Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yi Edzi Nànɔ Tsitsim Le Gbɔgbɔ Me!

Yi Edzi Nànɔ Tsitsim Le Gbɔgbɔ Me!

“Miyi edzi miazɔ le gbɔgbɔ me.”—GAL. 5:16.

HADZIDZI: 22, 75

1, 2. Nu kae nɔviŋutsu aɖe va de dzesi le eɖokui ŋu, eye nu kae wòwɔ tso eŋu?

ROBERT xɔ nyɔnyrɔ esime wònɔ eƒe ƒewuiwo me, gake nyateƒea menye nu vevitɔ le eƒe agbe me ɣemaɣi o. Egblɔ be: “Nyemewɔ nu gbegblẽ aɖeke o, gake ɖeko menɔ eme ko. Medzena abe ame si li ke le gbɔgbɔ me ene, elabena medea kpekpeawo katã eye mewɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣeaɖewoɣi le ƒea me. Gake ewɔna nam be nane gakpɔtɔ nam.”

2 Robert ŋutɔ mete ŋu de dzesi nu si gakpɔtɔ nɛ o va se ɖe esime wòva ɖe srɔ̃. Eya kple srɔ̃a wobiaa nyawo wo nɔewo ku ɖe Biblia me nyatiwo ŋu tsɔ fea fefee. Mesesẽna na srɔ̃a si sẽ le gbɔgbɔ me la be wòaɖo nyaawo ŋu o, gake edzea ŋukpe dzi na Robert ya be yemetea ŋu kpɔa nya aɖeke gblɔna le biabiaawo ŋu o. Egblɔ be: “Ðeko wònɔ abe ɖe nyemenya naneke o ene. Megblɔ na ɖokuinye be, ‘Hafi mate ŋu akpɔ srɔ̃nye ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ nɛ la, ele be mawɔ nane tso nɔnɔmea ŋu.’” Eye Robert wɔ nane tso eŋu hã vavã. Egblɔ be: “Mesrɔ̃ Biblia, mesrɔ̃e gasrɔ̃e ake, eye nuwo me va kɔ nam. Meva se nuwo gɔme nyuie, eye nu si gale vevie wue nye be meva te ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli.”

3. (a) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Robert ƒe nuteƒekpɔkpɔa me? (b) Nya vevi kawo mee míadzro azɔ?

3 Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖewo tso Robert ƒe nuteƒekpɔkpɔa me. Anɔ eme be sidzedze aɖe su mía si ku ɖe Biblia ƒe nufiafiawo ŋu eye míedea Kristotɔwo ƒe kpekpewo edziedzi, gake esia ɖeɖe mana míanye gbɔgbɔmemewo kokoko o. Alo ɖewohĩ, míeyi ŋgɔ le gbɔgbɔ me, gake ne míedzro mía ɖokui me la, míekpɔnɛ be ehiã be míawɔ ŋgɔyiyi le go aɖewo me. (Flp. 3:16) Le nyati sia me la, míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia etɔ̃ aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ tsitsim le gbɔgbɔ me: (1) Nu kae akpe ɖe mía ŋu míanya nenye be míetsi le gbɔgbɔ me? (2) Nu kawoe wòhiã be míawɔ be míayi edzi anɔ tsitsim le gbɔgbɔ me? (3) Ne míetsi le gbɔgbɔ me la, aleke esia akpe ɖe mía ŋu le míaƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me?

ALE SI MÍAWƆ ANYA NENYE BE MÍETSI LE GBƆGBƆ ME

4. Ame kawo ŋue Efesotɔwo 4:23, 24 me nyawo ku ɖo?

4 Hafi míava zu Yehowa subɔlawo la, míewɔ tɔtrɔ aɖewo. Tɔtrɔ siawo ku ɖe míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa ŋu. Eye míedzudzɔ tɔtrɔwɔwɔ le míaƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe o. Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na mí be ‘míanɔ míaƒe tamesusu ƒe nɔnɔme si kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi wɔm yeyee.’ (Ef. 4:23, 24) Esi míede blibo o ta la, ehiã be mí katã míayi edzi anɔ tɔtrɔwo wɔm. Nenye be ƒe geɖee nye esia míele Yehowa subɔm gɔ̃ hã la, ehiã be míayi edzi anɔ ŋusẽ dom ƒomedodo si le mía kplii dome.—Flp. 3:12, 13.

