Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Menya Be Afɔ”

“Menya Be Afɔ”

‘Mía xɔlɔ̃a le alɔ̃ dɔm, gake meyina be maɖanyɔe.’—YOH. 11:11.

HADZIDZI: 142, 129

1. Nu ka dzie Marta ka ɖo ku ɖe nɔviaŋutsua ŋu? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

MARTA si nye Yesu xɔlɔ̃ vevi kple eƒe nusrɔ̃la la nɔ nu xam. Nɔviaŋutsu Lazaro ku. Ðe nane ate ŋu awɔe be wòakpɔ akɔfafa? Ɛ̃. Yesu do ŋugbe nɛ be: “Nɔviwò la atsi tsitre.” Togbɔ be nya mawo maɖe Marta ƒe blanuilélea ɖa keŋkeŋ o hã la, exɔ Yesu ƒe nyawo de eme, eye wògblɔ be: “Menya be afɔ le tsitretsitsi la me le ŋkeke mlɔetɔ dzi.” (Yoh. 11:20-24) Eka ɖe edzi be ye nɔviŋutsua afɔ le etsɔme. Gake Yesu wɔ nukunu aɖe. Efɔ Lazaro ɖe tsitre gbe ma gbe ke.

2. Nu ka tae nàdi be kakaɖedzi si nɔ Marta si la nanɔ ye hã ye si?

2 Kpeɖodzi aɖeke meli si tae míakpɔ mɔ be Yesu alo Fofoa awɔ nukunu sia tɔgbi na mí egbea o. Ke hã, ɖe kakaɖedzi si nɔ Marta si be woava fɔ míaƒe ame veviwo ɖe tsitre le etsɔme la le wò hã asiwòa? Ðewohĩ srɔ̃wò, nɔwò, tɔwò, tɔgbuiwò alo mamawòe megava li o. Alo èle nu xam le viwò si megava li o ta. Ele dzrowòm vevie be yeawɔ atuu nɛ ahaɖo dze ako nu kplii. Dzidzɔtɔe la, susu nyuiwo li siwo tae wò hã nàte ŋu agblɔ abe Marta ene be, ‘Menya be nye ame lɔlɔ̃a afɔ le tsitretsitsi la me.’ Aɖe vi na Kristotɔ ɖe sia ɖe be wòade ŋugble le nu si tae míeka ɖe tsitretsitsia dzi ɖo la ŋu.

3, 4. Aleke nukunu siwo Yesu wɔ ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ la anya do ŋusẽ kakaɖedzi si nɔ Marta si?

3 Afi si gogo Yerusalem ye Marta nɔ, eye anɔ eme be menɔ eteƒe esi Yesu fɔ ahosi aɖe ƒe viŋutsu ɖe tsitre le afi si te ɖe Nain ŋu le Galilea o. Gake anya se nu tso eŋu. Eye anɔ eme hã be menɔ eteƒe esi Yesu fɔ Yairo vinyɔnua ɖe tsitre o, gake anya se nu tso eŋu. Ame siwo nɔ nyɔnuvia gbɔ le aƒea me la ‘nya be eku.’ Ke hã, Yesu lé ɖevi kukua ƒe asi hegblɔ be: “Nyɔnuvi, tsi tsitre!” Ale wòfɔ enumake. (Luka 7:11-17; 8:41, 42, 49-55) Marta kple nɔvia Maria siaa nyae be Yesu tea ŋu yɔa dɔ dɔnɔwo. Eya ta, woka ɖe edzi be ne ɖe Yesu nɔ eteƒe la, anye ne Lazaro meku o. Gake esi Yesu xɔlɔ̃ vevi la ku azɔ la, mɔkpɔkpɔ kae gali? De dzesii be Marta gblɔ be yenya be Lazaro afɔ ɖe tsitre le etsɔme, “le ŋkeke mlɔetɔ dzi.” Nu ka tae wòka ɖe esia dzi? Eye nu ka tae nàte ŋu aka ɖe edzi be woava fɔ amewo, siwo dome wò ame lɔlɔ̃wo hã ate ŋu anɔ la ɖe tsitre le etsɔme?

4 Susu nyuiwo li siwo tae míexɔ tsitretsitsia dzi se ɖo. Esime míele wo dometɔ aɖewo me dzrom la, ɖewohĩ àde dzesi nanewo le Mawu ƒe Nyaa me ku ɖe tsitretsitsia ŋu, siwo ŋu mèbu kpɔ o. Esia ado ŋusẽ mɔkpɔkpɔ si le asiwò be àgakpɔ wò ame lɔlɔ̃wo ake.

