Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Menye Ame Dahe Le Gɔmedzedzea Me—Fifia Mezu Kesinɔtɔ Le Gbɔgbɔ Me

Menye Ame Dahe Le Gɔmedzedzea Me—Fifia Mezu Kesinɔtɔ Le Gbɔgbɔ Me

Wodzim le xɔnugoe ɖeka aɖe si nye atixɔ me le Liberty, si nye du sue aɖe si le Indiana, le Amerika. Vi etɔ̃ nɔ dzinyelawo si hafi wodzim—woawoe nye fonye kple daanye eveawo. Emegbe nɔnye dzi ŋutsuvi eve kple nɔvinyenyɔnu suetɔ.

Atixɔ si me wodzim le

ESIME menye sukuvi la, tɔtrɔ boo aɖeke meva sukua kple dua me o. Le sukua la, ame siwo nèdze suku gɔme kpli la kee nàwu sukua nu kpli; le nyateƒe me la, ànya ame akpa gãtɔ ƒe ŋkɔ le dua me, eye woawo hã woanya wò ŋkɔ.

Mí ame adree wodzi, eye mesrɔ̃ nu geɖe tso agbledede ŋu esime menye sɔhɛ

Agblenyigba suesuesuewo ƒo xlã Liberty dua, eye nu si koŋ ƒe agble wodena ye nye bli. Esime wodzim la, fofonye nɔ dɔ wɔm le nutoa me agbledela aɖe ƒe agble dzi. Esime menɔ nye ƒewuiwo me la, mesrɔ̃ anyigbadzobomɔ̃kuku, eye meva nya nu tso agbledemɔnu aɖewo hã ŋu.

Tɔnye xɔ ƒe 56 hafi dzim, eya ta nyemekpɔ eƒe ɖekakpuime o. Nɔnye ya xɔ ƒe 35 ɣemaɣi. Tɔnye nye ŋutsu tsralɛ, enɔ lãmesẽ me, ŋusẽ nɔ eŋu, elɔ̃ dɔ sesẽ wɔwɔ, eye wòfia mí ɖeviawo be míawo hã míalɔ̃ dɔ sesẽ wɔwɔ. Ga menɔ esi ale o, ke hã, ekpɔ egbɔ be mlɔƒe nɔ mía si, awu nɔ mía ŋu, eye míekpɔa nu ɖuna—edzea agbagba kpɔa míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí. Ƒe 93 wòxɔ hafi ku. Nɔnye xɔ ƒe 86 hafi ku. Wo dometɔ aɖeke menye Yehowa subɔla o. Le nɔvinyeawo dome la, nɔvinyeŋutsu ɖeka nye hamemetsitsi eye esubɔ nuteƒewɔwɔtɔe tso esime hamemetsitsi ƒe ɖoɖoa dze egɔme le ƒe 1970-awo ƒe gɔmedzedze.

NYE ÐEVIME

Nɔnye doa vevie mawusubɔsubɔ. Ekplɔa mí yia Baptisttɔwo ƒe sɔleme Kwasiɖa sia Kwasiɖa. Esime mexɔ ƒe 12 ye mese nu tso Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafiaa ŋu zi gbãtɔ. Esi nufiafia ma me mekɔ nam o ta la, mebia nɔnye be: “Aleke wòate ŋu adzɔe be Yesu nanye Vi la aganye Fofo la le ɣeyiɣi ma ke me?” Meɖo ŋku edzi be eɖo eŋu nam be: “Vinye, nu masegɔmea ye wònye. Míate ŋu ase egɔme o.” Nyaa wɔ moyaa nam ŋutɔ. Ke hã, esime mexɔ ƒe 14 la, mexɔ nyɔnyrɔ le tɔʋu sue aɖe si nɔ dua me la me—wonyrɔm ɖe tsia me zi etɔ̃ le Mawuɖekaetɔ̃ la ƒe ŋkɔ me!

