Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mègadrɔ̃ Ʋɔnu Amewo Le Woƒe Gotagomedzedzeme Nu O

Mègadrɔ̃ Ʋɔnu Amewo Le Woƒe Gotagomedzedzeme Nu O

“Midzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo le ale si wodzena le gotae la nu, ke boŋ midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.”​—YOH. 7:24.

HADZIDZI: 142, 123

1. Nya kae Yesaya gblɔ ɖi ku ɖe Yesu ŋu, eye nu ka tae esia dea dzi ƒo na mí?

NYA siwo Yesaya gblɔ ɖi tso mía Aƒetɔ Yesu Kristo ŋu la dea dzi ƒo na mí eye wonaa mɔkpɔkpɔ mí. Yesaya gblɔe ɖi be Yesu “madrɔ̃ ʋɔnu ɖe nu si eƒe ŋkuwo kpɔ la nu o, eye maka mo na ame le nu si eƒe to se la ɖeɖe ko nu o.” Ke boŋ “adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ame tsɛwo.” (Yes. 11:3, 4) Nu ka tae nya sia dea dzi ƒo na mí ɖo? Nu si tae nye be xexe sia me yɔ fũu kple ameŋkumekpɔkpɔ kple nazãbubu. Mí katã míele mɔ kpɔm na Ʋɔnudrɔ̃la deblibo si madrɔ̃ ʋɔnu ame le eƒe gotagomedzedzeme nu gbeɖe o la vevie!

2. Nu kae Yesu de se na mí be míawɔ, eye nu ka mee míadzro le nyati sia me?

2 Gbe sia gbe la, susu aɖewo nɔa mía si ku ɖe ame si ƒomevi amewo nye ŋu. Ke hã, esi míenye ame madeblibowo ta la, susu siwo míebuna ɖe amewo ŋu la menyea esiwo de blibo abe ale si wònɔ le Yesu gome ene o. Zi geɖe la, míebua amewo le ale si wole dzedzem le gotagome nu. Ke hã, esi Yesu nɔ anyigba dzi la, ede se be: “Midzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo le ale si wodzena le gotae la nu, ke boŋ midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.” (Yoh. 7:24) Eme kɔ ƒãa be, Yesu di be míanɔ abe ye ene eye míagadrɔ̃ ʋɔnu amewo le woƒe gotagomedzedzeme nu o. Le nyati sia me la, míadzro nu etɔ̃ siwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si míebua amewoe dzi la me; woawoe nye: ŋutigbalẽ ƒe amadede alo to si me ame tso, nunɔamesiwo kple ƒexɔxɔ. Ne míele nu etɔ̃ siawo dometɔ ɖe sia ɖe me dzrom la, míakpɔ mɔ siwo dzi míato awɔ Yesu ƒe sededea dzi.

MÈGADRƆ̃ ƲƆNU AMEWO LE ŊUTIGBALẼ ƑE AMADEDE ALO TO SI ME WOTSO NU O

3, 4. (a) Nudzɔdzɔ kawoe na apostolo Petro trɔ eƒe susu le ale si wòbua Trɔ̃subɔdukɔmetɔwoe ŋu? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nyateƒenya yeye kae Yehowa kpe ɖe Petro ŋu wòde dzesii?

