Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Noa, Daniel Kple Hiob Ƒe Xɔse Kple Woƒe Toɖoɖo

Srɔ̃ Noa, Daniel Kple Hiob Ƒe Xɔse Kple Woƒe Toɖoɖo

‘Noa, Daniel kple Hiob ate ŋu aɖe woawo ŋutɔwo ɖokui ɖeɖe ko le woƒe dzɔdzɔenyenye ta.’—EZE. 14:14.

HADZIDZI: 89, 119

1, 2. (a) Nu ka tae Noa, Daniel kple Hiob ƒe kpɔɖeŋuawo ate ŋu ade dzi ƒo na mí? (b) Nɔnɔme ka mee Ezekiel ŋlɔ nya siwo le Ezekiel 14:14 la le?

ÐE NÈLE xaxawo, abe lãmesẽkuxiwo, gakuxiwo, alo yometitiwo ene, me toma? Ðe wòsesẽna na wò ɣeaɖewoɣi be nànɔ dzidzɔ kpɔm le Yehowa subɔsubɔ mea? Ne nenemae la, ke Noa, Daniel kple Hiob ƒe kpɔɖeŋuawo nede dzi ƒo na wò. Womede blibo o, eye nɔnɔme sesẽ siwo me tom míele la dometɔ geɖe va woawo hã dzi, eye ɣeaɖewoɣi la, woƒe agbe ɖo afɔku me gɔ̃ hã. Ke hã, woyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa, si wɔe be ebu wo be wonye xɔse kple toɖoɖo ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖolawo.—Xlẽ Ezekiel 14:12-14.

2 Ƒe 612 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) * mee Ezekiel ŋlɔ mawunyakpukpui si dzi wotu nyati sia ɖo la me nyawo le Babilonia. (Eze. 1:1; 8:1) Ɣemaɣi la, ƒe atɔ̃ pɛ koe susɔ woatsrɔ̃ Yerusalem, le ƒe 607 D.Y. me. Ame ʋɛ aɖewo ko sie nɔnɔme nyui siwo nɔ Noa, Daniel kple Hiob si la nɔ, si wɔe be wode dzesi wo na agbetsitsi. (Eze. 9:1-5) Ame ʋɛ mawo dometɔ aɖewoe nye Yeremiya, Baruk, Ebed-Melek kple Rekab viwo.

3. Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

3 Egbea hã, ame siwo Yehowa buna abe ame dzɔdzɔewo ene—ame siwo le abe Noa, Daniel kple Hiob ene—koe woade dzesi na agbetsitsi ne fifi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu va. (Nyaɖ. 7:9, 14) Eya ta, na míakpɔ nu si tae Yehowa gblɔ tso nuteƒewɔla etɔ̃ mawo ŋu be wonye dzɔdzɔenyenye ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖolawo ɖa. Ne míele kpɔɖeŋu si woɖo ɖi na mí la me dzrom la, (1) míakpɔ nɔnɔme sesẽ siwo me woto, eye (2) míakpɔ ale si míate ŋu asrɔ̃ woƒe xɔse kple woƒe toɖoɖo.

NOA WƆ NUTEƑE HEÐO TO MAWU ƑE 900 KPLE EDZIVƆ SƆŊ

4, 5. Nɔnɔme sesẽ kawo mee Noa to, eye nu ka tae eƒe dzidodo ɖe dzesi ŋutɔ?

4 Nɔnɔme sesẽ siwo me Noa to.Kaka Noa ƒe tɔgbuitɔgbui, Enok, ƒe ɣeyiɣia naɖo la, amewo vɔ̃ɖi ale gbegbe. Wogblɔa ‘nya baɖawo’ ɖe Yehowa ŋu gɔ̃ hã. (Yuda 14, 15) Ŋutasẽnuwɔwɔ nɔ dzidzim ɖe edzi. Eye le Noa ƒe ɣeyiɣia me la, “ŋutasesẽ yɔ anyigba la dzi.” Mawudɔla vɔ̃ɖiwo va zu amegbetɔwo heɖe nyɔnuwo, eye wodzi dzidehlɔ̃mevi sẽŋutawo. (1 Mose 6:2-4, 11, 12) Gake Noa ya to vovo. ‘Yehowa ve Noa nu. Enye ame maɖifɔ le eŋɔlimetɔwo dome. Noa zɔ kple Mawu vavã la.’—1 Mose 6:8, 9.

