Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nènya Nyateƒe Bliboa?

Ðe Nènya Nyateƒe Bliboa?

“Ne ame aɖe ɖo nya ŋu hafi va se eŋu nyateƒenyawo la, bometsitsi kple ŋukpe wònye nɛ.”​—LOD. 18:13.

HADZIDZI: 126, 95

1, 2. (a) Ŋutete nyui kae wòle be míatu ɖo, eye nu ka tae? (b) Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

ESI míenye Kristotɔ vavãwo ta la, ehiã be míasrɔ̃ ale si míada nyawo kpɔ nyuie ahatso nya me nyuie. (Lod. 3:21-23; 8:4, 5) Ne míetu nɔnɔme nyui sia ɖo o la, anɔ bɔbɔe na Satana kple eƒe xexea be woable mí. (Ef. 5:6; Kol. 2:8) Ne nyatakaka si le mía si la nye nyateƒe ko hafi míate ŋu atso nya me nyuie. Lododowo 18:13 gblɔ be, “ne ame aɖe ɖo nya ŋu hafi va se eŋu nyateƒenyawo la, bometsitsi kple ŋukpe wònye nɛ.”

2 Le nyati sia me la, míadzro nu vovovo siwo ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míanya nya siwo le eteƒe eye míaƒo nya ta nyuie la me. Azɔ hã, míadzro Biblia me gɔmeɖose kple kpɔɖeŋu siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míasrɔ̃ ale si míada nyawo kpɔ nyuie la me.

MÈGAXƆ “NYA SIA NYA” DZI SE O

3. Nu ka tae wòhiã be míawɔ Biblia me gɔmeɖose si le Lododowo 14:15 la ŋu dɔ? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

3 Egbea, nyatakakawo do agbogbo ɖe xexea me. Amewo kpɔa nyatakakawo le Internet, television kple nyakakamɔnu bubuwo dzi. Azɔ hã, ame geɖe xɔa nyatakaka gbogbo aɖewo tso wo xɔlɔ̃wo kple ame nyanyɛ siwo si susu nyui le la gbɔ to e-mail kple asitelefon dzi. Esi wònye be enye nu si bɔ egbea be amewo ɖonɛ koŋ ɖoa alakpanyawo kple nyatakaka siwo mele eteƒe o ɖe ame bubuwo ta la, ele vevie be míaɖɔ ŋu ɖo ahada nya siwo míesena la kpɔ nyuie. Biblia me gɔmeɖose kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le go sia me? Ðekae nye esi dze le Lododowo 14:15, si gblɔ be: “Ðekemanyala xɔa nya sia nya dzi sena, ke aɖaŋudzela léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖewo katã ŋu.”

4. Aleke Filipitɔwo 4:8, 9 ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatia nyatakaka siwo míaxlẽ, eye nu ka tae wòle vevie be nyatakaka si ŋu dɔ míawɔ la nanye esi le eteƒe? (Kpɔ aɖaka si nye “ Nyakakamɔnu Ʋɛ Siwo Nana Míekena Ðe Nyateƒenyawo Ŋu.”)

4 Hafi míate ŋu atso nya me nyuie la, míehiã nyatakaka siwo le eteƒe. Eya ta, menye nyatakaka ɖe sia ɖee wòle be míaxlẽ o, eye ele be míatia esiwo míaxlẽ la nyuie. (Xlẽ Filipitɔwo 4:8, 9.) Mele be míagblẽ míaƒe ɣeyiɣi anɔ nyatakaka siwo le Internet nyatakakadzraɖoƒe siwo ŋu kakaɖedzi mele o dzi la xlẽm, alo anɔ nyatakaka siwo ŋu kpeɖodzi mele o, siwo woɖo ɖe mí to e-mail dzi la xlẽm o. Ele vevie ŋutɔ be míaƒo asa na xɔsegbelawo ƒe Internet nyatakakadzraɖoƒewo. Woƒe taɖodzinu koŋue nye be yewoagblẽ nu le Mawu ƒe amewo ŋu eye yewoatro gbo nyateƒea. Nyatakaka siwo mele eteƒe o ŋu dɔ wɔwɔ awɔe be míawɔ nyametsotso gbegblẽwo. Mègabu ŋusẽ si gbegbe ameflunyawo ate ŋu akpɔ ɖe wò susu kple wò dzi dzi la nu tsɛe gbeɖe o.—1 Tim. 6:20, 21.

