Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mɔkpɔkpɔ Le Asinye Le Mawu Me”

“Mɔkpɔkpɔ Le Asinye Le Mawu Me”

“Adam mamlɛtɔ zu gbɔgbɔ si naa agbe.”—1 KOR. 15:45.

HADZIDZI: 151, 147

1-3. (a) Nufiafia kae nye míaƒe dzixɔse veviawo dometɔ ɖeka? (b) Nu ka tae tsitretsitsia le vevie nenema gbegbe ɖo? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

NE WOBIA wò be, ‘Wò dzixɔse veviawo dometɔ aɖewoe nye kawo?’ hã la, aleke nàɖo eŋui? Kakaɖedzitɔe la, àgblɔ be Yehowa ye nye Wɔlaa kple Agbenalaa. Anɔ eme be àgblɔ hã be yexɔ Yesu Kristo, ame si tsɔ eƒe agbe na be wòanye mía tafe la dzi se. Eye àtsɔ dzidzɔ agblɔ kpee be anyigbaa ava zu paradiso, afi si Mawu ƒe amewo anɔ agbe tegbee le. Ke ɖe nàtɔ asi tsitretsitsia hã dzi be enye wò dzixɔse veviawo dometɔ ɖeka?

2 Ne míele mɔ kpɔm be míatso xaxa gã la ahanɔ agbe tegbee le anyigba dzi gɔ̃ hã la, susu nyuiwo li siwo tae míabu tsitretsitsia akpe ɖe míaƒe nufiafia veviwo ŋu. Apostolo Paulo na susu si tae tsitretsitsia nye dzixɔse vevi aɖe na mí la me kɔ esi wògblɔ be: “Ne vavãe ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖeke meli o la, ekema womefɔ Kristo ɖe tsitre o.” Ne womefɔ Kristo ɖe tsitre o la, ke afia be mele dzi ɖum le dziƒo o, eye nu siwo míefiana ku ɖe Kristo ƒe dziɖuɖu ŋu la anye dzodzro. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 15:12-19.) Ke hã, míenya be wofɔ Yesu ɖe tsitre. Esia na míeto vovo na Yudatɔ Zadukitɔwo, siwo melɔ̃na ɖe edzi kura be woate ŋu afɔ kukuawo ɖe tsitre o. Ne amewo ɖe alɔme le mía ŋu gɔ̃ hã la, míexɔnɛ sena kokoko be tsitretsitsi li.—Marko 12:18; Dɔw. 4:2, 3; 17:32; 23:6-8.

3 Esime Paulo nɔ nu ƒom tso “Kristo la ŋuti gɔmedzenufiafiawo” ŋu la, ehe susu yi “ame kukuwo ƒe tsitretsitsi” ŋuti nufiafiaa hã dzi. (Heb. 6:1, 2) Eye Paulo te gbe ɖe edzi be yexɔ tsitretsitsia dzi se. (Dɔw. 24:10, 15, 24, 25) Gake togbɔ be egblɔ tso tsitretsitsia ŋu be enye ‘Mawu ƒe gbedeasi kɔkɔeawo ƒe gɔmedzenu,’ alo gɔmedzenufiafia hã la, esia mefia be nufiafia tsɛ aɖe koe wònye o. (Heb. 5:12) Nu ka tae?

4. Nya kawoe míate ŋu abia ku ɖe tsitretsitsia ŋu?

4 Ne amewo va le Biblia srɔ̃m la, wo dometɔ geɖe xlẽa nu tso ale si wofɔ amewo abe Lazaro ene ɖe tsitre le blema la ŋu nya. Eye wova kpɔnɛ be Abraham, Hiob kple Daniel xɔe se be woafɔ kukuawo ɖe tsitre le etsɔme. Ke hã, ne ame aɖe gblɔ be nàtsɔ Biblia aɖo kpe nu si tae míeka ɖe tsitretsitsi ƒe ŋugbe siwo wodo ƒe alafa gbogbo aɖewo va yi dzi la, aleke nàɖo eŋui? Eye ɖe Biblia gblɔ ɣeyiɣi si tututu woafɔ kukuawo ɖe tsitrea? Biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo ado ŋusẽ míaƒe xɔse, eya ta na míakpɔ nu si Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso wo ŋu ɖa.

