Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Wò Futɔ La

Nya Wò Futɔ La

“Satana ƒe . . . nugbeɖoɖowo mele ɣaɣla ɖe mí o.”—2 KOR. 2:11, etenuŋɔŋlɔ.

HADZIDZI: 150, 32

1. Esi Adam kple Xawa wɔ nu vɔ̃ megbe la, nu kae Yehowa na míenya tso míaƒe futɔ la ŋu?

ADAM nyae be dawo mate ŋu aƒo nu o. Eya ta, anya ƒo nya ta be gbɔgbɔmenuwɔwɔ aɖee to da dzi ƒo nu kple Xawa. (1 Mose 3:1-6) Adam kple Xawa menya naneke tso gbɔgbɔmenuwɔwɔ sia ŋu o. Togbɔ be ele alea hã, Adam ɖoe koŋ trɔ megbe de Fofoa si le dziƒo si lɔ̃e la hewɔ ɖeka kple ame tutɔ si tsi tsitre ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu. (1 Tim. 2:14) Enumake Yehowa ɖe nya aɖewo gblɔ tso futɔ sia si ble Adam kple Xawa la ŋu eye wòdo ŋugbe be woava tsrɔ̃ futɔ vɔ̃ɖi sia mlɔeba. Gake Yehowa gblɔ hã be gbɔgbɔmenuwɔwɔ si ƒo nu to daa dzi la akpɔ ŋusẽ hena ɣeyiɣi aɖe eye wòatsi tsitre ɖe ame siwo katã lɔ̃ Mawu la ŋu.—1 Mose 3:15.

2, 3. Anɔ eme be susu ka tae Yehowa mena woŋlɔ nu geɖe tso Satana ŋu do ŋgɔ na Mesia la ƒe vava o?

2 Yehowa mena míenya eƒe gbɔgbɔmevi si dze aglã ɖe eŋu la ƒe ŋkɔ o. * Eye ƒe 2,500 aɖewo le eƒe aglãdzedzea megbe hafi Mawu na míenya dzesideŋkɔ si wotsɔ nɛ la. (Hiob 1:6) Le nyateƒe me la, Hebri Ŋɔŋlɔawo me agbalẽ etɔ̃ me koe dzesideŋkɔ Satana, si gɔmee nye “Tsitretsiɖeŋula” dze le. Edze le Kronika Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ, Hiob kple Zakariya ƒe agbalẽawo me. Nu ka tae nya ʋɛ aɖewo ko wogblɔ tso míaƒe futɔ la ŋu do ŋgɔ na Mesia ƒe vava?

3 Yehowa mena woŋlɔ nu geɖe tso Satana kple eƒe nuwɔnawo ŋu le Hebri Ŋɔŋlɔawo me o. Susu vevitɔ si tae Yehowa na woŋlɔ Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa ma ɖi ye nye be yeana mɔfiame siwo ana yeƒe amewo nade dzesi Mesia la ahadze eyome. (Luka 24:44; Gal. 3:24) Esi woŋlɔ nya mawo ɖi eye Mesia la va mlɔeba la, Yehowa to Mesia la kple eƒe nusrɔ̃lawo dzi ɖe nyatakaka bubuwo ɖe go tso Satana * kple mawudɔla bubu siwo wɔ ɖeka kplii la ŋu. Esia sɔ, elabena Yesu kple eƒe hati dziɖula amesiaminawo zã gee Yehowa le atsɔ atsrɔ̃ Satana kple eyomedzelawo.—Rom. 16:20; Nyaɖ. 17:14; 20:10.