5. Alakpanya kae Israel-viwo se, eye aleke wògblẽ nu le wo ŋui?

5 Alakpanya dzi xɔxɔ se ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu vevie. Le kpɔɖeŋu me, bu nu si dzɔ esime ŋkutsala 12 siwo wodɔ ɖa be woaɖatsa le Ŋugbedodonyigbaa dzi la dometɔ 10 tsɔ nya vɔ̃ gbɔe na dukɔa le Mose ƒe ŋkekea me ŋu kpɔ. (4 Mose 13:25-33) Woƒe alakpanya siwo ŋu woɖe ami ɖo wògbɔ eme la ɖe dzi le Yehowa ƒe amewo ƒo. (4 Mose 14:1-4) Nu ka tae dukɔa wɔ nu alea? Esi wònye be ŋkutsalawo dometɔ akpa gãtɔe tsɔ nya vɔ̃ gbɔe ta la, ɖewohĩ wosusu be woƒe nyaa le eme. Wogbe be yewomase nya nyui siwo ŋutsu wɔnuteƒe siwo nye Yosua kple Kaleb nɔ gbɔgblɔm na wo la o. (4 Mose 14:6-10) Le esi teƒe be woadze agbagba anya nyateƒea ahaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la, woxɔ nya vɔ̃ siwo ameawo gblɔ la dzi se boŋ. Bometsinu kae nye esi wowɔ!

6. Ne míese amewo gblɔ nya vɔ̃wo tso Yehowa ƒe amewo ŋu la, nu ka tae mele be esia nawɔ nuku na mí o?

6 Ele be míaɖɔ ŋu ɖo etɔxɛe ne míese wogblɔ nya vɔ̃wo tso Yehowa ƒe amewo ŋu. Mègaŋlɔ be gbeɖe o be Satanae nye ame si le Mawu subɔla wɔnuteƒewo nu tsom. (Nyaɖ. 12:10) Esia tae Yesu xlɔ̃ nu mí be tsitretsiɖeŋulawo ‘aka aʋatso agblɔ nya vɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi’ ɖe mía ŋu. (Mat. 5:11) Ne nuxlɔ̃amenya sia le susu me na mí nyuie la, mawɔ nuku na mí nenye be míese amewo gblɔ nya vɔ̃wo tso Yehowa ƒe amewo ŋu o.

7. Hafi míaɖo nyatakakawo ɖe amewo to e-mail alo asitelefon dzi la, nu ka ŋue wòle be míabu?

7 Ðe nèlɔ̃a nyatakakawo ɖoɖo ɖe xɔ̃wòwo kple ame nyanyɛwo to e-mail kple asitelefon dzia? Ne nenemae la, ne èke ɖe nyatakaka yeye aɖe ŋu le nyakakamɔnuwo me alo nèse ŋutinya aɖe la, ɖewohĩ, àdi be yeanye ame gbãtɔ si ana ame bubuwo nanya nu tso eŋu abe ale si nyadzɔdzɔgblɔlawo wɔnɛ ene. Ke hã, hafi nàɖo nyatakaka ma ɖa to asitelefon alo e-mail dzi la, bia ɖokuiwò be: ‘Ðe meka ɖe edzi be nya si medi be maɖo ɖe amewo la nye nyateƒea? Ðe menya nyateƒe bliboa?’ Ne mèka ɖe edzi o la, ate ŋu adzɔ be nàva nɔ alakpanyawo kakam le nɔviwo dome le wò manyamanya me. Eya ta, ne mèka ɖe edzi be nya si nèdi be yeaɖo ɖa la nye nyateƒe o la, ke mègaɖoe ɖa o, tutui ɖa le wò mɔ̃a dzi.

8. Nu kae tsitretsiɖeŋulawo wɔ le dukɔ aɖewo me, eye aleke wòate ŋu adzɔe be míava nɔ asi kpem ɖe woƒe tameɖoɖo vɔ̃ la ŋu le manyamanya me?

