Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yosef Si Tso Arimatia Tia Akpa Si Dzi Wòanɔ

Yosef Si Tso Arimatia Tia Akpa Si Dzi Wòanɔ

EWƆ nuku na Yosef si tso Arimatia la be dzi ɖo ye ƒo yete ŋu do ɖe Roma nutodziɖula, Pontio Pilato, ŋkume. Amewo nya Pontio Pilato be eƒe nya me sẽ. Ke hã, hafi woate ŋu aɖi Yesu le bubumɔ nu la, ele be ame aɖe nabia Pilato wòaɖe asi le Yesu ƒe kukua ŋu. Abe ale si nuwo va yii ene la, Pilato gbɔ yiyi nɔ bɔbɔe wu ale si Yosef anya bui. Esi Pilato kpɔ kpeɖodzi tso asrafomegã aɖe gbɔ be Yesu ku xoxo vɔ la, ewɔ ɖe Yosef ƒe biabiaa dzi. Togbɔ be Yosef lé blanui vevie hãa, eɖe abla yi afi si woklã Yesu ɖo.—Marko 15:42-45.

  • Ame kae nye Yosef si tso Arimatia?

  • Ƒomedodo kae nɔ eya kple Yesu dome?

  • Eye nu ka tae wòle be nàtsɔ ɖe le eƒe ŋutinyaa me?

ENYE SANHEDRIN LA ME TƆ

Ame si gbɔgbɔ ʋã wòŋlɔ Marko ƒe Nyanyuigbalẽa yɔ Yosef be “Adaŋudeha la me tɔ xɔŋkɔ.” Le go sia me la, Adaŋudeha la kee nye Sanhedrin la, si nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ. (Marko 15:1, 43) Eya ta, Yosef nye Yudatɔwo ƒe ŋgɔnɔlawo dometɔ ɖeka, eye esia na nu si ta woɖe mɔ nɛ wòyi Roma nutodziɖulaa gbɔ la me kɔ. Eye mewɔ nuku be Yosef nye kesinɔtɔ o.—Mat. 27:57.

Ðe dzi le ƒowò be nàʋu eme be Yesue nye yeƒe Fia?

Abe ƒuƒoƒo ene la, Sanhedrin la lé fu Yesu vevie. Sanhedrin la me tɔwo ɖo nugbe be yewoawu Yesu. Gake Biblia gblɔ be Yosef ya nye “ame nyui kple ame dzɔdzɔe.” (Luka 23:50) To vovo na Sanhedrin la me tɔ akpa gãtɔ la, eɖia anukware, enɔa agbe nyui eye wòwɔa eƒe ŋutete ɖe sia ɖe be yeawɔ Mawu ƒe sewo dzi. Azɔ hã, enɔ “Mawu Fiaɖuƒe la lalam,” eye esia na nu si ta wòva zu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka ɖo la dze ƒãa. (Marko 15:43; Mat. 27:57) Elɔ̃ nu si nye nyateƒe kple nu si le dzɔdzɔe kple eƒe dzi blibo, eye anɔ eme be esia tae Yesu ƒe gbedeasia wɔ dɔ ɖe edzi ɖo.

ENYE YESU ƑE NUSRƆ̃LA LE ADZAME

Yohanes 19:38 gblɔ be Yosef “nye Yesu ƒe nusrɔ̃la le adzame le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta.” Nu kae Yosef nɔ vɔvɔ̃m na? Enya ale si gbegbe Yudatɔwo lé fu Yesui kple ale si woɖoe kplikpaa be yewoanya ame sia ame si aʋu eme be yexɔ edzi se la ɖa le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒea. (Yoh. 7:45-49; 9:22) Ne wonya ame aɖe le ƒuƒoƒea la, efia be woado vloe, amewo magade ha kplii o, eye woagbe nu le egbɔ keŋkeŋ. Eya ta, esesẽ na Yosef be wòaʋu eme le gaglãgbe be yexɔ Yesu dzi se. Esia wɔwɔ ana ɖoƒe si wòle nage le esi eye bubu naklo le eŋu.

