Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Ka Ŋue Wò Ŋku Le?

Ame Ka Ŋue Wò Ŋku Le?

“Wòe mewu mo dzi na, wò, ame si bɔbɔ nɔ fiazi dzi le dziƒo.”—PS. 123:1.

HADZIDZI: 143, 124

1, 2. Nu kae wòfia be míaƒe ŋku nanɔ Yehowa ŋu?

MÍELE ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ’ la me, eye nuwo agava sesẽ ɖe edzi hafi Yehowa nava ɖe xexe vɔ̃ɖi sia ɖa ahana ŋutifafa vavãtɔ naxɔ aƒe ɖe anyigba dzi. (2 Tim. 3:1) Eya ta, anyo be míabia mía ɖokuiwo be, ‘Ame ka ŋue mele ŋu ɖom ɖo be wòakpe ɖe ŋunye ahafia mɔm?’ Ðewohĩ míaɖo nya sia ŋu enumake be, “Yehowae,” eye ŋuɖoɖo siae nye nyuitɔ hã.

2 Nu kae wòfia be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu? Eye aleke míate ŋu akpɔ egbɔ be míaƒe ŋku le eŋu tututu esime míele akɔ kpem kple agbemenya sesẽwo? Ƒe alafa geɖewoe nye esi va yi la, hakpala aɖe de dzesi ale si wòle vevie be míawu mo dzi na Yehowa, alo aɖo ŋu ɖe eŋu, be wòakpe ɖe mía ŋu le xaxaɣiwo. (Xlẽ Psalmo 123:1-4.) Etsɔ ale si míekpɔa Yehowa sinui la sɔ kple ale si dɔla kpɔa eƒe aƒetɔ sinui. Nu kae hakpalaa ƒe nyawo fia? Menye ɖeko dɔla kpɔa eƒe aƒetɔ sinu be wòana nuɖuɖu ye ahakpɔ ye ta o, ke enɔa ŋudzɔ ɣeawokatãɣi hã be yeade dzesi nu si yeƒe aƒetɔ di ale be yeawɔe nɛ. Le mɔ ma ke nu la, ele be míanɔ Mawu ƒe Nyaa me dzrom gbe sia gbe be míade dzesi nu si Yehowa di tso mía si eye míawɔ eƒe mɔfiamewo dzi. Ne míewɔa esia ko hafi míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ave mía nu le xaxaɣi.—Ef. 5:17.

3. Nu kae ate ŋu awɔe be míaƒe ŋku magava nɔ Yehowa ŋu o?

3 Togbɔ be míenya be ele vevie be míana míaƒe ŋku nanɔ Yehowa ŋu ɣeawokatãɣi hã la, edzɔna ɣeaɖewoɣi be nanewo hea míaƒe susu ɖa le eŋu. Esia tututue dzɔ ɖe Yesu xɔlɔ̃ vevi Marta dzi. Etsi “dzi ɖe nu geɖewo gbɔ kpɔkpɔ ŋu.” (Luka 10:40-42) Ne esia te ŋu dzɔ ɖe nuteƒewɔla ma dzi esime Yesu ŋutɔ nɔ egbɔ la, ke mele be wòawɔ nuku na mí ne nu ma tɔgbi dzɔ ɖe mía dzi o. Ekema, nu kae ate ŋu awɔe be míaƒe ŋku magava nɔ Yehowa ŋu o? Le nyati sia me la, míadzro ale si ame bubuwo ƒe nuwɔnawo ate ŋu ahe míaƒe susu ɖa le Yehowa ŋu la me. Míadzro ale si míawɔ be míaƒe ŋku nanɔ Yehowa ŋu tututu hã me.

MƆNUKPƆKPƆ GÃ AÐE TO NUTEƑEWƆLA AÐE ŊU

4. Nu ka tae wòate ŋu awɔ nuku na mí be Mose meyi Ŋugbedodonyigbaa dzi o?

4 Ðikeke mele eme o be, Mose ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòafia mɔ ye. Le nyateƒe me la, “eyi edzi nɔ te sesĩe, abe ɖe wòle Ame si womekpɔna o la kpɔm ene.” (Xlẽ Hebritɔwo 11:24-27.) Biblia gblɔ na mí be “nyagblɔɖila aɖeke meganɔ Israel kpɔ, abe Mose, ame si Yehowa nya ŋkume kple ŋkume ene o.” (5 Mose 34:10) Ke hã, togbɔ be ƒomedodo kplikplikpli ma nɔ Mose kple Yehowa dome hã la, mɔnukpɔkpɔ gã aɖe to eŋu—meyi Ŋugbedodonyigbaa dzi o. (4 Mose 20:12) Nu ka gbɔe wòtso?

