Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nu ka tae mɔɖeɖe meli be ame aɖe nada Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo alo videowo ɖe eya ŋutɔ ƒe Internet nyatakakadzraɖoƒe alo Internet hahoo kadodo ƒe dɔwɔnuwo dzi o?

Esi wònye be míenaa míaƒe agbalẽwo kple video siwo míetu ɖe Biblia dzi la amewo faa eye míedoa asi ɖe wo ŋu o ta la, ame aɖewo susu be esɔ be yewoawɔ woƒe kɔpi ada ɖe Internet nyatakakadzraɖoƒe bubuwo alo Internet dzi hahoo kadodowo dzi. Ke hã, esia wɔwɔ nye míaƒe Nyatakakadzraɖoƒea Zazã Ŋuti Ðoɖo * dzi dada eye ehe kuxi siwo nye ŋkubiãnya vɛ. Abe ale si wòdze le Ezazã Ŋuti Ðoɖo mawo me ene la, ame aɖeke mekpɔ mɔ atsɔ ‘nɔnɔmetatawo, mɔ̃dzigbalẽwo, nutɔnyenyedzesiwo, hadzidziwo, fotowo, videowo, alo nyatiwo tso nyatakakadzraɖoƒe sia dzi ada ɖe Internet (nyatakakadzraɖoƒewo, faɛl-mama [ƒe] nyatakakadzraɖoƒewo alo hahokadodowo) aɖeke dzi o.’ Nu ka tae esia le vevie?

Mɔɖeɖe meli be ame aɖe nada míaƒe agbalẽ kple video siwo ŋu copyright le la ɖe Internet nyatakakadzraɖoƒe bubuwo dzi o

Nutɔnyenye ƒe gomenɔamesi (copyright alo droit d’auteur) le nu sia nu si le míaƒe nyatakakadzraɖoƒewo la ŋu.Xɔsegbelawo kple tsitretsiɖeŋula bubuwo dzea agbagba be yewoawɔ míaƒe agbalẽwo kple video siwo woda ɖe woawo ŋutɔwo ƒe nyatakakadzraɖoƒewo la ŋu dɔ atsɔ able Yehowa Ðasefowo kple ame bubuwo. Wotrɔa asi le nyatakakawo ŋu aɖaŋutɔe le nyatakakadzraɖoƒe mawo ale be woaƒã ɖikeke ɖe nuxlẽlawo ƒe susu me. (Ps. 26:4; Lod. 22:5) Ame bubuwo hã zãa míaƒe agbalẽwo kple videowo kpakple míaƒe jw.org dzesidenutata (alo logo) la le woƒe boblododowo me, wodanɛ ɖe nu siwo dzram wole dzi tsɔ doa boblo wo, eye wotsɔa wo dea woƒe elektronikmɔ̃wo ƒe dɔwɔnuwo hã me. Esi nutɔnyenye ƒe gomenɔamesi kple nutɔnyenyedzesi (trademark alo marque déposée) ƒe takpɔkpɔ le mía si ta la, míekpɔ mɔ le se nu be míaxe mɔ ɖe míaƒe nyatakakadzraɖoƒea dzi nuwo ŋu dɔ wɔwɔ le mɔ gbegblẽ nu alea nu. (Lod. 27:12) Gake ne mía dometɔ aɖe ɖe mɔ na amewo be woada míaƒe nuwo ɖe nyatakakadzraɖoƒe bubuwo alo de dzi ƒo na mía nɔviwo gɔ̃ hã be woazã jw.org ƒe nutɔnyenyedzesiwo atsɔ adzra woƒe nuwoe la, esia ate ŋu awɔe be setɔwo makpe ɖe mía ŋu be míaxe mɔ na tsitretsiɖeŋulawo kple asitsalawo be woagawɔ esia o.