1952 Esime mexɔ ƒe 17, do ŋgɔ na esime wobia tso asinye be mawɔ asrafodɔ

Esime menɔ sekɛndrisuku (alo lycée) la, xɔ̃nye aɖe si nye kɔdala la de dzi ƒo nam be mate kɔdada ƒe dɔa kpɔ. Eya ta nye hã meva te kamedede, eye meɖo kɔdalawo ƒe habɔbɔ aɖe si ŋkɔe nye Golden Gloves me. Nyemebi ɖe eme tututu o, eya ta le kɔdada ƒe hoʋiʋli ʋɛ aɖewo ko megbe la, meɖe asi le dɔ ma ŋu. Emegbe dziɖuɖua yɔm be mava wɔ asrafodɔ. Meɖo Amerika asrafohaa me, eye woɖom ɖe Germany. Esime menɔ afi ma la, míaƒe amegãwo na mede asrafowo ƒe suku aɖe si me wonaa hehe asrafo siwo si ɖoƒe mele o la le, elabena wosusu be ŋutete le asinye be maxɔ ŋgɔ na amewo. Wodi be mana asrafodɔa nanye nye agbemedɔ. Menye nye didie wònye be mawɔ dɔ sia ɖaa o, eya ta esime mewu asrafodɔ si wòle be mawɔ ƒe eve la nu la, woɖe asi le ŋunye bubutɔe le ƒe 1956 me. Ke hã, eteƒe medidi hafi meɖo asrafoha aɖe si to vovo kura la me o.

1954-1956 Menɔ Amerika asrafohaa me ƒe eve

MEDZE AGBE YEYE GƆME

Va se ɖe afi sia le nye agbe me la, akpasesẽnu ko mewɔna. Ale si woɖea ŋutsunyenye fiana le filmwo me kple nɔnɔme si ŋutsuwo ɖena fiana le nutoa me la kpɔ ŋusẽ geɖe ɖe dzinye. Le nye susu nu la, ŋutsu siwo nye mawunyagblɔlawo nye ame ɖɔewo. Gake meva dze nanewo sɔsrɔ̃ gɔme siwo trɔ nye agbenɔnɔ kura. Gbe ɖeka, esime menɔ nye ʋu dzĩ si ƒe tame wotea ŋu ʋuna gatuna la kum le dua me la, nyɔnuvi eve aɖewo ʋuʋu asi nam be matɔ. Medze si wo—woawoe nye ŋutsu si ɖe daanye tsitsitɔ la ƒe nɔvinyɔnuwo. Nyɔnuvi eve mawo nye Yehowa Ðasefowo. Mexɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo le wo si kpɔ, ke hã, ewɔna nam be Gbetakpɔxɔ me nyawo me goglo akpa. Gake fifia ya, ɖe wokpem be made Hame Ƒe Agbalẽ Me Nusrɔ̃ƒe, si nye kpekpe sue aɖe si me wosrɔ̃a Biblia hedzroa eme le le woƒe aƒe me. Megblɔ na wo be mabu eŋu. Nyɔnuviawo nɔ alɔgbɔnu kom esime wobiam be, “Èdo ŋugbe be yeava?” Meɖo eŋu be, “Ɛ̃, medo ŋugbe.”

Evem emegbe be medo ŋugbe ma, gake mekpɔe be nyemate ŋu aɖe ta le eme o. Eya ta, mede kpekpea fiẽsi ma. Ðevi siwo va kpekpea koŋ ƒe nue wɔ dɔ ɖe dzinye. Ale si gbegbe wonya Biblia la wɔ nuku nam ŋutɔ! Togbɔ be mekplɔ nɔnye ɖo míede tsɔtsi Kwasiɖagbewo ƒe geɖe va yi hã la, nu ʋɛ aɖewo koe menya le Biblia me. Fifia ya, meɖoe kplikpaa be masrɔ̃ nu geɖe. Melɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kplim. Do ŋgɔ la, mesrɔ̃e be Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkɔe nye Yehowa. Ƒe aɖewo va yi la, esi mebia nɔnye ame siwo Yehowa Ðasefowo nye la, ɖeko wòɖo eŋu nam be, “Oo, wosubɔa tɔgbui aɖe si ŋkɔe nye Yehowa.” Gake azɔ la, mekpɔe be nye ŋkuwo te ʋuʋu!

