Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbagbadzedze Be Woagblɔ Etsɔme Ði

Agbagbadzedze Be Woagblɔ Etsɔme Ði

Ðe nèbua ale si nuwo ava nɔ le etsɔme na wò kple wò ƒomea ŋua? Ðe ganyawo ava nyo alo agblẽa, ɖe míalɔ̃ mía nɔewo loo alo míatsi akogoa? Ðe nànɔ agbe didi loo alo aku kukpoa? Amewo gblɔa nya vovovowo tso nyabiase siawo ŋu ƒe akpe geɖee nye esia.

Egbea numekulawo léa ŋku ɖe xexea me ƒe nɔnɔmewo ŋu eye wogblɔa ale si etsɔme ava nɔ. Togbɔ be nu siwo wogblɔ ɖi dometɔ geɖe va eme hã la, bubuwo ya do kpo nu kura. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1912 me la, aƒetɔ Guglielmo Marconi to telegraph gbãtɔ si ŋu wometsya ka ɖo o vɛ, eye wògblɔ be: “Mɔ̃ɖaŋunu siawo siwo ŋu wometsyaa ka ɖo o awɔe be aʋawɔwɔ natɔ te.” Dɔwɔƒe aɖe (Decca Record Company) ƒe amegã aɖe si gbe guiter ƒola aɖewo siwo woyɔna be Beatles, le ƒe 1962 me la xɔe se be ame siwo ƒoa guiter ƒe ŋkɔxɔxɔ manɔ anyi adidi o.

Ame geɖewo ɖoa ŋu ɖe vivimeŋusẽwo ŋu be woagblɔ nu si adzɔ le etsɔme la na yewo. Ame bubuwo trɔna ɖe ɣletivimefakalawo ŋu; eye ɣletivimefakaka bɔ ɖe magazinewo kple nyadzɔdzɔgbalẽwo me. Ame aɖewo hã yia etsɔmegblɔɖilawo alo gbɔgbɔyɔla siwo xlẽa afakagbalẽwo, xexlẽdzesiwo, alo fli siwo le amewo ƒe asiƒome, eye wogblɔna be “yewoate ŋu agblɔ” etsɔme ɖi la gbɔ.

Esi ame siwo nɔ anyi le blema la di be yewoanya etsɔme ta la, wo dometɔ aɖewo yia afakala siwo sea gbe tso mawu siwo teƒe wobe yewole la gbɔ vɛ na amewo. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ be Lydia-dua ƒe Fia Croesus tsɔ nunana xɔasiwo ɖo ɖe afakala aɖe le Delphi si le Greece kple susu be wòagblɔ nu si adzɔ ne yewɔ aʋa kple Persia-fia Kores la na ye. Afakala la gblɔ be Croesus atsrɔ̃ “fiaɖuƒe gã aɖe” ne eho aʋa ɖe Kores ŋu. Esi esia na Croesus ka ɖe edzi be yeaɖu aʋa dzi ta la, eho yi aʋa la, gake eya ŋutɔ ƒe fiaɖuƒe gã la dzie woɖu!

Afakala sia ƒe ameflunya ma meɖe vi aɖeke o; akpa eveawo dometɔ kae ɖu aʋaa dzi o, nya mawo adze abe ɖe wova eme ene. Alakpanya mawo siwo Croesus se la wɔe be vɔ̃ dzɔ ɖe edzi. Ðe nuwo dze edzi na ame siwo trɔna ɖe ame siwo be yewogblɔa etsɔme ɖi egbea ŋu laa?