Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Siwo Nyoa Dɔme La Kpɔa Dzidzɔ

Ame Siwo Nyoa Dɔme La Kpɔa Dzidzɔ

“Dzidzɔ geɖe le nunana me.”​—DƆW. 20:35.

HADZIDZI: 76, 110

1. Nu kae ɖo kpe edzi be Yehowa nye dɔmenyotɔ?

HAFI Yehowa nadze nuwo wɔwɔ gɔme la, eya ɖeka pɛ koe nɔ anyi, ke hã, menɔ eɖokui ɖeɖe ko ŋu bum o. Ewɔ mawudɔlawo kple amegbetɔwo siaa hena agbe wo. Yehowa, “Mawu dzidzɔtɔ la,” lɔ̃ nu nyuiwo nana ame. (1 Tim. 1:11; Yak. 1:17) Eye esi wòdi be míanɔ dzidzɔ kpɔm ta la, efiaa nu mí be míanye nunalawo.—Rom. 1:20.

2, 3. (a) Nu ka tae nunana wɔnɛ be míekpɔa dzidzɔ? (b) Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

2 Mawu wɔ amegbetɔ ɖe eƒe nɔnɔme nu. (1 Mose 1:27) Esia fia be Yehowa wɔ mí be míaɖe yeƒe nɔnɔmewo afia. Eya ta hafi míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme la, ele be míasrɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋu le mɔ sia nu be, míatsɔ ɖe le eme na amewo eye míanyo dɔme na amewo. (Flp. 2:3, 4; Yak. 1:5) Nu ka tae? Nya la koe nye be Yehowae wɔ mí nenema. Togbɔ be míede blibo o hã la, míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ahanye ame siwo nyoa dɔme.

3 Biblia na míenya ale si míawɔ anye ame siwo ʋua asime faa. Na míadzro nu siwo Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso nunana ŋu la dometɔ aɖewo me. Míakpɔ ale si nunana wɔnɛ be ame ƒe nu dzea Mawu ŋu kple ale si nɔnɔme nyui sia ɖeɖe fia kpena ɖe mía ŋu míewɔa dɔ si Mawu de mía sii. Azɔ hã, míadzro kadodo si le nunana dɔmenyotɔe kple dzidzɔkpɔkpɔ dome, kpakple nu si tae wòle be míayi edzi anɔ nɔnɔme sia ɖem fia la me.

ALE SI MÍAWƆ ADZE MAWU ŊU

4, 5. Aleke Yehowa kple Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui na mí le dɔmenyonyo gome?

4 Yehowa di be yeƒe nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo nasrɔ̃ ye, eya ta, dzi dzɔnɛ nenye be míenyoa dɔme. (Ef. 5:1) Edze ƒãa le ale si Mawu wɔ míi kpakple ale si anyigba kple edzinuwo nya kpɔe me be edi be amegbetɔwo nakpɔ dzidzɔ. (Ps. 104:24; 139:13-16) Eya ta, ne míedzea agbagba be míana ame bubuwo nakpɔ dzidzɔ la, esia dea bubu eŋu.

5 Kristotɔ vavãwo srɔ̃a Kristo, ame si ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi na mí le ale si amegbetɔwo ate ŋu anyo dɔmee gome. Yesu ŋutɔ gblɔ bena: “Amegbetɔvi la meva be woasubɔ ye o, ke boŋ be yeasubɔ eye yeatsɔ yeƒe agbe ana wòanye tafe na ame geɖewo.” (Mat. 20:28) Eye apostolo Paulo de dzi ƒo na Kristotɔwo be: “Mina tamesusu ƒe nɔnɔme sia si nɔ Kristo Yesu me la nanɔ miawo hã mia me . . . Eɖi gbɔlo eɖokui, eye wòtsɔ kluvi ƒe nɔnɔme.” (Flp. 2:5, 7) Eya ta, anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be, ‘Ðe mate ŋu adze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ wu ale si mele ewɔm fifia?’—Xlẽ 1 Petro 2:21.