8 Nyatakakawo ɖoɖo ɖe amewo to e-mail kple asitelefon dzi eŋumabumabui ate ŋu agblẽ nu le mɔ bubu hã nu. Le dukɔ aɖewo me la, woxe mɔ ɖe míaƒe dɔa nu alo woɖo asi dɔa dzi keŋkeŋ. Le dukɔ mawo me la, míaƒe tsitretsiɖeŋulawo ate ŋu aɖoe be yewoakaka nya siwo ŋu wotrɔ asi le kple taɖodzinu be wòade vɔvɔ̃ mía me alo awɔe be míagaka ɖe mía nɔewo dzi o. Bu nu si dzɔ le tsã Soviet Union ƒe dukɔwo me ŋu kpɔ. Adzamekpovitɔ siwo woyɔna be KGB la kaka alakpanyawo tso nɔvi siwo le agbanɔamedzinɔƒewo ŋu be wode Yehowa ƒe amewo asi na dziɖuɖua. * Nɔvi geɖewo xɔ alakpanya mawo dzi se, eye esia wɔe be wodzudzɔ hadede kple Yehowa ƒe habɔbɔa. Ewɔ nublanui ŋutɔ! Gake dzidzɔtɔe la, wo dometɔ geɖe gatrɔ va habɔbɔa me emegbe, gake bubuwo ya megatrɔ va gbeɖe o. Woƒe xɔse dome gblẽ abe tɔdziʋu si gbã ene. (1 Tim. 1:19) Aleke míawɔ aƒo asa na afɔku gã sia? Ðoe kplikpaa be yemakaka nya manyomanyowo alo nya siwo ŋu kakaɖedzi mele o. Mèganye ame si xɔa nya sia nya dzi sena o. Ke boŋ, kpɔ egbɔ be yenya nyateƒe bliboa.

NYATAKAKA SIWO MEDE TUTUTU O

9. Nu kae ganana wòsesẽna be míake ɖe nyatakaka siwo le eteƒe ŋu?

9 Nyateƒenya afãafãwo alo nyatakaka siwo mede tututu o hã nana wòsesẽna be míaƒo nya ta nyuie. Ne nyatakaka aɖe ƒe akpa sue aɖe nye nyateƒe gɔ̃ hã la, míate ŋu aka ɖe edzi o. Nu kae míawɔ be ameflunya siwo me nyateƒenya aɖewo le la nagakplɔ mí atrae o?—Ef. 4:14.

10. Aleke wòdzɔe be Israel-viwo wɔ aʋa kple wo nɔviwo kloe, eye aleke wòdzɔe be womegaxa wɔ aʋaa o?

10 Bu nu si dzɔ ɖe Israel-vi siwo nɔ Yordan-tɔsisia ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi la dzi le Yosua ŋɔli ŋu kpɔ. (Yos. 22:9-34) Wose be Israel-vi siwo nɔ Yordan ƒe ɣedzeƒekpa dzi (siwo nye Ruben kple Gad ƒe toawo kple Manase ƒe to afã) la ɖi vɔsamlekpui gã nyadri aɖe ɖe Yordan nu. Nyatakakaa ƒe akpa sia nye nyateƒe. Gake esi wo nɔvi siwo nɔ ɣetoɖoƒekpa dzi la menya nyateƒe bliboa o ta la, woƒo nya ta be yewo nɔviwo dze aglã ɖe Yehowa ŋu, eya ta, Israel-vi siwo nɔ ɣetoɖoƒekpa dzi la ƒo woƒe aʋawɔlawo nu ƒu be yewoawɔ aʋa kple yewo nɔviawo. (Xlẽ Yosua 22:9-12.) Gake dzidzɔtɔe la, hafi woaho aʋa ɖe wo ŋu la, wodɔ ŋutsu siwo dzi woka ɖo la ɖa be woaɖaku nyaa me anya nyateƒe bliboa. Nu kae wova kpɔ dze sii? Wova kpɔe be menye ɖe Israel-vi siwo nye Ruben kple Gad ƒe toawo kple Manase ƒe to afã la ɖi vɔsamlekpuia be yewoanɔ vɔ sam le edzi o, ke boŋ be wòanye ŋkuɖodzinu. Ðe woɖi vɔsamlekpuia kple susu be le etsɔme la, ame sia ame nanyae be Yehowa subɔla wɔnuteƒewoe yewo hã yewonye. Aleke gbegbe Israel-vi mawo akpɔ dzidzɔe ye nye esi be yewomewɔ nyatakaka ma si mede o la ŋu dɔ ƒo nya ta heyi ɖawɔ aʋa kple yewo nɔviwo o!