5-7. Kuxi kae do mo ɖa esime Israel-viwo ʋu tso Egipte megbe kpuie, eye aleke Mose kpɔ nyaa gbɔe?

5 Esi Israel-viwo ʋu tso Egipte la, mede ɣleti eve hafi kuxi sesẽ aɖe do mo ɖa o. Esia dzɔ hafi woɖo Sinai Toa gbɔ gɔ̃ hã. Dukɔa te liʋiliʋĩlilĩ le esi womekpɔ tsi ano o ta. Woto nyatoƒoe le Mose ŋu ale gbegbe be Mose do ɣli gblɔ na Yehowa be: “Nu kae mawɔ na dukɔ sia? Esusɔ vie ko woaƒu kpem!” (2 Mose 17:4) Le esia ta, Yehowa na mɔfiame siwo me kɔ la Mose. Egblɔ nɛ be wòatsɔ eƒe atikplɔa aƒo agakpe la le Horeb, eye tsi ado tso eme bababa. Biblia gblɔ be: “Mose wɔe nenema le Israel ƒe ametsitsiawo ŋkume.” Israel-viwo no tso wòɖi kɔ na wo, ale wokpɔ kuxi ma gbɔ.—2 Mose 17:5, 6.

6 Nuŋlɔɖia yi edzi gblɔ be, Mose na “ŋkɔ teƒe la be Masa kple Meriba, elabena Israel-viwo wɔ dzre kple Mose le afi ma, eye wote Yehowa kpɔ gblɔ be: ‘Ðe Yehowa le mía dome loo alo meli o?’” (2 Mose 17:7) Ŋkɔ mawo sɔ, elabena gɔmesese si le wo ŋue nye “Dodokpɔ” kple “Dzrewɔwɔ.”

7 Aleke Yehowa se le eɖokui me tso nu si dzɔ le Meriba la ŋu? Le Yehowa gbɔ la, nu si Israel-viwo wɔ la nye aglãdzedze ɖe ye ŋu, ke menye ɖe Mose ko ŋu o. (Xlẽ Psalmo 95:8, 9.) Eme kɔ ƒãa be Israel-viwo tɔ medzɔ o. Le go sia me la, Mose wɔ nu si le eteƒe, elabena eƒe ŋku nɔ Yehowa ŋu eye wòwɔ Eƒe mɔfiamewo dzi pɛpɛpɛ.

8. Esi wòsusɔ vie Israel-viwo nawu woƒe gbedzimɔzɔzɔ si xɔ ƒe 40 la nu la, kuxi kae do mo ɖa?

8 Gake nu kae dzɔ esi kuxi ma tɔgbi gado mo ɖa ƒe 40 aɖewo megbe esime wòsusɔ vie Israel-viwo nawu woƒe gbedzimɔzɔzɔa nu? Israel-viwo va ɖo teƒe aɖe si wova yɔ emegbe be Meriba. Teƒe sia le vovo na Meriba kemɛ, eye ete ɖe Kades, afi si medidi tso Ŋugbedodonyigbaa ƒe liƒo gbɔ o, la ŋu. * Israel-viwo gate liʋiliʋĩlilĩ le esi womekpɔ tsi o ta. (4 Mose 20:1-5) Gake le go sia ya me la, Mose da vo gã aɖe.

9. Mɔfiame kae Yehowa na Mose, gake nu kae Mose wɔ? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

9 Aleke Mose wɔ nu ɖe Israel-viwo ƒe aglãdzedze sia ŋui? Egatrɔ ɖe Yehowa ŋu be wòafia mɔ ye. Gake le go sia me la, Yehowa megblɔ nɛ be wòatsɔ eƒe atikplɔa aƒo agakpea o. Egblɔ na Mose be wòatsɔ eƒe atikplɔa, eye wòaƒo dukɔ la nu ƒu ɖe agakpea gbɔ, eye wòaƒo nu na agakpea. (4 Mose 20:6-8) Gake Mose meƒo nu na agakpea o. Ðe ema teƒe la, eɖe eƒe dziku ɖe ame siwo ƒo ƒu ɖe egbɔ la ŋu hegblɔ be: “Mi aglãdzelawo, misee! Ðe míate ŋu ana tsi nado tso agakpe sia me na mia?” Eyome etsɔ eƒe atikplɔa ƒo agakpea, menye zi ɖeka o, ke boŋ zi eve.—4 Mose 20:10, 11.