6. Nu kae Yesu fia mí esi wòwɔ Samariatɔ havilɔ̃laa ƒe kpɔɖeŋua? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

6 Míaƒe nu adze Yehowa ŋu ne míesrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu debliboa kpakple kpɔɖeŋu si Kristo ɖo ɖi na mí le go sia me. Míewɔa esia ne míetsɔa ɖe le eme na amewo eye míedia mɔ siwo dzi míato akpe ɖe wo ŋu. Yesu na eme kɔ ƒãa le eƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe Samariatɔ havilɔ̃laa ŋu me be yedi be ye yomedzelawo nanye ame siwo tsona le wo ɖokui si kpena ɖe ame ŋu, ame ka ƒomevie amea ɖanye alo afi ka kee wòɖatso o. (Xlẽ Luka 10:29-37.) Èɖo ŋku nya si ame aɖe bia si wɔe be Yesu wɔ Samariatɔ havilɔ̃laa ƒe kpɔɖeŋua dzia? Yuda ŋutsu aɖe biae be: “Ame ka tututue nye hanyevi?” Yesu ƒe nyaŋuɖoɖoa ɖee fia be ele be míalɔ̃ faa anyo dɔme na amewo abe ale si Samariatɔ la wɔe ene hafi míaƒe nu adze Mawu ŋu.

7. Aleke ɖokuitɔdidi alo ɖokuitɔmadimadi do ƒome kple nya si fɔ ɖe te le Eden-bɔa me?

7 Susu geɖewo li siwo tae Kristotɔwo nyoa dɔme ɖo. Le kpɔɖeŋu me, nɔnɔme nyui sia do ƒome kple nya si Satana fɔ ɖe te le Eden-bɔa me. Le mɔ ka nu? Satana gblɔ be eme anyo na Adam kple Xawa wu ne wowɔ woawo ŋutɔwo ƒe didiwo dzi alo di woawo ŋutɔwo ƒe nyonyo le esi teƒe be woaɖo to Mawu. Xawa di eɖokui tɔ esi wòdi be yeanɔ abe Mawu ene. Adam hã di eɖokui tɔ esi wòdi be yeadze Xawa ŋu, ke menye Mawu ŋu o. (1 Mose 3:4-6) Nu gbegblẽ siwo do tso woƒe nyametsotsoawo me la dze ƒãa míele kpɔkpɔm. Eme kɔ ƒãa be, ɖokuitɔdidi menana ame kpɔa dzidzɔ o. Ne míenyoa dɔme la, míeɖenɛ fiana be míeka ɖe edzi be nu si Mawu di tso mía si lae nye nyuitɔ kekeake.

WƆ DƆ SI MAWU DE EƑE AMEWO SI

8. Nu ka tae wòle be Adam kple Xawa nabu ame bubuwo ƒe nyonyo ŋu hafi?

8 Togbɔ be Adam kple Xawa koe nɔ Eden-bɔa me hã la, ɖe wòle be woabu ame bubuwo hã ŋu hafi. Nu ka tae? Nu si tae nye be Yehowa de dɔ aɖe asi na wo. Yehowa yra Adam kple Xawa hegblɔ na wo be woadzi ayɔ anyigba dzi eye woaɖu edzi. (1 Mose 1:28) Ale si ko Wɔla la tsɔ ɖe le eme na eƒe nuwɔwɔwo hafi va wɔ wo la, nenema kee wòle be mía dzila gbãtɔwo hã nabu vi siwo woava dzi la ƒe nyonyo ŋu hafi. Mawu ɖoe be woakeke Paradisoa ɖe enu wòaxɔ anyigba katã dzi be wòaɖe vi na Adam ƒe dzidzimeviwo. Esia abia be eƒe dzidzimeviwo katã nakpe asi ɖe dɔ gã ma ŋu.