5. Biabia kawoe akpe ɖe mía ŋu be míadzro mía ɖokui me?

5 Ehiã be míadzro mía ɖokui me anukwaretɔe hafi míate ŋu ayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me. Míeɖanye ɖeviwo alo ame tsitsiwo o, míate ŋu abia mía ɖokuiwo be: ‘Ðe mede dzesi tɔtrɔ aɖewo le menye siwo ɖee fia be mele tsitsim le gbɔgbɔ mea? Ðe nye amenyenye le Kristo la tɔ ɖim geɖe wua? Le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me la, ɖe nye nɔnɔme kple nye nuwɔnawo ɖenɛ fiana be metsi le gbɔgbɔ mea? Nu kae nu siwo ŋu meɖoa dze tsoe ɖena fiana ku ɖe nu siwo le vevie nam le agbe me ŋu? Nu kae ale si mesrɔ̃a nui, nye awudodo kple dzadzraɖo, alo ale si mewɔa nui ne woɖo aɖaŋu nam la ɖena fiana le ŋunye? Ne tetekpɔwo va dzinye la, aleke mewɔa nui? Ðe mewɔ ŋgɔyiyi va zu Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ mea?’ (Ef. 4:13) Ŋugbledede le ale si míeɖo biabia siawo ŋui ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya afi si míetsi le gbɔgbɔ me se ɖo.

6. Nu bubu kae agate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya ale si míetsi le gbɔgbɔ me?

6 Ɣeaɖewoɣi la, míahiã ame bubuwo ƒe kpekpeɖeŋu be míanya ale si míetsi le gbɔgbɔ me. Apostolo Paulo na eme kɔ be ŋutilãmeme mate ŋu anya ale si gbegbe eƒe nuwɔna medzea Mawu ŋu o. Gake gbɔgbɔmeme ya nyaa Mawu ƒe susu le nuwo ŋu eye wòtea ŋu dea dzesii be Yehowa mekpɔa ŋudzedze ɖe ale si ŋutilãmeme nɔa agbee ŋu o. (1 Kor. 2:14-16; 3:1-3) Esi wònye be Kristo ƒe tamesusu le hamemetsitsiwo si ta la, wotea ŋu kpɔnɛ dzea sii kaba ne ame aɖe va le nuwo ŋu bum abe ŋutilãmeme ene. Ne wokpɔ nane dze sii eye wohe míaƒe susu yi edzi la, ɖe míelɔ̃na faa wɔna ɖe woƒe aɖaŋuɖoɖowo dzia? Ne míewɔnɛ alea la, ke míeɖenɛ fiana be míedi be míatsi le gbɔgbɔ me.—Nyagb. 7:5, 9.

ALE SI MÍAWƆ ATSI LE GBƆGBƆ ME

7. Ne sidzedze su mía si le Biblia ƒe nufiafiawo ŋu la, nu ka tae esia ɖeɖe mana míatsi le gbɔgbɔ me o?

7 Biblia ƒe nufiafiawo nyanya ɖeɖe mate ŋu ana míatsi le gbɔgbɔ me o. Fia Salomo si nɔ anyi le blema la nya Yehowa ƒe mɔwo nyuie. Eƒe nyawo va zu Biblia me nyawo ƒe akpa aɖe. Ke hã, meyi edzi nye gbɔgbɔmeme o, elabena meva wɔ nuteƒe na Yehowa o. (1 Fia. 4:29, 30; 11:4-6) Eya ta, tsɔ kpe ɖe Biblia ƒe nufiafiawo nyanya ŋu la, nu kae gahiã? Ehiã be míayi edzi anɔ tsitsim le gbɔgbɔ me. (Kol. 2:6, 7) Aleke míate ŋu awɔ esiae?

