnu, gblɔ be: “Le ƒe 1990-awo me la, míedoa go Braziltɔ siwo ʋu va dukɔa me la zi geɖe le gbeadzi. Ne míetsɔ nya siwo dze le Nyaɖeɖefia 21:3, 4 alo Psalmo 37:10, 11, 29 fia wo le Biblia me le Portugalgbe me la, woɖoa to nyuie, eye wofaa aɖatsi ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã.” Gake ƒome sia ƒe dɔmetɔtrɔ mese ɖe afi ma o. Sakiko gblɔ be: “Esi míekpɔe be gbɔgbɔmedɔ le wo wum ta la, míaƒe ƒome bliboa dze Portugalgbe sɔsrɔ̃ gɔme.” Emegbe, ƒomea kpe asi ɖe eŋu woɖo Portugalgbedolawo ƒe hame ɖe dua me. Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, ƒomea yi edzi kpe ɖe amedzrovi geɖewo ŋu wova zu Yehowa subɔlawo. Sakiko gblɔ kpee be: “Portugalgbe sɔsrɔ̃ bia kutrikuku geɖe, gake yayrawo ƒo agbagbadzedzeawo ta sãsãsã. Míedaa akpe na Yehowa geɖe ɖe esia ta.”—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.

“MIDO . . . ÐOKUIBƆBƆ”

11, 12. (a) Nu ka tae wòle vevie be susu nyui nanɔ mía si ku ɖe amenyenye yeyea dodo ŋu? (b) Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi abɔbɔ mía ɖokui?

11 Susu si koŋ ta wòle be míado amenyenye yeyea ɖoe nye be míade bubu Yehowa ŋu, ke menye be míaxɔ kafukafu tso amegbetɔwo gbɔ o. Ðo ŋku edzi be mawudɔla aɖe si de blibo tsã la va wɔ nu vɔ̃, le esi wòɖe mɔ dada va yɔ eyama me ta. (Tsɔe sɔ kple Ezekiel 28:17.) Eya ta, aleke gbegbe wòasesẽ na amegbetɔ nu vɔ̃ mewo be woaƒo asa na dada si mesɔ o kple ɖokuidodoɖedzi ye nye esi! Gake anya wɔ be míado ɖokuibɔbɔ. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia?

12 Hafi míakpɔtɔ anye ɖokuibɔbɔlawo la, ehiã be míadi ɣeyiɣi ade ŋugble le nu si míexlẽna le Mawu ƒe Nyaa me gbe sia gbe la ŋu. (5 Mose 17:18-20) Azɔ hã, ele vevie ŋutɔ be míade ŋugble le Yesu ƒe nufiafiawo kple ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu deblibo si wòɖo ɖi na mí la ŋu. (Mat. 20:28) Yesu klɔ afɔ gɔ̃ hã na eƒe apostoloawo. (Yoh. 13:12-17) Ehiã be míanɔ gbe dom ɖa edziedzi be Mawu ƒe gbɔgbɔa nakpe ɖe mía ŋu be míaganɔ mía ɖokuiwo bum gã wu ame bubuwo o.—Gal. 6:3, 4; Flp. 2:3.

13. Ne míebɔbɔ mía ɖokuiwo la, yayra kawoe míekpɔna?

13 Xlẽ Lododowo 22:4. Yehowa bia tso esubɔlawo katã si be woabɔbɔ wo ɖokuiwo. Ðokuibɔbɔ hea yayra geɖe vɛ. Ðokuibɔbɔ akpe ɖe mía ŋu míana ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nanɔ hamea me. Ðokuibɔbɔ ana hã be Mawu nave mía nu. Apostolo Petro gblɔ be: “Mi katã mido ɖokuibɔbɔ le nuwɔwɔ kple mia nɔewo me, elabena Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.”—1 Pet. 5:5.

“MIDO . . . TUFAFA KPLE DZIGBƆGBƆ BLEWU”

14. Ame kae nye tufafa kple dzigbɔgbɔ blewu ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake na mí?

14 Le xexea me egbea la, amewo bua ame fatuwo kple ame siwo gbɔa dzi blewu la be wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo. Aleke gbegbe woda ƒui ye nye esi! Nɔnɔme nyoameŋu siawo tso Ame si si ŋusẽ le wu le xexe bliboa katã me la gbɔ. Yehowa Mawu ye nye tufafa kple dzigbɔgbɔ blewu ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake na mí. (2 Pet. 3:9) Bu ale si Yehowa to mawudɔla siwo nye eteƒenɔlawo dzi wɔ nu ɖe Abraham kple Lot ŋu esime wobia nyae ŋu kpɔ. (1 Mose 18:22-33; 19:18-21) Azɔ hã, Yehowa gbɔ dzi ɖi blewu le nuwɔwɔ kple Israel dukɔ dzeaglã la me ƒe 1,500 sɔŋ.—Eze. 33:11.

15. Tufafa kple dzigbɔgbɔ blewu ƒe kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo ɖi na mí?

15 Yesu ‘fa tu.’ (Mat. 11:29) Eye eɖe dzigbɔgbɔ blewu geɖe fia esi wòdo dzi tsɔ eyomedzelawo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Le Yesu ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa katã me la, subɔsubɔhakplɔla siwo tsi tsitre ɖe eŋu la tsɔ nya ɖe eŋu madzemadzee gake edo dzi. Eyi edzi fa tu hegbɔ dzi ɖi blewu va de asi na esime wowui madzemadzee. Esi Yesu nɔ veve sem helĩhelĩ le fuwɔametia ŋu la, edo gbe ɖa na Fofoa be netsɔ ame siwo he ye ɖe ati ŋu la ƒe nu vɔ̃wo ke wo, elabena “womenya nu si wɔm wole o.” (Luka 23:34) Togbɔ be enɔ veve sem helĩhelĩ eye nu te ɖe edzi vevie hã, edo dzi va se ɖe nuwuwu. Tufafa kple dzigbɔgbɔ blewu ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi kae nye esi!—Xlẽ 1 Petro 2:21-23.