TSITRETSITSI SI ŊU NYA WOGBLƆ ÐI ƑE ALAFA GEÐE DO ŊGƆ

5. Tsitretsitsi ka tɔgbi ŋue míaƒo nu tsoe fifia?

5 Ele bɔbɔe be míalɔ̃ ɖe edzi be woate ŋu afɔ ame si ku eteƒe medidi o la ɖe tsitre. (Yoh. 11:11; Dɔw. 20:9, 10) Ke ne wodo tsitretsitsi aɖe ƒe ŋugbe ƒe geɖe alo ƒe alafa gbogbo aɖewo do ŋgɔ ɖe? Ðe nàte ŋu aka ɖe ŋugbe sia si wodo ku ɖe etsɔme ʋĩi ŋu la dzi nenye be ame si ku eteƒe medidi o alo ame si ku gbe aɖe gbe ʋĩi ke ŋue wodo ŋugbea le gɔ̃ hã? Le nyateƒe me la, tsitretsitsi aɖe si ŋu nya wogblɔ ɖi ƒe alafa geɖe do ŋgɔ la va eme, eye èxɔ edzi se hã. Eyae nye ka? Eye aleke esia do ƒome kple nu si nàte ŋu akpɔ mɔ na ku ɖe kukuawo fɔfɔ ɖe tsitre le etsɔme ŋu?

6. Mɔ ka nue Psalmo 118 lia me nyawo ku ɖe Yesu ŋu le?

6 Azɔ míaƒo nu tso tsitretsitsi si ŋu nya wogblɔ ɖi ƒe gbogbo aɖewo do ŋgɔ la ŋu. Anɔ eme be David ye kpa Psalmo 118 lia, eye egblɔ le psalmo ma me be: “Oo Yehowa, míeɖe kuku, xɔ na mí! . . . Woayra ame si gbɔna le Yehowa ƒe ŋkɔ me.” Àɖo ŋku edzi be amewo gblɔ nya mawo si ku ɖe Mesia la ŋu esime Yesu do tedzi yina Yerusalem le Nisan 9 lia dzi, si nye ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na eƒe ku. (Ps. 118:25, 26; Mat. 21:7-9) Gake mɔ ka nue Psalmo 118 lia he susu yi tsitretsitsi aɖe si ava eme ƒe geɖe megbe dzi le? Psalmo ma ke me nya aɖe gblɔ be: “Kpe si xɔtulawo gbe la eyae va zu dzogoedzikpe vevitɔ.”—Ps. 118:22.

“Xɔtulawo gbe” Mesia la (Kpɔ memama 7)

7. Aleke gbegbee Yudatɔwo gbe Yesui?

7 ‘Xɔtulaawoe’ nye Yudatɔwo ƒe kplɔlawo, eye wogbe Mesia la. Menye ɖeko wogbe nu le Yesu gbɔ alo gbe edzi xɔxɔ se be eyae nye Kristo la o. Yudatɔ geɖe lé fu Yesu ale gbegbe be woƒoe ɖe Pilato nu be wòawui. (Luka 23:18-23) Ɛ̃, woƒe asi le eme wowu Yesu.

Mawu fɔ Yesu ɖe tsitre wòzu “dzogoedzikpe vevitɔ la” (Kpɔ memama 8, 9)