8, 9. (a) Nu kae akpe ɖe mía ŋu míali ke le xɔse me? (b) Ne míele nu srɔ̃m hele ŋugble dem le nu si míesrɔ̃ ŋu la, nu kae wòle be wòanye míaƒe taɖodzinu? (Kpɔ foto siwo le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

8 Paulo de dzi ƒo na Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me be “[woayi] ŋgɔ aɖo tsitsinyenye gbɔ.” (Heb. 6:1) Afɔ kawoe míate ŋu aɖe be míawɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi egbea? Afɔ vevi aɖe si míate ŋu aɖee nye be míasrɔ̃ agbalẽ si nye Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa.Ne èwu agbalẽ sia sɔsrɔ̃ nu la, esia akpe ɖe ŋuwò nànya ale si nàwɔ Biblia me gɔmeɖosewo ŋu dɔ le wò agbenɔnɔ me. Ne èsrɔ̃ agbalẽ ma xoxo la, ɖe nàgate ŋu asrɔ̃ míaƒe agbalẽ bubu siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàli ke le xɔse mea? (Kol. 1:23) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ehiã be míade ŋugble le nu siwo míesrɔ̃ ŋu, eye míabia Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míanya ale si míawɔ wo ŋu dɔe.

9 Ne míele nu srɔ̃m hele ŋugble dem le nu si míesrɔ̃ ŋu la, ele be míaƒe taɖodzinu nanye be nusɔsrɔ̃a nakpe ɖe mía ŋu míadi vevie be míadze Yehowa ŋu ahawɔ eƒe sewo dzi. (Ps. 40:8; 119:97) Le ɣeyiɣi ma ke me la, míadze agbagba be míaƒo asa na nu sia nu si ate ŋu ado kplamatsɛ mí be míagatsi le gbɔgbɔ me o.—Tito 2:11, 12.

10. Nu kae sɔhɛwo ate ŋu awɔ be woatsi le gbɔgbɔ me?

10 Ne sɔhɛe nènye la, ɖe nèɖo gbɔgbɔmetaɖodzinu aɖewo na ɖokuiwòa? Nu si nɔviŋutsu aɖe si le subɔsubɔm le Betel la wɔna ɣesiaɣi si wòde nutome sue takpekpewo lae nye be eɖoa dze kple ame siwo le nyɔnyrɔ xɔ ge la hafi takpekpea dzea egɔme. Sɔhɛ geɖe nɔa ame siwo le nyɔnyrɔ xɔ ge la dome. Nɔviŋutsua biaa wo be gbɔgbɔmetaɖodzinu kawoe le wo si hã. Wo dometɔ geɖe ƒe nyaŋuɖoɖowo ɖenɛ fiana be wonya nu si tututu wodi be yewoawɔ le Yehowa subɔsubɔ me—wo dometɔ aɖewo ɖoe be yewoawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa alo yewoasubɔ le afi si Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe wu hiã le. Gake wo dometɔ aɖewo ya menyana ale si woaɖo nyaa ŋu o. Ðe wòanye be wosusu be mehiã be gbɔgbɔmetaɖodzinuwo nanɔ yewo si oa? Ne sɔhɛe nènye la, bia ɖokuiwò be: ‘Esi medi be madze dzinyelawo ŋu ta koe medea kpekpeawo hedea gbeadzi ɖoa? Ðe nye kple Mawu dome le kplikplikplia?’ Gake menye sɔhɛwo koe aɖaŋuɖoɖo si nye be gbɔgbɔmetaɖodzinuwo nanɔ mía si la yi na o. Ne mí Yehowa subɔlawo katã míeɖo taɖodzinu mawo tɔgbi na mía ɖokui la, esia akpe ɖe mía ŋu be míatsi le gbɔgbɔ me.—Nyagb. 12:1, 13.