10. Aleke Yehowa se le eɖokui me ɖe nu si Mose wɔ ŋu?

10 Yehowa do dziku ɖe Mose ŋu, ɛ̃, edo dɔmedzoe ɖe eŋu. (5 Mose 1:37; 3:26) Nu ka tae Yehowa se le eɖokui me nenema? Anɔ eme be susu vovovowo tae. Abe ale si míegblɔe va yi ene la, Yehowa do dɔmedzoe ɖe Mose ŋu le esi mewɔ mɔfiame yeye siwo wònae la dzi o ta.

11. Aleke nu si Mose wɔ la ate ŋu ana Israel-viwo nasusui be menye nukunue wònye Yehowa wɔ o?

11 Anɔ eme be susu bubu aɖe hã tae. Agakpe siwo le afi si Meriba gbãtɔ le la nye kpe sesẽ klitsu si woyɔna be granite. Aleke kee ame aɖe ɖatsɔ nu ƒo agakpe sia sesĩee o, ame aɖeke makpɔ mɔ be tsi nado tso eme o. Ke hã, agakpe si tɔgbi le afi si Meriba evelia le la nye esi woyɔna be limestone, eye mesesẽ de granite nu o. Esi tsi tea ŋu toa agakpe sia me yia to me ta la, amewo tea ŋu ɖea do ɖe eme ale be woakpɔ tsi. Ðe wòanye be esi Mose tsɔ eƒe atikplɔa ƒo agakpe sia si mesesẽ tututu o zi eve la, ena wòdze na Israel-viwo be tsi si do tso agakpea me la nye dzɔdzɔmenu, ke menye nukunu si tso Yehowa gbɔ oa? Esi Mose tsɔ atikplɔa ƒo agakpea le esi teƒe be wòaƒo nu na agakpea la, ɖe esia ɖe nu si dzɔ la ƒe nukununyenye dzi kpɔtɔ le eteƒekpɔlawo ŋkumea? * Míate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi o.

ALE SI MOSE DZE AGLÃ ÐE YEHOWA ƑE ÐOÐOWO ŊU

12. Anye susu bubu ka tae Yehowa do dziku ɖe Mose kple Aron ŋu?

12 Nu bubu aɖe hã gali si gbɔ wòate ŋu atso be Yehowa do dziku ɖe Mose kple Aron ŋu. De dzesii be Mose gblɔ na dukɔ la be: “Ðe míate ŋu ana tsi nado tso agakpe sia me na mia?” Nya ‘mí’ si Mose zã la fia be anya nɔ susu hem yi eya ŋutɔ ɖokui kple Aron dzi. Nya mawo mede bubu Yehowa ŋu kura o, elabena metsɔ kafukafua na Yehowa, Ame si gbɔ nukunua tso o. Edze ƒãa be numeɖeɖe sia wɔ ɖeka kple Psalmo 106:32, 33 me nyawo, afi si gblɔ be: “Wodo dziku nɛ le Meriba tsi la gbɔ, ale be le woawo ta eme menyo na Mose o. Wodo vevesese na eƒe gbɔgbɔ, ale be wòƒo nu eŋumabumabui.” * (4 Mose 27:14) Nu si Mose wɔ la fia be metsɔ bubu si Yehowa dze na la nɛ o. Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be: ‘Mi ame evea miewɔ ɖe nye ɖoɖowo dzi o.’ (4 Mose 20:24) Nu vɔ̃ sia nye ŋkubiãnya vavã!

13. Nu ka tae ʋɔnu si Yehowa drɔ̃ Mose la sɔ eye wòle eteƒe?

13 Esi Mose kple Aron nye kplɔlawo le Yehowa ƒe amewo dome ta la, Yehowa bia nu geɖe wu tso wo si. (Luka 12:48) Do ŋgɔ la, Yehowa meɖe mɔ na Israel-viwo ƒe dzidzime blibo aɖe be woayi Kanaan-nyigba la dzi o, le woƒe aglãdzedze ta. (4 Mose 14:26-30, 34) Eya ta, esɔ eye wòle eteƒe be Yehowa drɔ̃ ʋɔnu Mose hã nenema ke, le eƒe aglãdzenuwɔnaa ta. Yehowa meɖe mɔ nɛ wòyi Ŋugbedodonyigbaa dzi o, abe ale si ko wònɔ le Israel-vi siwo dze aglã la gome ene.

