Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyateƒea ‘Mehea Ŋutifafa Vɛ O, Ke Yi Boŋ’

Nyateƒea ‘Mehea Ŋutifafa Vɛ O, Ke Yi Boŋ’

“Migabu xaa bena ɖe meva ŋutifafa na ge le anyigba dzi o; nyemeva ŋutifafa na ge o, ke yi boŋ.”—MAT. 10:34.

HADZIDZI: 123, 128

1, 2. (a) Ŋutifafa kae ate ŋu asu mía si fifia? (b) Nu ka tae mímate ŋu anɔ ŋutifafa blibo me fifia o? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

MÍ KATÃ míedina be míanɔ ŋutifafa me, ke menye be míatsi dzimaɖi le agbe me o. Eya ta, míedaa akpe ŋutɔ be Yehowa na nu si Biblia yɔ be “Mawu ƒe ŋutifafa” la mí; enye ŋutifafa ememetɔ si nana míaƒe susu dzea akɔ anyi eye míaƒe dzi dzea eme! (Flp. 4:6, 7) Esi míeɖe adzɔgbe na Yehowa ta la, míele “ŋutifafa me kple Mawu,” si fia be ƒomedodo nyui le mía kplii dome.—Rom. 5:1.

2 Gake ɣeyiɣi si me Mawu ana ŋutifafa blibo naxɔ aƒe ɖi la meɖo haɖe o. Ŋkeke mamlɛ sesẽ siawo me yɔ fũu kple masɔmasɔwo eye ame geɖe menye ŋutifafamewo o. (2 Tim. 3:1-4) Esi míenye Kristotɔwo ta la, ele be míanɔ avuwɔwɔ dzi kple Satana kpakple alakpanufiafia siwo wòdona ɖe ŋgɔ. (2 Kor. 10:4, 5) Gake nu si koŋ gbɔ wòate ŋu atso be míatsi dzimaɖie nye míaƒe ƒometɔ siwo menye haxɔsetɔwo o ƒe tsitretsitsi ɖe mía ŋu. Ƒometɔ siawo ate ŋu aɖe alɔme le mía ŋu le míaƒe dzixɔsewo ta, alo woagblɔ be míele mama dem ƒomea me, alo woado vɔvɔ̃ na mí be yewoagbe nu le mía gbɔ nenye be míedzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o. Ke aleke wòle be míabu ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeameŋui? Aleke míawɔ anɔ te ɖe woƒe tsitretsiɖeŋua nu dzidzedzetɔe?

ALE SI WÒLE BE MÍABU ƑOMETƆWO ƑE TSITRETSIÐEAMEŊUI

3, 4. (a) Nu kae dzɔna ɣeaɖewoɣi le Yesu ƒe nufiafiawo ta? (b) Ɣekaɣie wòate ŋu asesẽ ŋutɔ be ame nadze Yesu yome?

3 Yesu nyae be yeƒe nufiafiawo ade mama amewo dome eye ahiã be dzi nanɔ yeƒe nusrɔ̃lawo ƒo hafi woate ŋu ayi edzi anɔ ye yome ne wotsi tsitre ɖe wo ŋu. Tsitretsiɖeŋu sia ate ŋu agblẽ ƒomewo ƒe ŋutifafa me. Yesu gblɔ be: “Migabu xaa bena ɖe meva ŋutifafa na ge le anyigba dzi o; nyemeva ŋutifafa na ge o, ke yi boŋ. Elabena meva viŋutsu kple fofoa, vinyɔnu kple dadaa, lɔ̃xoyɔvi kple lɔ̃xoa dome ma ge. Ɛ̃, ame ƒe futɔwo anye eya ŋutɔ ƒemetɔwo.”—Mat. 10:34-36.

4 Nya si Yesu gblɔ be ‘Migabu xaa bena ɖe meva ŋutifafa na ge o’ la fia be ele be eƒe nyaselawo dometɔ aɖewo nabu nu siwo adzɔ ɖe wo dzi ne wova zu eƒe nusrɔ̃lawo la ŋu. Eƒe gbedeasia ate ŋu ade mama amewo dome. Ke hã, Yesu ƒe taɖodzinue nye be yeaɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi si nye nyateƒea, ke menye be yeagblẽ ƒomedodowo me o. (Yoh. 18:37) Ke hã, ne mía xɔlɔ̃ kplikplikpli alo ƒometɔ aɖe dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ la, ate ŋu asesẽ be míayi edzi alé Kristo ƒe nufiafiawo me ɖe asi nuteƒewɔwɔtɔe.