NUDZƆDZƆ SIWO NAA MƆKPƆKPƆ AME!

5. Nu kae na Marta ka ɖe edzi be woafɔ Lazaro ɖe tsitre?

5 De dzesii be Marta megblɔ be: ‘Mele mɔ kpɔm be nɔvinyea afɔ o.’ Ke boŋ egblɔ be: “Menya be afɔ.” Anɔ eme be tsitretsitsi siwo ŋu Marta nya nu tsoe hafi Yesu dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme lae na wòka ɖe nya ma dzi. Tso eƒe ɖevime ke la, esea nu tso tsitretsitsi mawo ŋu le aƒe me kple ƒuƒoƒea siaa. Azɔ míadzro tsitretsitsi ŋuti nya etɔ̃ aɖewo siwo ŋu woƒo nu tsoe le Ŋɔŋlɔawo me la me.

6. Nukunu kae Eliya wɔ si ŋu Marta nya nu tsoe?

6 Tsitretsitsi gbãtɔa dzɔ le ɣeyiɣi si me Mawu nɔ nukudɔwo wɔm to eƒe nyagblɔɖila Eliya dzi. Ahosi dahe aɖe si nɔ Foiniketɔwo ƒe ƒutadu Zarefat, si le Israel ƒe dziehe la, wɔ amedzro na nyagblɔɖilaa. Mawu to nukumɔ aɖe dzi kpɔ egbɔ be nyɔnua ƒe wɔ kple ami mevɔ o, ale be woa kple viaŋutsuvia natsi agbe. (1 Fia. 17:8-16) Emegbe via va dze dɔ heku. Ke hã, Eliya kpe ɖe eŋu. Edra ɖe ɖevi si ku la dzi eye wòdo gbe ɖa gblɔ bena: “Mawu, meɖe kuku, na ɖevi sia ƒe agbe natrɔ ava eme.” Eye wòva eme nenema! Mawu se Eliya ƒe gbedodoɖaa eye ɖevia gbɔ agbe. Esiae nye tsitretsitsi gbãtɔ si ŋu Biblia ƒo nu tsoe. (Xlẽ 1 Fiawo 17:17-24.) Ðikeke mele eme o be Marta nya nu tso nukunu ma ŋu.

7, 8. (a) Ƒo nu tso nu si Elisa wɔ tsɔ fa akɔ na nyɔnu aɖe la ŋu. (b) Nu kae nukunu si Elisa wɔ la fia mí tso Yehowa ŋu?

7 Nyagblɔɖila Elisa, si va xɔ ɖe Eliya teƒe, hã fɔ ame ɖe tsitre. Emae nye tsitretsitsi evelia si ŋu woƒo nu tsoe le Ŋɔŋlɔawo me. Israel nyɔnu bubume aɖe si nɔ Sunem la wɔ amedzro na Elisa etɔxɛe. Mawu to nyagblɔɖilaa dzi ɖo eteƒe na nyɔnu sia si tsi ko la kple srɔ̃a tsitsi la esi wòna nyɔnua dzi ŋutsuvi. Ƒe aɖewo megbe la, ɖevia ku. Bu ale si gbegbe esia anya gbã dzi na nɔae ŋu kpɔ. Esi wòbia mɔ le srɔ̃a gbɔ la, ezɔ mɔ si didi abe kilometa 30 ene yi Elisa gbɔ le Karmel Toa dzi. Nyagblɔɖilaa dɔ eƒe subɔvi Gehazi ɖo ɖe eŋgɔ ɖe Sunem. Gehazi mete ŋu fɔ ɖevia ɖe tsitre o. Emegbe vidada si nɔ nu xam la kpakple Elisa hã va ɖo.—2 Fia. 4:8-31.

8 Elisa te ɖe ŋutsuvi si ku la ŋu le aƒea me, eye wòdo gbe ɖa. Nukutɔe la, ɖevi la gbɔ agbe eye dzi dzɔ dadaa eteƒe mekɔ o! (Xlẽ 2 Fiawo 4:32-37.) Anya ɖo ŋku nya si Hana si tsi ko tsã la gblɔ le gbedodoɖa me esi wòkplɔ Samuel va avɔgbadɔa me be wòasubɔ le afi ma la dzi. Hana gblɔ be: ‘Yehowa dea ame Tsiẽƒe, eye wòfɔa ame ɖe tsitre.’ (1 Sam. 2:6) To tsitretsitsi sia si dzɔ le Sunem dzi la, Mawu na eme kɔ ƒãa be yeate ŋu afɔ kukuawo ɖe tsitre.