Mewɔ ŋgɔyiyi kabakaba, elabe mekpɔe be meke ɖe nyateƒea ŋu. Le kpekpe gbãtɔ ma dede ɣleti asieke megbe la, mexɔ nyɔnyrɔ le March 1957 me. Ale si mebua agbeae la va trɔ. Ne mebu akpasesẽ ƒe nɔnɔme si nɔ asinye tsã ŋu la, edzɔa dzi nam be meva srɔ̃ nu si Biblia fia ku ɖe ŋutsunyenye vavãtɔ ŋu. Yesu nye ame deblibo. Ŋusẽ nɔ esi ale gbegbe be ‘ŋutsu kakowo’ gɔ̃ hã maɖi naneke le egbɔ o. Ke hã, meda kɔ kple amewo o, ke boŋ ‘eɖe mɔ wowɔ fui,’ abe ale si wogblɔe ɖi ene. (Yes. 53:2, 7) Mesrɔ̃e be ele be ame si nye Yesu yomedzela vavã la ‘nafa tu na amewo katã.’—2 Tim. 2:24.

Medze mɔɖeɖedɔa gɔme le ƒe si kplɔe ɖo me, si nye ƒe 1958 me. Gake, le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, eva hiã be maɖe asi le mɔɖeɖedɔa ŋu vie. Nu ka tae? Meɖoe be maɖe srɔ̃. Meɖe Gloria, si nye nyɔnuvi eve siwo kpem be made agbalẽ me nusrɔ̃ƒea la dometɔ ɖeka! Mevem kpɔ be meɖee o. Gloria nɔ abe dzonu xɔasi aɖe nam ɣemaɣi, eye nenema ko wògale nam egbea hã. Exɔ asi nam wu lotamekpe nyuitɔ kekeake, eye dzidzɔ gãe wònye nam be meɖee! Na wòagblɔ eƒe ŋutinya na wò kpuie:

“Mí ame 17 ye wodzi. Nɔnye nye Ðasefo wɔnuteƒe. Eku esime mexɔ ƒe 14. Ɣemaɣie tɔnye dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme. Esi Dada megali o ta, Papa wɔ ɖoɖo aɖe kple míaƒe sukutatɔa. Ɣemaɣi la, nɔvinyenyɔnu tsitsitɔ nɔ sekɛndrisuku (alo lycée), eye Papa bia sukutatɔa nenye be mí ame evea míate ŋu anɔ mía nɔewo ɖɔ lim le sukua dede me hã. Míanɔ mía nɔewo ɖɔ lim ale be mía dometɔ ɖeka nate ŋu anɔ aƒea me alé be na mía nɔvi sueawo eye míaɖa fiẽnuɖuɖu na ƒomea hafi Papa nagbɔ tso dɔ me. Sukutatɔa lɔ̃ ɖe edzi, eye míewɔ esia va se ɖe esime daanye wu suku nu. Ðasefowo ƒe ƒome evee srɔ̃ Biblia kpli mí, eye mí ame 11 míetsi va zu Yehowa Ðasefowo. Gbeadzisubɔsubɔdɔa doa dzidzɔ nam, togbɔ be le dzɔdzɔmenu la, mekpea ŋu ŋutɔ hã. Ke hã, Samuel kpe ɖe ŋunye le go sia me ale gbegbe.”

Nye kple Gloria míeɖe mía nɔewo le February ƒe 1959 me. Míese vivi le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me ɖekae. Le ƒe ma ƒe July me la, míede asi Betel dɔbiagbalẽvi te, elabe enye míaƒe didi vevie be míasubɔ le habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegãa. Nɔviŋutsu lɔlɔ̃ aɖe, si ŋkɔe nye Simon Kraker ye bia gbe mí. Egblɔ na mí be womele srɔ̃tɔwo xɔm ɖe Betel ɣemaɣi o. Gake didi si nɔ mía me be míasubɔ le Betel la nu metsi o—ke hã, ɣeyiɣi didi aɖe va yi hafi míaƒe didia va eme na mí!

Míeŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã hebia be woaɖo mí ɖe afi si hiahiã geɖe wu le. Le woƒe ŋuɖoɖoa me la, teƒe ɖeka ko wofia asii na mí: eyae nye Pine Bluff, le Arkansas. Le ɣeyiɣi mawo me la, hame eve koe nɔ Pine Bluff—yevuwo ɖeɖee nɔ ɖeka me eye ameyibɔwo ɖeɖee nɔ evelia me. Woɖo mí ɖe ameyibɔawo gbɔ, afi si gbeƒãɖela 14 pɛ ko nɔ.

MÍEKPE AKƆ KPLE VOVOTOTODEDE YEVUWO KPLE AMEYIBƆWO DOME ƑE KUXIA

Ðewohĩ àbia ɖokuiwò be nu ka tae Yehowa Ðasefowo aɖe yevuwo kple ameyibɔwo ɖe vovo le woƒe hamewo me hã. Ŋuɖoɖo kpuitɔe nye be, naneke meli woate ŋu awɔ tso eŋu ɣemaɣi o. Wode sewo le dukɔa me si ana wòanye sedzidada ne yevuwo kple ameyibɔwo tsaka, eye amewo ate ŋu awɔ ŋutasẽnuwo ɖe wo ŋu gɔ̃ hã. Le teƒe geɖe la, susu geɖe li siwo tae nɔviawo vɔ̃ be, ne yewo nɔvi yevuwo kple ameyibɔwo le teƒe ɖeka le Mawu subɔm la, amewo ava gbã Fiaɖuƒe Akpataa. Eye nu mawo dzɔ hã. Ne Ðasefo siwo nye ameyibɔwo le tso aƒe me yi aƒe me dɔa wɔm le afi si yevuwo le la, kpovitɔwo alé wo—eye woate ŋu aƒo wo gɔ̃ hã. Eya ta, be gbeƒãɖeɖedɔa nayi edzi ta la, míewɔ ɖe seawo dzi henɔ mɔ kpɔm be nuwo ava trɔ.

Míedo go kuxiwo le míaƒe subɔsubɔdɔa me. Ne míele gbeƒã ɖem le ameyibɔwo ƒe nuto me la, ɣeaɖewoɣi kaka míanya la, míeƒoa yevuwo ƒe ʋɔtru. Ele be míabu tame kaba nenye be míadze agbagba agblɔ Ŋɔŋlɔawo me nya kpui aɖe loo alo míaɖe kuku ahadzo le afi ma. Le teƒe aɖewo la, nenemae nuwo nɔ ɣemaɣi.

Azɔ hã, ehiã be míawɔ dɔ sesĩe be míate ŋu akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ esime míele mɔɖeɖedɔa wɔm. Dɔ siwo míewɔna zi geɖe la ƒe fetu nyea dɔlar etɔ̃ gbe ɖeka. Gloria wɔa aƒemedzadzraɖodɔ ʋɛ aɖewo. Le teƒe aɖe la, woɖe mɔ nam mewɔ dɔa kplii ale be wòawu enu le ɣeyiɣi si wòzãna ƒe afã ko me. Wona ŋdɔnuɖuɖu mí—enye nuɖuɖu si woyɔna be TV dinner; woɖae xoxo hedee nufamɔ̃ me, eye nye kple Gloria míeɖui hafi dzo. Kwasiɖa sia kwasiɖa la, Gloria ɖoa nuwo dzi na ƒome aɖe. Meƒoa sɔgbewo na amewo, meklɔa woƒe fesrewo ŋu, eye mewɔa dɔ suesue bubu aɖewo hã. Le yevuƒome aɖe ƒe aƒe me la, mí ame evea míeklɔ woƒe fesrewo ŋu—Gloria klɔ fesreawo ƒe akpa si le xɔa me eye meklɔ akpa si le gota. Exɔ ŋkeke bliboa, eya ta wona ŋdɔnuɖuɖu mí. Gloria ɖu nua le aƒea me gake enɔ adzɔge tso ƒomea gbɔ; nye ya meɖu nua le ʋudaɖoƒea. Esia meɖe fu nam o. Nuɖuɖu nyui aɖee. Ƒomea wɔ nu ɖe mía ŋu nyuie; ɖeko vovototodede amewo me ƒe ɖoɖoa na woxaxa—nenemae nuwo nɔ ɣemaɣi. Meɖo ŋku edzi be gbe ɖeka míetɔ ɖe mɔ̃memidzeƒe aɖe. Esi míedze amia de míaƒe ʋua me vɔ la, mebia teƒea dzi kpɔla nenye be Gloria ate ŋu azã woƒe nugododeƒea hã. Ðeko wòkpɔ ŋkunyeme dũu hegblɔ nam be, “Ele tutu.”