5. Nu kawo mee Yesu yomedzelawo to?

5 Yesu na eyomedzelawo nya be ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeameŋu hã le fukpekpe siwo wòle be woakpɔ mɔ na la dome. (Mat. 10:38) Woɖe alɔme le Kristo ƒe nusrɔ̃lawo ŋu eye woƒe ƒometɔwo gbe wo gɔ̃ hã, gake wodo dzi to esiawo me ale be yewoadze Kristo ŋu. Gake teƒeɖoɖo siwo wokpɔ la ƒo nu siwo wotsɔ sa vɔe la ta sãsãsã.—Xlẽ Marko 10:29, 30.

6. Ne míaƒe ƒometɔwo tsi tsitre ɖe mía ŋu le Yehowa subɔsubɔ ta la, nu ka dzie wòle be míaɖo ŋkui?

6 Ne míaƒe ƒometɔwo tsi tsitre ɖe mía ŋu le esi míele Yehowa subɔm ta la, míawo ya míeyia edzi lɔ̃a wo, gake ele vevie be míaɖo ŋku edzi be ele be míalɔ̃ Mawu kple Kristo wu míaƒe ƒometɔwo. (Mat. 10:37) Ele be wòanɔ susu me na mí hã be esi wònye be míelɔ̃ míaƒe ƒometɔwo ta la, Satana adze agbagba be yeawɔ lɔlɔ̃ sia ŋu dɔ atsɔ ate mí akpɔ be míadzudzɔ nuteƒewɔwɔ na Yehowa. Na míadzro nɔnɔme sesẽ aɖewo siwo ate ŋu ado mo ɖa le ƒomea me kple ale si míawɔ akpɔ wo gbɔ dzidzedzetɔe la me.

NE SRƆ̃WÒ MENYE HAXƆSETƆ O

7. Aleke wòle be nɔvi siwo srɔ̃ menye Yehowa subɔla o la nabu nɔnɔme si me wole lae?

7 Biblia na míenya be ame siwo ɖe srɔ̃ la “akpɔ xaxa le ŋutilã me.” (1 Kor. 7:28) Ne srɔ̃wò menye Yehowa subɔla o la, esia ate ŋu adzi dzimaɖitsitsi kple xaxawo ɖe edzi le wò srɔ̃ɖeɖea me. Ke hã, ele vevie be nàbu nɔnɔme si me nèle la abe ale si Yehowa bunɛ ene. Togbɔ be srɔ̃wòa mele lɔlɔ̃m fifia be yeasubɔ Yehowa o hã la, esia mefia be àte ŋu aklã ɖa tso egbɔ alo agbee o. (1 Kor. 7:12-16) Eye togbɔ be srɔ̃wòŋutsu si menye Yehowa subɔla o maxɔ ŋgɔ le subɔsubɔnyawo me o hã la, ele be nàde bubu eŋu, elabe eyae nye ƒomea ƒe ta. Nenema kee wòle na srɔ̃ŋutsu Kristotɔ hã be wòalɔ̃ srɔ̃anyɔnu si menye Yehowa subɔla o la eye wòalé be nɛ ale si dze.—Ef. 5:22, 23, 28, 29.

8. Nya kawoe nàte ŋu abia ɖokuiwò ne srɔ̃wò ɖo seɖoƒe na wò mawusubɔsubɔ?

8 Ke ne srɔ̃wò ɖo seɖoƒe na wò mawusubɔsubɔ ya ɖe? Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu aɖe srɔ̃ gblɔ nɛ be ŋkeke aɖewo dzi koe wòate ŋu akpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me le kwasiɖaa me. Ne èkpɔ ɖokuiwò le nɔnɔme ma tɔgbi me la, bia ɖokuiwò be: ‘Ðe srɔ̃nye le gbɔgblɔm nam be madzudzɔ Yehowa subɔsubɔa? Ne ŋuɖoɖoae nye ao la, ke ɖe mate ŋu awɔ eƒe didia dzia?’ Ne èɖe nugɔmesese fia la, àte ŋu aɖe kuxiwo dzi akpɔtɔ le wò srɔ̃ɖeɖea me.—Flp. 4:5.

