Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ame Kae Le Yehowa Ƒe Akpa Dzi?”

“Ame Kae Le Yehowa Ƒe Akpa Dzi?”

“Yehowa wò Mawu lae nàvɔ̃, eyae nàsubɔ, eya ŋue nàku ɖo goŋgoŋ.”—5 MOSE 10:20.

HADZIDZI: 28, 32

1, 2. (a) Nu ka tae nunya le eme be míanɔ Yehowa ƒe akpa dzi? (b) Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

NUNYA le eme be míaku ɖe Yehowa ŋu goŋgoŋ. Ame aɖeke meli si ƒe ŋusẽ, nunya alo lɔlɔ̃ de mía Mawu la tɔ nu o! Mía dometɔ kae madi be yeanɔ eƒe akpa dzi o? (Ps. 96:4-6) Ke hã, Mawu subɔla aɖewo meyi edzi wɔ nuteƒe nɛ le nɔnɔme aɖewo me o, evɔ ehiã be woanɔ eƒe akpa dzi le nɔnɔme mawo me hafi.

2 Le nyati sia me la, míadzro ame siwo be yewole Yehowa ƒe akpa dzi, evɔ le ɣeyiɣi ma ke me la, wonɔ nu siwo wòlé fui la wɔm la ƒe kpɔɖeŋu aɖewo me. Nufiame vevi siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa la le ŋutinya siawo me na mí.

YEHOWA DZROA MÍAƑE DZIWO ME KPƆNA

3. Nu ka tae Yehowa xlɔ̃ nu Kain, eye nya kae wògblɔ nɛ?

3 Bu nu si dzɔ ɖe Kain dzi ŋu kpɔ. Mesubɔa alakpamawuwo o, ke hã, Yehowa mekpɔ ŋudzedze ɖe eƒe subɔsubɔ ŋu o. Vɔ̃ɖinyenye nɔ ke ƒom ɖe to le eƒe dzi me. (1 Yoh. 3:12) Yehowa xlɔ̃ nu Kain be: “Ne ètrɔ hewɔ nyui la, ɖe womakpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò oa? Ke ne mètrɔ hewɔ nyui o la, ekema nu vɔ̃ de xa ɖe mɔnu na wò, eye wòdi vevie be yeakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò; gake ɖe màɖu edzi oa?” (1 Mose 4:6, 7) Ne míagblɔe la, Yehowa nɔ gbɔgblɔm na Kain be, “Ne ètrɔ dzi me eye nèva le nye akpa dzi la, nye hã manɔ kpli wò.”

4. Esi mɔnukpɔkpɔ su Kain si be wòanɔ Yehowa ƒe akpa dzi la, nu kae wòwɔ?

4 Ne ɖe Kain trɔ susu la, anye ne Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu hafi. Gake Kain meɖo to Yehowa ƒe nuxlɔ̃amea o. Kain ƒe susu vɔ̃ kple ɖokuitɔdidi ƒe dzodzro kplɔ eyama de nu gbegblẽ wɔwɔ me. (Yak. 1:14, 15) Ðewohĩ esi Kain nye sɔhɛ la, meva susu me nɛ kpɔ be yeava tsi tsitre ɖe Yehowa ŋu o. Ke hã, eva do toku Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo, edze aglã ɖe Mawu ŋu eye wòwu nɔvia!

5. Nuŋububu ka ƒomevie ate ŋu awɔe be míaƒe nu magadze Yehowa ŋu o?

5 Egbea, Kristotɔ aɖe agblɔ be yele Yehowa subɔm gake anɔ afɔ gbegblẽwo ɖem abe ale si wònɔ le Kain gome ene. (Yuda 11) Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu anɔ gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe susuwo ŋu bum, anɔ ŋu klẽm, alo alé fu ehati Kristotɔ. (1 Yoh. 2:15-17; 3:15) Nuŋububu siawo ate ŋu akplɔ ame ade nu vɔ̃ wɔwɔ me. Le esiawo katã me la, amea ate ŋu anɔ vevie dom nu le gbeadzisubɔsubɔdɔa me eye wòanɔ hamea ƒe kpekpewo dem edziedzi. Togbɔ be amegbetɔwo manya míaƒe tamesusuwo kple nu siwo míewɔna o hã la, Yehowa ya kpɔa nuwo katã, eye enyana ne míele eƒe akpa dzi bliboe o.—Xlẽ Yeremiya 17:9, 10.