11. (a) Hafi míate ŋu atsi le gbɔgbɔ me la, nu kae wòhiã be míawɔ? (b) Biblia me kpɔɖeŋu kae míate ŋu asrɔ̃?

11 Ne míenya de dzesi go siwo me wòle be míawɔ tɔtrɔ le ko la, ehiã be míaɖe afɔ siwo akpe ɖe mía ŋu míatsi le gbɔgbɔ me. Ele vevie ŋutɔ be míanye ame siwo tsi le gbɔgbɔ me. Agbe kple ku ƒe nyae. (Rom. 8:6-8) Gake tsitsi le gbɔgbɔ me mefia be míade blibo o. Yehowa ƒe gbɔgbɔa akpe ɖe mía ŋu míawɔ tɔtrɔ siwo hiã. Ke hã, egahiã kokoko be míaku kutri. Ƒe aɖewoe nye esi va yi esime Nɔviŋutsu John Barr, si nɔ Dɔdzikpɔhaa me la nɔ Luka 13:24 me ɖem la, egblɔ be, “Ame geɖe doa kpo nu le esi womeku kutri ale si dze be yewoatsi le gbɔgbɔ me o ta.” Ehiã be míasrɔ̃ Yakob ƒe kpɔɖeŋua. Ete kame kple mawudɔla aɖe ʋuu va se ɖe esime wòyrae. (1 Mose 32:26-28) Togbɔ be míate ŋu ase vivi na Biblia-sɔsrɔ̃ hã la, mele be míakpɔ mɔ be Biblia-sɔsrɔ̃ nanɔ abe modzakaɖegbalẽ si míaxlẽ be míatsɔ ado dzidzɔ na mía ɖokui ko ene o. Ele be míaku kutri adi gbɔgbɔmenu xɔasi siwo akpe ɖe mía ŋu.

12, 13. (a) Nu kae akpe ɖe mía ŋu be Kristo ƒe tamesusu nasu mía si abe ale si Romatɔwo 15:5 gblɔe ene? (b) Aleke apostolo Petro ƒe kpɔɖeŋua kple eƒe aɖaŋuɖoɖoa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu? (d) Nu kae nàte ŋu awɔ be nàtsi le gbɔgbɔ me? (Kpɔ aɖaka si nye “ Afɔ Siwo Nàɖe Be Nàtsi Le Gbɔgbɔ Me.”)

12 Esi míele agbagba dzem be míatsi le gbɔgbɔ me la, gbɔgbɔ kɔkɔea ado ŋusẽ mí míatrɔ míaƒe tamesusu ƒe nɔnɔme. Gbɔgbɔa ƒe kpekpeɖeŋu awɔe be, vivivi la, míava nɔ nuwo ŋu bum abe Kristo ene. (Rom. 15:5) Gakpe ɖe eŋu la, akpe ɖe mía ŋu míaho ŋutilã ƒe nudzodzrowo ɖa eye míatu nɔnɔme nyui siwo dzea Mawu ŋu la ɖo. (Gal. 5:16, 22, 23) Ne míekpɔe be míaƒe susu va le kukum ɖe ŋutilãmenudidi alo ŋutilã ƒe nudzodzrowo ŋu la, mele be míana ta o. Yi edzi nànɔ Yehowa biam be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea nakpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu atsɔ susu aɖo nu siwo dzea eŋu la ŋu. (Luka 11:13) Ðo ŋku apostolo Petro dzi. Edzɔ zi geɖe le eƒe agbe me be mewɔ nu abe gbɔgbɔmeme ene o. (Mat. 16:22, 23; Luka 22:34, 54-62; Gal. 2:11-14) Gake mena ta o. Vivivi la, Petro va nɔ nuwo ŋu bum abe Kristo ene, le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me. Míawo hã míate ŋui.