16. Mɔ kawo nue míate ŋu aɖe tufafa kple dzigbɔgbɔ blewu afia le?

16 Aleke míate ŋu aɖe tufafa kple dzigbɔgbɔ blewu afia? Paulo ƒo nu tso mɔ ɖeka aɖe ŋu esi wòŋlɔ na eƒe haxɔsetɔwo be: “Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu. Ale si ko Yehowa tsɔ ke mi faa la, miawo hã miwɔ nenema ke.” (Kol. 3:13) Vavãe, ebia tufafa kple dzigbɔgbɔ blewu be míawɔ ɖe sedede sia dzi. Gake ne míetsɔna kena faa la, ewɔnɛ be ŋutifafa kpɔtɔ nɔa hamea me eye wònana be ɖekawɔwɔ nɔa anyi.

17. Nu ka tae tufafa kple dzigbɔgbɔ blewu le vevie?

17 Tufafa kple dzigbɔgbɔ blewu menye nɔnɔme siwo Kristotɔ atu ɖo ne edze eŋu o. Ke boŋ nɔnɔme nyui siawo le vevie na míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ. (Mat. 5:5; Yak. 1:21) Gawu la, ne míefaa tu hegbɔa dzi ɖi blewu la, edea bubu Yehowa ŋu eye ekpena ɖe ame bubuwo ŋu wowɔa Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi.—Gal. 6:1; 2 Tim. 2:24, 25.

“MIDO LƆLƆ̃”

18. Kadodo kae le lɔlɔ̃ kple ameŋkumemakpɔmakpɔ dome?

18 Kadodo kplikplikpli le nɔnɔme siwo katã ŋu míeƒo nu tsoe va yi la kple lɔlɔ̃ dome. Le kpɔɖeŋu me, nusrɔ̃la Yakobo ka mo na eŋɔli me Kristotɔwo le esi wowɔa nu ɖe gatɔwo ŋu nyuie wu ame dahewo ta. Eɖee fia be woƒe nɔnɔme ma tsi tsitre ɖe fiasedede si gblɔ be, “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene” la ŋu. Eyome, egblɔ kpee be: “Ne miekpɔa ame ŋkume la, ekema miele nu vɔ̃ wɔm.” (Yak. 2:8, 9) Gake to vovo na ema la, lɔlɔ̃ aʋã mí be míaƒo asa na vovototodede amewo me le woƒe sukudede, ŋutigbalẽ ƒe amadede, alo hadomeɖoƒe ta. Mele be míanɔ nu wɔm abe ɖe mímekpɔa ame ŋkume o ene ko o. Ke boŋ, ele be ameŋkumemakpɔmakpɔ nanye míaƒe amenyenye ƒe akpa aɖe.

19. Nu ka tae wòle vevie be míado lɔlɔ̃?

19 Azɔ hã, lɔlɔ̃ “gbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme,” eye “medoa eɖokui ɖe dzi glodzoo o.” (1 Kor. 13:4) Ebia dzigbɔgbɔ blewu, dɔmenyonyo kple ɖokuibɔbɔ be míayi edzi anɔ Fiaɖuƒegbedeasia gblɔm na míaƒe aƒelikawo. (Mat. 28:19) Nɔnɔme nyui siawo ke nana wònɔa bɔbɔe na mí be míanɔ anyi kple mía nɔviwo katã le ŋutifafa me le hamea me. Yayra kae míekpɔna ne míeɖea lɔlɔ̃ sia fiana? Enana be ɖekawɔwɔ nɔa hameawo me, eye esia dea bubu Yehowa ŋu eye wònana be nyateƒea dzroa ame bubuwo hã. Eya ta, esɔ nyuie be esi Biblia ɖɔ amenyenye yeyea la, eƒo eta kple nyateƒenya wɔdɔɖeamedzi sia be: “Hekpe ɖe nu siawo katã ŋu la, mido lɔlɔ̃, elabena enye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.”—Kol. 3:14.

‘MIYI EDZI MIANƆ MIA ÐOKUI WƆM YEYEE’

20. (a) Nya kawoe wòle be míabia mía ɖokui, eye nu ka tae? (b) Etsɔme nyui kae míele mɔ kpɔm na?

20 Ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be, ‘Nu kae magate ŋu awɔ be maɖe amenyenye xoxoa ɖa ahate ɖa le eŋu kura?’ Ehiã be míanɔ gbe dom ɖa vevie anɔ Mawu ƒe kpekpeɖeŋu biam eye míaku kutri vevie be míaɖu nɔnɔme alo nuwɔna siwo awɔe be mímanyi Mawu Fiaɖuƒea dome o la dzi. (Gal. 5:19-21) Ehiã hã be míabia mía ɖokui be, ‘Ðe meyi edzi le tamesusu ƒe nɔnɔme si kpɔa ŋusẽ ɖe dzinye la wɔm yeyeea?’ (Ef. 4:23, 24) Amenyenye yeyea dodo ahayi edzi ana wòanɔ mía ŋu nye nu si wòle be mí Kristotɔwo katã míayi edzi anɔ wɔwɔm va se ɖe esime míedoe bliboe. Kpɔ ale si gbegbe agbea avivii ne ame sia ame si míenya la do amenyenye yeyea le mɔ deblibo nu ɖa!

^ mm. 3 Le Biblia ŋlɔɣiwo la, woɖia gbɔ Skitetɔwo be woƒe ŋku meʋu o.