NU SI GBƆ KUXIA TSO

14, 15. Nu kae na Mose mewɔ Yehowa ƒe ɖoɖo dzi o?

14 Nu kae na Mose wɔ aglãdzenu ma? Galé ŋku ɖe Psalmo 106:32, 33 me nyawo ŋu ake. Afi ma gblɔ be: “Wodo dziku nɛ le Meriba tsi la gbɔ, ale be le woawo ta eme menyo na Mose o. Wodo vevesese na eƒe gbɔgbɔ, ale be wòƒo nu eŋumabumabui.” Togbɔ be Yehowa dzie Israel-viwo dze agɔ le hã la, Mose boŋ ƒe gbɔgbɔe se veve eye wòkpɔ dziku. Esi mete ŋu ɖu eɖokui dzi o ta la, esia wɔe be wòƒo nu eŋumabumabui.

15 Mose ɖe mɔ ame bubuwo ƒe nuwɔna na be eƒe ŋku dzo le Yehowa ŋu. Le nudzɔdzɔ gbãtɔ me la, Mose wɔ nu ɖe eteƒe. (2 Mose 7:6) Gake esi Israel-viwo nɔ aglãdzedze dzi ƒe geɖe ta la, woƒe nuwɔna va gloe eye woƒe nu ti kɔ nɛ. Ðe Mose na eƒe susu nɔ eya ŋutɔ ƒe seselelãmewo ŋu tsɔ wu be wòatsɔ ŋutikɔkɔe ana Yehowa?

16. Nu ka tae wòle be míade ŋugble le nu si dzɔ ɖe Mose dzi la ŋu?

16 Ne nyagblɔɖila wɔnuteƒe Mose ƒe susu va dzo le Yehowa dzi eye wòɖe afɔ gbegblẽ la, ke esia ate ŋu adzɔ ɖe míawo hã dzi bɔbɔe. Abe ale si wònɔ le Mose gome ene la, esusɔ vie míawo hã míayi anyigba aɖe dzi le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, si nye xexe yeye si ƒe ŋugbe Yehowa do na mí la. (2 Pet. 3:13) Mía dometɔ aɖeke madi be mɔnukpɔkpɔ gã ma nato ye ŋu o. Gake hafi míate ŋu aɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ la, ele be míana míaƒe ŋku nanɔ Yehowa ŋu tututu eye míaɖo toe ɣeawokatãɣi. (1 Yoh. 2:17) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Mose ƒe vodadaa me?

MÈGANA AMEWO ƑE NUWƆNA NANA WÒ ŊKU NADZO LE YEHOWA DZI O

17. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be nu nagati kɔ na mí ale be míawɔ nu si mesɔ o?

17 Mègana nu nati kɔ na wò nàwɔ nu si mesɔ o. Ne eva dzɔ be kuxi ɖeka mawo tɔgbi le fu ɖem na mí enuenu gɔ̃ hã la, “migana míadzudzɔ nu si nyo la wɔwɔ o, elabena ne ɖeɖi mete mía ŋu o la, míaŋe nu le ɣeyiɣi si sɔ la dzi.” (Gal. 6:9; 2 Tes. 3:13) Ne nɔnɔme aɖe alo ame aɖe ƒe nuwɔna le fu ɖem na mí enuenu la, ɖe míeɖua míaƒe aɖe dzi eye míeɖua míaƒe dziku hã dzia? (Lod. 10:19; 17:27; Mat. 5:22) Ne amewo ƒe nuwɔna ku dzi na mí la, ele be míasrɔ̃ ale si ‘míaɖe mɔ na dziku la boŋ.’ Ame ka ƒe dziku? Yehowa ƒe dziku. (Xlẽ Romatɔwo 12:17-21.) Ne míena míaƒe ŋku le Yehowa ŋu tututu la, míade bubu eŋu to ale si míaɖe mɔ na eƒe dziku, si fia be míakpɔ esinu dzigbɔɖitɔe be wòaɖe afɔ le ɣeyiɣi si wòkpɔ be esɔ la dzi. Ne míewɔ nu si to vovo na ema eye míebia hlɔ̃ na mía ɖokui le mɔ aɖe nu la, ke afia be míede bubu Yehowa ŋu o.

18. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ku ɖe mɔfiamewo dzi wɔwɔ ŋu?

