Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu Anɔ Agbe Tegbee Le Anyigba Dzi

Àte Ŋu Anɔ Agbe Tegbee Le Anyigba Dzi

MƆKPƆKPƆ WƆNUKU KA GBEGBEE NYE ESI! Mía Wɔlaa do ŋugbe be yeana míanɔ agbe tegbee le anyigba dzi afi sia. Gake esesẽ na ame geɖe be woaxɔ nya ma dzi ase. Wogblɔna be ‘Ame sia ame ava ku gbe ɖeka, nenemae wowɔ míi ye nye ema.’ Ame bubuwo hã susu be míate ŋu anɔ agbe tegbee gake menye le anyigba dzi afi sia o. Wogblɔna be ɖeko míaku ayi dziƒo hafi ate ŋu anɔ agbe tegbee. Nu kae nèsusu?

Hafi nàɖo nya ma ŋu la, anyo be nàde ŋugble le ale si Biblia ɖo biabia etɔ̃ siawo ŋu la ŋu: Aleke ale si wowɔ míi la ɖee fia be ɖe wòle be míanɔ agbe tegbee hafi? Nu kae nye Mawu ƒe tameɖoɖo na amegbetɔwo kple anyigbaa le gɔmedzedzea me? Nu kae dzɔ hafi amegbetɔwo va le kukum?

ALE SI AMEGBETƆ LE ETƆXƐE

Amegbetɔ le etɔxɛe le nu gbagbe siwo Mawu wɔ ɖe anyigba dzi la dome. Le mɔ ka nu? Biblia gblɔ be amegbetɔ koe Mawu wɔ ɖe eƒe “nɔnɔme nu” be “wòaɖi” ye. (1 Mose 1:26, 27) Nya ma gɔme ɖe? Efia be Mawu wɔ amegbetɔ eye wòna ŋutetee be wòate ŋu asrɔ̃ yeƒe nɔnɔmewo abe lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye ene.

Azɔ hã, wona ŋutete amegbetɔwo be woate ŋu abu tame, anɔ agbe nyui eye woasubɔ Mawu. Esia tae míetea ŋu kpɔa ale si gbegbe xexea nya kpɔe, ale si nuwɔwɔwo nya kpɔ, eye míekpɔa dzidzɔ ɖe aɖaŋudɔwo, hadzidzi kple hakpanyawo hã ŋu. Vevietɔ wue nye be amegbetɔ ate ŋu asubɔ Wɔlaa. Ŋutete siawo wɔe be amegbetɔ de ŋgɔ sãa wu nu gbagbe bubu siwo le anyigba dzi.

Ke bu nya sia ŋu kpɔ: Ðe Mawu awɔ amegbetɔ wòanɔ etɔxɛ alea eye wòana ŋutetee be wòate ŋu awɔ nu gbogbo siawo katã gake be wòanɔ agbe ƒe ʋɛ aɖewo koa? Nyateƒeae nye be Mawu wɔ amegbetɔ eye wòna ŋutete tɔxɛ siawoe ale be míanɔ agbe tegbee le anyigba dzi wòavivi mía nu.

TAME SI MAWU ÐO LE GƆMEDZEDZEA ME

Ame aɖewo gblɔna be Mawu mewɔ amegbetɔwo be woanɔ agbe tegbee le anyigba dzi o. Wotea tɔ ɖe edzi be amedzrowoe míenye le anyigba dzi, eye be afi siae woado mí kpɔ le be ame kawoe adze ava nɔ agbe tegbee le Mawu gbɔ le dziƒo hã. Gake ne nyateƒee la, ɖe ema mafia be Mawu gbɔe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo kple nu gbegblẽ wɔwɔ siwo bɔ ɖe anyigba dzi la tso oa? Ema atsi tsitre ɖe nɔnɔme si tututu le Mawu si la ŋu. Biblia gblɔ tso eŋu be: “Elabena eƒe mɔwo katã dzɔ. Mawu nyateƒetɔ, ame si mewɔa nu madzɔmadzɔ gbeɖe o; dzɔdzɔetɔ kple nuteƒewɔla wònye.”—5 Mose 32:4.

Biblia gblɔ tame si Mawu ɖo le gɔmedzedzea me la eme kɔ ale: “Dziƒo nye Yehowa tɔ, ke etsɔ anyigba na amegbetɔviwo.” (Psalmo 115:16) Mawu wɔ anyigbaa be wòanya kpɔ, wòanye aƒe si me amegbetɔwo anɔ tegbee, eye nu sia nu si hiã be míakpɔ dzidzɔ eye míase vivi na agbe tegbee la le anyigba dzi.—1 Mose 2:8, 9.