13 Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Petro ŋutɔ va he susu yi nɔnɔme nyui siwo wòle be míatu ɖo dzi. (Xlẽ 2 Petro 1:5-8.) Ne ‘míeku kutri vevie’ tu nɔnɔme nyuiwo, abe ɖokuidziɖuɖu, dzidodo kple nɔvilɔlɔ̃ ene ɖo la, esia akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ tsitsim le gbɔgbɔ me. Gbe sia gbe la, ɖe manyo be nàbia ɖokuiwò be, ‘Asitɔtrɔ kae magate ŋu awɔ le ɖokuinye ŋu be magasẽ ŋu le gbɔgbɔ me’ oa?

BIBLIA ME MƆFIAMEWO DZI WƆWƆ LE MÍAƑE GBE SIA GBE GBENƆNƆ ME

14. Ne míetsi le gbɔgbɔ me la, aleke esia akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzi?

14 Ne míebua nuwo ŋu abe Kristo ene la, esia akpɔ ŋusẽ ɖe nya siwo míegblɔna, ale si míewɔa nui le dɔme alo suku kpakple ale si míetsoa nya me le nuwo ŋu gbe sia gbe la dzi. Míaƒe nyametsotsowo ana wòadze ƒãa be míele agbagba dzem be míasrɔ̃ Kristo. Abe gbɔgbɔmemewo ene la, míadi be naneke nagblẽ ƒomedodo si le mía kple mía Fofo si le dziƒo dome la me o. Ne tetekpɔ va mía dzi be míawɔ nu gbegblẽ aɖe la, Kristo ƒe tamesusu si su mía si la aʋã mí be míaɖu edzi. Hafi míatso nya me la, míatɔ sẽe ahabia nya siawo mía ɖokui: ‘Biblia me gɔmeɖose kawo ŋu dɔe mate ŋu awɔ? Nu kae Kristo awɔ le nɔnɔme sia me? Nyametsotso kae adze Yehowa ŋu?’ Be míana hehe mía ɖokui be míabu nuwo ŋu alea la, na míadzro kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo me kpɔ. Le kpɔɖeŋuawo dometɔ ɖe sia ɖe me la, míade dzesi Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie.

15, 16. Ne míebua nuwo ŋu abe Kristo ene la, aleke esia akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie (a) ne míele ame si míaɖe ŋu bum? (b) ne míele ame siwo anye mía xɔlɔ̃wo tiam?

15 Ne míele ame si míaɖe ŋu bum. Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosea dze le 2 Korintotɔwo 6:14, 15. (Xlẽe.) Paulo ƒe nyawo na wòdze ƒãa be ɖekawɔwɔ blibo mate ŋu anɔ ame si nye gbɔgbɔmeme kple ame si nye ŋutilãmeme dome o. Aleke míate ŋu awɔ gɔmeɖose sia ŋu dɔ ne míedi be míatia ame si míaɖe?

16 Hadede. De dzesi Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose si dze le 1 Korintotɔwo 15:33. (Xlẽe.) Ame si nye gbɔgbɔmeme la made ha kple ame siwo ate ŋu ana eƒe xɔse nagbɔdzɔ o. Biabia kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ gɔmeɖose sia ŋu dɔ nyuie? Le kpɔɖeŋu me, aleke míate ŋu awɔ gɔmeɖose sia ŋu dɔ le Internet dzi hahoo kadodowo gome? Alo nu kae wòle be nàwɔ ne wokpe wò be nàkpɔ gome le Internet dzi fefe aɖe me kple ame siwo mènya o?

Ðe nye nyametsotsowo akpe ɖe ŋunye matsi le gbɔgbɔ mea? (Kpɔ memama 17)

17-19. Ne èva le nuwo ŋu bum abe gbɔgbɔmeme ene la, aleke wòakpe ɖe ŋuwò be (a) nàƒo asa na taɖodzinu dzodzrowo yome titi? (b) nàɖo agbemetaɖodzinu nyuiwo na ɖokuiwò? (d) nàkpɔ masɔmasɔwo gbɔ?