4. Nu ka tae mele be míavɔ̃ na Abosam o?

4 Apostolo Petro ɖɔ Satana be enye “dzata si le gbe ɖem,” eye Yohanes yɔe be “da” kple “ʋɔ driba.” (1 Pet. 5:8; Nyaɖ. 12:9) Gake mehiã be Abosam nadzi ŋɔ na mí o—seɖoƒe li na eƒe ŋusẽ. (Xlẽ Yakobo 4:7.) Yehowa, Yesu kple mawudɔla wɔnuteƒewo le megbe na mí. Míate ŋu atsi tsitre ɖe míaƒe futɔ la ŋu dzidzedzetɔe le woƒe kpekpeɖeŋu me. Ke hã, ele be míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia vevi etɔ̃ siawo: Aleke gbegbee Satana kpɔ ŋusẽe? Aleke wòdzea agbagba be yeakpɔ ŋusẽ ɖe ame ɖekaɖekawo dzi? Eye nu kawoe Satana mate ŋu awɔ o? Ne míele biabia siawo me dzrom la, míade ŋugble le nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso wo me hã ŋu.

ALEKE GBEGBEE SATANA KPƆ ŊUSẼE?

5, 6. Nu ka tae amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo mate ŋu ahe tɔtrɔ siwo dim amegbetɔwo le la avɛ o?

5 Mawudɔla gbogbo aɖewo wɔ ɖeka kple Satana le eƒe aglãdzedzea me. Do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa la, Satana ble wo dometɔ aɖewo wova kpɔ gome le gbɔdɔdɔ manɔsenu me kple amegbetɔwo ƒe vinyɔnuwo. Biblia ɖe nyateƒenya sia ɖe go esi wòɖɔ ʋɔ driba la le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu be ehe dziƒoɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia ɖe eɖokui ŋu le eƒe aglãdzedzea me. (1 Mose 6:1-4; Yuda 6; Nyaɖ. 12:3, 4) Esi mawudɔla mawo dze aglã hedzo le Mawu ƒe ƒomea me la, wova le Satana ƒe ŋusẽ te. Menye gbevuha dzro aɖe koe aglãdzela siawo nye o. Satana ɖo fiaɖuƒe aɖe anyi abe Mawu Fiaɖuƒea tɔgbi ene, eye eya ŋutɔe nye eƒe fia. Ena gbɔgbɔ vɔ̃wo le ɖoɖo aɖe nu le dziɖuɖu ƒe hatsotsowo me le gbɔgbɔmenutowo me; ena ŋusẽ wo, eye wòɖo wo xexea dzi ɖulawoe.—Ef. 6:12.

6 Satana toa eƒe habɔbɔ makpɔmakpɔa dzi kpɔa ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã dzi. Nyateƒenya ma dze ƒãa esime Satana ɖe “anyigbadzifiaɖuƒewo katã” fia Yesu hegblɔ nɛ be: “Matsɔ ŋusẽ siawo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe ana wò, elabena nyee wotsɔe de asi na, eye matsɔ wo ana ame sia ame si melɔ̃.” (Luka 4:5, 6) Togbɔ be Satana kpɔa ŋusẽ vɔ̃ɖi ɖe dziɖuɖuwo dzi hã la, amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu geɖe wɔa nyui na wo teviwo va se ɖe afi aɖe. Eye susu nyuiwo ate ŋu anɔ dziɖula aɖewo si, gake amegbetɔ ƒe dziɖuɖu alo dziɖula aɖeke mate ŋu ahe tɔtrɔ siwo dim amegbetɔwo le vevie la avɛ o.—Ps. 146:3, 4; Nyaɖ. 12:12.

7. To vovo na dziɖuɖuwo la, aleke Satana wɔa alakpasubɔsubɔ kple asitsanuɖoanyia ŋu dɔe? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