9. Aleke Kristotɔwo ate ŋu afia wo viwo be woade bubu wo dzila si menye haxɔsetɔ o ŋu?

9 Viwòwo hehe ate ŋu asesẽ ŋutɔ vevietɔ ne srɔ̃wò menye haxɔsetɔ o. Le kpɔɖeŋu me, ele be nàfia viwòwo be woawɔ ɖe Biblia ƒe se si nye, “Bu fofowò kple dawò” la dzi. (Ef. 6:1-3) Ke ne srɔ̃wò menɔa agbe ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo nu o ɖe? De bubu srɔ̃wòa ŋu be esia nanye kpɔɖeŋu nyui na viwòwo. Na wò susu nanɔ srɔ̃wòa ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu, eye nàgblɔ nya siwo afia be èkpɔa ŋudzedze ɖe nu nyui siwo wòwɔna ŋu. Mèganɔ nya manyomanyowo gblɔm tso srɔ̃wòa ŋu na viwòwo o. Ke boŋ, na woase egɔme be ame sia ame ŋutɔe atiae nenye be yeasubɔ Yehowa. Nɔnɔme nyui siwo ɖeviawo aɖe afia la ate ŋu ana srɔ̃wòa nadi be yeasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu.

Fia Biblia me nyateƒea viwòwo ɣesiaɣi si wòanya wɔ (Kpɔ memama 10)

10. Aleke dzila Kristotɔ si srɔ̃ menye haxɔsetɔ o la awɔ afia Biblia me nyateƒea viawo?

10 Ɣeaɖewoɣi la, dzila si menye haxɔsetɔ o la adi be ɖeviawo nakpɔ gome le azã siwo dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me la me, alo ana woafia alakpadzixɔsewo woamawo. Srɔ̃ŋutsu aɖewo ate ŋu ade se na srɔ̃nyɔnu Kristotɔ la be wòagafia Biblia ɖeviawo o. Ne edzɔ alea gɔ̃ hã la, srɔ̃nyɔnu Kristotɔ la ate ŋu awɔ etɔ sinua afia Biblia me nyateƒea ɖeviawo. (Dɔw. 16:1; 2 Tim. 3:14, 15) Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ be srɔ̃nyɔnu Ðasefo aɖe srɔ̃ nagbe nɛ be wòagasrɔ̃ Biblia kple ɖeviawo alo akplɔ wo ayi Kristotɔwo ƒe kpekpewo o. Togbɔ be awɔ ɖe srɔ̃a ƒe gbe dzi hã la, ate ŋu awɔ mɔnukpɔkpɔ vovovowo ŋu dɔ aƒo nu tso eƒe dzixɔsewo ŋu na ɖeviawo, ale be woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu ahanya eƒe nudidiwo. (Dɔw. 4:19, 20) Ke hã, ɖeviawoe ava tso nya me mlɔeba nenye be yewoasubɔ Yehowa loo alo yewomasubɔe o.—5 Mose 30:19, 20. *

ƑOMETƆ SIWO TSI TSITRE ÐE SUBƆSUBƆ VAVÃTƆ ŊU

11. Nu kae ate ŋu ana masɔmasɔ naɖo wò kple wò ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o la dome?

11 Ðewohĩ le gɔmedzedzea me la, mímena míaƒe ƒometɔwo nyae be míele ha dem kple Yehowa Ðasefowo o. Gake esi míeyi edzi le tsitsim le xɔse me la, míeva kpɔe be ehiã be míana woanya nu tso míaƒe dzixɔsewo ŋu. (Marko 8:38) Ne wò nuteƒewɔwɔ na Yehowa wɔe be masɔmasɔ ɖo wò kple wò ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o dome la, de ŋugble le afɔ aɖewo siwo nàte ŋu aɖe be ŋutifafa nanɔ mia dome eye nàgakpɔtɔ alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la ŋu.

12. Nu ka gbɔe wòate ŋu atso be ƒometɔ siwo menye haxɔsetɔwo o natsi tsitre ɖe mía ŋu, gake aleke míate ŋu ase nu gɔme na wo?

12 Se nu gɔme na ƒometɔ siwo menye haxɔsetɔwo o. Esime dzi le mía dzɔm ɖe Biblia me nyateƒe siwo míeva srɔ̃ ŋu la, ɖewohĩ míaƒe ƒometɔwo ya anɔ esusum vodadatɔe be ɖe woflu mí alo míege ɖe vivimeha aɖe me. Woate ŋu asusui be míegalɔ̃ yewo o le esi míegaɖua ŋkekenyuiwo kpli wo o ta. Ðewohĩ, woava nɔ vɔvɔ̃m ɖe mía nu be mímakpɔ agbe mavɔ o. Ele be míase nu gɔme na wo; eya ta be míanya ale si wole nuwo ŋu bumee la, anyo be míaɖo to nyuie ase nu si tututu tae wotsi dzi ɖe mía ŋu ɖo la gɔme. (Lod. 20:5) Apostolo Paulo dze agbagba be yease nu gɔme na “amewo katã ƒomevi,” ale be yeate ŋu agblɔ nya nyuia na wo, eye mɔnu sia ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu egbea.—1 Kor. 9:19-23.