6. Aleke Yehowa kpena ɖe mía ŋu be ‘míaɖu’ nu vɔ̃ ƒe dzodzrowo ‘dzi’ ne míele eƒe akpa dzi sesĩe?

6 Ne míeda vo gɔ̃ hã la, Yehowa megbea mí enumake o. Ne Kristotɔ aɖe ƒe afɔɖeɖewo na wòle tatram ɖa le Yehowa Mawu gbɔ la, Yehowa dea dzi ƒo nɛ be: ‘Trɔ ɖe ŋunye, ekema nye hã matrɔ ɖe ŋuwò.’ (Mal. 3:7) Vevietɔ, ne míele avu wɔm kple míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo la, Yehowa di be míalé fu vɔ̃. (Yes. 55:7) Ne míewɔe alea la, edo ŋugbe be yeakpe ɖe mía ŋu ahana ŋusẽ si míehiã be míate ŋu ‘aɖu’ dzodzro vɔ̃wo ‘dzi’ la mí.—1 Mose 4:7.

“MIGANA WOAFLU MI O”

7. Aleke wòdzɔe be Salomo ƒe nu megava dze Yehowa ŋu o?

7 Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Fia Salomo ƒe ŋutinya me. Esime Salomo nye ɖekakpui la, ekpɔa Yehowa sinu be wòafia mɔ ye. Mawu na wòdze nunya eteƒe mekɔ o, eye ede dɔ asi nɛ be wòatu gbedoxɔ gã nyadri aɖe ɖe Yerusalem. Gake Yehowa megava kpɔ ŋudzedze ɖe Salomo ŋu o. (1 Fia. 3:12; 11:1, 2) Mawu gblɔ tẽe le eƒe Se la me be Israel fia aɖeke ‘megaɖe srɔ̃ geɖe o, ne eƒe dzi nagatra mɔ o.’ (5 Mose 17:17) Salomo mewɔ se sia dzi o. Nyɔnu siwo katã wòɖe la le 700, eye eƒe ahiãwo le 300. (1 Fia. 11:3) Srɔ̃awo dometɔ geɖe menye Israel-viwo o, eye wosubɔa alakpamawuwo. Eya ta, Salomo da le Mawu ƒe se si nye be woagaɖe dutanyɔnuwo o la hã dzi.—5 Mose 7:3, 4.

8. Aleke gbegbee Salomo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋui?

8 Esi Salomo yi edzi nɔ Yehowa ƒe sewo dzi dam la, esia wɔe be wòva wɔ nu vɔ̃ siwo gavɔ̃ɖi wu. Salomo ɖi vɔsamlekpui aɖe na mawunɔ Astoret, eye eɖi vɔsamlekpui ɖeka ya teti na alakpamawu si nye Kemos. Eya kple srɔ̃awo dea ta agu na alakpamawu mawo. Meli vɔsamlekpui mawo ɖe teƒe bubu aɖeke tsɔ wu to si dze ŋgɔ Yerusalem la tame o, evɔ Yerusalem ye wòtu Yehowa ƒe gbedoxɔa ɖo! (1 Fia. 11:5-8; 2 Fia. 23:13) Ðewohĩ, Salomo ble eɖokui henɔ susum be zi ale si yeyi edzi le vɔ sam le gbedoxɔa me ko la, Yehowa aŋe aɖaba aƒu yeƒe tomaɖomaɖonuwɔnawo dzi.

9. Esi Salomo gbe toɖoɖo Mawu ƒe nuxlɔ̃ameawo la, nu kae va do tso eme?

9 Gake Yehowa meŋea aɖaba ƒua nu vɔ̃ dzi gbeɖe o. Biblia gblɔ be: “Dzi ku Yehowa ɖe Salomo ŋu, elabena eƒe dzi trɔ le Yehowa . . . , ame si ɖe eɖokui fiae zi eve la yome, evɔ wònye ede se nɛ le nu siawo ŋu, be wòagadze mawu bubuwo yome o hafi. Gake mewɔ nu si ƒe se Yehowa de la o.” Esia wɔe be eƒe nu megava dze Mawu ŋu o, eye wògbee. Le esia ta, Salomo ƒe dzidzimeviwo mete ŋu va ɖu Israel dukɔ bliboa dzi o, eye wokpe fu geɖe tso dzidzime yi dzidzime.—1 Fia. 11:9-13.

