Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Wò ŋkuwo kpɔm esime menye ʋukɔe.”​—PSALMO 139:16

Ðe Mawu Sea Nu Gɔme Na Wòa?

Ðe Mawu Sea Nu Gɔme Na Wòa?

NU SI NUWƆWƆWO ATE ŊU AFIA MÍ

De ŋugble le amegbetɔwo ƒe ƒomedodo siwo me le kplikplikpli wu la dometɔ ɖeka ŋu kpɔ, eyae nye esi le venɔvi siwo ɖi wo nɔewo dome. Wo dome nɔna kplikplikpli ŋutɔ. Aƒenɔ Nancy Segal, si nye dɔwɔƒe aɖe si srɔ̃a nu tso venɔviwo ŋu (Twin Studies Center) ƒe amegã si ŋutɔ hã nye venɔvi gblɔ be: “Venɔviwo tea ŋu ɖoa dze eye wosea wo nɔewo ƒe nyawo gɔme bliboe.” Nyɔnu aɖe gblɔ tso ƒomedodo si le eya kple eƒe vedzɔ dome ŋu be: “Míenya nu sia nu tso mía nɔewo ŋu.”

Nu ka gbɔe wòtso be wotea ŋu sea nu gɔme na wo nɔewo? Numekukuwo ɖee fia be togbɔ be nutoa me kple ale si wo dzilawo he wo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi hã, esi wònye be domenyiŋusẽfianu ɖeka kloe le wo si ta la, ekpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi.

BU NYA SIAWO ŊU KPƆ: Wɔlaa, ame si wɔ domenyiŋusẽfianu wɔnuku sia la se ale si wòwɔ míi la gɔme nyuie. Hakpala David gblɔ be: “Ètsɔ nu xe ŋunye le danye ƒe dɔ me. Nye ƒuwo mele ɣaɣla ɖe wò esime wowɔm le ɣaɣlaƒe . . . o. Wò ŋkuwo kpɔm esime menye ʋukɔe; eye woŋlɔ eŋu nuwo katã ɖe wò agbalẽ me.” (Psalmo 139:13, 15, 16) Mawu ɖeka koe nya míaƒe wɔwɔme kple nu siwo me míeto le agbe me kpakple ale si wokpɔa ŋusẽ ɖe mía dzii la nyuie. Ale si gbegbe Mawu nya míaƒe wɔwɔmee la nana míekana ɖe edzi be esea míaƒe nuwɔna ɖe sia ɖe gɔme nyateƒe.

NU SI BIBLIA FIA MÍ TSO ALE SI MAWU SEA NU GƆME NA MÍI ŊU

David do gbe ɖa be: “Oo Yehowa, èdzro menye, eye nèdze sim nyuie. Ènya nye anyinɔnɔ kple nye tsitretsitsi. Èdze si nye susuwo tso adzɔge ʋĩi ke. Hafi nya aɖe nava nye aɖe dzi la, oo Yehowa, ènya wo katã nyuie xoxo.” (Psalmo 139:1, 2, 4) Azɔ hã, Yehowa nya ame si míenye le ememe, eye “wòdzea si tamesusuwo kple dzimedidiwo katã.” (1 Kronika 28:9; 1 Samuel 16:6, 7) Nu kae mawunyakpukpui siawo fia mí tso Mawu ŋu?

Togbɔ be míaɖe míaƒe susuwo kple seselelãmewo katã agblɔ le gbedodoɖa me o hã, mía Wɔlaa léa ŋku ɖe nu siwo míewɔna ŋu, eye wòsea susu siwo tae míewɔ wo ɖo hã gɔme. Azɔ hã, enya nu nyui siwo míedina be míawɔ, ne míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo wɔe be míete ŋu wɔ míaƒe dzimedidi aɖe dzi o gɔ̃ hã. Esi Mawu de lɔlɔ̃ dzi me na mí ta la, edzɔa dzi nɛ vevie be yealé ŋku ɖe nu siwo lɔlɔ̃ ʋãa mí míedina be míawɔ kple susu si tae la ŋu.—1 Yohanes 4:7-10.

Nu sia nu le nyanya na Mawu. Enya fu siwo kpem míele ne ame bubuwo menya alo le egɔme sem na mí o gɔ̃ hã

Biblia ka ɖe edzi na mí be

  • “Elabena Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe kokoƒoƒo ŋu.”—1 PETRO 3:12.

  • Mawu do ŋugbe be: “Mana gɔmesese deto nasu asiwò, eye mafia mɔ si nàto la wò. Nye ŋku anɔ ŋuwò eye maɖo aɖaŋu na wò.”—PSALMO 32:8.

MAWU ƑE DƆME TRƆNA ÐE AME ŊU VEVIE

Ne míenya be Mawu sea míaƒe nɔnɔmewo gɔme eye wòsea veve ɖe mía nu la, ɖe esia akpe ɖe mía ŋu míado dzi le nɔnɔme sesẽwo mea? Bu nu si dzɔ ɖe Anna, si le Nigeria dzi ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Le nɔnɔme siwo me tom mele ta la, mebiana be ɖe wòhiã be maganɔ agbea? Ahosie menye eye menɔ vinyenyɔnuvi si nɔ dɔ aɖe si nana tsi gbogbo aɖe va nɔa ame ƒe ahɔhɔ̃ me (hydrocephalus) la lém si na woxɔe ɖe kɔdzi la dzi kpɔm, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, wokpɔ kansa le no me nam si ta wòhiã be woawɔ dɔ nam, eye woanɔ kansatike sesẽwo wɔm nam. Menɔ bɔbɔe nam kura be manɔ vinyenyɔnu dzi kpɔm le kɔdzi esime woxɔ nye ŋutɔ hã ɖe kɔdzi o.”

Nu kae kpe ɖe Anna ŋu wòdo dzi? Egblɔ be, “Medea ŋugble le nya siwo dze le Filipitɔwo 4:6, 7 si gblɔ be, ‘Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu’ la ŋu. Ɣesiaɣi si meɖo ŋku ŋɔŋlɔ sia dzi la, mesena le ɖokuinye me be mete ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli, elabe enana mekpɔnɛ be esea nye nɔnɔmea gɔme wu nye ŋutɔ gɔ̃ hã. Azɔ hã nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le Kristo hamea me la de dzi ƒo nam ale gbegbe.

“Togbɔ be nye lãme mesẽ keŋkeŋ o hã, nye kple vinyea ƒe nɔnɔmea nyo wu tsã. Esi wònye be Yehowa le mía ta kpɔm ta la, míekpɔe be ele be míana míaƒe susu nanɔ nu nyuiwo ŋu ne míele kuxiwo me tom. Yakobo 5:11 ka ɖe edzi na mí be: ‘Míeyɔa ame siwo doa dzi la be dzidzɔtɔwo. Miese Hiob ƒe dzidodo ŋu nya, eye miekpɔ ale si Yehowa na nuwo va wu enu nɛ, be Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu geɖe, eye wòkpɔa nublanui na ame.’” Yehowa se Hiob ƒe nɔnɔmea gɔme nyuie, nenema kee míate ŋu aka ɖe edzi be esea nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe si me tom míele la gɔme.