8. Aleke wòanya wɔ be Yesu nanye “dzogoedzikpe vevitɔ”?

8 Ne wogbe Yesu hewui la, ke aleke wòawɔ ava nye “dzogoedzikpe vevitɔ”? Ne wofɔe ɖe tsitre ko hafi esia ate ŋu adzɔ. Yesu ŋutɔ hã gblɔ nya siwo ɖo kpe esia dzi. Le lo aɖe si wòdo me la, egblɔ be agbledela aɖewo wɔ funyafunya ame siwo agbletɔa dɔ ɖe wo gbɔ, abe ale si ko Israel-viwo hã wɔ ŋlɔmi le nyagblɔɖila siwo Mawu dɔ ɖe wo gbɔ la ŋu ene. Mlɔeba, agbletɔ la dɔ viaŋutsu si gbɔ melɔ̃a nu le o, si nye domenyila la ɖe wo. Ðe woxɔe nyuiea? Kura o. Agbledelaawo wɔ nu si gbɔ eme esi wowui. Eyome Yesu he susu yi nyagblɔɖi si le Psalmo 118:22 la dzi tsɔ ƒo eƒe lododoa tae. (Luka 20:9-17) Apostolo Petro hã wɔ ŋɔŋlɔ ma ke ŋu dɔ esime wònɔ nu ƒom na Yudatɔwo ƒe ‘dziɖulawo, amegãwo kple agbalẽfiala siwo va kpe ta le Yerusalem.’ Esime wònɔ nu ƒom tso “Yesu Kristo, Nazaretetɔ la” ŋu na wo la, egblɔ be “[miehee] ɖe ati ŋu, gake Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.” Eyome Petro gblɔ na wo eme kɔ ƒãa be: “Esiae nye ‘kpe si mi xɔtulawo miebu ɖe naneke me o, si va zu dzogoedzikpe vevitɔ la.’”—Dɔw. 3:15; 4:5-11; 1 Pet. 2:5-7.

9. Nudzɔdzɔ ɖedzesi ka ŋu nyae wogblɔ ɖi le Psalmo 118:22?

9 Eme kɔ ƒãa be Psalmo 118:22 gblɔ tsitretsitsi aɖe ŋu nya ɖi ƒe alafa geɖe do ŋgɔ. Woagbe Mesia la ahawui, gake Mawu afɔe ɖe tsitre be wòava nye dzogoedzikpe vevitɔ la. Yesu sia si wofɔ ɖe tsitre la va zu ame si ko dze aɖe amegbetɔwo. Esia tae Biblia gblɔ be “ŋkɔ bubu aɖeke mele dziƒoa te, si wona amegbetɔwo, si dzi míato akpɔ xɔxɔ o.”—Dɔw. 4:12; Ef. 1:20.

10. (a) Nya kae wogblɔ ɖi le Psalmo 16:10? (b) Nu ka tae míeka ɖe edzi be menye David ŋue Psalmo 16:10 me nyawo ku ɖo o?

10 Gabu mawunyakpukpui bubu aɖe si he susu yi tsitretsitsia dzi ŋu kpɔ. Ƒe akpe ɖeka kple edzivɔe wogblɔ nyaa ɖi eye wòva eme, eya ta ele be esia nado ŋusẽ míaƒe xɔse be woate ŋu agblɔ tsitretsitsi aɖe ŋu nya ɖi ƒe gbogbo aɖewo do ŋgɔ eye wòava eme hã. David gblɔ le Psalmo 16 lia me be: “Màgblẽm ɖe Tsiẽƒe o. Màna wò nuteƒewɔla la nakpɔ yɔdo o.” (Ps. 16:10) Menye ɖe David nɔ gbɔgblɔm be yemaku o alo be yemayi yɔdo me akpɔ o. Eye Mawu ƒe Nyaa gblɔe eme kɔ be David tsi ku amegã. Esi wòku la, ‘wotsɔe mlɔ tɔgbuiawo gbɔ eye woɖii ɖe David Ƒe Du la me.’ (1 Fia. 2:1, 10) Ekema Psalmo 16:10 me nyawo gɔme ɖe?

11. Ɣekaɣie Petro ɖe Psalmo 16:10 me nyawo me?

11 Ŋɔŋlɔawo kɔ nya sia me na mí. Kwasiɖa ʋɛ aɖewo le Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi megbe, si nye ƒe akpe ɖeka kple edzivɔ tso esime woŋlɔ Psalmo 16:10 me nyawo la, Petro ƒo nuƒo aɖe na ame akpe geɖe siwo nye Yudatɔwo kple ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo, eye wòɖe psalmo ma me nyawo me na wo. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 2:29-32.) Egblɔ be David ku vavã eye woɖii. Esia nɔ nyanya na Petro ƒe nyaselaawo nyuie. Eye Biblia megblɔ be wo dometɔ aɖe ke ɖi nya si Petro gblɔ be David kpɔ Mesia si ŋugbe wodo “la ƒe tsitretsitsi do ŋgɔ eye wòƒo nu tso eŋu” la o.