7 Menye dziɖuɖuwo ko zãm Satana le tsɔ le “anyigbadzinɔlawo katã blem” o, ke ezãa alakpasubɔsubɔ kple asitsanuɖoanyia hã. (Nyaɖ. 12:9) Satana toa alakpasubɔsubɔ dzi kakaa alakpanyawo tso Yehowa ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, edze abe Abosam ɖoe kplikpaa be yeana ame geɖe ale si nu yeate ŋui naŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔ be ene. (Yer. 23:26, 27) Esia wɔe be dzianukwaretɔ siwo susu be yewole Mawu subɔm la le gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔm le woawo ŋutɔwo ƒe manyamanya me. (1 Kor. 10:20; 2 Kor. 11:13-15) Satana toa asitsanuɖoanyia hã dzi kakaa alakpanyawo. Le kpɔɖeŋu me, nuɖoanyi sia nana amewo susuna be mɔ nyuitɔ si dzi ame ato akpɔ dzidzɔ ye nye be wòati ga yome ahaƒo nunɔamesi geɖe nu ƒu na eɖokui. (Lod. 18:11) Ame siwo xɔ alakpanya sia dzi se la zua kluvi na “Kesinɔnuwo” le woƒe agbemeŋkekewo katã me tsɔ wu be woasubɔ Mawu. (Mat. 6:24) Mlɔeba, woƒe lɔlɔ̃ na ŋutilãmenuwo ate ŋu avu atsyɔ lɔlɔ̃ si le wo si na Mawu la dzi.—Mat. 13:22; 1 Yoh. 2:15, 16.

8, 9. (a) Nu eve kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Adam kple Xawa kpakple mawudɔla dzeaglãwo ƒe ŋutinyaa me? (b) Nu ka tae wònyo be míanya ŋusẽ si gbegbe Satana kpɔ ɖe xexea dzi?

8 Nufiame vevi eve aɖewo le Adam kple Xawa kpakple mawudɔla dzeaglãwo ƒe ŋutinyaa me na mí. Gbãtɔe nye be, tiatia eve koe li. Ele be míatiae nenye be míanɔ Yehowa ƒe akpa dzi loo alo míanɔ Satana ƒe akpa dzi. (Mat. 7:13) Eveliae nye be, viɖe aɖe si nu koe sua ame siwo le Satana ƒe akpa dzi la si. Le kpɔɖeŋu me, mɔnukpɔkpɔ su Adam kple Xawa si wotia nu si nye nyui kple nu si nye vɔ̃ na wo ɖokuiwo, eye gbɔgbɔ vɔ̃wo hã kpɔ ŋusẽ aɖe si nu ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo dzi. (1 Mose 3:22) Ke hã, nu si Satana ƒe akpa dzi nɔnɔ gblẽna le ame ŋu la ƒoa viɖe ɖe sia ɖe si Satana ate ŋu ana la ta sãsãsã godoo.Hiob 21:7-17; Gal. 6:7, 8.

9 Nu ka tae wònyo be míanya ŋusẽ si gbegbe Satana kpɔ ɖe xexea dzi? Esia kpena ɖe mía ŋu míedana sɔna le ale si míebua dziɖuɖumegãwoe me, eye esia nyanya dea dzo mía me ɖe míaƒe ɖaseɖiɖidɔa ŋu. Míenyae be Yehowa di tso mía si be míade bubu dziɖulawo ŋu. (1 Pet. 2:17) Eye edi be míawɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ƒe sededewo dzi zi ale si woƒe sewo metsi tsitre ɖe yeƒe dzidzenuwo ŋu o ko. (Rom. 13:1-4) Gake, míenyae be ele be míanye ame siwo medea akpa aɖeke dzi le dunyahenyawo me o, eye míegblɔna be dziɖula aɖe nyo wu bubu o. (Yoh. 17:15, 16; 18:36) Esi míenya agbagba si dzem Satana le be yeagblẽ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu eye yeahe vlodoame ava edzi ta la, míedina vevie be míafia nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu la amewo. Eye dadae wònye na mí be eƒe ŋkɔ le mía ŋu, eye míezãnɛ, elabena míenyae be viɖe si lɔlɔ̃ na Mawu hena vɛ la ƒo galɔlɔ̃ kple lɔlɔ̃ na ŋutilãmenuwo ta sãsãsã.—Yes. 43:10; 1 Tim. 6:6-10.