3 Bu susu siwo anya va ta me na Petro esime wobia tso esi be wòayi Trɔ̃subɔdukɔmetɔ si nye Kornelio ƒe me le Kaisarea ŋu kpɔ. (Dɔw. 10:17-29) Tso Petro ƒe ɖevime ke la, ebua Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo be wonye ame makɔmakɔwo, abe ale si ko wònɔ le Yudatɔ bubu siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me gome ene. Ke hã, nu siwo teƒe wòkpɔ ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ la na wòtrɔ eƒe susu. Le kpɔɖeŋu me, Mawu na wòkpɔ ŋutega aɖe. (Dɔw. 10:9-16) Nu kae Petro kpɔ? Ekpɔ nane si le abe aklala ene, si me lã makɔmakɔwo le fũu la wòle ɖiɖim tso dziƒo le eŋkume eye gbe aɖe ɖi tso dziƒo gblɔ nɛ zi etɔ̃ be: “Tso, wu wo nàɖu!” Petro gbe be yemaɖui o. Eyome, gbe si ɖi tso dziƒo la gblɔ nɛ be “dzudzɔ nu siwo ŋuti Mawu kɔ la yɔyɔ be nu ƒoɖi.” Esi ŋutegaa wu enu la, Petro tɔtɔ, elabena menya nu si gbea nɔ didim be yeafia ye o. Ɣemaɣi tututue Kornelio ƒe amedɔdɔwo va ɖo. Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ na Petro be wòayi Kornelio ƒe me, eya ta, etso heyi kple amedɔdɔawo.

4 Ne ɖe Petro bu nuwo ŋu le gotagomedzedzeme ɖeɖe ko nu la, anye ne mayi Kornelio ƒe me gbeɖe o. Nya lae nye be, Yudatɔwo melɔ̃na kura be yewoage ɖe Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo ƒe me o. Ke nu ka tae Petro yi Kornelio ƒe me togbɔ be nazãbubu ma nu sẽ ɖe Yudatɔwo me hã? Ŋutega si Petro kpɔ kpakple kakaɖedzinya si gbɔgbɔ kɔkɔea gblɔ nɛ la siaa wɔ dɔ ɖe edzi vevie ŋutɔ. Esi Petro ɖo to se nya siwo Kornelio gblɔ vɔ la, ɖikeke mele eme o be, esia wɔ dɔ ɖe Petro dzi si na wògblɔ be: “Azɔ medze sii le nyateƒe me be Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya ƒe nue dzea eŋu.” (Dɔw. 10:34, 35) Gɔmesese yeye sia wɔ dɔ ɖe Petro dzi ale gbegbe, eye nufiame vevi aɖe le eme na Kristotɔwo katã! Le mɔ ka nu?

5. (a) Nu ka gɔmee Yehowa di be Kristotɔwo katã nase? (b) Togbɔ be míenya nyateƒea hã la, nɔnɔme kawoe ate ŋu aganɔ mía me kokoko?

5 Yehowa to Petro dzi nɔ kpekpem ɖe Kristotɔwo katã ŋu be woase egɔme be yemekpɔa ame ŋkume o. Ame ƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede, to si me wòtso, dukɔ si me wòtso, alo gbe si wòdona mele vevie na Yehowa o. Ke boŋ, ŋutsu alo nyɔnu ɖe sia ɖe si vɔ̃a Mawu eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la ƒe nue dzea eŋu. (Gal. 3:26-28; Nyaɖ. 7:9, 10) Ðikeke mele o be, wò ŋutɔ hã ènya esia. Ke nenye be dukɔ alo ƒome si me nazãbubu xɔ aƒe ɖo mee nètsi le ya ɖe? Togbɔ be wò ŋutɔ àte ŋu abu ɖokuiwò be yemekpɔa ame ŋkume o hã la, ɖewohĩ le ememe la, ègakpɔtɔ bua nazã ɖe ame ƒomevi aɖewo ŋu. Petro, si Yehowa na mɔnukpɔkpɔe wòɖee fia be Yehowa mekpɔa ame ŋkume o la gɔ̃ hã va bu nazã ɖe ame ƒomevi aɖewo ŋu emegbe. (Gal. 2:11-14) Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míawɔ ɖe Yesu ƒe sededea dzi adzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo le ale si wodzena le gotae la nu?

6. (a) Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadzudzɔ nazãbubu? (b) Nu kae nu si nɔviŋutsu aɖe si le agbanɔamedzinɔƒe la ŋlɔ tso nɔvi aɖe ŋu la ɖe fia?