12. Aleke Psalmo 16:10 me nyawo va emee, eye nu ka dzie esia ɖo kpee ku ɖe tsitretsitsi si ŋu nya wogblɔ ɖi la ŋu?

12 Petro he susu yi nya si David gblɔ le Psalmo 110:1 dzi tsɔ ɖo kpe eƒe nyaa dzi. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 2:33-36.) Ale si Petro kpe ɖe wo ŋu wode ŋugble le Ŋɔŋlɔawo ŋu la wɔe be ameha si wònɔ nu ƒom na la va kpɔe kɔtɛ be Yesu ye nye “Aƒetɔ kple Kristo.” Gawu la, amehaa lɔ̃ ɖe edzi be Psalmo 16:10 me nyawo va eme esime wofɔ Yesu ɖe tsitre. Emegbe esime apostolo Paulo nɔ nu ƒom na Yudatɔwo le Antiokia si le Pisidia la, eya hã wɔ kpeɖodzinya mawo ke ŋu dɔ. Eƒe numeɖeɖea wɔ dɔ ɖe wo dzi eye wodi be yewoagase nya bubuwo akpee. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 13:32-37, 42.) Ele be esia naʋã míawo hã míakpɔe be kakaɖedzi blibo nɔ Biblia me nyagblɔɖi siwo ku ɖe Yesu ƒe tsitretsitsia ŋu la ŋu, togbɔ be wogblɔ wo ɖi ƒe alafa geɖe do ŋgɔ gɔ̃ hã.

ƔEKAƔIE WOAFƆ KUKUAWO ÐE TSITRE?

13. Nya kawoe ate ŋu ava susu me na mí ku ɖe tsitretsitsia ŋu?

13 Ele be nyateƒe si wònye be tsitretsitsi si ŋu nya wogblɔ ɖi ƒe alafa geɖe do ŋgɔ tea ŋu vaa eme la nade dzi ƒo na mí. Ke hã, ame aɖe abia be: ‘Ðe esia fia be ɣeyiɣi didi aɖe ŋutɔ megbee magakpɔ nye ame lɔlɔ̃ siwo ku la? Ɣekaɣie tsitretsitsi si mele mɔ kpɔm na la ava?’ Yesu gblɔ na eƒe apostolowo be nanewo li siwo womenya o, siwo womate ŋu anya hã o. “Ɣeyiɣi [kple] azãgbe siwo Fofo la ɖo le eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ nu la” ŋuti nyawo li siwo ŋu apostoloawo menya nu tsoe o. (Dɔw. 1:6, 7; Yoh. 16:12) Gake esia mefia be míenya naneke kura tso ɣeyiɣi si me woava fɔ kukuawo ɖe tsitre ŋu o.

14. Aleke Yesu ƒe tsitretsitsia to vovo na tsitretsitsi siwo do ŋgɔ?

14 Be nya sia me nakɔ la, na míagahe susu ayi tsitretsitsi siwo ŋu nya Biblia gblɔ ɖi la dzi. Eme kɔ ƒãa be Yesu ƒe tsitretsitsiae nye vevietɔ wu le ŋutinya me. Ne ɖe womefɔe ɖe tsitre o la, anye ne mɔkpɔkpɔ aɖeke manɔ mía si be míagakpɔ míaƒe ame vevi siwo ku la o. Ame siwo amewo abe Eliya kple Elisa ene fɔ ɖe tsitre do ŋgɔ na Yesu ƒe tsitretsitsi la meyi edzi nɔ agbe ɖaa o. Wogaku emegbe eye wonyunyɔ le woƒe yɔdowo me. Ke Yesu ya, ‘wofɔe tso ame kukuwo dome, magaku akpɔ o, eye ku magaɖu aƒetɔ ɖe edzi azɔ o.’ Esi wòle dziƒo azɔ la, anɔ “agbe tegbetegbe,” maku gbeɖe o.—Rom. 6:9; Nyaɖ. 1:5, 18; Kol. 1:18; 1 Pet. 3:18.