ALEKE SATANA DZEA AGBAGBA BE YEAKPƆ ŊUSẼ ÐE AME ÐEKAÐEKAWO DZI?

10-12. (a) Mɔ ka nue Satana anya tre mɔ̃ na nɔvia mawudɔlawo le? (b) Nufiame kawoe le nu si mawudɔla mawo wɔ la me na mí?

10 Satana zãa mɔnu siwo dzea edzi nɛ zi geɖe la tsɔ kpɔa ŋusẽ ɖe ame ɖekaɖekawo dzi. Le kpɔɖeŋu me, etrea mɔ̃ na wo tsɔ blea wo nu be woawɔ nu si dze eŋu. Eye edzea agbagba hã be yeade vɔvɔ̃ amewo me be woawɔ yeƒe didiwo dzi.

11 Bu ale si gbegbe Satana kpɔ dzidzedze esi wòtre mɔ̃ na nɔvia mawudɔla gbogbo aɖewo ŋu kpɔ. Anya nɔ ŋku lém ɖe wo ŋu ɣeyiɣi didi aɖe be yeanya nu si yeatsɔ able wo nu hafi va wɔe mlɔeba. Esi mɔ̃a ɖe mawudɔla mawo dometɔ aɖewo la, wova kpɔ gome le gbɔdɔdɔ manɔsenu me kple nyɔnuwo, eye wodzi dzidehlɔ̃mevi siwo va kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔwo dzi. (1 Mose 6:1-4) Ðewohĩ menye gbɔdɔdɔ manɔsenu koe Satana tsɔ te mawudɔla mawɔnuteƒeawo kpɔ o, ke anya do ŋugbe na wo hã be woava kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔwo dzi. Ðewohĩ eƒe taɖodzinue nye be yeatɔtɔ ɖoɖo si Mawu wɔ ɖe ‘nyɔnua ƒe dzidzimevia’ ƒe vava ŋu la me. (1 Mose 3:15) Aleke kee wòɖale o, Yehowa xe mɔ na nugbeɖoɖo ma esi wòna Tsiɖɔɖɔa va gblẽ Satana kple mawudɔla dzeaglã mawo ƒe agbagbadzedzewo me.

Satana dzea agbagba be yeatsɔ gbɔdɔdɔ manɔsenu, ɖoƒe gã didi kple gbɔgbɔyɔyɔ atre mɔ̃ na mí (Kpɔ memama 12, 13)

12 Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso nudzɔdzɔ sia me? Mègabu gbɔdɔdɔ manɔsenu kple ɖoƒe gã didi ƒe tetekpɔa nu tsɛe gbeɖe o. Mawudɔla siwo wɔ ɖeka kple Satana la subɔ le Mawu ŋkume ƒe gbogbo manyaxlẽ aɖewo kpɔ. Ke hã, le nɔnɔme nyui ma si me wonɔ gɔ̃ hã me la, wo dometɔ geɖe ɖe mɔ dzodzro vɔ̃ ƒo ke ɖe wo me hetsi. Nenema kee egbea hã, ɖewohĩ míele Yehowa subɔm le eƒe habɔbɔa me ƒe gbogbo aɖewoe nye esia. Ke hã, le habɔbɔ sia si le dzadzɛ gɔ̃ hã me la, dzodzro vɔ̃wo ate ŋu aƒo ke ɖe mía me. (1 Kor. 10:12) Aleke gbegbee wòle vevie be míanɔ míaƒe dzi me dzrom kpɔ edziedzi, míaƒo asa na gbɔdɔdɔnuwɔna manɔsenuwo ŋu bubu, eye míaɖu ɖoƒe gã didi ƒe gbɔgbɔ dzi ye nye esi!—Gal. 5:26; xlẽ Kolosetɔwo 3:5.