9. Ƒo nu tso tsitretsitsi etɔ̃lia si ŋu nya wogblɔ le Biblia me la ŋu.

9 Nukunu bubu aɖe gadzɔ le Elisa ƒe ku megbe. Esi wòwɔ nyagblɔɖidɔa ƒe 50 kple edzivɔ megbe la, ‘eva dze dɔ si wui mlɔeba.’ Le ɣeyiɣi aɖe megbe esi Elisa ƒe kukua nyunyɔ wòsusɔ eƒe ƒuwo ɖeɖe la, adzohawo va anyigba la dzi esime Israel-vi aɖewo nɔ mɔ dzi yina ame kuku aɖe ɖi ge. Esi wotsi dzi be yewoasi le futɔawo nu ta la, wotsɔ ame kukua ƒu gbe ɖe yɔdo si me Elisa ƒe ƒuawo nɔ la me. Biblia gblɔ be: “Esi ame kukua ka Elisa ƒe ƒuwo ŋu ko la, egbɔ agbe, eye wòtso ɖe eƒe afɔwo dzi.” (2 Fia. 13:14, 20, 21) Tsitretsitsi ŋuti nya siawo na Marta kpɔe kɔtɛ be Mawu kpɔ ŋusẽ ɖe ku dzi vavã! Eye ele be woana míawo hã míaka ɖe edzi be ŋusẽ triakɔ si ŋu seɖoƒe mele o ye le Mawu si.

WOFƆ AMEWO ÐE TSITRE LE ƑE ALAFA GBÃTƆ ME

10. Nu kae Petro wɔ na nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe si ku?

10 Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo hã ƒo nu tso ale si Mawu to esubɔla wɔnuteƒewo dzi fɔ amewo ɖe tsitre ŋu. Míeƒo nu tso ale si Yesu fɔ ame ɖe tsitre le afi si te ɖe Nain ŋu kple esi wògawɔ le Yairo ƒeme ŋu va yi. Emegbe apostolo Petro hã fɔ nyɔnu Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Dorkas (alo Tabita) ɖe tsitre. Petro yi xɔ si me wotsɔe mlɔ la me. Esi Petro te ɖe ame kukua ŋu la, edo gbe ɖa. Eyome egblɔ be: “Tabita, tsi tsitre!” Ale wògbɔ agbe enumake, eye Petro ‘kplɔe de asi na nɔviawo agbagbee.’ Nudzɔdzɔ sia wɔ dɔ ɖe amewo dzi ale gbegbe be “ame geɖewo va xɔ Aƒetɔ la dzi se.” Eya ta, nusrɔ̃la siawo te ŋu gblɔ Yesu ŋuti nya nyuia kpakple ŋusẽ si le Yehowa si be wòafɔ kukuawo ɖe tsitre la ŋu nya na amewo.—Dɔw. 9:36-42.

11. Nyatakaka kae atikewɔla Luka na ku ɖe nu si dzɔ ɖe ɖekakpui aɖe dzi ŋu, eye dɔ kae nudzɔdzɔ ma wɔ ɖe amewo dzi?

11 Ame bubu aɖewo hã kpɔ tsitretsitsi bubu aɖe teƒe. Gbe ɖeka Apostolo Paulo nɔ kpekpe aɖe me le dziƒoxɔ aɖe dzi le Troa, si nye egbegbe Turkey ƒe dzieheɣetoɖoƒe. Paulo nɔ nuƒoƒo dzi va se ɖe zãtiƒe. Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Eutiko la nɔ anyi ɖe fesre nu nɔ to ɖom. Ke esi alɔ̃ fii la, ege tso dzisasrã etɔ̃lia dzi. Ðewohĩ atikewɔla Lukae nye ame gbãtɔ si ɖo Eutiko gbɔ, eye wòdoe kpɔ: Ede dzesii be menye ɖeko nu vevi wɔ Eutiko eye wòyi ɖi me o, ke boŋ eku! Paulo ɖi va anyi hekpla asi ɖee eye wògblɔ nya wɔdɔɖeamedzi sia be: “Ele agbe.” Bu ale si gbegbe nudzɔdzɔ sia awɔ dɔ ɖe eteƒekpɔlawo dzii ŋu kpɔ! Wonyae be ɖekakpuia ku, eya ta esi wokpɔe be egbɔ agbe la, “akɔfafa si wokpɔ la wu gbɔgblɔ.”—Dɔw. 20:7-12.