15. Nu ka tae woyɔ Yesu be “kutsetse gbãtɔ” ɖo?

15 Yesu ye nye ame gbãtɔ si wofɔ wòzu gbɔgbɔmenuwɔwɔ yi dziƒo, eye eƒe tsitretsitsia ye nye vevitɔ wu. (Dɔw. 26:23) Gake menye eya ɖeka koe nye ame si wofɔ ɖe tsitre yi dziƒo o. Yesu do ŋugbe na eƒe apostolo wɔnuteƒeawo be woaɖu fia kpli ye le dziƒo. (Luka 22:28-30) Gake woƒe ku megbe ko hafi fetu sia asu wo si. Ekema abe ale si wònɔ le Kristo gome ene la, woafɔ woawo hã kple gbɔgbɔŋutilã. Paulo ŋlɔ bena, “wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wònye ame siwo dɔ alɔ̃ le ku me la ƒe kutsetse gbãtɔ.” Paulo na eme kɔ be woafɔ ame bubuwo hã ɖe tsitre woayi dziƒo esi wògblɔ be: “Ame sia ame le eƒe ɖoɖo nu: Kristoe nye kutsetse gbãtɔ, emegbe la, ame siwo nye Kristo la tɔ le eƒe anyinɔɣi la.”1 Kor. 15:20, 23.

16. Aleke Ŋɔŋlɔawo na míenya ɣeyiɣi si me lɔƒo wote amewo fɔfɔ ɖe tsitre yi dziƒo?

16 Paulo ƒe nyawo na míenya ɣeyiɣi si me lɔƒo amewo fɔfɔ ɖe tsitre yi dziƒo dze egɔme. Kristo ƒe “anyinɔɣi la” mee. Tso ɣeaɖeɣi kee Yehowa Ðasefowo tsɔ Biblia ɖo kpe edzi be Yesu ƒe “anyinɔɣi la” dze egɔme tso ƒe 1914 me. Míegakpɔtɔ le eƒe “anyinɔɣi” la me, eye nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu gogo ŋutɔ.

17, 18. Nu kae adzɔ ɖe amesiamina aɖewo dzi le Kristo ƒe anyinɔɣi la me?

17 Biblia gana numekɔkɔ bubuwo tso tsitretsitsi yi dziƒo ƒe nyaa ŋu ale: “Míedi be ame siwo le alɔ̃ dɔm le ku me la ŋu nya nanɔ manyamanya na mi o . . . Ne míexɔe se be Yesu ku, eye wògafɔ vavã la, ekema Mawu akplɔ ame siwo dɔ alɔ̃ le ku me le Yesu me la ayi kpakplii . . . Mí ame siwo le agbe yi ɖase Aƒetɔ la ƒe anyinɔɣi la, míado ŋgɔ na ame siwo dɔ alɔ̃ le ku me la le mɔ aɖeke nu o; elabena Aƒetɔ la ŋutɔ atsɔ gbeɖeɖe sesẽ . . . aɖi tso dziƒo, eye ame siwo ku le Kristo me la atsi tsitre gbã. Emegbe la, woakɔ mí ame susɔe siwo le agbe la le alilikpowo me ayi aɖakpe Aƒetɔ la le yame ahawɔ ɖeka kpli wo; eye ale míanɔ Aƒetɔ la gbɔ ɖaa.”—1 Tes. 4:13-17.

