Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ame Fafawo Anyi Anyigba La Dome”

“Ame Fafawo Anyi Anyigba La Dome”

Mía dometɔ geɖe kpɔ eteƒe wotro gbo nya dzɔdzɔe, eye ame vɔ̃ɖiwo te ame nyuiwo kple ame siwo medze agɔ o la ɖe anyi kpɔ. Ðe ɣeyiɣi aɖe ava si me nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple ŋutasesẽ maganɔ anyi oa?

Psalmo 37 si le Biblia me ɖo nya sia ŋu, eye wòfia nu si wòle be míawɔ la hã mí. Kpɔ ale si wòɖo biabia vevi siawo ŋui ɖa.

  • Aleke wòle be míawɔ nu ɖe ame siwo tea mí ɖe anyi la ŋu?Kpukpui 1, 2.

  • Nu kae ava dzɔ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi?Kpukpui 10.

  • Etsɔme nyui kae le ŋgɔ na ame siwo wɔa nu nyui?Kpukpui 11, 29.

  • Nu kae wòle be míawɔ fifi laa?Kpukpui 34.

Psalmo 37 si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la ƒo nu tso etsɔme nyui si le ŋgɔ na ame siwo ‘kpɔa mɔ na Yehowa, eye wonɔa eƒe mɔ dzi’ la ŋu. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ Biblia be etsɔme nyui ma nate ŋu asu wò ŋutɔ kple wò ame veviwo si.