DƆMENYONUWƆNA SIWO MÍAŊLƆ BE AKPƆ O

Le go bubu me la, míekpɔ dzidzɔ kple nɔviwo le hadede tuameɖowo me, eye míelɔ̃ subɔsubɔdɔa hã! Esime míeyi Pine Bluff zi gbãtɔ la, nɔviŋutsu si nye hamesubɔla ɣemaɣi la ƒemee míenɔ. Srɔ̃a menye haxɔsetɔ ɣemaɣi o, eye Gloria dze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kplii. Nye ya mete nusɔsrɔ̃ kple wo vinyɔnu kple srɔ̃a. Nyɔnua kple via siaa va tiae be yewoasubɔ Yehowa eye woxɔ nyɔnyrɔ.

Xɔlɔ̃ nyuiwo nɔ mía si le yevuwo ƒe hamea me. Wokpea mí na fiẽnuɖuɖu, gake ne zã do koe wotea ŋu wɔa esia. Ku Klux Klan, si nye habɔbɔ aɖe si doa vovototodedeameme le woƒe ŋutigbalẽ ta kple ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ŋgɔ la nɔ dɔ dzi vevie ɣemaɣi. Meɖo ŋku edzi be le Halloween-zã aɖe dzi la, mekpɔ ŋutsu aɖe wòdo awu ɣi ɖe dzi kple gɔme abe Ku Klux Klan tɔwo ene eye wònɔ eƒe aƒea ƒe akpata ŋgɔ. Gake nu mawo gɔ̃ hã mewɔe be nɔviwo dzudzɔ dɔmenyowɔwɔ na wo nɔewo o. Gbe ɖeka le dzomeŋɔli me la, míehiã ga be míate ŋu azɔ mɔ ayi takpekpe, eye nɔviŋutsu aɖe lɔ̃ be yeaƒle míaƒe ʋua ale be míate ŋu ayi. Le ɣleti ɖeka megbe, esi míewɔ tso aƒe me yi aƒe me dɔa vɔ gbe ɖeka la, ɖeɖi te mía ŋu le dzoxɔxɔa kple Biblia nusɔsrɔ̃ siwo míewɔ ta. Kaka míaɖo aƒe me la, nu nyui aɖe nɔ mía lalam. Míaƒe ʋu si míedzra lae nye ema le aƒea ŋgɔ! Lɛta kpui si woŋlɔ de eŋu la me nyawoe nye, “Mixɔ miaƒe ʋua faa abe nunana tso gbɔnye ene. Mia nɔviŋutsu.”

Dɔmenyonuwɔna bubu aɖe hã wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe. Le ƒe 1962 me la, wokpem be made Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku le South Lansing, le New York. Enye ɣleti ɖeka blibo ƒe hehenana hamemetsitsiwo, nutome sue dzikpɔlawo kple nutome gã dzikpɔlawo. Esime mexɔ amekpekpea la, dɔ menɔ asinye o, eye ganyawo nɔ sesẽm nam. Do ŋgɔ la, meyi ɖadi dɔ le telefondɔwɔƒe aɖe si le Pine Bluff kpɔ eye wobia gbem. Ne woxɔm ɖe dɔa me la, nyee anye ameyibɔ gbãtɔ si awɔ dɔ na wo. Wova gblɔ nam mlɔeba be yewoaxɔm ɖe dɔa me. Nu kae mawɔ? Ga aɖeke menɔ asinye matsɔ azɔ mɔ ayi New York o. Mebu eŋu vevie nenye be maxɔ dɔa ahaɖe asi le sukua yiyi ŋu. Le nyateƒe me la, mede lɛta ŋlɔ ge na habɔbɔa be nyemate ŋu ade sukua o, esime nane dzɔ si nyemaŋlɔ be akpɔ gbeɖe o.