5 Nu kae nya mawo ɖe fia le ame dzɔdzɔe ma ŋu? Gbã, menye ƒe 70 alo 80, si nye ame geɖe ƒe agbenɔƒe egbea, koe Noa zɔ kple Mawu le xexe vɔ̃ɖi si do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa la me o. Enɔ agbe le xexe ma me ƒe 600 kloe! (1 Mose 7:11) Eye evelia, mawusubɔlawo ƒe hame aɖeke menɔ anyi ɣemaɣi si wòade ha kplii abe ale si wòle le míawo gome egbea ene o. Eye edze abe nɔviawo gɔ̃ hã mede dzi ƒo nɛ o ene. *

6. Mɔ kawo nue Noa ɖe dzinɔameƒo fia le?

6 Noa mebui be esi yenye nu nyui wɔla la ema ɖeɖe su o. Eva zu “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela” dzinɔameƒotɔ hã; eʋu eme le amewo ŋkume be yexɔ Yehowa dzi se. (2 Pet. 2:5) Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “To xɔse sia me la, ebu fɔ xexea.” (Heb. 11:7) Anɔ eme godoo be amewo ɖu fewu le eŋu, tsi tsitre ɖe eŋu alo wodo ŋɔdzi nɛ be yewoawɔ nu vevii gɔ̃ hã. Gake meɖe mɔ “amegbetɔvɔvɔ̃” ɖu edzi o. (Lod. 29:25) Ke boŋ, dzinɔameƒo si Yehowa nana esubɔla wɔnuteƒewo la nɔ esi.

7. Kuxi kawoe Noa do goe esime wònɔ aɖakaʋua kpam?

7 Esi Noa zɔ kple Mawu ƒe alafa atɔ̃ kple edzivɔ megbe la, Yehowa gblɔ nɛ be wòakpa aɖakaʋu aɖe si dzi yeato akpɔ amegbetɔwo kple lãwo ta. (1 Mose 5:32; 6:14) Esia abia dɔ sesẽ geɖe ŋutɔ! Gake menye ema ɖeɖe koe o. Noa nyae godoo be dɔ ma wɔwɔ ana amewo naɖe alɔme le ye ŋu eye woatsi tsitre ɖe ye ŋu. Ke hã, le xɔse me Noa ɖo to Mawu hewɔ nu siwo wòbia tso esi. “Ewɔ wo pɛpɛpɛ.”—1 Mose 6:22.

8. Aleke Noa ɖee fia be yeka ɖe edzi be Yehowa akpɔ yeƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ?

8 Kuxi bubu si Noa do goe ye nye ale si wòawɔ akpɔ srɔ̃a kple viawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. Do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa la, agbledede sesẽ na amewo ŋutɔ, eye Noa meto le eme o. (1 Mose 5:28, 29) Togbɔ be enɔ alea hã la, menye ŋutilãmenuwoe nɔ vevie nɛ o, ke boŋ, Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe nɔ vevie nɛ. Eye togbɔ be eƒe ŋku biã ɖe aɖakaʋua kpakpa ŋu ƒe 40 alo ƒe 50 sɔŋ gɔ̃ hã la, eya kple Yehowa dome gakpɔtɔ nɔ kplikplikpli. Eye egayi edzi wɔ nuteƒe na Mawu ƒe 350 sɔŋ le Tsiɖɔɖɔa megbe. (1 Mose 9:28) Xɔse kple toɖoɖo ƒe kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi!

9, 10. (a) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Noa ƒe xɔse kple eƒe toɖoɖo? (b) Ne èɖoe kplikpaa be yealé Mawu ƒe seawo me ɖe asi la, nu ka dzie nàte ŋu aka ɖo?