10. Nu kae ate ŋu agblẽ ƒomedodo nyui si le mía kple Yehowa dome la me?

10 Abe ale si wòdzɔ le Salomo gome ene la, nu siwo ate ŋu agblẽ ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome la me bɔbɔe wu la dometɔ ɖekae nye, ne míetia xɔlɔ̃ siwo mese Yehowa ƒe nudidiwo gɔme alo dea bubu eƒe sewo ŋu o. Ðewohĩ, wole hamea me gake wogbɔdzɔ le gbɔgbɔ me. Woate ŋu anye míaƒe ƒometɔ, aƒelika, dɔwɔhati, alo sukuhati siwo mesubɔa Yehowa o. Aleke kee wòɖale o, ne ame siwo míedea ha kplii la menɔa agbe ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu o la, vivivi la, woate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía dzi, eye esia agblẽ ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome la me.

Ŋusẽ kae wò hadedewo kpɔna ɖe ƒomedodo si le wò kple Yehowa dome dzi? (Kpɔ memama 11 lia)

11. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya nenye be ele be míadzudzɔ hadede kple ame aɖe?

11 Xlẽ 1 Korintotɔwo 15:33. Nɔnɔme nyui aɖewo le ame akpa gãtɔ si, eye ame siwo menye hamea me tɔwo o la dometɔ geɖe mewɔa nu gbegblẽ siwo gbɔ eme o. Ne ele alea le ame siwo nèdea ha kplii gome la, ɖe esia fia be esɔ be nàde ha kpli woa? Ŋusẽ kae hadede kpli wo ate ŋu akpɔ ɖe ƒomedodo si le mia kple Yehowa dome la dzi? Ðe woana wòanyo ɖe edzia? Nu kae le woƒe dzi me? Le kpɔɖeŋu me, awu yeye siwo gado, ga, mɔ̃ɖaŋunu yeyewo, modzakaɖeɖe, alo ŋutilãmenu bubuwo yome titi koŋ ŋue woɖoa dze tsoea? Ðe woƒe dzeɖoɖowo kuna ɖe ameŋugbegblẽ kple fefenya madzetowo ŋu zi geɖea? Yesu gblɔe wòsɔ nyuie be: “Nya si wu dzi lae nu gblɔna.” (Mat. 12:34) Ne ède dzesii be ame siwo nèdea ha kplii la ƒe agbenɔnɔ ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe ƒomedodo si le wò kple Yehowa dome dzi la, ɖe afɔ kaba nàɖe hadede kpli wo dzi akpɔtɔ alo nàtso kadodoa me ne ehiã.—Lod. 13:20.

YEHOWA BIAA ÐOKUITSƆTSƆNA BLIBO

12. (a) Esi Israel-viwo ʋu tso Egipte megbe kpuie la, nya kae Yehowa gblɔ na wo? (b) Esi Yehowa gblɔ na Israel-viwo be yebiaa ɖokuitsɔtsɔna blibo la, aleke wowɔ nui?

12 Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi bubuwo tso nu siwo dzɔ esime Yehowa ɖe Israel-viwo tso Egipte megbe kpuie la me. Dukɔa va ƒo ƒu ɖe Sinai Toa ŋgɔ. Yehowa ɖe eɖokui fia wo le mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nu le afi ma. Wokpɔ alilikpo dodo aɖe kple dzikedzowo, eye wose dziɖegbewo kple nane ƒe ɖiɖi sesĩe abe kpẽ ƒe ɖiɖi ene. (2 Mose 19:16-19) Le nudzɔdzɔ sia me la, Yehowa ɖe eɖokui fia Israel-viwo be yenye “Mawu si biaa ɖokuitsɔtsɔna blibo.” Eka ɖe edzi na wo be yeawɔ nuteƒe na ame siwo lɔ̃ ye heléa yeƒe sededewo me ɖe asi. (Xlẽ 2 Mose 20:1-6.) Esia fia be Yehowa nɔ gbɔgblɔm na eƒe dukɔa be, “Ne mieyi edzi nɔ nye akpa dzi la, nye hã manɔ kpli mi.” Ne Yehowa Mawu do ŋugbe na wò alea la, aleke nàwɔ nui? Anɔ eme godoo be àwɔ abe ale si tututu Israel-viwo wɔ ene. Biblia gblɔ be dukɔ la “ɖo eŋu kple nu sɔsɔe be: ‘Nya siwo katã Yehowa gblɔ la, míawɔ wo dzi.’” (2 Mose 24:3) Gake esia megbe kpuie la, nane si Israel-viwo menɔ mɔ kpɔm na o la dzɔ si do woƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ.