Nɔvinyɔnu aɖe si nɔ míaƒe hamea me, si srɔ̃ menye Ðasefo o la va ƒo ʋɔ nam ŋdi kanya aɖe eye wòtsɔ lɛtakotoku aɖe nam. Ga gbogbo aɖe nɔ eme. Eya kple viawo wofɔna fɔŋli yina ɖawɔa dɔ le ɖetigble me—wohoa gbe siwo to ɖe agblea me—ale be yewoate ŋu akpɔ ga si ade na nye mɔzɔzɔ ayi New York. Egblɔ nam be, “Yi sukua nàsrɔ̃ nu ale si nàte ŋui, eye ne ètrɔ gbɔ la, nàva fia nu mí!” Emegbe mebia telefondɔwɔƒea nenye be mate ŋu adze dɔa gɔme le kwasiɖa atɔ̃ megbe. Woɖo eŋu nam be, “Gbeɖe!” Gake mete ɖe dzinye o. Metso nya me xoxo. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be nyemexɔ dɔ ma o!

Gloria hã agblɔ nu siwo dzi wòɖo ŋkui esime míenɔ Pine Bluff. “Melɔ̃ anyigbamamaa! Biblia nusrɔ̃vi 15 va ɖo 20 nɔ asinye. Eya ta míewɔa tso aƒe me yi aƒe dɔa ŋdi me, eye emegbe míeɖawɔa Biblia nusɔsrɔ̃wo ŋkekea ƒe akpa mamlɛa, eye ɣeaɖewoɣi míenɔa edzi ʋuu va se ɖe zã ga 11. Subɔsubɔdɔa vivi nunye ale gbegbe! Dzidzɔe wòanye nam be mayi edzi asubɔ le afi ma. Ne magblɔe tututu la, medzrom be maɖe asi le dɔdeasi sia ŋu aɖawɔ nutome sue dzikpɔkpɔdɔa o, gake nu bubu kura ye nɔ susu me na Yehowa ya.” Ɛ̃, nu bubu kurae nɔ susu me nɛ.

DZIKPƆLAMƆZƆLA ƑE DƆA

Esime míenɔ mɔɖeɖedɔa wɔm le Pine Bluff la, míede asi agbalẽ te be míawɔ mɔɖela vevi ƒe dɔa. Míenɔ mɔ kpɔm na ŋuɖoɖoa vevie, elabe míaƒe nutome gã dzikpɔla hã di be míayi aɖakpe ɖe hame aɖe ŋu le Texas, eye edi be míanye mɔɖela veviwo hafi ayi. Esia dzɔ dzi na mí. Eya ta míenɔ lalam, henɔ mɔ kpɔm be Habɔbɔa aŋlɔ agbalẽ aɖo ɖe mí, gake ao, míekpɔa lɛta aɖeke le míaƒe posuɖakaa me o. Mlɔeba, míexɔ lɛta aɖe gbe ɖeka—wobia tso mía si be míawɔ dzikpɔlamɔzɔla ƒe dɔa! January 1965 mee. Ɣemaɣie woɖo Nɔviŋutsu Leon Weaver, si nye Amerika Alɔdzekɔmitia ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla fifia la hã nutome sue dzikpɔlae.