Menye Yosef koe nɔ nɔnɔme ɖefuname sia me o. Le Yohanes 12:42 ƒe nyaa nu la, “kplɔlawo dometɔ geɖe gɔ̃ hã xɔ [Yesu dzi] se, gake womeʋua eme be yewoxɔ edzi se o le Farisitɔwo ta, ale be woaganya wo ɖa le ƒuƒoƒe la me o.” Ame bubu aɖe si nɔ nɔnɔme ma ke me lae nye Nikodemo, si hã nye Sanhedrin la me tɔ.—Yoh. 3:1-10; 7:50-52.

Yosef, ya nye Yesu ƒe nusrɔ̃la, gake mete ŋu ʋu eme le amewo ŋkume o. Nya sia nye ŋkubiãnya, elabena Yesu gblɔ be: “Ame sia ame si ʋua menye le amewo ŋkume la, nye hã maʋu eme le Fofonye si le dziƒowo la ŋkume. Ke ame si gbe nu le gbɔnye le amewo ŋkume la, nye hã magbe nu le egbɔ le Fofonye si le dziƒowo la ŋkume.” (Mat. 10:32, 33) Yosef megbe nu le Yesu gbɔ o, evɔ dzi menɔ eƒo wòʋu eme be yexɔ edzi se hã o. Ðe dzi le ƒowòa?

Nu nyui aɖe si Yosef wɔ, si ŋu Biblia ƒo nu tsoe ye nye be meda asi ɖe nugbe si Sanhedrin la ɖo ɖe Yesu ŋu la dzi o. (Luka 23:51) Ðewohĩ, abe ale si ame aɖewo susui ene la, Yosef menɔ eteƒe esime wonɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu o. Aleke kee wòɖanɔ o, ale si wote nya dzɔdzɔe ɖe to vɔ̃ɖitɔe alea anya te ɖe Yosef dzi vevie—gake mate ŋu awɔ naneke atsɔ axe mɔ ɖe enu o!

EÐU EVEDOMESINƆNƆ DZI

Kaka Yesu ƒe kuɣi naɖo la, edze ƒãa be Yosef ɖu vɔvɔ̃ dzi, eye etso nya me be yeawɔ ɖeka kple Yesu yomedzelawo. Nyametsotso ma dze le nya siwo le Marko 15:43 la me, afi si gblɔ be: “Edo dzi yi Pilato gbɔ ɖabia Yesu ƒe kukua.”

Anɔ eme be Yosef kpɔ eteƒe esime Yesu ku. Le nyateƒe me la, enya be Yesu ku hafi Pilato va nyae. Eya ta, esi Yosef bia be woatsɔ Yesu ƒe kukua ana ye la, nutodziɖulaa “di be yeanya ne [Yesu ku] xoxo.” (Marko 15:44) Ne Yosef kpɔ ale si Yesu se veve helĩhelĩ le fuwɔametia ŋu hafi ku teƒe la, ɖe wòanye be nudzɔdzɔ gbãdziname ma teƒe kpɔkpɔ ʋãe wòdzro eɖokui me kpɔ hetso nya be mlɔeba be ele be yeanɔ nyateƒea ƒe akpa dzia? Anɔ eme nenema. Ne mede ɖeke o hã la, fifia ya Yosef ƒe dzi ʋãe wòɖe afɔ. Maganye Yesu ƒe nusrɔ̃la le adzame azɔ o.

YOSEF ÐI YESU

Le Yudatɔwo ƒe se nu la, ele be woaɖi ame siwo wohe ɖe ati ŋu hafi ɣe naɖo to. (5 Mose 21:22, 23) Gake nu si Romatɔwo ya wɔnae nye be wogblẽa nu vlo wɔla siwo wohe ɖe ati ŋu la ƒe kukuawo ɖe atiawo ŋu wonyunyɔna loo alo woɖia wo ɖe yɔdo gã ɖeka me. Ke hã, Yosef medi be wòanɔ nenema le Yesu gome o. Yɔdo yeye si woɖe ɖe agakpe me le Yosef si le teƒe si gogo afi si wohe Yesu ɖe ati ŋu le. Wometsɔ ame aɖeke mlɔ eme kpɔ o, si ɖee fia be Yosef ʋu tso Arimatia * yi Yerusalem eteƒe medidi o, eye eɖoe be afi ma nanye yeƒe ƒomea ƒe ameɖiƒe. (Luka 23:53; Yoh. 19:41) Yosef ɖe dɔmenyo fia esi wòɖi Yesu ɖe eya ŋutɔ ƒe yɔdo si wòtu na eɖokui la me, eye esia hã na nyagblɔɖi si nye be woaɖi Mesia la ɖe “kesinɔtɔwo dome” la va eme.—Yes. 53:5, 8, 9.