13. Aleke wòle be míaƒo nu na ƒometɔ siwo menye haxɔsetɔwo o?

13 Ƒo nu tufafatɔe. Biblia gblɔ be: “Mina miaƒe nya nadze to ɣesiaɣi.” (Kol. 4:6) Míate ŋu abia Yehowa be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea mí ale be gbɔgbɔa ƒe kutsetsea nadze ƒãa le ale si míaƒo nu kple míaƒe ƒometɔwoe me. Mehiã be míanɔ nya hem kpli wo le woƒe alakpadzixɔse ɖe sia ɖe ŋu o. Ne wogblɔ nya aɖe alo wɔ nane si ve mí la, míate ŋu asrɔ̃ apostoloawo ƒe kpɔɖeŋu. Paulo ŋlɔ bena: “Ne wodzu mí la, míeyrana; ne woti mía yome la, míedoa dzi tsɔnɛ; ne wogblẽ mía ŋu la, míeɖea mía ɖokui nu tufafatɔe.”—1 Kor. 4:12, 13.

14. Viɖe kawoe dona tso eme ne míenɔa agbe nyui?

14 Lé agbe nyui nɔnɔ me ɖe asi. Togbɔ be eɖea vi ne míeƒo nu kple ƒometɔ siwo tsi tsitre ɖe mía ŋu la tufafatɔe hã la, míaƒe agbe nyui nɔnɔ ate ŋu aɖe vi geɖe wu gɔ̃ hã. (Xlẽ 1 Petro 3:1, 2, 16.) To wò agbenɔnɔ dzi nàna wò ƒometɔwo nakpɔe be Yehowa Ðasefowo kpɔa dzidzɔ le woƒe srɔ̃ɖeɖe me, woléa be na wo viwo, wonɔa agbe nyui eye wokpɔa dzidzeme le agbe me. Ne míaƒe ƒometɔwo meva xɔ nyateƒea o gɔ̃ hã la, míakpɔ dzidzɔ le esi míewɔ nuteƒe na Yehowa hedo dzidzɔ na eƒe dzi ta.

15. Aleke míate ŋu adzra ɖo ɖe nɔnɔme siwo ate ŋu ahe masɔmasɔwo vɛ la ŋu?

15 Dzra ɖo do ŋgɔ. Bu nɔnɔme siwo ate ŋu ahe masɔmasɔwo vɛ la ŋu do ŋgɔ, eye nàtso nya me le ale si nàkpɔ wo gbɔe ŋu. (Lod. 12:16, 23) Nɔvinyɔnu aɖe si le Australia gblɔ be: “Tonye tsi tsitre ɖe nyateƒea ŋu vevie. Eya ta, hafi nye kple srɔ̃nye míaƒo ka nɛ la, míedoa gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu be míagaƒo nu dzikutɔe nenye be edo dzre na mí o. Míedea ŋugble le nya tuameɖo siwo ŋu míaɖo dze tsoe la ŋu do ŋgɔ. Be dzeɖoɖoa nagava didi si awɔe be míava nɔ glãka hem le mawusubɔsubɔnyawo ŋu o la, míeɖoa game ɖe ɣeyiɣi didi si dzeɖoɖoa axɔ ŋu do ŋgɔ.”

16. Aleke nàwɔ aɖu dzitsinya ƒe fɔbuame dzi le esi mèwɔ wò ƒometɔwo ƒe didiwo dzi o ta?

16 Enye nyateƒe be màte ŋu aƒo asa na masɔmasɔwo keŋkeŋ le mia kple wò ƒometɔ siwo menye haxɔsetɔwo o la dome o. Esia ate ŋu ana wò dzitsinya naɖe fu na wò, vevietɔ le esi nèlɔ̃ wò ƒometɔwo eye nèdina be yeadze wo ŋu ta. Ne èse le ɖokuiwò me nenema la, dze agbagba nàna nuteƒewɔwɔ na Yehowa nanɔ vevie na wò wu lɔlɔ̃ na wò ƒometɔwo. Esia ate ŋu ana woakpɔe be agbenɔnɔ ɖe Biblia me nyateƒea nu nye agbe kple ku ƒe nya. Aleke kee wòɖale o, ɖo ŋku edzi be màte ŋu aƒoe ɖe ame bubuwo nu be woaxɔ nyateƒea o. Eya ta dze agbagba boŋ be nàna woakpɔ ale si agbenɔnɔ ɖe Yehowa ƒe mɔwo nu le vi ɖem na wò. Abe ale si ko mía Mawu lɔ̃amea na mɔnukpɔkpɔ mí be míawo ŋutɔwo míatiae nenye be míasubɔ ye ene la, nenema kee wòle le woawo hã gome.—Yes. 48:17, 18.