9 Ale si míate ŋu asrɔ̃ Noa ƒe xɔse kple eƒe toɖoɖo. Míewɔa esia ne míeʋlia Mawu ƒe se dzɔdzɔeawo ta, ne míenye Satana ƒe xexea ƒe akpa aɖeke o, eye míetsɔa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ. (Mat. 6:33; Yoh. 15:19) Eye le nu mawo ke ta, míaƒe nu medzea ame siwo le xexea me la ŋu o. Fifia gɔ̃ hã la, ale si míeléa Mawu ƒe sewo me ɖe asi le nyawo, abe srɔ̃ɖeɖe kple gbɔdɔnyawo ene, me la wɔe be amewo gblɔa nya vlowo ɖe mía ŋu to nyakakamɔnuwo dzi le dukɔ aɖewo me. (Xlẽ Malaki 3:17, 18.) Gake abe Noa ene la, míevɔ̃a Yehowa, ke menye amegbetɔwo o. Míenyae be eya ɖeɖe koe ate ŋu ana agbe mavɔ mí.—Luka 12:4, 5.

10 Ke wò ŋutɔ ya ɖe? Àyi edzi ‘azɔ kple Mawu’ nenye be amewo ɖu fewu le ŋuwò alo gblɔ nya manyomanyowo ɖe ŋuwòa? Eye ɖe nàyi edzi aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be akpɔ wò nuhiahiãwo gbɔ na wò ne gakuxi sesẽwo do wò xɔse kpɔa? Ne èsrɔ̃ Noa ƒe xɔse kple eƒe toɖoɖo la, àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa alé be na wò.—Flp. 4:6, 7.

DANIEL WƆ NUTEƑE HEÐO TO MAWU LE DUGÃ SI ME AME VƆ̃ÐIWO NƆ ME

11. Kuxi sesẽ kae dze ŋgɔ Daniel kple eƒe zɔhɛ etɔ̃awo le Babilon? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

11 Kuxi siwo me Daniel to. Daniel nye aboyome le Babilon, si nye dugã si me trɔ̃subɔsubɔ kple gbɔgbɔyɔyɔ xɔ aƒe ɖo. Azɔ hã, Babilontɔwo mebua Yudatɔwo ɖe naneke me o, eye woɖea alɔme le wo kple woƒe Mawu, Yehowa ŋu. (Ps. 137:1, 3) Esia ate ɖe Yudatɔ nuteƒewɔlawo, abe Daniel ene dzi ale gbegbe! Eye ame geɖe ƒe ŋku nɔ eya kple eƒe zɔhɛ etɔ̃awo, siwo nye Hananiya, Misael kple Azariya ŋu, elabena eva hiã be woana hehe wo ne woasubɔ fia la. Wobia tso wo si be woaɖu fia la ƒe nuɖuɖuwo, evɔ nu siwo ƒe se Yehowa de na eƒe amewo be woagaɖu o la hã nɔa nu siwo wotsɔ ɖoa kplɔ̃ na fia la dome. Gake Daniel ɖoe be ‘yematsɔ fia ƒe nuɖuɖu viviwo agblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui o.’—Dan. 1:5-8, 14-17.

12. (a) Nɔnɔme nyui kawoe nɔ Daniel si? (b) Aleke Yehowa bu Daniel?

12 Kuxi bubu aɖe hã si adze gbã be menye nya aɖeke o la dze ŋgɔ Daniel. Ŋutete tɔxɛwo nɔ esi, eye le esia ta, mɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo su esi. (Dan. 1:19, 20) Gake esia mena wòva nɔ eɖokui dom ɖe dzi heléa nya me ɖe asi kpaɖii o, ke boŋ, eyi edzi bɔbɔ eɖokui hetsɔa kafukafua nana Yehowa ɣesiaɣi. (Dan. 2:30) Le nyateƒe me la, sɔhɛ koe Daniel gakpɔtɔ nye esime Yehowa yɔ eƒe ŋkɔ kpe ɖe Noa kple Hiob ŋu be wonye dzɔdzɔenyenye ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖolawo. Ðe wòsɔ be Mawu ka ɖe eyama dzi nenema? Ɛ̃! Elabena eyi edzi wɔ nuteƒe heɖo to Mawu le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Daniel anya xɔ ƒe 100 kloe esime mawudɔla aɖe yɔe vividoɖeameŋutɔe be: “Daniel, wò, si nye ame vevi.”—Dan. 10:11.