Ðe nane li si le vevie na wò wu ƒomedodo si le wò kple Yehowa domea?

Nyanyuigbalẽ eneawo katã gblɔ be esi woɖe Yesu le atia ŋu megbe la, Yosef xatsa aklala biɖibiɖi dzadzɛ aɖe ɖe eŋu eye wòtsɔe mlɔ eya ŋutɔ ƒe yɔdo me. (Mat. 27:59-61; Marko 15:46, 47; Luka 23:53, 55; Yoh. 19:38-40) Ame si ko Biblia gblɔ be eyae kpe ɖe Yosef ŋue nye Nikodemo, ame si tsɔ atike ʋeʋĩ siwo wosina na ame kukuwo la vɛ. Esi wònye be ŋutsu eve siawo nye ame ŋkutawo ta la, anɔ eme be menye woawo ŋutɔwoe kɔ Yesu ƒe kukua o. Anɔ eme godoo be wona woƒe subɔviwo kɔ Yesu ƒe kukua hetsɔe de yɔdoa me. Ne nenemae wowɔe hã la, nu si ŋutsu eve siawo wɔ la menye nu tsɛ o. Nu si tae nye be ame sia ame si ka asi ame kuku aɖe ŋu la ŋu mekɔ o hena ŋkeke adre, eye nu sia nu si ŋu wòka asii hã ŋu mekɔ o. (4 Mose 19:11; Hag. 2:13) Esia afia be womate ŋu anɔ amewo dome le Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe kwasiɖaa me o, eye wɔna siwo katã ayi edzi kple azã si woaɖu le kwasiɖa ma me ato wo ŋu. (4 Mose 9:6) Azɔ hã, esi Yosef wɔ ɖoɖo woɖi Yesu la, esia ate ŋu ana ehatiwo nado vloe. Ke hã, Yosef nɔ klalo azɔ be nu ka kee ɖado tso eme o, yeaɖi Yesu le mɔ nyuitɔ nu eye yeaʋu eme le gaglãgbe be yenye Kristo ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka.

ALE SI YOSEF ƑE ŊUTINYAA WU ENU

Womegaƒo nu tso Yosef si tso Arimatia la ŋu le Biblia ƒe akpa aɖeke tsɔ wu Nyanyuigbalẽawo siwo ƒo nu tso ale si woɖi Yesu ŋu la me o. Esia na biabia sia fɔ ɖe te: Nu kae va dzɔ ɖe edzi emegbe? Nya lae nye be, míenya o. Gake le nu siwo me míedzro va yi nu la, kakaɖedzi li be eʋu eme le gaglãgbe be yenye Kristotɔ. Esia dze ƒãa, elabena esime wònɔ dodokpɔ kple kuxi mawo me tom la, mena ta o, ke eƒe xɔse me gasẽ ɖe edzi eye dzi gaɖo eƒo geɖe wu boŋ. Nu nyui aɖee nye ema.

Ŋutinya sia na biabia aɖe fɔ ɖe te si ŋu wòle be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabu: Ðe nane li—eɖanye ɖoƒe, dɔwɔɖui, nunɔamesiwo, ƒomekadodowo alo ablɔɖe si le mía si o—si le vevie na mí wu ƒomedodo si le mía kple Yehowa domea?

^ mm. 18 Anɔ eme be Arimatiae nye Rama, si nye egbegbe Rentis (alo Rantis). Afi mae nyagblɔɖila Samuel tso. Dua le Yerusalem ƒe dzieheɣetoɖoƒe eye wòdidi tso Yerusalem kilometa 35.—1 Sam. 1:19, 20.