13. Nu kae do Israel-viwo ƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ?

13 Alilikpo dodoa, dzikedzoa kple dzesi wɔnuku bubu siwo tso Mawu gbɔ la na ŋɔdzi lé Israel-viwo. Eya ta, wobia tso Mose si be wòanye yewoƒe nyanuɖela ahaƒo nu kple Yehowa le Sinai Toa dzi ɖe yewo nu, eye Mose lɔ̃ ɖe woƒe biabiaa dzi. (2 Mose 20:18-21) Esi Mose yi toa dzi la, enɔ afi ma eteƒe didi. Ðe esia fia be Israel-viwo tsi gbedadaƒo eye woƒe kplɔla si dzi woka ɖo la maganɔ wo nu oa? Edze abe ne Mose le wo dome wole kpɔkpɔm ko hafi xɔse nɔa wo si ene. Wova tsi dzimaɖi vevie eye wogblɔ na Aron be: “Tso nàwɔ mawu na mí ne wòanɔ ŋgɔ na mí, elabena míenya nu si tututu dzɔ ɖe Mose sia si kplɔ mí tso Egipte-nyigba dzi la dzi o.”—2 Mose 32:1, 2.

14. Nuŋububu kae Israel-viwo tsɔ ble wo ɖokuiwoe, eye nu kae Yehowa wɔ?

14 Dukɔa nya be trɔ̃subɔsubɔ nye nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya le Yehowa ŋkume. (2 Mose 20:3-5) Gake mede ŋkeke aɖeke o, woawoe nye ema va le sikanyivi aɖe subɔm! Togbɔ be wonyae nyuie be yewoda le Yehowa ƒe se dzi hã la, woble wo ɖokuiwo henɔ susum be yewogakpɔtɔ nɔ Yehowa ƒe akpa dzi. Aron gblɔ gɔ̃ hã be nyivisubɔsubɔa nye ‘azãɖuɖu na Yehowa’! Nu kae Yehowa wɔ? Ese le eɖokui me be womewɔ nuteƒe na ye o. Yehowa gblɔ na Mose be dukɔa “wɔ nu gbegblẽ” eye “wotrɔ ɖa kaba tso mɔ si dzi [yede] se na wo be woazɔ la dzi.” Yehowa do “dɔmedzoe” ɖe wo ŋu, eye wòɖoe gɔ̃ hã be yeatsrɔ̃ Israel dukɔ bliboa.—2 Mose 32:5-10.

15, 16. Aleke Mose kple Aron ɖee fia be yewole Yehowa ƒe akpa dzi sesĩe? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

15 Gake Yehowa tso nya me be yematsrɔ̃ Israel dukɔa o. Eƒe nublanuikpɔkpɔ na mɔnukpɔkpɔ esubɔla wɔnuteƒewo be woaɖee afia be yewole eƒe akpa dzi. (2 Mose 32:14) Esi Mose kpɔ nu gbɔme si dukɔa wɔ esime wonɔ ɣli dom, nɔ ha dzim henɔ ɣe ɖum le legbaa ŋgɔ la, etsɔ nyivi si wowɔ la, eye wòtui memie. Eyome egblɔ be: “Ame kae le Yehowa ƒe akpa dzi? Neva gbɔnye!” Kasia, “Lewi viwo katã va ƒo ƒu ɖe” Mose ŋu.—2 Mose 32:17-20, 26.

16 Togbɔ be Aron ye wɔ legbaa hã la, etrɔ dzi me eye wòwɔ ɖeka kple Lewi vi susɔeawo henɔ Yehowa ƒe akpa dzi. Menye ɖeko nuteƒewɔla siawo va nɔ Yehowa ƒe akpa dzi ko o, ke woɖe wo ɖokuiwo ɖe vovo tso nu gbegblẽ wɔlawo gbɔ hã. Wowɔ nu le nunya me esi woɖe afɔ ma, elabe gbe ma gbe la, ame akpe geɖe bu woƒe agbe le woƒe trɔ̃subɔsubɔa ta. Gake ame siwo nɔ Yehowa ƒe akpa dzi ya la, Yehowa do ŋugbe be yeayra wo.—2 Mose 32:27-29.

17. Nufiame kae le nya si Paulo gblɔ tso sikanyivia ŋuti nudzɔdzɔa ŋu me na mí?

17 Apostolo Paulo he susu yi sikanyivia ŋuti nudzɔdzɔa dzi eye wòxlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Nu siawo zu kpɔɖeŋu na mí, ale be míaganye . . . trɔ̃subɔlawo abe wo dometɔ aɖewo ene o. [Woŋlɔ kpɔɖeŋu sia] ɖi be wòanye nuxlɔ̃ame na mí ame siwo dzi nuɖoanyi siawo ƒe nuwuwuwo va ɖo la. Eya ta ame si susu be yele tsitre la nakpɔ nyuie be wòagadze anyi o.” (1 Kor. 10:6, 7, 11, 12) Abe ale si Paulo na eme kɔ ƒãa ene la, ate ŋu adzɔ be Yehowa subɔlawo gɔ̃ hã naƒo wo ɖokuiwo ɖe nu gbegblẽ wɔwɔ me, evɔ woaganɔ susum be yewoƒe nu gadzea Yehowa ŋu. Gake ne ame aɖe di be yeanye Yehowa xɔlɔ̃ alo egblɔna be yewɔa nuteƒe nɛ la, esia mafia kokoko be Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu o.—1 Kor. 10:1-5.