MƆKPƆKPƆ SI ŊU KAKAÐEDZI LE

12, 13. Biabia kawoe tsitretsitsi ŋuti nya siwo me míedzro la fɔ ɖe te?

12 Ele be tsitretsitsi ŋuti nya siwo me míedzro la nana kakaɖedzi si nɔ Marta si la nanɔ wò hã asiwò. Míate ŋu aka ɖe edzi be mía Mawu, Ame si na agbe mí la, ate ŋu afɔ kukuawo ɖe tsitre. Eɖe dzesi be Mawu subɔla wɔnuteƒewo abe Eliya, Yesu, alo Petro ene nɔ eteƒe esime Yehowa wɔ nukunu mawo. Gake nu kae míate ŋu agblɔ tso ame siwo ku le ɣebubuɣiwo le amegbetɔ ƒe ŋutinya me ŋu? Ne ɣeaɖeɣi le ŋutinya me Mawu menɔ amewo fɔm ɖe tsitre o la, ɖe nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le ɣeyiɣi mawo me ate ŋu akpɔ mɔ be Mawu ava fɔ kukuawo le etsɔmea? Ðe kakaɖedzi si nɔ Marta si esi wògblɔ be, “Menya be [nɔvinyea] afɔ le tsitretsitsi la me le ŋkeke mlɔetɔ dzi” la ate ŋu anɔ woawo hã sia? Nu kae na Marta ka ɖe nya sia dzi, eye nu ka tae wò hã nàte ŋu aka ɖe edzi?

13 Le nyateƒe me la, ŋutinya vovovowo le Mawu ƒe Nyaa me siwo ɖee fia be Yehowa subɔla wɔnuteƒewo nyae be woava fɔ amewo ɖe tsitre le etsɔme. Míadzro wo dometɔ ʋɛ aɖewo me kpɔ.

14. Tsitretsitsi ŋuti nufiame kae le Abraham ƒe ŋutinyaa me na mí?

14 De ŋugble le nu si Mawu gblɔ na Abraham be wòawɔ na Isak, si nye vi si wònɔ mɔ kpɔm na xoxoxo la ŋu kpɔ. Yehowa gblɔ nɛ be: ‘Meɖe kuku, kplɔ viwò, wò tenuvi Isak, si nèlɔ̃ vevie la, eye nàtsɔe asa numevɔe.’ (1 Mose 22:2) Bu ale si Abraham anya se le eɖokui mee ŋu kpɔ. Do ŋgɔ la, Yehowa do ŋugbe be yeato Abraham ƒe dzidzimevi dzi ayra dukɔwo katã. (1 Mose 13:14-16; 18:18; Rom. 4:17, 18) Yehowa gblɔ hã be yayra ma ava to “Isak” dzi. (1 Mose 21:12) Gake aleke nya siawo ava eme ne Abraham wu Isak hetsɔe sa vɔe? Gbɔgbɔ ʋã Paulo wòɖe eme be Abraham xɔe se be Mawu ate ŋu afɔ Isak ɖe tsitre. (Xlẽ Hebritɔwo 11:17-19.) Biblia megblɔ be Abraham susui be ne yewɔ Mawu ƒe gbe dzi la, Isak afɔ le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo, ŋkeke ɖeka aɖe, alo kwasiɖa ɖeka aɖe ko megbe o. Abraham menya ɣeyiɣi si wòaxɔ hafi via nagbɔ agbe o. Ke hã eka ɖe edzi be Yehowa afɔ Isak ɖe tsitre.

15. Mɔkpɔkpɔ kae nɔ blemafofo Hiob si?

15 Blemafofo Hiob hã nɔ mɔ kpɔm be woava fɔ ame siwo ku la ɖe tsitre le etsɔme. Enyae be ne wolã ati la, eƒe takpoea agate ŋu adze eye wòagava nɔ abe ati yeye ene. Gake mele alea le amegbetɔwo gome o. (Hiob 14:7-12; 19:25-27) Ne ame ku la, mate ŋu afɔ eɖokui tso yɔme agava nɔ agbe ake o. (2 Sam. 12:23; Ps. 89:48) Ke hã, esia mefia be Mawu mate ŋu afɔ ame si ku ɖe tsitre o. Le nyateƒe me la, Hiob xɔe se be Yehowa aɖo ŋkeke aɖe ɖi si dzi wòagaɖo ŋku ye dzi. (Xlẽ Hiob 14:13-15.) Hiob menya gbe si gbe Mawu afɔ ye le etsɔme o. Ke hã, eka ɖe edzi be Ame si gbɔ amegbetɔwo ƒe agbe dzɔ tso la ate ŋu aɖo ŋku ye dzi ahafɔ ye ɖe tsitre, eye awɔe hã.