Afɔku le eme be míawɔ míaƒe agbalẽwo kple videowo ƒe kɔpi le afi bubu tsɔ wu jw.org dzi. “Kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ɖeɖe koe Yehowa de dɔ asi na be wòana gbɔgbɔmenuɖuɖu amewo. (Mat. 24:45) “Kluvi” sia zãa eya ŋutɔ ƒe nyatakakadzraɖoƒe siwo wode agbalẽ me le se nu tsɔ kakaa gbɔgbɔmenuɖuɖua—woawoe nye www.pr418.com, tv.pr418.com, kple wol.pr418.com. Eye dɔwɔnu siwo wodana ɖe mɔ̃ dzi, siwo wode agbalẽ me le se nu etɔ̃ koe le mía si—woawoe nye JW Language®, JW Library®, kple JW Library Sign Language®. Míate ŋu aka ɖe dɔwɔnu siawo dzi be womado boblo amewo ƒe asitsanuwo o, eye Satana ƒe xexea mate ŋu afa asi ɖe eme hã o. Gake ne nuɖuɖua le teƒe bubuwo la, kakaɖedzi meli be xexea mefa asi ɖe eme hetrɔ nanewo le eme alo tsɔ nu bubuwo de eme o.—Ps. 18:26; 19:8.

Azɔ hã, míaƒe agbalẽwo dada ɖe nyatakakadzraɖoƒe siwo me amewo ŋlɔa woƒe susuwo ɖo dzi la naa mɔnukpɔkpɔ xɔsegbelawo kple ɖeklemiɖelawo be woaƒã ɖikeke ɖe amewo me be woagaka ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa dzi o. Nyatakakadzraɖoƒe siawo tɔgbi he nɔvi aɖewo de nyaʋiʋliwo me le Internet dzi, eye le esia wɔwɔ me la, wogahe vlodoame geɖe va Yehowa ƒe ŋkɔa dzi. Menye Internet dzi kadodo siawoe nye mɔ nyuitɔ siwo dzi míato “[afia] nu tsitretsiɖeŋulawo le tufafa me” o. (2 Tim. 2:23-25; 1 Tim. 6:3-5) Míede dzesii hã be amewo ɖo Internet dzi hahoo kadodowo kple nyatakakadzraɖoƒe fitifitiwo le habɔbɔa, Dɔdzikpɔhaa kple Dɔdzikpɔhaa me tɔwo ƒe ŋkɔ me. Ke hã, Dɔdzikpɔhaa me tɔawo dometɔ aɖeke meɖo eya ŋutɔ ƒe Nyatakakadzraɖoƒe o, eye wo dometɔ aɖeke mezãa Internet dzi hahoo kadodowo hã o.

Ne míehe amewo ƒe susu yi jw.org dzi la, míele asi kpem ɖe “nya nyui” kaka dɔa ŋu. (Mat. 24:14) Enuenu la, míetrɔa asi le míaƒe agbalẽ kple video siwo le mɔ̃ dzi, siwo míezãna le gbeadzi la ŋu woganyona ɖe edzi. Míedi be woaɖe vi na ame sia ame. Eya ta, abe ale si wòdze le Ezazã Ŋuti Ðoɖoa me ene la, àte ŋu aɖo míaƒe agbalẽ alo video aɖe ƒe kɔpi si nèwɔ le jw.org dzi la ɖe ame aɖe alo atsɔ afi si wòakpɔe le le jw.org dzi la aɖo ɖee to e-mail dzi be wòaʋui le eƒe mɔ̃ dzi. Ne míehe amewo ƒe susu yi míaƒe nyatakakadzraɖoƒe siwo le se nu la dzi la, míele gbɔgbɔmenuɖuɖutsoƒe vavãtɔ ɖeka kolia, si nye “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la, fiam wo.

^ mm. 1 Àkpɔ afi si Nyatakakadzraɖoƒea Zazã Ŋuti Ðoɖo le le jw.org ƒe gɔmedzeƒea te, eye mɔxenu siawo yi na nu sia nu si le míaƒe nyatakakadzraɖoƒewo dzi.