Mevɔ̃ be mava nye nutome sue dzikpɔla. Anɔ abe ƒe ɖeka ene do ŋgɔ la, nutome gã dzikpɔla si nye James A. Thompson, Jr., lé ŋku ɖe eŋu nenye be medze awɔ nutome sue dzikpɔkpɔdɔa hã. Etɔ asi nu ʋɛ aɖewo siwo me wòhiã be mawɔ ŋgɔyiyi le la dzi nam dɔmenyotɔe, eye wògblɔ ŋutete siwo wòle be wòanɔ ame si be wòanye nutome sue dzikpɔla nyui la nam. Esi mewɔ nutome sue dzikpɔladɔa ɣeyiɣi kpui aɖe la, meva de dzesii be aɖaŋu siwo wòɖo nam la hiã ale gbegbe. Esi woɖom nutome sue dzikpɔla la, Nɔviŋutsu Thompson ye nye nutome gã dzikpɔla si mewɔ dɔ kpli gbã. Mesrɔ̃ nu geɖe tso nɔviŋutsu gbɔgbɔmeme, si nye nuteƒewɔla sia gbɔ.

Mede asixɔxɔ kpekpeɖeŋu siwo nɔviŋutsu nuteƒewɔlawo nam la ŋu

Le ɣeyiɣi mawo me la, menye hehe boo aɖekee wonaa nutome sue dzikpɔlawo o. Metsɔ kwasiɖa ɖeka srɔ̃ nu tso nutome sue dzikpɔla aɖe gbɔ esime wònɔ hame aɖe srãm kpɔ. Eyome meɖasrã hame aɖe kpɔ esime wònɔ ŋku lém ɖe ŋunye. Eɖo aɖaŋu aɖewo nam eye wòna mɔfiame aɖewom. Gake tso ema dzi la, susɔea kpo ɖe mía gbɔ. Meɖo ŋku edzi be megblɔ na Gloria be, “Ðe wòhiã kokoko be nutome gã dzikpɔlaa nadzo fifia?” Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva kpɔ nu vevi aɖe dze sii. Nɔviŋutsu nyui siwo akpe ɖe mía ŋu la anɔ anyi ɣesiaɣi—ne míeɖe mɔ na wo ko. Megadea asixɔxɔ kpekpeɖeŋu si mexɔ tso nɔviŋutsu kpɔnuteƒe vovovowo gbɔ la ŋu ŋutɔ. Wo dometɔ aɖewoe nye J. R. Brown, si nye dzikpɔla mɔzɔla ɣemaɣi, kple Fred Rusk si nye Betel ƒomea me tɔ.

Vovototodedeameme ƒe nyaa nye kuxi gã ɣemaɣi. Gbe ɖeka, esi míenɔ Tennessee la, Ku Klux Klan tɔwo lɔ gbɔ le nuto aɖe si me míeɖasrã hame aɖe kpɔ le la me. Meɖo ŋku edzi hã be gbe ɖeka, mí ame siwo nɔ gbeadzi gbe ma gbe la míedzudzɔ vie heyi nuɖuɖudzraƒe aɖe. Meyi ŋutsuwo ƒe nugododeƒea, eye mede dzesii be ŋutsu aɖe si ƒe dzedzeme ɖi vɔvɔ̃, si ta yevudzidelawo ƒe dzesiwo ɖe eɖokui ŋu la, tso kplɔm ɖo. Gake nɔviŋutsu aɖe si nye yevu si dzɔ atsu hetri wu nye kple ŋutsu ma siaa la hã ge ɖe nugododeƒea. Ebiam be: “Nɔviŋutsu Herd, nu sia nu yiyim nyuiea?” Ŋutsu kemɛa do kaba evɔ mezã teƒea o. Le ƒe siwo va yi me la, mekpɔe be menye ŋutigbalẽ ƒe amadede ye he nazãbubu ɖe ame bubuwo ŋu vɛ o; ke boŋ nu vɔ̃e—Adam ƒe nu vɔ̃ si le mí katã ŋu lae. Eye mekpɔe hã be ne ame aɖe nye nɔvi ko la, nɔvie, ŋutigbalẽ ƒe amadede ka kee ɖale eŋu o, eye alɔ̃ faa aku ɖe tawò ne nɔnɔme bia nenema.