9. Nu ka tae dɔ si Mawu de amegbetɔwo si be woawɔ anyigba la wòazu Paradiso la ana woakpɔ dzidzɔ hafi?

9 Ahiã be amegbetɔ deblibowo nawɔ dɔ kple Mawu aduadu be anyigba bliboa nazu Paradiso ale be Mawu ƒe tameɖoɖoa nava eme, eye esia awɔe be woage ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me. (Heb. 4:11) Bu dzidzɔ kple dzidzeme si gbegbe woakpɔ le dɔ sia wɔwɔ me ŋu kpɔ! Ne wowɔ woƒe ŋusẽ kple woƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ le mɔ sia nu be wòaɖe vi na ame bubuwo la, Yehowa ayra wo geɖe eye woƒe dzi adze eme ale gbegbe.

10, 11. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míawɔ se si wode na mí be míaɖe gbeƒã ahawɔ amewo nusrɔ̃lawoe la dzi?

10 Egbea, Yehowa de dɔ asi na eƒe amewo be woaɖe gbeƒã ahawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo. Hafi míate ŋu awɔ dɔ sia nyuie la, ele be míatsɔ ɖe le eme na amewo vevie. Ne lɔlɔ̃ na Mawu kple lɔlɔ̃ na mía havi ye ʋãa mí la, eya ko hafi míate ŋu ayi edzi anɔ vevie dom nu le dɔ sia me.

11 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Paulo gblɔ be ye kple yeƒe zɔhɛ kplikplikpli aɖewo yewonye “Mawu ƒe hadɔwɔlawo” le esi woƒãa Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ƒe ku hedea tsii ta. (1 Kor. 3:6, 9) Egbea, míawo hã míate ŋu anye “Mawu ƒe hadɔwɔlawo” ne míezãa míaƒe ŋusẽ, ɣeyiɣi kple nunɔamesiwo le gbeƒãɖeɖedɔ si Mawu de mía si la wɔwɔ me. Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi!

Ne èkpe ɖe amewo ŋu wova se nyateƒea gɔme la, esia ana nàkpɔ dzidzɔ geɖe (Kpɔ memama 12 lia)

12, 13. Nu kawoe nàgblɔ be wonye teƒeɖoɖo siwo le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me?

12 Ne míezãa míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ tsɔ wɔa geɖe le gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa me la, míekpɔa dzidzɔ geɖe. Nɔvi geɖe siwo si mɔnukpɔkpɔ su wowɔ Biblia nusɔsrɔ̃ tsekuwo kple amewo la agblɔ na wò be esia na yewokpɔ dzidzɔ ale gbegbe. Ne míekpɔ dzidzɔ si gbegbe ame siwo míele Biblia srɔ̃m kplii la kpɔna ne wova se nyateƒea gɔme, tsi le xɔse me, trɔ woƒe agbenɔnɔ eye wova le nu ƒom tso nyateƒea ŋu na ame bubuwo la, ewɔa dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ. Dzi dzɔ Yesu hã ŋutɔ esi gbeƒãɖela 70 siwo wòdɔ ɖo ɖa la “trɔ gbɔ kple dzidzɔ” le esi nu nyuiwo do tso dɔ si wowɔ me ta.—Luka 10:17-21.

13 Le xexea me godoo la, dzi dzɔa gbeƒãɖelawo ne wokpɔ ale si nya nyui si míeɖea gbeƒãe la le kpekpem ɖe amewo ŋui. Bu Anna, si nye ɖetugbui aɖe si nye tre la ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋu kpɔ. Eʋu yi Ɣedzeƒe Europa ƒe nuto aɖe si me gbeƒãɖela geɖe wu hiã le la me be yeakeke yeƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu. * Egblɔ be: “Mɔnukpɔkpɔ geɖe li be míadze Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme kple amewo le afi sia, eye esia dzɔa dzi nam ŋutɔ. Subɔsubɔdɔ si wɔm mele le afi sia la na mele dzidzɔ kpɔm ale gbegbe. Ne megbɔ tso gbeadzi la, nu siwo xɔa susu me nam la wɔnɛ be nyemekpɔa vovo tsɔa susu ɖoa nye kuxiwo ŋu o. Nye susu nɔa nɔnɔme sesẽ kple kuxi siwo me tom nye Biblia-nusrɔ̃viwo le ŋu. Mebua mɔ siwo dzi mato ade dzi ƒo na wo ahakpe ɖe wo ŋu la ŋu. Eye meva ka ɖe edzi bliboe be ‘dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.’”—Dɔw. 20:35.