NE WÒ ƑOMETƆ AÐE DZUDZƆ YEHOWA SUBƆSUBƆ

17, 18. Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne wò ƒometɔ aɖe dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ?

17 Ne woɖe wò ƒometɔ aɖe le haa me alo eya ŋutɔ ɖe eɖokui le haa me la, esia ate ŋu ana nàse le ɖokuiwò me abe ɖe woƒo yi ɖe wò ene. Aleke nàwɔ anɔ te ɖe dzivenya sia nu?

18 Yi edzi nàlé fɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu. Nɔ nu siwo atu wò xɔse ɖo la wɔm—nɔ Biblia xlẽm edziedzi, dzra ɖo ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu eye nàde kpekpeawo, nɔ gome kpɔm le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, eye nànɔ gbedodoɖa dzi be Mawu nado ŋusẽ wò. (Yuda 20, 21) Ke ne èse le ɖokuiwò me be wò dzi meku ɖe dɔwɔna siawo ŋu o eye ɖeko nèle nɔviawo dome ko ɖe? Mègana ta o! Fɔléle ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu ate ŋu ana wò susu nadze akɔ anyi eye wò dzi nadze eme. Bu nu si me Psalmo 73 lia kpala to ŋu kpɔ. Megava nɔ nuwo ŋu bum nyuie o, eye dzi megava nɔ edzɔm kura o, gake esi wòyi Mawu ƒe gbedoxɔa me la, esia kpe ɖe eŋu wòɖɔ eƒe nuŋububu ɖo. (Ps. 73:16, 17) Alea kee wòanɔ le wò hã gowòme ne èyi edzi subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe.

19. Aleke nàte ŋu ade bubu amehehe ƒe ɖoɖo si tso Yehowa gbɔ ŋu?

19 De bubu amehehe ƒe ɖoɖo si tso Yehowa gbɔ ŋu. Amehehe ƒe ɖoɖoa ate ŋu aɖe vi na nu gbegblẽ wɔlaa kple ame bubuwo hã mlɔeba, togbɔ be vevesesee wònyena le gɔmedzedzea me hã. (Xlẽ Hebritɔwo 12:11.) Le kpɔɖeŋu me, Yehowa gblɔ na mí be ‘míadzudzɔ hadede’ kple nu vɔ̃ wɔla matrɔdzimewo. (1 Kor. 5:11-13) Togbɔ be míaƒe dzi anɔ veve sem hã la, ele be míaƒo asa na kadodo kple míaƒe ƒometɔ si woɖe le haa me, eɖanye to telefon alo Internet dzi o. Eye mímaɖo nyatakakawo ɖee to lɛtaŋɔŋlɔ, email, alo asitelefon dzi hã o.

20. Nu kae míate ŋu anɔ mɔ kpɔm na?

20 Mɔkpɔkpɔ megabu ɖe wò o. Lɔlɔ̃ ‘kpɔa mɔ na nuwo katã.’ Eya ta míekpɔa mɔ be, ame siwo dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ la agatrɔ ava egbɔ. (1 Kor. 13:7) Ne ède dzesii be wò ƒometɔ kplikplikpli aɖe le agbagba dzem be yeaɖɔ yeƒe mɔwo ɖo la, àte ŋu ado gbe ɖa be Ŋɔŋlɔawo nado ŋusẽe wòawɔ ɖe Yehowa ƒe amekpekpe si nye be, “Trɔ va gbɔnye” la dzi.—Yes. 44:22.

21. Nu kae wòle be nàwɔ ne mama ɖo wò ƒomea me le esi nèdze Yesu yome ta?

21 Yesu gblɔ be ne míelɔ̃ amegbetɔ aɖe wu ye la, míadze ye ŋu o. Ke hã, eka ɖe edzi be dzi anɔ yeƒe nusrɔ̃lawo ƒo be woayi edzi awɔ nuteƒe na ye ne ƒometɔwo tsi tsitre ɖe wo ŋu gɔ̃ hã. Ne Yesu yome dzedze he “yi” va wò ƒomea me la, ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe kuxiawo nu dzidzedzetɔe. (Yes. 41:10, 13) Dzi nedzɔ wò esi nènyae be wò nu dze Yehowa kple Yesu siaa ŋu eye woaɖo wò nuteƒewɔwɔa teƒe na wò.

^ mm. 10 Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe wu tso ɖeviwo hehe le aƒe si me ƒomea me tɔwo katã menye haxɔsetɔwo le o ŋu la, kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ,” si dze le Gbetakpɔxɔ, August 15, 2002 tɔ me.