Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE

Woto Dutoƒonuƒowo Dzi Kaka Nya Nyuia Le Ireland

Woto Dutoƒonuƒowo Dzi Kaka Nya Nyuia Le Ireland

ESI tɔdziʋua le gegem ɖe Belfast Lough, si nye ƒukɔme aɖe la, mɔzɔla siwo le tɔdziʋua me la dometɔ ʋɛ aɖewo do va ƒo ƒu ɖe eƒe gbadzaƒea eye wokpɔe be agudzedze ƒe keklẽ na togbɛ damawo dze nyuie ŋdi kanya ma. May 1910 mee. Le mɔzɔlaawo dometɔ ɖeka, si nye Charles T. Russell gome la, zi atɔ̃liae nye ema wòva Ireland. Nɔviŋutsu Russell kpɔ meli gã nyadri eve aɖewo siwo wɔm wonɔ ɣemaɣi: ɖekae nye Titanic, si va nyrɔ nublanuitɔe la, eye evelia si ɖii lae nye Olympic. * Biblia Nusrɔ̃vi wuieve aɖewo nɔ tsitre ɖe ʋudzeƒea, le meliwɔƒea megbe ɖaa nɔ elalam.

Ƒe 20 aɖewo do ŋgɔ esi Nɔviŋutsu Russell nɔ mɔ nyuitɔ si dzi wòato akaka nya nyuia le xexea me godoo dim la, eɖoe be yeazɔ mɔ tso Amerika ayi xexea ƒe teƒe vovovowo. Le eƒe mɔzɔzɔ gbãtɔa, si gɔme wòdze le July 1891 me la, Ireland wòyi gbã. Esi wònɔ tɔdziʋu si nye City of Chicago me la, ekpɔ ale si ɣea gbã amigo ɖe Queenstown ƒe anyigba ƒuƒuia dzi le adzɔge ɖaa, eye ɖewohĩ esia na wòɖo ŋku nya siwo edzilawo gblɔ nɛ tso afi sia si nye wo denyigba ŋu la dzi. Esi Nɔviŋutsu Russell kple eƒe mɔzɔhati siwo nɔ tɔdziʋu ma me la zɔ to du siwo me nɔ dzadzɛ la me eye wokpɔ kɔƒenuto siwo nya kpɔ la, wode dzesii be teƒea nye agble si “ƒu henɔ lalam na ŋeŋe.”

Le wo katã me la, Nɔviŋutsu Russell zɔ mɔ yi Ireland zi adre. Anɔ eme godoo be didi si wòƒã ɖe ɖetsɔlemetɔwo me le eƒe mɔzɔzɔ gbãtɔa me lae wɔe be le eƒe mɔzɔzɔ siwo kplɔe ɖo me la, ame alafawo, eye ɣeaɖewoɣi ame akpewo va sea eƒe nuƒoa. Kaka wòagadze eƒe mɔzɔzɔ evelia gɔme le May 1903 me la, wodo boblo dutoƒokpekpe siwo wòawɔ le Belfast kple Dublin la le du mawo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽwo me. Nɔviŋutsu Russell gblɔ be “nyaselawo ɖo to nyuie” le afi sia afi esime yenɔ nyati si nye “Ŋugbedodo Si Dzi Woka Atam Ðo,” si ku ɖe Abraham ƒe xɔse kple yayra siwo amegbetɔƒomea akpɔ le etsɔme ŋu la me dzrom.

Esi amewo tsɔ ɖe le nya nyuia me le Ireland vevie ta la, Nɔviŋutsu Russell gayi Ireland ake le eƒe mɔzɔzɔ etɔ̃lia si me wòyi Europa le la me. Nɔviŋutsu atɔ̃ va kpee le Belfast ƒe tɔdziʋudzeƒea ŋdi aɖe le April 1908 me. Wodo boblo dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye, “Womu Satana Ƒe Fiaɖuƒea Ƒu Anyi” la hafi wòva, eye esia wɔe be “ɖetsɔlemetɔ 300 aɖewo va se nuƒoa” gbe ma gbe fiẽ. Ezã Ŋɔŋlɔawo aɖaŋutɔe tsɔ ɖo nya ŋu na tsitretsiɖeŋula aɖe si nɔ wo dome. Le Dublin la, tsitretsiɖeŋula bubu aɖe, si nye ɖekakpui sɔlemedelawo ƒe habɔbɔ (YMCA) ƒe agbalẽŋlɔla, Aƒetɔ O’Connor, ɖoe kplikpaa be yeana nyasela siwo wu 1,000 la natsi tsitre ɖe Biblia Nusrɔ̃viawo ŋu. Nu kae va dzɔ?