17 Nu siwo xea mɔ na mí be míagatsi le gbɔgbɔ me o. Nya siwo Paulo gblɔ na ehati Kristotɔwo la nye nuxlɔ̃ame na mí. (Xlẽ Hebritɔwo 6:1.) Nu kawoe nye ‘dɔwɔwɔ kuku’ siwo wòle be míaƒo asa na? Esiawo nye nu sia nu si makpe ɖe mía ŋu míatsi le gbɔgbɔ me o. Gɔmeɖose sia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia ɖe sia ɖe si ava susu me na mí, abe esiawo tɔgbi ene: ‘Ðe dɔwɔna sia aɖe vi nam le gbɔgbɔ mea, alo dɔwɔna dzodzroe wònye? Ðe wòle be maƒo ɖokuinye ɖe gadidi ƒe mɔnu sia mea? Nu ka tae mele be maɖo xexemehabɔbɔ siwo dzea agbagba be yewoana hadomeɖoɖowo nanyo ɖe edzi la me o?’

Ðe nye nyametsotsowo akpe ɖe ŋunye maɖo gbɔgbɔmetaɖodzinuwo na ɖokuinyea? (Kpɔ memama 18)

18 Gbɔgbɔmetaɖodzinuwo. Nya siwo Yesu gblɔ le Todzimawunyaa me la na mɔfiame nyuiwo mí ku ɖe taɖodzinu siwo míate ŋu aɖo na mía ɖokuiwo la ŋu. (Mat. 6:33) Ame si nye gbɔgbɔmeme la tiaa taɖodzinu siwo akpe ɖe eŋu le gbɔgbɔ me la yome. Ne gɔmeɖose sia le susu me na mí la, akpe ɖe mía ŋu míaɖo biabia siawo tɔgbi ŋu: ‘Ðe wòle be made yunivɛsitia? Ðe wòle be mawɔ dɔ si wotsɔ ɖo ŋkunyemea?’

Ðe nye nyametsotsowo akpe ɖe ŋunye manye ame si ‘wɔa ŋutifafa’? (Kpɔ memama 19)

19 Masɔmasɔwo. Aleke aɖaŋu si Paulo ɖo na nɔvi siwo nɔ Roma hamea me la akpe ɖe mía ŋu míakpɔ masɔmasɔwo gbɔ? (Rom. 12:18) Mí Kristo yomedzelawo míedzea agbagba be “[míanɔ] anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.” Ne masɔmasɔ ɖo mía kple ame aɖe dome la, aleke wòle be míawɔ nui? Ðe wòsesẽna na mí be míaɖe asi le nya ŋua, alo ɖe wonya mí be míenye ame siwo ‘wɔa ŋutifafaa’?—Yak. 3:18.

20. Nu ka tae nèdi be yeayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me?

20 Ale si ŋugbledede le mawumegɔmeɖosewo ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ nyametsotso siwo aɖee afia be Mawu ƒe gbɔgbɔa le mɔ fiam mí la ƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo koe nye esiawo. Ne míenye gbɔgbɔmemewo la, esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme geɖe wu gbe sia gbe. Robert, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia ƒe gɔmedzedze la gblɔ be: “Esi meku kutri vevie ale be nye kple Yehowa dome va le kplikplikpli la, ewɔe be meva nye srɔ̃ŋutsu kple vifofo nyui. Nye dzi dze eme eye mele dzidzɔ kpɔm.” Ne míeku kutri vevie tsi le gbɔgbɔ me la, yayra siawo tɔgbi asu míawo hã si. Míakpɔ dzidzɔ geɖe wu le agbe me fifia, eye le etsɔme la, míaƒe asi asu “agbe vavã la” dzi.—1 Tim. 6:19.