13. Aleke Daniel va zu yayra na nɔvia Yudatɔwo?

13 Esi Yehowa nɔ kple Daniel ta la, Daniel va zu fiaŋume si ŋu bubu gã aɖe nɔ le Babilon fiaɖuƒea kple Medo-Persia fiaɖuƒea siaa me. (Dan. 1:21; 6:1, 2) Ðewohĩ Yehowae de asi eme be nuwo va yi alea, ale be yeato Daniel dzi ayra yeƒe amewo, abe ale si wòzã Yosef le Egipte kpakple ale si wòzã Esta kple Mordekai le Persia ene. * (Dan. 2:48) Àte ŋu akpɔ ale si gbegbe Ezekiel kple Yudatɔ aboyome bubuawo ase le wo ɖokui me esi wokpɔe be Yehowa to Daniel dzi le kpekpem ɖe yewo ŋu la le susu mea? Esia anya fa akɔ na wo ŋutɔ!

Yehowa bua ame siwo wɔa nuteƒe nɛ la ame veviwoe (Kpɔ memama 14, 15)

14, 15. (a) Mɔ kawo nue míaƒe nɔnɔmea sɔ kple Daniel tɔ le? (b) Nu kae dzila siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ tso Daniel dzilawo gbɔ?

14 Ale si míate ŋu asrɔ̃ Daniel ƒe xɔse kple eƒe toɖoɖo. Egbea, míele abe amedzrowo ene le xexe si me agbe nyui nɔnɔ yi to le, si me alakpasubɔsubɔ xɔ aƒe ɖo la me. Babilon Gã la, si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe, si Biblia yɔ be ‘gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔƒe’ la kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe amewo dzi. (Nyaɖ. 18:2) Gake míawo ya míele abe amedzrowo ene le xexe sia me. Esia nana amewo kpɔnɛ be míeto vovo, eye woɖua fewu le mía ŋu. (Marko 13:13) Eya ta, abe Daniel ene la, mina míate ɖe Yehowa, mía Mawu la ŋu kplikplikpli. Ne míebɔbɔa mía ɖokui, ɖoa to mía Mawu la, eye míeɖoa ŋu ɖe eŋu la, míawo hã míanye ame veviwo le eŋkume.—Hag. 2:7.

15 Dzilawo ate ŋu asrɔ̃ Daniel dzilawo ƒe kpɔɖeŋu. Aleke woate ŋu awɔ esiae? Togbɔ be nu vɔ̃ɖi wɔwɔ xɔ aƒe ɖe Yudatɔwo dome le Daniel ƒe ɖevime hã la, etsi zu ame si lɔ̃ Mawu. Gake esia medzɔ le eɖokui si o. Ke boŋ, edzilawoe hee nyuie. (Lod. 22:6)Daniel ƒe ŋkɔa, si gɔmee nye “Nye Ʋɔnudrɔ̃lae Nye Mawu” la, gɔ̃ hã ɖee fia be mawuvɔ̃lawoe edzilawo nye. (Dan. 1:6, etenuŋɔŋlɔ) Eya ta, dzilawo, migana ta le mia viwo hehe me o, ke boŋ mifia nu wo dzigbɔɖitɔe. (Ef. 6:4) Azɔ hã, mido gbe ɖa kpli wo, eye minɔ gbe dom ɖa ɖe wo ta hã. Ne mieku kutri vevie ƒã Biblia me nyateƒea ɖe woƒe dziwo me la, Yehowa ayra mi geɖe.—Ps. 37:5.

HIOB WƆ NUTEƑE HEÐO TO MAWU LE NUDZEDZINAME KPLE AHEDADA SIAA ME

16, 17. Kuxi kawo mee Hiob to le agbe me?