18. Nu ka gbɔe wòate ŋu atso be ame aɖe nava tra ɖa tso Yehowa gbɔ, eye nu kawoe anye emetsonuawo?

18 Ale si ko Israel-viwo tsi dzimaɖi esime Mose megbɔ tso Sinai Toa dzi kaba o la, nenema kee wòate ŋu adzɔ egbea be Kristotɔwo natsi dzimaɖi le esi wòdze abe Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkekea kple xexe yeyea mele vavam kaba o ene ta. Woate ŋu anɔ susum be yayra mawo le adzɔge ʋĩi alo yayra mawo mate ŋu ava eme o. Ne míebua nuwo ŋu alea eye mímeɖɔ míaƒe nuŋububu ɖo o la, esia ate ŋu awɔe be ŋutilãmenuwo yome titi nava nɔ vevie na mí wu Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, míate ŋu ava tra ɖa tso Yehowa gbɔ, eye mlɔeba, míava ƒo mía ɖokui ɖe nuwɔna siwo míesusu kpɔ gbeɖe be míawɔ esime ƒomedodo nyui nɔ mía kple Yehowa dome o la me.

19. Nyateƒenya vevi kae mele be míaŋlɔ be gbeɖe o, eye nu ka tae?

19 Mele be míaŋlɔ be gbeɖe o be Yehowa bia ɖokuitsɔtsɔna blibo kple toɖoɖo tso dzi blibo me tso mía si. (2 Mose 20:5) Ne ame aɖe tra ɖa tso Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu vie gɔ̃ hã la, efia be ele Satana ƒe lɔlɔ̃nu wɔm, eye nu nyui aɖeke mate ŋu ado tso esia me o. Esia tae Paulo gblɔ be: “Miate ŋu anɔ nu nom le Yehowa ƒe kplu nu aganɔ nu nom le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplu nu o; miate ŋu anɔ nu ɖum le ‘Yehowa ƒe kplɔ̃’ ŋu aganɔ nu ɖum le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplɔ̃ ŋu o.”—1 Kor. 10:21.

KU ÐE YEHOWA ŊU GOŊGOŊ!

20. Ne edzɔ be míeɖe afɔ baɖa aɖe gɔ̃ hã la, aleke Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋui?

20 Nu ɖeka aɖe ɖe dzesi le Biblia me ŋutinya siwo ku ɖe Kain, Salomo kple Israel-vi siwo nɔ Sinai Toa gbɔ ŋu la ŋu. Mɔnukpɔkpɔ su ame siawo si be ‘woatrɔ dzi me, eye woagbugbɔ.’ (Dɔw. 3:19) Edze ƒãa be ne ame aɖe ɖe afɔ baɖa la, Yehowa metsɔa dzitsitsi gbenɛ o. Le Aron gome la, Yehowa tsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee. Egbea, Yehowa ate ŋu ato Biblia me ŋutinya aɖe, míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo, alo aɖaŋu aɖe si mía hati Kristotɔ aɖe ɖo na mí dɔmenyotɔe la dzi axlɔ̃ nu mí. Ne míewɔ ɖe nuxlɔ̃ame mawo dzi la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpɔ nublanui na mí.

21. Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ ne nɔnɔme aɖe do míaƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa kpɔ?

21 Taɖodzinu aɖe le Yehowa ƒe amenuveve ŋu. (2 Kor. 6:1) Enaa mɔnukpɔkpɔ mí be “míatsri mawumavɔmavɔ̃ kple xexea me nudzodzrowo.” (Xlẽ Tito 2:11-14.) Zi ale si míekpɔtɔ “le fifi nuɖoanyi sia me” la, míado go nɔnɔme siwo ado míaƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa akpɔ godoo. Neva eme be míanɔ klalo ɣesiaɣi be míanɔ eƒe akpa dzi sesĩe, elabena ‘Yehowa mía Mawu lae míavɔ̃, eyae míasubɔ, eye eya ŋue míaku ɖo goŋgoŋ’!—5 Mose 10:20.