Ne míeyia aƒe ɖe sia ɖe me le míaƒe anyigbamamaa me la, ekema míele mɔnukpɔkpɔ nam amewo be woase Fiaɖuƒegbedeasia (Kpɔ memama 14 lia)

14. Ne ame akpa gãtɔ meɖoa to nya nyuia o hã la, aleke nàwɔ akpɔ dzidzɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me?

14 Míate ŋu akpɔ dzidzɔ ne míele mɔnukpɔkpɔ nam amewo be woase nya nyuia togbɔ be wo dometɔ aɖewo atiae be yewomaɖo to o hã. Ne míagblɔe la, dɔ si wɔm míele egbea la sɔ kple esi wode asi na nyagblɔɖila Ezekiel. Yehowa gblɔ nɛ be: “Gblɔ nye nyawo na wo, wosee o, womeɖasee o.” (Eze. 2:7; Yes. 43:10) Ne ame aɖewo mekpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe gbedeasia ŋu o hã la, Yehowa ya kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe agbagbadzedzewo ŋu. (Xlẽ Hebritɔwo 6:10.) Subɔsubɔdɔa ŋuti susu nyui sia nɔ gbeƒãɖela aɖe si. Egblɔ tso eƒe subɔsubɔdɔa ŋu be, “Míeƒã nu, de tsii, eye míedo gbe ɖa na Yehowa hele mɔ kpɔm be wòana woatsi.”—1 Kor. 3:6.

ALE SI MÍAWƆ AKPƆ DZIDZƆ

15. Ne amewo kpɔa ŋudzedze ɖe dɔmenyonu si míewɔ la ŋu ko hafi míayi edzi anɔ nu nam amewoa? Ðe eme.

15 Yesu di be dzidzɔ si dona tso nunana me la nasu mía si. Ame geɖe ɖenɛ fiana be yewokpɔ ŋudzedze ɖe dɔmenyo si wowɔ na yewo la ŋu. Yesu gblɔ be: “Minɔ nu nam amewo, eye amewo ana nu mi. Woadzidze nu nyuie, atee, aʋuʋui wòagbagba akɔ ɖe avɔ me na mi. Elabena dzidzenu si mietsɔ le nu dzidzem na amewo la kee woatsɔ adzidzee na mi.” (Luka 6:38) Ele eme be menye amewo katãe akpɔ ŋudzedze ɖe nu nyui si míewɔ na wo la ŋu ya o, gake ame siwo kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu la ate ŋu asrɔ̃ míaƒe kpɔɖeŋu nyui la. Eya ta, yi edzi nànɔ nu nam amewo, ne edze abe womekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu ene o gɔ̃ hã. Màte ŋu anya nu nyui si gbegbe ate ŋu ado tso dɔmenyonuwɔna ɖeka pɛ me o.

16. Nu kae wòle be wòaʋã mí be míana nu amewo?

16 Ame siwo naa nu tso dzi me faa la menaa nu kple susu be amewo hã nana nu yewo o. Esiae nɔ susu me na Yesu esi wògblɔ be: “Ne èɖo kplɔ̃ la, kpe ame dahewo, nuwɔametɔwo, bunɔwo kple ŋkuagbãtɔwo; ekema àkpɔ dzidzɔ, le esi naneke mele wo si woatsɔ aɖo eteƒe na wò o la ta.” (Luka 14:13, 14) Biblia gblɔ be: “Woayra ame si nyoa dɔme.” Egblɔ hã be: “Dzidzɔtɔe nye ame si bua ame tsɛ ŋu.” (Lod. 22:9; Ps. 41:1) Nyateƒee, ele be míana nu amewo, elabena dzi dzɔa mí ne míekpe ɖe amewo ŋu.