“Dziƒo nye Yehowa tɔ, ke etsɔ anyigba na amegbetɔviwo.”—Psalmo 115:16

Biblia gagblɔ tame si Mawu ɖo ɖe amegbetɔwo ŋu la eme kɔ. Mawu de dɔ asi na atsu kple asi gbãtɔ be ‘woadzi asɔ gbɔ, ayɔ anyigba la dzi, eye woakpɔ ŋusẽ ɖe nu gbagbe siwo katã ʋãna le anyigba dzi la dzi.’ (1 Mose 1:28) Mɔnukpɔkpɔ nyui ŋutɔ aɖee su wo si be woalé be na woƒe Paradisoa, akekee ɖe enu wòaxɔ anyigba katã dzi! Le nyateƒe me la, agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ye nye mɔkpɔkpɔ si nɔ Adam kple Xawa kpakple vi siwo woava dzi la si, ke menye be woava nɔ dziƒo o.

NU KA TAE AMEGBETƆWO KUNA?

Ke nu kae he kua vɛ? Biblia gblɔ be Mawu ƒe gbɔgbɔmeviwo dometɔ ɖeka, si va dze aglã, si wova yɔ emegbe be Satana Abosam, dze agbagba be yeatɔtɔ ɖoɖo si Mawu wɔ le Eden-bɔa me la me. Aleke wòwɔe?

Satana ble mía dzila gbãtɔ Adam kple Xawa be woawɔ ɖeka kple ye yewoadze aglã ɖe Mawu ŋu. Esi Satana gblɔ be Mawu le nu nyui aɖe si nye, ale si woawo ŋutɔwo ate ŋu atso nya me le nyui kple vɔ̃ ŋu tem wo la, wodze Satana yome eye wodze aglã ɖe Mawu ŋu. Nu kae do tso eme? Wova ku mlɔeba abe ale si Mawu gblɔe ene. Agbe tegbee nɔnɔ le Paradiso me le anyigba dzi bɔ wo.—1 Mose 2:17; 3:1-6; 5:5.

Adam kple Xawa ƒe aglãdzedzea le nu gblẽm le amegbetɔwo ŋu va se ɖe fifia. Mawu ƒe Nyaa gblɔ be: “To ame ɖeka [Adam] dzi nu vɔ̃ va xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, ale ku la kaka ɖe amewo katã dome.” (Romatɔwo 5:12) Amegbetɔwo kuna elabe míenyi nu vɔ̃ kple ku ƒe dome tso mía dzila gbãtɔwo gbɔ, ke menye be ɖe Mawu ɖoe na mí, alo be ku nye nu si gɔme míate ŋu ase o.

ÀTE ŊU ANƆ AGBE TEGBEE LE ANYIGBA DZI

Aglã si wodze le Eden-bɔa me la megblẽ tame si Mawu ɖo tso gɔmedzedzea me na amegbetɔwo kple anyigba la me o. Lɔlɔ̃ deblibo si le Mawu si kple eƒe dzɔdzɔenyenye ʋãe wòwɔ ɖoɖo be yeaɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku, siwo dome míenyi la ƒe kluvinyenye me. Apostolo Paulo gblɔ be: “Nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku, ke Mawu ƒe nunanae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu mía Aƒetɔ la dzi.” (Romatɔwo 6:23) Lɔlɔ̃ ʋã Mawu “wòtsɔ eƒe Tenuvi la [Yesu Kristo] na, be ame sia ame si xɔa edzi sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Esi Yesu lɔ̃ faa tsɔ eɖokui na wònye tafe ɖe mía ta ta la, eɖɔ nu sia nu si dome Adam gblẽ la ɖo. a

Madidi o, paradiso si ŋugbe Mawu do be ava anyigba dzi la ava eme ŋutɔŋutɔ. Àte ŋu ase vivi na etsɔme nyui sia, ne èwɔ ɖe aɖaŋu si Yesu ɖo la dzi. Egblɔ be: “Mito agbo xaxɛ la nu yi ɖe eme, elabena agbo la keke eye mɔ si kplɔa ame yia tsɔtsrɔ̃ me la le gbadza, eye ame geɖewoe toa enu yina; ke agbo la le xaxɛe eye mɔ la hã xaxa, si kplɔa ame yia agbe me, eye ame ʋɛ aɖewo koe kpɔnɛ.” (Mateo 7:13, 14) Nyateƒeae nye be, tiatia siwo nàwɔ fifia ye afia ale si wò etsɔme anɔ. Eya ta tiatia kae nàwɔ?

a Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nu si tafea ate ŋu awɔ na wò la ŋu le agbalẽ si nye Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! ƒe nusɔsrɔ̃ 27 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae. Àte ŋu awɔ eƒe kɔpi le Internet dzi femaxee le www.pr418.com/ee.