11. (a) Aleke wòdzɔe be wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe Mefiboset ŋu? (b) Aleke David ate ŋu aƒo asa na nu madzɔmadzɔ sia wɔwɔ hafi?

11 Ate ŋu adzɔ be woawɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu le esi amewo kaka nya siwo mede tututu o tso mía ŋu ta. Bu Fia David kple Mefiboset dome nyaa ŋu kpɔ. David nyo dɔme na Mefiboset heve enu esi wògbugbɔ tɔgbuia Saul ƒe anyigbawo katã nɛ. (2 Sam. 9:6, 7) Gake ɣeyiɣi aɖe megbe la, wova gblẽ Mefiboset ŋu na David. Esi David se nyaa la, etso nya me be woaxɔ kesinɔnu mawo katã le Mefiboset si, evɔ meku nyaa me hafi o. (2 Sam. 16:1-4) Esi David va ƒo nu kple Mefiboset mlɔeba la, ekpɔe be yeda vo eye wòna wogbugbɔ kesinɔnuawo ƒe akpa aɖe na Mefiboset. (2 Sam. 19:24-29) Gake ne ɖe David gbɔ dzi ɖi ku nu me nya nyateƒe bliboa eye mese nyaa ƒe akpa aɖe ko tsɔ dzitsitsi wɔ nu o la, anye ne mewɔ nu madzɔmadzɔ ma o.

12, 13. (a) Esi amewo gblɔ ameŋugblẽnyawo ɖe Yesu ŋu la, aleke wòwɔ nui? (b) Ne ame aɖe kaka alakpanya aɖe tso mía ŋu la, nu kae míate ŋu awɔ?

12 Ke ne wogblɔ ameŋugblẽnya aɖe ɖe ŋuwò ɖe? Amewo gblɔ ameŋugblẽnyawo ɖe Yesu kple Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa hã ŋu. (Xlẽ Mateo 11:18, 19.) Aleke Yesu wɔ nui? Megblẽ eƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ ɖe nya mawo ŋu henɔ agbagba dzem be yeaʋli ye ɖokui ta o. Ke boŋ ede dzi ƒo na amewo be woalé ŋku ɖe nu siwo wɔm yenɔ kple yeƒe nufiafiawo ŋu ale be woakpɔ nyateƒea adze sii. Yesu ŋutɔ gblɔe be, “nunya ƒe dɔwɔwɔwo tsoa afia dzɔdzɔe nɛ.”—Mat. 11:19.

13  Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso Yesu ƒe kpɔɖeŋua me. Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu adzɔ be amewo nagblɔ nya siwo mesɔ o alo nya manyomanyowo ɖe mía ŋu. Ne edzɔ alea la, ɖewohĩ míadi vevie be amewo nakpɔe be alakpanyae eye míadi be míawɔ nane le nɔnɔmea ŋu atsɔ aɖɔ nu si alakpanyaa gblẽ le mía ŋu la ɖo. Ke hã, nu nyui aɖe li míate ŋu awɔ. Ne ame aɖe kaka alakpanya aɖe tso mía ŋu la, míate ŋu anɔ agbe si ana be ame aɖeke maxɔ alakpanyaa dzi ase o. Vavãe, abe ale si wònɔ le Yesu gome ene la, ne míeyi edzi nɔ agbe nyui abe ale si wòdze Kristotɔwo ene la, esia ate ŋu aɖo kpe edzi be nya totro kple ameŋugblẽnya siwo wogblɔ ɖe mía ŋu la mele eme o.

ÐE NÈKANA ÐE ÐOKUIWÒ DZI AKPA?

14, 15. Aleke ŋuɖoɖo ɖe míawo ŋutɔwo míaƒe gɔmesese ŋu ate ŋu azu mɔ̃ aɖe mí?