16 Kuxi siwo me Hiob to. Hiob to kuxi sesẽ vovovowo me le agbe me. Hafi tetekpɔwo nava edzi la, eyae “ƒo Ɣedzeƒetɔwo katã ta.” (Hiob 1:3) Kesinɔnu bɔ ɖe esi, exɔ ŋkɔ, eye wodea bubu geɖe eŋu. (Hiob 29:7-16) Togbɔ be enɔ alea hã la, Hiob mebui be yenyo wu ame bubuwo loo alo yemehiã Mawu ƒe kpekpeɖeŋu o. Míenya esia, elabena Yehowa yɔe be “nye subɔla,” eye wògblɔ kpee be: “Enye ame dzɔdzɔe si wɔa nuteƒe, evɔ̃a Mawu, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.”—Hiob 1:8.

17 Le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la, nuwo trɔ keŋkeŋ le Hiob ƒe agbe me. Eƒe nuwo katã dome gblẽ, eye dzi ɖe le eƒo ale gbegbe be edi be yeaku gɔ̃ hã. Míenya be Satana, amegɔmezɔla, si tso Hiob nu alakpatɔe be ɖokuitɔdidi tae wòsubɔa Mawu ɖo la gbɔe Hiob ƒe kuxiawo tso. (Xlẽ Hiob 1:9, 10.) Yehowa meŋe aɖaba ƒu nutsotso vɔ̃ɖi ma dzi o. Ke boŋ, ena mɔnukpɔkpɔ Hiob be wòaɖo kpe edzi be ame maɖifɔe yenye, eye wòaɖee afia be esi yelɔ̃ Yehowa kple dzi blibo tae yesubɔnɛ ɖo, ke menye ɖokuitɔdidi tae o.

18. (a) Nu kae wɔa dɔ ɖe dziwò le Hiob ƒe nuteƒewɔwɔa ŋu? (b) Nu kae míesrɔ̃ tso Yehowa ŋu le ale si wòwɔ nu ɖe Hiob ŋui la me?

18 Satana to mɔ vovovowo dzi dze Hiob dzi vɔ̃ɖitɔe, ale be Hiob nasusui be Mawu gbɔe yeƒe fukpekpeawo tso. (Hiob 1:13-21) Eyome, yeaɖi akɔfala etɔ̃awo va Hiob gbɔ hegblɔ nya tɔamewo ɖe eŋu. Woƒe nyawo fia be Mawue nɔ to hem nɛ ɖe eƒe nuwɔnawo ta! (Hiob 2:11; 22:1, 5-10) Ke hã, Hiob yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa. Ele eme be Hiob gblɔ nya siwo mesɔ o ɣeaɖewoɣi ya, ke hã, Yehowa se egɔme be esi wònɔ veve sem tae. (Hiob 6:1-3) Mawu kpɔe be nu te ɖe ye subɔlaa dzi vevie, eye togbɔ be le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, ɖeko wònɔ abe ɖe Satana tsɔ Hiob xlã ɖe anyi hegblɔ dzugbewo kple alakpanyawo ɖe eŋu ene hã la, megbe nu le ye gbɔ o. Esi tetekpɔa wu enu la, Yehowa ɖo nu siwo nɔ Hiob si hafi tetekpɔa va edzi la teƒe nɛ zi gbɔ zi eve, eye wògatsɔ ƒe 140 kpe ɖe eƒe agbenɔƒewo ŋu. (Yak. 5:11) Le ɣeyiɣi mawo katã me la, Hiob yi edzi subɔ Yehowa kple dzi blibo. Aleke míewɔ nya? Ƒe alafa geɖe le Hiob ƒe ku megbee Ezekiel ŋlɔ mawunyakpukpui si dzi wotu nyati sia ɖo la me nyawo.

19, 20. (a) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Hiob ƒe xɔse kple eƒe toɖoɖo? (b) Aleke míase veve ɖe ame nu abe ale si Yehowa wɔnɛ ene?