13. Mɔ̃ bubu ka ŋu dɔe Satana wɔna, eye aleke míawɔ be mɔ̃ sia nagaɖe mí o?

13 Mɔ̃ bubu aɖe si ŋu dɔ Satana wɔna wòdzea edzi nɛ lae nye didi si le amewo me be yewoanya nu tso gbɔgbɔyɔyɔ ŋu. Egbea, menye alakpasubɔsubɔ dzi koe Satana tona hea amewo dea gbɔgbɔyɔnuwɔnawo me o, ke etoa adzɔha siwo wɔa modzakaɖenuwo hã dzi. Filmwo, elektronikfefewo kple nyakakamɔnu bubuwo wɔe be gbɔgbɔyɔyɔ va le na amewo abe dzidzɔdonameɖokuinu dzro ko ene. Aleke míawɔ aƒo asa na mɔ̃ sia be wòagaɖe mí o? Mele be míakpɔ mɔ be Mawu ƒe habɔbɔa nayɔ modzakaɖenu siwo sɔ kple esiwo mesɔ o na mí ɖekaɖeka o. Ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe nana hehe eƒe dzitsinya be wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe dzidzenuwo. (Heb. 5:14) Gake, ne míewɔ ɖe aɖaŋu si gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòɖo na mí be “alakpanuwɔwɔ aɖeke” naganɔ lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu la me o dzi la, míawɔ nyametsotso nyuiwo. (Rom. 12:9) Míate ŋu abia mía ɖokui be: ‘Ðe modzakaɖeɖe siwo metiana afia be menye alakpanuwɔla? Ne nye Biblia nusrɔ̃viwo alo ame siwo medzroa Biblia me kpli la kpɔ nu siwo metsɔ ɖea modzakae la, ɖe woakpɔe be mewɔa nu siwo mefiana amewo la dzia?’ Ne míewɔna ɖe nu siwo tututu míefiaa amewo dzi la, manɔ bɔbɔe be Satana ƒe mɔ̃ naɖe mí o.—1 Yoh. 3:18.

Satana dzea agbagba be yeato dziɖuɖuwo ƒe asiɖoɖo míaƒe dɔa dzi, sukuhatiwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo kple ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu dzi ade vɔvɔ̃ mía me (Kpɔ memama 14)

14. Aleke Satana adze agbagba be yeado vɔvɔ̃ na mí?

14 Tsɔ kpe ɖe mɔ̃ siwo Satana trena ŋu la, edzea agbagba hã be yeado vɔvɔ̃ na mí ale be míadzudzɔ nuteƒewɔwɔ na Yehowa. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu aƒoe ɖe dziɖuɖuwo nu be woaɖo asi míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi. Alo ate ŋu ana míaƒe dɔwɔhatiwo alo sukuhatiwo naɖu fewu le mía ŋu le esi míedi be míawɔ ɖe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu siwo le Biblia me dzi ta. (1 Pet. 4:4) Ate ŋu awɔe hã be míaƒe ƒometɔ siwo tsɔ ɖe le eme na mí la naɖe dzi le mía ƒo be míagade kpekpeawo o. (Mat. 10:36) Nu kae akpe ɖe mía ŋu? Gbã, ele be míakpɔ mɔ be Satana ate ŋu adze mía dzi tẽe le mɔ siawo nu, elabe míenyae be eho aʋa ɖe mía ŋu. (Nyaɖ. 2:10; 12:17) Evelia, ele be míaƒe susu nanɔ nya vevitɔ si tae nu siawo vaa mía dzi ɖo la ŋu. Eyae nye be, Satana tsɔ nya ɖe mía ŋu be ne nɔnɔmeawo de mía dzi ko hafi míasubɔ Yehowa. Egblɔ be ne nɔnɔme sesẽwo va mía dzi la, míagbe nu le Mawu gbɔ. (Hiob 1:9-11; 2:4, 5) Etɔ̃lia, ele be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòado ŋusẽ mí be míanɔ te sesĩe. Ðo ŋku edzi be Yehowa magblẽ mí ɖi gbeɖe o.—Heb. 13:5.

NU KAWOE SATANA MATE ŊU AWƆ O?