18 Wɔ mɔfiame yeyewo dzi pɛpɛpɛ. Ðe míewɔa mɔfiame yeye siwo Yehowa na mí la dzi nuteƒewɔwɔtɔea? Ne nenemae la, ke menye mɔ siwo nu míewɔa nuwo le tsã la me ko míagalé ɖe asi o. Ke boŋ, míawɔ kaba atrɔ ɖe mɔfiame yeye ɖe sia ɖe si Yehowa ana mí to eƒe habɔbɔa dzi la ŋu. (Heb. 13:17) Eye le ɣeyiɣi ma ke me la, míakpɔ nyuie be ‘míagagbɔ nu siwo woŋlɔ ɖi la ŋu o.’ (1 Kor. 4:6) Ne míewɔe alea la, afia be míena míaƒe ŋku le Yehowa ŋu tututu.

Nu kae wòle be míasrɔ̃ tso ale si Mose wɔ nui esi ame bubuwo da vo la me? (Kpɔ memama 19 lia)

19. Aleke míawɔ be ame bubuwo ƒe vodadawo nagawɔe be ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome la nagblẽ o?

19 Mègaɖe mɔ ame bubuwo ƒe vodadawo nagblẽ ƒomedodo si le wò kple Yehowa dome la me o. Ne míena míaƒe ŋkuwo le Yehowa ŋu la, míaɖe mɔ be ame bubuwo ƒe nuwɔnawo nado vevesese na míaƒe gbɔgbɔ alo agblẽ ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome la me o. Ele alea, vevietɔ ne míele agbanɔamedzinɔƒe le Mawu ƒe habɔbɔa me, abe ale si wònɔ le Mose gome ene. Togbɔ be enye nyateƒe be ehiã be mía dometɔ ɖe sia ɖe ‘nayi edzi atsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya anɔ eƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti dɔ la wɔm’ hã la, ele be míaɖo ŋku edzi be menye dzidzenu ɖeka aɖe ko nue Yehowa drɔ̃a ʋɔnu mí le o. (Flp. 2:12) Ke boŋ, agbanɔamedzi ale si nu le mía si nue Yehowa abia akɔnta tso mía si le. (Luka 12:48) Gake ne míelɔ̃ Yehowa vavã la, naneke manye nukikli na mí alo ama mí ɖa tso eƒe lɔlɔ̃ la gbɔ o.—Ps. 119:165; Rom. 8:37-39.

20. Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ?

20 Ɣeyiɣi sesẽwo mee míele, eya ta ele vevie ŋutɔ be míayi edzi ana míaƒe ŋku nanɔ Ame si “bɔbɔ nɔ fiazi dzi le dziƒo” la ŋu, ale be míate ŋu ase nu si wòdi tso mía si la gɔme. Negadzɔ gbeɖe be míaɖe mɔ ame bubuwo ƒe nuwɔnawo nagblẽ ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome la me o. Nu si dzɔ ɖe Mose dzi la te gbe ɖe esia ƒe vevienyenye dzi na mí le míaƒe susu kple dzi me. Mele be míaɖe mɔ ame siwo dome míele la ƒe vodadawo naku dzi na mí ne míawɔ nu si mesɔ o, ke boŋ míaɖoe kplikpaa be míanɔ ‘Yehowa, mía Mawu la sinu kpɔm, va se ɖe esime wòave mía nu.’—Ps. 123:1, 2.

^ mm. 8 Teƒe sia le vovo na Meriba si tsɔ Refidim gbɔ. Wogayɔ Meriba gbãtɔa be Masa, ke Meriba evelia sia ya tsɔ Kades gbɔ. Ke hã, woyɔ teƒe evea siaa be Meriba le dzre siwo wowɔ le teƒe mawo ta.—Kpɔ anyigbatata si le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ƒe Megbenyawo B3 me.

^ mm. 11 Agbalẽnyalagã John A. Beck gblɔ tso ŋutinya sia ŋu be: “Yudatɔwo tua xo be Israel-vi siwo dze aglã ɖe Mose ŋu la ɖe alɔme le Mose ŋu be: ‘Mose nya be agakpe sia bɔbɔ wu! Ne edi be yeaɖee afia be yetea ŋu wɔa nukunuwo la, ke nena tsi nado tso agakpe sia hã me.’” Ke hã, xotutu koe nya sia nye.

^ mm. 12 Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ,” si dze le October 15, 1987 ƒe Gbetakpɔxɔ me (ele yevugbe me).