Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋugbedodo Siwo Ava Eme

Ŋugbedodo Siwo Ava Eme

Wole gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le anyigba bliboa dzi abe ale si Yesu gblɔe ɖi ene. (Mateo 24:14) Biblia gbalẽ si nye Daniel na míenya be Fiaɖuƒe ma nye Mawu ŋutɔ ƒe dziɖuɖu. Agbalẽa ƒe ta 2 lia nye nyagblɔɖi si ƒo nu tso amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu alo fiaɖuƒe aɖewo siwo kpɔ ŋusẽ tso blema Babilon dzi va ɖo míaƒe ŋkekea me ŋu. Esi kpukpui 44 lia nɔ nu siwo adzɔ le etsɔme gblɔm ɖi la egblɔ be:

“Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o. Eye fiaɖuƒe sia mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o. Agbã fiaɖuƒe mawo katã gudugudu, eye wòahe wo va nuwuwui, ke eya ɖeɖe anɔ anyi tegbee.”

Nyagblɔɖi sia kple Biblia me nyagblɔɖi bubuwo ɖee fia be Mawu Fiaɖuƒea ava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo teƒe, eye wòaɖɔ nuwo ɖo eye nuwo anɔ ɖoɖo nu le anyigba dzi. Aleke agbea anɔ ne Fiaɖuƒea le dzi ɖum? Ŋugbedodo nyui siwo ava eme kpuie la ƒe ɖewoe nye esiawo.

  • AƲAWƆWƆ NU AYI

    Psalmo 46:9: “[Mawu tsia] aʋawɔwɔwo nu le anyigba bliboa dzi. Eŋea dati, eflia akplɔ kakɛkakɛe, eye wòtɔa dzo aʋatasiaɖamwo.”

    Kpɔ ale si nuwo anɔ ne ɖe woazã ga siwo wotsɔ tua aʋawɔnuwo kple aɖaŋu si wozãna ɖe nu mawo ŋu la be wòaɖe vi na amegbetɔwo ke menye be wòawu wo o la ɖa ko le susu me! Ŋugbedodo sia ava eme ŋutɔŋutɔ ne Mawu Fiaɖuƒea va le dzi ɖum.

  • DƆLÉLEWO MAGANƆ ANYI O

    Yesaya 33:24: “Dua me tɔ aɖeke magblɔ be, ‘Mele dɔ lém o.’”

    Wo ya bu eŋu kpɔ ko, ame aɖeke magalé dzidɔ, kansa, asrã, alo dɔléle bubu aɖeke o. Dɔnɔkɔdziwo kple atikewo maganɔ anyi o. Ame sia ame anɔ lãmesẽ deblibo me le anyigba dzi.

  • NUÐUÐU ABƆ

    Psalmo 72:16: “Agblemenukuwo ado agbogbo ɖe anyigba la dzi; woaxɔ towo tame keŋ.”

    Anyigbaa awɔ nu ame sia ame nakpɔ aɖu. Dɔwuame kple nu nyui makpɔɖu azu gbe aɖe gbe nya.

  • VEVESESE, NUXAXA KPLE KU MAGANƆ ANYI O

    Nyaɖeɖefia 21:4: “[Mawu] atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”

    Esia afia be amewo ade blibo eye woanɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi! Esia ƒe ŋugbee Mía Wɔla, Yehowa Mawu, do na mí.

‘AWƆ NU SI GBE MEÐOE ÐO LA ADE GOE’

Ðe nya siawo ate ŋu ava eme ŋutɔŋutɔa? Togbɔ be ame geɖe alɔ̃ ɖe ŋugbedodo siwo le Biblia me dzi be wonyo hã la, le susu vovovo aɖewo ta esesẽna na ame aɖewo be woaxɔ edzi ase be míate ŋu ava nɔ agbe tegbee. Esia mewɔ nuku o elabe amegbetɔ aɖeke meto nu mawo tɔgbi me kpɔ ne wòagblɔ ale si tututu wole na mí o.

Nu vɔ̃ kple ku wɔ amegbetɔwo kluvii eye wole veve sem, le fu kpem ƒe gbogbowoe nye esia ale gbegbe be ame geɖe va le ekpɔm be nu siawo nye agbea ƒe akpa aɖe. Gake nu siawo menɔ tame si mía Wɔla, Yehowa Mawu, ɖo ɖe amegbetɔwo ŋu la me o.

Be Mawu nana míaka ɖe nu siwo katã ƒe ŋugbe wòdo na mí dzi la, egblɔ tso eƒe ŋugbedodo siwo le Biblia me ŋu kakaɖedzitɔe be: “Magbugbɔ ava gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nu si medi, eye wòawɔ nu si gbe meɖoe ɖo la ade goe hafi.”—Yesaya 55:11.

Wogblɔ tso Yehowa ŋu le Biblia me be enye Mawu si “mate ŋu aka aʋatso o.” (Tito 1:2) Esi wòdo ŋugbe nyui siawo katã na mí be woava eme le etsɔme la, anyo be míabu nya siawo ŋu: Ðe amegbetɔwo ate ŋu anɔ agbe tegbee le Paradiso si ƒe ŋugbe wòdo la me le anyigba dzia? Nu kae míawɔ be Mawu ƒe ŋugbedodowo naɖe vi na mí? Àkpɔ nya siawo ƒe ŋuɖoɖowo le agbalẽ sia ƒe akpa siwo kplɔe ɖo me.