14 Míekpɔe be mele bɔbɔe be woanya nyateƒe bliboa be woaƒo nya ta nyuie o. Míaƒe blibomademade hã nye kuxi sesẽ bubu le go sia me. Ke ne míele Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe ƒe gbogbo aɖewoe nye esia ɖe? Ðewohĩ míetea ŋu wɔa tamebubuŋutete kple gɔmesese ŋu dɔ nyuie. Eye ɖewohĩ nɔviwo dea bubu geɖe mía ŋu le esi míebua nuwo ŋu nyuie ta. Ke ɖe esia hã ate ŋu azu mɔ̃ aɖe mía?

15 Ɛ̃, ne míeva le ŋu ɖom ɖe míawo ŋutɔwo míaƒe gɔmesese ŋu fũu akpa la, esia ate ŋu azu mɔ̃ aɖe mí. Ate ŋu adzɔ be míaɖe mɔ míaƒe seselelãme kple míaƒe susuwo nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nuŋububu dzi. Esia ate ŋu awɔe be míava nɔ sesem le mía ɖokui me be míate ŋu alé ŋku ɖe nu si le edzi yim ŋu ahase egɔme togbɔ be míenya nyateƒe bliboa o hã. Esia ate ŋu agblẽ nu ŋutɔ! Biblia xlɔ̃ nu mí eme kɔ nyuie be míagaɖo ŋu ɖe míawo ŋutɔwo míaƒe gɔmesese ŋu o.—Lod. 3:5, 6; 28:26.

16. Le kpɔɖeŋu sia me la, nu kae yi edzi le nuɖuɖudzraƒea, eye aleke Tom ƒo nya ta dzimagbɔɖitɔe?

16 Bu kpɔɖeŋu sia si menye nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ o la ŋu kpɔ. Esime Tom, si nye hamemetsitsi kpɔnuteƒe aɖe nɔ nuɖuɖudzraƒe aɖe le fiẽsi aɖe me la, ekpɔ nane si wɔ nuku nɛ ŋutɔ; ekpɔ John si nye ehati hamemetsitsi aɖe kple nyɔnu aɖe si menye srɔ̃a o wonɔ anyi ɖe kplɔ̃ ŋu. Tom kpɔ wo ame evea wonɔ nu kom, wonɔ vivi sem na dze si ɖom wonɔ, eye wonɔ asi kplam kɔ na wo nɔewo lɔlɔ̃tɔe. Esia ɖe fu na Tom ale gbegbe. Ðe esia ahe srɔ̃gbegbe vɛa? Aleke nuwo ava nɔ na John srɔ̃? Ke nu kae ava dzɔ ɖe John ƒe viwo dzi? Tom kpɔ nu gbãdziname siawo teƒe kpɔ zi geɖe. Ne wòe kpɔ nudzɔdzɔ sia teƒe ɖe, aleke nàse le ɖokuiwò me?

17. Le kpɔɖeŋua me la, nu kae Tom va nya emegbe, eye nufiame kae le kpɔɖeŋu sia me na mí?

17 Gake tɔ gbɔ. Togbɔ be Tom ƒo nya ta kaba be John mewɔ nuteƒe na srɔ̃a o hã la, ɖe wònya nyateƒe bliboa? Emegbe le fiẽ ma me la, Tom ƒo ka na John. Kpɔ ale si Tom ƒe dzi adze emee esi wòva nyae be John nɔvinyɔnue nye nyɔnu si wòkpɔ le John gbɔ le nuɖuɖudzraƒea eye du bubu mee wòzɔ mɔ tso va la ɖa. Ƒe geɖee nye ema wo ame evea womegakpɔ wo nɔewo kpɔ o. Esi wònye be ɖeko nɔvianyɔnua tso eme va yina eye gaƒoƒo ʋɛ aɖewo koe wòanɔ dua me ta la, nu si John te ŋu wɔ koe nye be eva tsoe le nuɖuɖudzraƒea ale be ye kplii yewoaɖu nu ya teti. Nɔnɔmeawo meɖe mɔ na John srɔ̃ be wòakplɔe ɖo o. Dzidzɔnyae nye be, Tom megblɔ nu si wòbu ɖe John ŋu gbã la na ame aɖeke o. Nufiame kae le eme na mí? Aleke kee míeɖakpɔ nuteƒe le Yehowa subɔsubɔ me o, ehiã be míanya nyateƒe bliboa hafi ko míate ŋu aƒo nya ta nyuie.

