Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Aɖe Fukpekpewo Katã Ða Kpuie

Mawu Aɖe Fukpekpewo Katã Ða Kpuie

“Oo Yehowa, va se ɖe ɣekaɣi manɔ ɣlidodo dzi be nàxɔ nam, gake nàgbe esese? Va se ɖe ɣekaɣi manɔ yɔwòm be nàxɔ nam le ŋutasesẽ ta, evɔ nàgbe nudede eme?” (Habakuk 1:2, 3) Nya mawoe Habakuk, si nye ame nyui, ame si ƒe nu dzea Mawu ŋu la bia. Ðe nya si wòbia fia be xɔse mele esi oa? Kura o! Mawu ka ɖe edzi na Habakuk be yeɖo ɣeyiɣi aɖe si yeava ɖe fukpekpewo katã ɖa.​—Habakuk 2:2, 3.

Ne míawo ŋutɔ alo míaƒe ame vevi aɖe le fu kpem la, ele bɔbɔe be míagblɔ be Mawu mele wɔwɔm kabakaba o, ɖe wòle be wòawɔ nane tso eŋu kaba hafie. Gake Biblia ka ɖe edzi na mí be: “Yehowa mele wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodo la ŋu abe ale si ame aɖewo se blewuwɔwɔ gɔme ene o, ke boŋ egbɔa dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo katã si woatrɔ dzi me.”—2 Petro 3:9.

ƔEKAƔI MAWU AWƆ NANE?

Eteƒe madidi kura o! Yesu gblɔ be dzidzime aɖe akpɔ nudzɔdzɔ ɖedzesi aɖewo siwo aɖee afia be míele “nuɖoanyia ƒe nuwuɣi” la teƒe. (Mateo 24:3-42) Esi Yesu ƒe nyagblɔɖia le eme vam le míaƒe ŋkekea me ta la, efia be eteƒe madidi o Mawu ade nu amegbetɔwo ƒe nyawo me. *

Gake aleke Mawu awɔ aɖe fukpekpewo katã ɖa? Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖee fia be ŋusẽ le Mawu si be wòaɖe amegbetɔwo ƒe fukpekpewo ɖa. Kpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa.

Dzɔdzɔmefɔkuwo: Esi Yesu kple eƒe apostoloawo nɔ Galilea-ƒua dzi la, ya sesẽ aɖe ƒo si na tɔdziʋu si me wole la nyrɔ kloe. Gake Yesu ɖee fia be ye kple ye Fofo yewoate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe dzɔdzɔmenuwo dzi. (Kolosetɔwo 1:15, 16) Ðeko Yesu gblɔ be: “Zi ɖoɖoe! Dze akɔ anyi!” Nu kae dzɔ? “Yaƒoƒo la tɔ, eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ.”—Marko 4:35-39.

Dɔléle: Wonya Yesu nyuie be ŋutete le esi be wòada dɔ na ŋkuagbatɔwo, lãmetututɔwo kple ame siwo nɔ kpeŋuidɔ, kpodɔ kple dɔléle bubu ƒomeviwo katã lém la. “[Eda] gbe le ame siwo katã ƒe lãme gblẽ la ŋu.”—Mateo 4:23, 24; 8:16; 11:2-5.

Nuɖuɖu Ƒe Veve: Yesu zã ŋusẽ si Fofoa nɛ la tsɔ na nuɖuɖu ʋɛ aɖe dzi ɖe edzi. Biblia gblɔ be zi eve le eƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi la, ena nuɖuɖu ame akpe geɖe.—Mateo 14:14-21; 15:32-38.

Ku: Ame etɔ̃ siwo Yesu fɔ ɖe tsitre la ɖee fia eme kɔ nyuie be ŋusẽ le Yehowa si be wòaɖe ku ɖa. Ame siwo Yesu fɔ ɖe tsitre la dometɔ ɖeka ku ŋkeke ene sɔŋ.—Marko 5:35-42; Luka 7:11-16; Yohanes 11:3-44.

^ mm. 5 Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso ŋkeke mamlɛawo ŋu le agbalẽ si nye Nu Kae Biblia Fia Mí? ƒe ta 9 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae. Àte ŋu awɔ eƒe kɔpi le www.pr418.com/ee.