FIFIA MEZU KESINƆTƆ LE GBƆGBƆ ME

Míewɔ nutome sue dzikpɔkpɔdɔa ƒe 12, eye míewɔ nutome gã dzikpɔkpɔdɔa ƒe 21. Míekpɔ dzidzɔ kple teƒeɖoɖo le ƒe mawo me hekpe ɖe nuteƒekpɔkpɔ dedziƒonamewo hã ŋu. Ke hã, teƒeɖoɖo bubu aɖe hã nɔ ŋgɔ gbɔna. Le August 1997 me la, didi si nɔ mía me xoxoxo la va eme na mí. Wokpe mí be míava wɔ dɔ le Amerika Betel—esia nye ƒe 38 sɔŋ tso esime míede asi Betel subɔsubɔdɔ ƒe dɔbiagbalẽvi te zi gbãtɔ. Míedze dɔwɔwɔ le Betel gɔme le ɣleti si kplɔe ɖo me. Mebu xaa be nɔvi tsitsi siwo nɔ Betel la hiã nye kpekpeɖeŋu hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko, gake menye nenemae nuwo va yi o.

Gloria nɔ abe dzonu xɔasi aɖe nam ɣemaɣi, eye nenema ko wògale nam egbea hã

Gbã la, wode dɔ asi nam le Subɔsubɔdɔ Dzikpɔƒea. Mesrɔ̃ nu geɖe le afi ma. Nɔvi siwo wɔa dɔ le afi ma la kpɔa nya veviwo kple nyabiase sesẽ gbogbo siwo hamemetsitsiwo ƒe hawo kple nutome sue dzikpɔla siwo le dukɔa me la biana hã gbɔ. Mekpɔ ŋudzedze ɖe ale si nɔvi siwo na hehem la gbɔ dzi ɖi nam hekpe ɖe ŋunye la ŋu. Ke hã, menya be ne wogade dɔ asi nam le afi ma ake la, ɖeko manɔ abe ame si menya dɔa o ene.

Nye kple Gloria míelɔ̃ dɔwɔwɔ le Betel. Míefɔna kaba ŋdi sia ŋdi, eya ta numame ma kpe ɖe mía ŋu le Betel. Anɔ abe ƒe ɖeka ene megbe la, meva zu Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔhaa ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia ƒe kpeɖeŋutɔwo dometɔ ɖeka. Emegbe le ƒe 1999 me la, meva zu Dɔdzikpɔhaa me tɔ. Mesrɔ̃ nu geɖe le dɔdeasi sia me, gake nu vevitɔ si mesrɔ̃e nye ale si wòdze kɔtɛ be Yesu Kristoe nye Kristo hamea ƒe ta, ke menye amegbetɔ aɖekee o.

Tso ƒe 1999 me la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mezu Dɔdzikpɔhaa me tɔ

Ne meɖo ŋku nu siwo mete ŋu wɔ le nye agbe me dzi la, mesena le ɖokuinye me ɣeaɖewoɣi abe nyagblɔɖila Amos ene. Yehowa de dzesi alẽkplɔla ɖokuibɔbɔla ma si nye gbotsetseŋɔla la—dɔ si wòwɔna la nye dɔ tsɛ si wowɔna ɣeaɖeɣi le ƒea me—eye wobua gbotsetse ɣemaɣi be enye hiãtɔwo ƒe nuɖuɖu. Mawu ɖo Amos nyagblɔɖilae, eye Mawu yrae geɖe le dɔ sia me. (Amos 7:14, 15, etenuŋɔŋlɔ) Nenema kee Yehowa de dzesi nye, ame si nye agbledela tsɛ aɖe si nɔ Liberty, le Indiana la ƒe vi, eye wòdudu yayra gbogbowo kɔ ɖe dzinye—wowu gbɔgblɔ gɔ̃ hã! (Lod. 10:22) Mese le ɖokuinye me be nuwo mede dzinye le gɔmedzedzea me o, gake yayra gbogbo siwo mekpɔ la na mezu kesinɔtɔ le gbɔgbɔ me le mɔ si nyemesusu kpɔ o nu!