17. Mɔ siwo nu míate ŋu ana nu amewo le, si ana míakpɔ dzidzɔ la dometɔ aɖewo ɖe?

17 Esi Paulo he susu yi nya si Yesu gblɔ be “dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ” dzi la, menye ŋutilãmenuwo nana amewo ko ŋue wònɔ nu ƒom tsoe o, ke enɔ nu ƒom tso dzidede ƒo na amewo, aɖaŋuɖoɖo na wo kple kpekpeɖeŋunana ame siwo hiã tu hã ŋu. (Dɔw. 20:31-35) Apostolo Paulo to eƒe nyawo kple kpɔɖeŋu si wòɖo dzi nɔ mía fiam be míazã míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ atsɔ akpe ɖe amewo ŋu, míakpɔ vovo ɖe wo ŋu ahalɔ̃ wo.

18. Nya kae numekula geɖe gblɔ tso nunana kple dɔmenyonyo na amewo ŋu?

18 Numekula siwo srɔ̃a nu tso amegbetɔwo ƒe nɔnɔme ŋu hã de dzesii be nunana nana wokpɔa dzidzɔ. Wogblɔ le nyati aɖe me be, “amewo gblɔna be ne yewonyo dɔme na ame bubuwo la, dzi va dzɔa yewo geɖe wu.” Numekulawo gblɔ be, “be ame nakpɔ dzidzeme eye taɖodzinu nanɔ eƒe agbe ŋu” la, ele vevie be wòanɔ kpekpem ɖe amewo ŋu, “elabena esia wɔwɔ kpɔa amegbetɔwo ƒe nuhiahiã vevi aɖe gbɔ.” Eya ta, wodea dzi ƒo na amewo be woaƒo wo ɖokuiwo ɖe hadome kpekpeɖeŋunadɔwo me be wòade woƒe lãmesẽ dzi eye wòana woakpɔ dzidzɔ. Nya siawo mewɔ nuku na mí o, elabena Yehowa, mía Wɔla lɔ̃ame la, gblɔe xoxoxo be ne míenaa nu amewo la, míakpɔ dzidzɔ.—2 Tim. 3:16, 17.

YI EDZI NÀNƆ NU NAM AMEWO

19, 20. Susu kawo tae nàdi be yeanyo dɔme na amewo?

19 Ne ame siwo dome míele la dia wo ɖokui tɔ eye woawo ŋutɔwo ƒe nyonyo ŋu koe wobuna la, ate ŋu asesẽ na mí be míayi edzi anɔ nu nam amewo alo anyo dɔme na amewo. Ke hã, Yesu gblɔ be sedede vevitɔ eveawo bia be míalɔ̃ Yehowa kple míaƒe dzi, luʋɔ, tamesusu kple ŋusẽ blibo, eye míalɔ̃ mía havi abe mía ŋutɔ mía ɖokui ene. (Marko 12:28-31) Abe ale si míekpɔe le nyati sia me ene la, ame siwo lɔ̃ Yehowa la srɔ̃a eyama. Yehowa lɔ̃ nunana ame, nenema kee wòle le Yesu hã gome. Eye wode se na mí be míawo hã míalɔ̃ nunana amewo, elabena esia ana míakpɔ dzidzɔ geɖe. Ne míeku kutri vevie be míalɔ̃ nunana Mawu kple mía haviwo siaa la, míahe kafukafu avɛ na Yehowa, eye aɖe vi geɖe na míawo ŋutɔwo kple ame bubuwo hã.

20 Ðikeke mele eme o be, èle agbagba dzem xoxo be yeanyo dɔme na amewo ahakpe ɖe wo ŋu, vevietɔ haxɔsetɔwo. (Gal. 6:10) Ne èyi edzi le esia wɔm la, amewo alɔ̃ wò eye wò nu adze wo ŋu godoo, eye esia ana wò hã nàkpɔ dzidzɔ. Lododowo 11:25 gblɔ be: “Eme anyo na dɔmenyotɔ, eye ame si naa amewo ƒe dzi dzea eme la, woana eya hã ƒe dzi nadze eme.” Le nyateƒe me la, míate ŋu ana nu amewo tso dzi me faa ahanyo dɔme na wo le mɔ vovovowo nu kple le míaƒe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔdɔa me. Míadzro esiawo dometɔ aɖewo me le nyati si kplɔ esia ɖo la me.

^ mm. 13 Míetrɔ ŋkɔa.