Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dɔmenyonuwɔna Ðeka Aɖe

Dɔmenyonuwɔna Ðeka Aɖe

LE DU sue aɖe si le Gujarat, India, me la, John fofo xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo le ƒe 1950 ƒe nuwuwu lɔƒo. John, nɔviaŋutsu eve, kple nɔvianyɔnu etɔ̃awo kpakple wo dada wonye Roma Katolikotɔ dovevienuwo, eye esia ta, wotsi tsitre ɖe wo fofo ƒe xɔse ŋu vevie.

Gbe ɖeka la, John fofo bia tso esi be wòatsɔ lɛta aɖe ayi na nɔviŋutsu aɖe si le hamea me. Gake gbe ma gbe ŋdi la, John si asi esime wònɔ gago gã aɖe nu ʋum. Ke hã, esi wòdi be yeawɔ ɖe ye fofo ƒe gbe dzi ta la, etsɔ ɖovu bla eƒe asibidɛ si ŋu wòxɔ abia ɖo eye wòdze mɔ be yeatsɔ lɛtaa ayi.

Esime John ɖo teƒea la, ame si gbɔ fofoa dɔe ɖo la srɔ̃, si hã nye Yehowa Ðasefo lae xɔ lɛtaa. Ede dzesi abi si nɔ John ƒe asibidea ŋu eye wòkpe ɖe eŋu. Etsɔ atike tutu abia ŋkume, eye wòtsɔ abiblavɔ blae nɛ. Emegbe ewɔ tii dzodzoe na John be wòano, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, enɔ nu ƒom tso Biblia ŋu na John vividoɖeameŋutɔe.

Fifia ya, susu totro si nɔ John si ku ɖe Ðasefoawo ŋu la nɔ tɔtrɔm vivivi, eya ta ebia nya nɔvinyɔnua ku ɖe nyati eve aɖewo siwo me eya kple fofoa ƒe dzixɔsewo to vovo le la ŋu—ebiae nenye be Yesue nye Mawu; eye wògabiae be ɖe wòle be Kristotɔwo nado gbe ɖa na Maria mahã. Esi wònye be nɔvinyɔnua srɔ̃ John degbe si nye Gujarati ta la, ezã Biblia tsɔ ɖo nya ŋu nɛ eye wòtsɔ agbalẽvi si nye “Fiaɖuƒe Ŋuti Nya Nyui Sia” nɛ.

Emegbe esime John nɔ agbalẽvia xlẽm la, ese le eɖokui me be zi gbãtɔe nye ema yele Biblia me nyateƒea sem. Eyi woƒe nunɔla gbɔ eye wòbiae nyabiase eve mawo ke. Kasia, nunɔlaa do dziku vevie eye wòxlã Biblia ɖee hedo ɣli ɖe eta be: “Èva zu Satana! Fiam Biblia ƒe akpa si gblɔ be menye Yesue nye Mawu o. Fiam Biblia ƒe akpa si gblɔ be mele be míasubɔ Maria o. Fiam!” Ewɔ nuku na John be nunɔlaa wɔ nu alea. Eya ta, egblɔ na nunɔlaa be, “Nyemegale afɔ ɖo ge Katolikotɔwo ƒe tsɔtsixɔ me gbeɖe o.” Eye megaɖo afɔ afi ma gbeɖe hã o!

John na Ðasefowo va nɔ Biblia srɔ̃m kplii. Etiae be yeanɔ subɔsubɔ vavãtɔ ƒe akpa dzi, eye wòva zu Yehowa subɔla. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ƒomea me tɔ bubu geɖewo hã wɔe nenema ke. Egbea, abikukuteƒea gakpɔtɔ le John ƒe nuɖusi ƒe asibide, afi si wòxɔ abi ɖo ƒe 60 aɖewoe nye esi va yi la ŋu. Eɖoa ŋku dɔmenyonuwɔna ɖeka ma si Kristotɔ ma wɔ nɛ, si hee ɖe subɔsubɔ dzadzɛa ŋu la dzi kple dzidzɔ.—2 Kor. 6:4, 6.