19 Ale si míate ŋu asrɔ̃ Hiob ƒe xɔse kple eƒe toɖoɖo. Aleke kee nɔnɔmea ɖale na mí o, mina nuteƒewɔwɔ na Yehowa nanye nu vevitɔ na mí le agbe me, míaɖo ŋu ɖe eŋu bliboe eye míaɖo toe tso dzi blibo me. Le nyateƒe me la, ele be esia nanya wɔ na mí egbea wu ale si wònɔ le Hiob gome! Wò ya bu eŋu kpɔ: Míenya nu geɖe tso Satana kple eƒe ayemɔwo ŋu. (2 Kor. 2:11) Nu siwo míesrɔ̃ tso Biblia me, vevietɔ le Hiob ƒe agbalẽa me la, kpe ɖe mía ŋu míenya nu si tae Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu ɖo. Daniel ƒe nyagblɔɖia na míenyae be Mawu Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu si aɖu xexea dzi, eye Kristo Yesu ye nye dziɖuɖu sia ƒe fia. (Dan. 7:13, 14) Azɔ hã, míenyae be eteƒe madidi o, Fiaɖuƒea ana fukpekpewo katã nu nayi tegbee.

20 Nu si me Hiob to la na eme kɔ ƒãa be ele be míaƒe dɔme natrɔ ɖe mía hati Kristotɔ siwo le kuxi sesẽwo me tom la ŋu. Ate ŋu adzɔ ɣeaɖewoɣi be wo dometɔ aɖewo nagblɔ nya siwo mesɔ o abe Hiob ke ene. (Nyagb. 7:7) Ke hã, mele be míabu fɔ wo o, ke boŋ, míase nu gɔme na wo eye míaƒe dɔme natrɔ ɖe wo ŋu. Ne míewɔe alea la, ke míele Yehowa, mía Fofo lɔ̃ame, si sea veve ɖe ame nu la srɔ̃m.—Ps. 103:8.

YEHOWA “ANA MIASẼ ŊU”

21. Aleke nya siwo le 1 Petro 5:10 la ɖɔ nu si me Noa, Daniel kple Hiob to le agbe me la nyuie?

21 Togbɔ be Noa, Daniel kple Hiob nɔ agbe le ɣeyiɣi vovovowo me eye nu siwo me woto la to vovo tso wo nɔewo tɔ gbɔ hã la, wo katã wodo dzi le fukpekpe siwo va wo dzi me. Woƒe agbemeŋutinyawo nana míeɖoa ŋku nya aɖe si apostolo Petro ŋlɔ la dzi. Eŋlɔ bena: “Ne miekpe fu ɣeyiɣi vi aɖe vɔ la, amenuvevewo katã ƒe Mawu la . . . ŋutɔ ana miawu miaƒe hehexɔxɔa nu. Ana miali ke, ana miasẽ ŋu, ana mianɔ te sesĩe.”—1 Pet. 5:10.

22. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

22 Yehowa to Petro ƒe nyawo dzi ka ɖe edzi na mí be yeana ye subɔlawo nasẽ ŋu ahali ke. Nya mawo yi na Mawu subɔla siwo li egbea hã. Mí katã míedi be Yehowa nana míasẽ ŋu ahali ke esi míele esubɔm. Eya ta, míedi be míasrɔ̃ Noa, Daniel kple Hiob ƒe xɔse kple woƒe toɖoɖo! Abe ale si míele ekpɔ ge le nyati si kplɔ esia ɖo me ene la, nu si koŋ na wowɔ nuteƒee nye be wonya Yehowa nyuie. Ɛ̃, ‘wose nu sia nu’ si wòdi tso wo si la ‘gɔme.’ (Lod. 28:5) Ate ŋu anɔ alea le míawo hã gome.

^ mm. 2 Wokplɔ Ezekiel yi aboyo me le ƒe 617 D.Y. me. Eƒe aboyomeyiyi ƒe “ƒe adelia,” si nye ƒe 612 D.Y. mee nu siwo woŋlɔ ɖe Ezekiel 8:1–19:14 la dzɔ.

^ mm. 5 Noa fofo, Lamek, si hã nye mawuvɔ̃la la, ku ƒe atɔ̃ do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa. Ne Noa dada kple nɔviawo nɔ agbe le ɣeyiɣi si me Tsiɖɔɖɔa dze egɔme hã la, wometsi agbe o.

^ mm. 13 Anɔ eme be alea kee wònɔ le Daniel ƒe zɔhɛ etɔ̃ siwo hã nɔ ɖoƒe kɔkɔwo le fiaɖuƒea me la gome.—Dan. 2:49.