Na míatrɔ ayi megbemegbe aɖo ŋku nu siwo anya dzɔ gbe ma gbe la dzi. Ŋutsu aɖe si di vevie be yeake ɖe Biblia me nyateƒea ŋu la ɖoe be yeayi aɖase dutoƒonuƒo si wodo bobloe le The Irish Times nyadzɔdzɔgbalẽa me. Bebli hafi wòte ŋu kpɔ nɔƒe le ƒuƒoƒe si me yɔ fũu kple vavalawo la me. Ŋutsua lé to ɖe nuƒola ta ƒowɔ, si ɖo ge wuyaa eye wòdo kot yibɔɔ legbee aɖe la ƒe nyawo ŋu nyuie. Esi nuƒolaa nɔ nuƒoa ƒom la, enɔ yiyim nɔ gbɔgbɔm le kplɔ̃a ta henɔ asi wɔm ɖe eƒe nyawo dzi, eye wònɔ ŋɔŋlɔawo me ɖem ɖe wo nɔewo yome le ɖoɖo nu ale gbegbe be ŋutsua va nɔ Biblia me nyateƒeawo gɔme sem nyuie. Togbɔ be nuƒolaa mezã nuƒomɔ̃ o hã la, eƒe gbe de afi sia afi le ƒuƒoƒea, ale be nyaselawo ƒe to nɔ eƒe nuƒo si xɔ gaƒoƒo ɖeka kple afã la ŋu. Azɔ, esi wòɖo nyabiabia-kple-ŋuɖoɖo dzi la, Aƒetɔ O’Connor kple exɔlɔ̃wo bia nya sesẽwo nuƒolaa, gake ete ŋu ʋli Biblia me gbedeasia ta kple aɖaŋudzedze geɖe. Esia dze nyaselawo ŋu eye woƒo asikpe ɖe edzi. Esi ɖoɖoe zi mlɔeba la, ŋutsua te ɖe nɔviawo ŋu kple susu be yeagasrɔ̃ nu geɖe. Ame siwo nɔ anyi ɣemaɣi la ka nya ta be, mɔ sia dzie ame geɖe to va nya nyateƒea.

Esi Nɔviŋutsu Russell ɖo tɔdziʋu si nye Mauretania le New York le May 1909 me hedze eƒe mɔzɔzɔ enelia gɔme la, ekplɔ Nɔviŋutsu Huntsinger, si bi ɖe nuŋɔŋlɔ me la ɖe asi, ale be le woƒe ƒudzimɔzɔzɔa me la, Nɔviŋutsu Russell anɔ nyati siwo ava do le Gbetakpɔxɔ me la me nyawo gblɔm nɛ wòanɔ ŋɔŋlɔm. Ame 450 ye va se Nɔviŋutsu Russell ƒe dutoƒonuƒoa le Belfast, eye wo dometɔ siwo ade 100 nɔ tsitrenu le esi womekpɔ zikpui o ta.

Nɔviŋutsu C. T. Russell le tɔdziʋu si nye Lusitania me

Alea tɔgbi kee nuwo yi le eƒe mɔzɔzɔ atɔ̃lia si ŋu míeƒo nu tsoe le gɔmedzedzea me la me. Esi Nɔviŋutsu Russell ƒo dutoƒonuƒo le Dublin vɔ la, mawunyaŋutinunyala xɔŋkɔ aɖe si Aƒetɔ O’Connor kplɔ ɖe asi la bia nyawoe eye wòtsɔ Ŋɔŋlɔawo ɖo wo ŋu nɛ wòdze nyaselawo ŋu ale gbegbe. Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, Nɔviŋutsu Russell kple eƒe mɔzɔhatiwo ɖo tɔdziʋu aɖe si tsɔa lɛtawo eye wòƒua du la, yi Liverpool eye woɖo Lusitania, meli si amewo nya nyuie la yi New York. *

Wodo boblo dutoƒonuƒo aɖe le nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Irish Times me, le May 20, 1910 dzi

Wogado boblo dutoƒonuƒowo le Nɔviŋutsu Russell ƒe mɔzɔzɔ adelia kple adrelia hã me le ƒe 1911 me. Le ƒe ma ke ƒe ada me la, Biblia Nusrɔ̃vi 20 siwo nɔ Belfast la xɔ vavala 2,000 siwo va se nuƒo si ƒe tanyae nye “Agbenɔnɔ Le Ku Megbe” la. Aƒetɔ O’Connor gakplɔ subɔsubɔhaŋgɔnɔla aɖe ɖe asi va Dublin hã; ebia nya geɖe, gake Nɔviŋutsu Russell tsɔ Ŋɔŋlɔawo ɖo eƒe biabiawo ŋu ale gbegbe be nyaselawo ƒo asikpe ɖe edzi. Le kele me la, Nɔviŋutsu Russell yi ɖaƒo dutoƒonuƒo le du bubuwo hã me, eye ame geɖe va se eƒe nuƒoawo. Aƒetɔ O’Connor kple ame 100 siwo kpe ɖe eŋu la gadze agbagba ake be yewoagblẽ kpekpea me le Dublin, gake nyaselawo de nuƒolaa dzi dzonɔamemetɔe.

Togbɔ be Nɔviŋutsu Russell koŋue ƒoa dutoƒonuƒowo ɣemaɣi hã, enyae be “ame aɖeke mate ŋu agblɔ be ne yemeli o la, nuwo matsɔ afɔ nyuie o,” elabena “menye amegbetɔ ƒe dɔe dɔ sia nye o; Mawu ƒe dɔe.” Dutoƒonuƒo siwo wodoa bobloe ame geɖe va sena lae nye Dutoƒokpekpe siwo míewɔna egbea la ƒe gɔmedzedze; enye mɔnu nyui aɖe si dzi woto kaka Biblia me nyateƒeawo. Nu kae do tso eme? Woto dutoƒonuƒowo dzi kaka nya nyuia, eye esia wɔe be woɖo hame yeyewo ɖe dugã vovovowo me le Ireland.—Nu Nyui Siwo Le Míaƒe Nudzraɖoƒe, le Britain.

^ mm. 3 Anɔ abe ƒe eve megbee Titanic la nyrɔ.

^ mm. 9 Woda ƒugɔmebɔmb tsɔ gbã Lusitania la le Ireland ƒe anyieheƒuta le May 1915 me.