18. Ne mía kple nɔvi aɖe dome mele vivim o la, aleke esia ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si míebunɛ dzi?

18 Kuxi bubu si ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míada nyawo kpɔ nyuie ye nye, ne mía kple nɔvi aɖe dome mele vivim le hamea me o. Ne míetsɔa susu ɖoa ale si mía kplii ƒe nɔnɔme to vovoe dzi ɣesiaɣi la, míava nɔ susu manyomanyowo bum ɖe eŋu. Esia awɔe be, ne míese wogblɔ eŋu nya vɔ̃ aɖe la, anɔ bɔbɔe be míaxɔe ase. Nufiame kae le esia me na mí? Ne susu manyomanyowo le mía si ɖe mía nɔviwo ŋu la, esia awɔe be míate ŋu anɔ te ɖe nya siwo mele eteƒe o dzi aƒo nya ta le mɔ gbegblẽ nu. (1 Tim. 6:4, 5) Ne míedzea agbagba be míagaɖe mɔ be ŋuʋaʋã naƒo ke ɖe míaƒe dzi me ɖe mía nɔviwo ŋu o la, esia akpe ɖe mía ŋu be míanɔ susu vɔ̃ bum ɖe wo ŋu o. Mele be míaɖe mɔ seselelãme mawo nanɔ mía me ɖe mía nɔviwo ŋu o, ke boŋ ele be míanɔ ŋku ɖom edzi be Mawu bia tso mía si be míalɔ̃ wo eye míatsɔ ake wo faa tso dzi me.—Xlẽ Kolosetɔwo 3:12-14.

BIBLIA ME GƆMEÐOSEWO AKPƆ MÍA TA

19, 20. (a) Biblia me gɔmeɖose kawoe akpe ɖe mía ŋu be míada nyawo kpɔ nyuie? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

19 Nu si tae wòsesẽ ŋutɔ egbea be míakpɔ nyateƒenya siwo ku ɖe nya aɖe ŋu eye míada wo kpɔ nyuie ye nye be nya siwo ŋu kakaɖedzi mele o kple nyatakaka siwo nye nyateƒe afãafãwo la va bɔ ale gbegbe, eye míaƒe blibomademade hã nye kuxia ƒe akpa aɖe. Nu kae akpe ɖe mía ŋu? Eyae nye be míanya Biblia me gɔmeɖosewo eye míawɔ wo ŋu dɔ. Gɔmeɖose mawo dometɔ ɖekae nye be bometsitsi kple ŋukpe wònye na ame be wòaɖo nya ŋu hafi ase eŋu nyateƒenyawo. (Lod. 18:13) Biblia me gɔmeɖose bubu hã ɖoa ŋku edzi na mí be míagaxɔ nya sia nya dzi ase o, negbe ɖe míekpɔ kpeɖodzi le nyaa ŋu hafi. (Lod. 14:15) Azɔ hã, aleke kee míeɖakpɔ nuteƒe le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me o, ele be míaɖɔ ŋu ɖo be míagava nɔ ŋu ɖom ɖe míawo ŋutɔwo míaƒe gɔmesese ŋu o. (Lod. 3:5, 6) Biblia me gɔmeɖosewo akpɔ mía ta ne míekpɔ egbɔ be míewɔa nyatakaka siwo ŋu kakaɖedzi le la ŋu dɔ tsɔ ƒoa nya ta nyuie eye míetsoa nya me le nunya me.

20 Gake kuxi bubu aɖe hã li. Eyae nye ale si amegbetɔwo ƒoa nya ta alo drɔ̃a ʋɔnu zi geɖe le gotagomedzedzeme nu. Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míadzro nɔnɔme vovovo siwo me míate ŋu ada vo le le nya sia me kple ale si míawɔ be míaƒo asa na vodada mawo la me.

^ mm. 8 Kpɔ Yehowa Ðasefowo ƒe Ƒegbalẽ, ƒe 2004 tɔ, axa 111-112, kple Ƒegbalẽ ƒe 2008 tɔ, axa 133-135.