16. Dzideƒonya kae mawudɔla aɖe gblɔ na nyagblɔɖila Daniel?

16 Daniel hã nye nuteƒewɔla bubu si ŋu woƒo nu tsoe le Hebri Ŋɔŋlɔawo me. Esubɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe eye Yehowa kpe ɖe eŋu. Gbe ɖeka, mawudɔla aɖe gblɔ na Daniel, si Mawu buna “ame vevi” la be, “ŋutifafa na wò,” “sẽ ŋu.”—Dan. 9:22, 23; 10:11, 18, 19.

17, 18. Ŋugbe kae wodo na Daniel ku ɖe eƒe etsɔme ŋu?

17 Esi Daniel xɔ ƒe 100 kloe eye eƒe kuɣi nɔ ɖoɖom la, anya nɔ eƒe etsɔme ŋu bum. Ðe Daniel kpɔ mɔ be yeagava nɔ agbe akea? Ɛ̃! Le Daniel ƒe agbalẽa ƒe nuwuwu lɔƒo la, Mawu gblɔ kakaɖedzinya sia nɛ be: “Wò la, heyi va se ɖe nuwuwu. Àgbɔ ɖe eme.” (Dan. 12:13) Daniel si ku amegã la nyae be kukuawo le gbɔgbɔm ɖe eme, eye “ɖoɖowɔwɔ alo sidzedze alo nunya mele Tsiẽƒe,” afi si yele yiyi ge kpuie la o. (Nyagb. 9:10) Gake Daniel matsi afi ma tegbee o. Yehowa do ŋugbe nyui aɖe si ava eme nɛ le etsɔme la nɛ.

18 Mawudɔlaa gblɔ le eƒe gbedeasia dzi yiyi me be: “Àfɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu axɔ wò gome.” Daniel menya ɣeyiɣi si tututu esia adzɔ o. Mawudɔlaa ƒe nyaa fia be Daniel aku ahagbɔ ɖe eme. Gake nya si wogblɔ nɛ be ‘afɔ ahaxɔ eƒe gome’ le etsɔme la fia be Mawu le ŋugbe dom nɛ be yeava fɔe ɖe tsitre ɣeyiɣi didi aɖe le eƒe ku megbe. Esia ava eme “le ŋkekeawo ƒe nuwuwu.”

Wò hã àte ŋu aka ɖe tsitretsitsia dzi abe Marta ene (Kpɔ memama 19, 20)

19, 20. (a) Aleke tsitretsitsi ŋuti nudzɔdzɔ siwo me míedzro la do ƒome kple nya si Marta gblɔ na Yesu? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

19 Edze ƒãa be susu nyuiwo li siwo tae Marta ka ɖe edzi be, Lazaro, ye nɔvi wɔnuteƒe la “afɔ le tsitretsitsi la me le ŋkeke mlɔetɔ dzi.” Ele be ŋugbe si wodo na Daniel kpakple ale si Marta xɔ tsitretsitsia dzi see la nado ŋusẽ míaƒe xɔse egbea. Tsitretsitsia ava godoo.

20 Nu siwo dzɔ le blema siwo me míedzro la ɖo kpe edzi kɔtɛ be kukuawo agate ŋu ava nɔ agbe ake. Eye Mawu subɔlawo kpɔ mɔ na ɣeyiɣi si me woava fɔ kukuawo ɖe tsitre le etsɔme. Gake ɖe kpeɖodzi aɖe li be woate ŋu agblɔ ame ƒe tsitretsitsi ŋu nya ɖi ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ eye wòava emea? Ne ɖe li la, ekema ana míagaka ɖe edzi geɖe wu be woava fɔ kukuawo ɖe tsitre gbe ɖeka abe ale si Marta hã kpɔ mɔe ene. Gake ɣekaɣie esia adzɔ? Míadzro nya siawo me le nyati si kplɔe ɖo me.