18 Amewo fɔfɔ yi dziƒo dze egɔme ɣeaɖeɣi le Kristo ƒe “anyinɔɣi la” me. Ɣeaɖeɣi le xaxa gã la me la, “woakɔ” amesiamina siwo gale agbe la “le alilikpowo me.” (Mat. 24:31) Le ame siwo “woakɔ” alea gome la, ‘womadɔ alɔ̃ le ku me o,’ si fia be ne woku la, womanɔ nɔnɔme ma me eteƒe nadidi o. Ke boŋ, ‘woatrɔ wo katã woƒe nɔnɔme enumake, le aɖabaƒoƒo ɖeka me, le kpẽkuku mamlɛa me.’—1 Kor. 15:51, 52.

19. “Tsitretsitsi si nyo wu” kae míele mɔ kpɔm na?

19 Egbea, Kristotɔ wɔnuteƒe akpa gãtɔ menye amesiamina siwo aɖu fia kple Kristo le dziƒo o. Ke boŋ, wole mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ava wu enu le “Yehowa ƒe ŋkeke la” dzi. Ame aɖeke menya ŋkeke si tututu nuwuwua ava o, gake kpeɖodziawo ɖee fia be ete tu aƒe. (1 Tes. 5:1-3) Esia megbe la, tsitretsitsi ƒomevi bubu aɖe ayi edzi, si nye amewo fɔfɔ be woanɔ agbe le paradisonyigba dzi. Mɔnukpɔkpɔ asu ame siwo woafɔ ɖe tsitre la si be woava de blibo eye womagaku akpɔ o. Esia anye “tsitretsitsi si nyo wu,” elabena togbɔ be “wofɔ nyɔnu siwo ƒe amewo ku la ɖe tsitre na wo” le blema hã la, ame siwo wofɔ na wo la gaku ake emegbe.—Heb. 11:35.

20. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be tsitretsitsi si le ŋgɔ la anɔ ɖoɖo nu?

20 Biblia gblɔ tso amewo fɔfɔ yi dziƒo ŋu be woafɔ “ame sia ame le eƒe ɖoɖo nu.” (1 Kor. 15:23) Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi be amewo fɔfɔ be woava nɔ agbe le anyigba dzi hã anɔ ɖoɖo nu. Ke hã, biabiawo abe esiawo ene ate ŋu afɔ ɖe te: Ame siwo ku le míaƒe ŋkekeawo mee woafɔ ɖe tsitre gbã le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me ale be woƒe ame lɔlɔ̃wo, siwo dze si wo la naxɔ wo atuua? Ðe woafɔ blematɔ wɔnuteƒe siwo si ŋgɔxɔxɔ na amewo ƒe ŋutete le la kaba wu, ale be woakpe asi ɖe Mawu ƒe amewo kpɔkplɔ ŋu le xexe yeyea mea? Ke ame siwo mesubɔ Yehowa kpɔ o ya ɖe? Ɣekaɣie woafɔ wo, eye afi kae woava nɔ? Ɛ̃, nya geɖe li míate ŋu abia. Gake ɖe wòhiã be míatsi dzi ɖe biabia mawo ŋu fifia? Ðe manyo wu be míalala akpɔ Yehowa sinu oa? Míeka ɖe edzi be dzidzɔ bliboe wòanye be míakpɔ ale si Yehowa ŋutɔ akpɔ nya mawo gbɔe.

21. Mɔkpɔkpɔ kae le asiwò le tsitretsitsia gome?

21 Hafi ɣemaɣi naɖo la, ele be míanɔ míaƒe xɔse tum ɖo ahaka ɖe Yehowa dzi geɖe wu. Eto Yesu dzi do ŋugbe na mí be ame siwo ku la ƒe nu le susu me na ye, eye yeana woagava nɔ agbe ake. (Yoh. 5:28, 29; 11:23) Be Yesu naɖee afia be ŋusẽ le Yehowa si be wòafɔ kukuawo ɖe tsitre la, gbe ɖeka egblɔ tso Abraham, Isak kple Yakob ŋu be “wo katã wole agbe nɛ.” (Luka 20:37, 38) Esime míele mɔ kpɔm na tsitretsitsia la, susu nyui geɖewo li siwo ta míawo hã míagblɔ abe Paulo ene be: “Mɔkpɔkpɔ le asinye le Mawu me . . . be tsitretsitsi li.”—Dɔw. 24:15.