15. Ðe Satana ate ŋu azi mía dzi be míawɔ nu si míedi be míawɔ oa? Ðe eme.

15 Satana mate ŋu azi amewo dzi be woawɔ nu si womedi be yewoawɔ o. (Yak. 1:14) Ame geɖe wɔa nu wòwɔa ɖeka kple Satana ƒe tameɖoɖowo le manyamanya me. Gake ne wova srɔ̃ nyateƒea la, wo dometɔ ɖe sia ɖe tianɛ nenye yeasubɔ Mawu loo alo yeanɔ Satana ƒe akpa dzi. (Dɔw. 3:17; 17:30) Ne míeɖoe kplikpaa be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, naneke meli Satana ate ŋu awɔ atsɔ agblẽ míaƒe nuteƒewɔwɔ me o.—Hiob 2:3; 27:5.

16, 17. (a) Nu bubu kawoe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo mate ŋu awɔ o? (b) Nu ka tae mele be míavɔ̃ be míakɔ gbe dzi ado gbe ɖa na Yehowa o?

16 Nu bubu aɖewo gali siwo Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo mate ŋu awɔ o. Le kpɔɖeŋu me, medze le Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖeke be woate ŋu anya nu si le míaƒe susu me alo dzi me o. Yehowa kple Yesu ko sie Biblia gblɔ be ŋutete ma le. (1 Sam. 16:7; Marko 2:8) Ke ɖe míavɔ̃ be ne míekɔ gbe dzi do gbe ɖa la, Abosam kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ase nya siwo míegblɔ eye woazãe atsɔ agblẽ nu le mía ŋua? Ŋuɖoɖoa ye nye ao. Nu ka tae? Míevɔ̃na be míawɔ dɔ nyuiwo le Yehowa subɔsubɔ me le esi Abosam akpɔ mí ta o. Nenema kee mele be míavɔ̃ be míakɔ gbe dzi ado gbe ɖa le esi Abosam ase nya siwo míagblɔ ta o. Le nyateƒe me la, Biblia na míenya be Mawu subɔla geɖewo kɔ gbe dzi do gbe ɖa na Yehowa, eye megblɔ le afi aɖeke be ame siawo vɔ̃ be Abosam ava se yewoƒe gbedodoɖawo o. (1 Fia. 8:22, 23; Yoh. 11:41, 42; Dɔw. 4:23, 24) Ne míedzea agbagba wɔa mía tɔ sinua be míaƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo nawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa maɖe mɔ Abosam nawɔ naneke si agblẽ nu le mía ŋu tegbee o.—Xlẽ Psalmo 34:7.

17 Ele be míanya míaƒe futɔ la, gake mele be míavɔ̃e o. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, mí amegbetɔ madeblibowo gɔ̃ hã míate ŋu aɖu Satana dzi. (1 Yoh. 2:14) Ne míetsi tsitre ɖe eŋu la, asi le mía gbɔ. (Yak. 4:7; 1 Pet. 5:9) Egbea la, edze abe Satana tɔ ŋku sɔhɛwo koŋ ene. Nu kawoe woate ŋu awɔ be woatsi tsitre ɖe Abosam ŋu? Nyati si kplɔ esia ɖo la adzro biabia ma me.

^ mm. 2 Biblia na míenya mawudɔla aɖewo ƒe ŋkɔ. (Ʋɔn. 13:18; Dan. 8:16; Luka 1:19; Nyaɖ. 12:7) Esi wònye be Yehowa na ŋkɔ ɣletivi ɖe sia ɖe ta la (Ps. 147:4), esɔ be míaƒo nya ta be ŋkɔ le eƒe gbɔgbɔmeviwo katã, siwo dome esi va zu Satana hã le la si.

^ mm. 3 Zi 18 pɛ koe woyɔ dzesideŋkɔ Satana le Hebri Ŋɔŋlɔawo me, gake woyɔe wu zi 30 le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me.