6 Ehiã be míazã Mawu ƒe Nya la atsɔ adzro mía ɖokui me kpɔ nyuie ahakpɔe ɖa be nazãbubu gakpɔtɔ le mía me ɖe ame ƒomevi aɖewo ŋu hã. (Ps. 119:105) Azɔ hã, míate ŋu abia mía xɔlɔ̃ aɖe si dzi míeka ɖo ne wòagblɔe na mí nenye be ede dzesi nazãbubu ƒe nɔnɔme aɖe le mía me hã, elabe menye ɣesiaɣie míawo ŋutɔwo míate ŋu akpɔe adze sii o. (Gal. 2:11, 14) Ate ŋu anɔ eme be nɔnɔme sia ƒo ke ɖe mía me ale gbegbe be mele nyanya me na mí gɔ̃ hã o. Le kpɔɖeŋu me, bu nya si nɔviŋutsu aɖe si le agbanɔamedzinɔƒe la ŋlɔ tso atsu kple asi kpɔɖeŋu nyui ɖola aɖewo siwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm ŋu la ŋu kpɔ. Srɔ̃ŋutsua tso to sue aɖe si me tɔwo amewo ɖia gbɔe zi geɖe la me. Edze abe nɔviŋutsu sia si le agbanɔamedzinɔƒe la ŋutɔ menya be yebua nazã ɖe to sia me tɔwo ŋu o ene. Le nya si wòŋlɔ tso atsu kple asia ŋu ɖo ɖe habɔbɔa me la, egblɔ nya nyui geɖe tso srɔ̃ŋutsua ŋu; ke hã, eƒo eƒe nyaa ta be: “Togbɔ be [to ma me tɔe wònye] hã la, eƒe nuwɔnawo kple ale si wònɔa agbee la nana amewo kpɔnɛ be, ne ame aɖe nye [to ma me tɔ] hã la, mefia kokoko be enye fewɔla kple ame si ƒe ŋku meʋu o, abe ale si wòle le le ame siwo nye [to ma me tɔwo] dometɔ geɖe gome ene o.” Ède dzesi nufiame si le kpɔɖeŋu sia me na mía? Subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ ka kee ɖale mía si o, ele be míadzro mía ɖokui me kpɔ nyuie eye míalɔ̃ faa be woakpe ɖe mía ŋu míade dzesi nazãbubu ɖe sia ɖe si gabe ɖe míaƒe dzi me. Nu bubu kae míagate ŋu awɔ?

7. Aleke míate ŋu aɖee afia be míeʋua míaƒe dziwo me gbadzaa?

7 Ne míeʋua míaƒe dziwo me gbadzaa la, ekema míaɖe mɔ be lɔlɔ̃ nava xɔ ɖe nazãbubu teƒe le míaƒe dzi me. (2 Kor. 6:11-13) Ame siwo mia kpli wo ƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede le ɖeka, alo ame siwo mia kpli wo mietso to alo dukɔ ɖeka me, eye miedoa gbe ɖeka la koe nèlɔ̃a hadede kpliia? Ne nenemae la, ke dze agbagba nàde ha kple ame ƒomevi vovovowo. Ðe manyo be nàwɔ ɖoɖo kple nɔvi vovovowo be nàwɔ dɔ kpli wo le gbeadzi ɖekae alo nàkpe wo va wò aƒe me be miaɖu nu alo ade ha ɖekae oa? (Dɔw. 16:14, 15) Ne èwɔe alea la, lɔlɔ̃ axɔ dzi me na wò ale gbegbe be nazãbubu magakpɔ nɔƒe aɖeke le wò dzi me o. Gake nu bubuwo gali siwo me míedrɔ̃a ʋɔnu amewo le le gotagomedzedzeme nu zi geɖe. Na míalé ŋku ɖe ale si wòate ŋu adzɔe be míadrɔ̃ ʋɔnu ame le nunɔamesi si le esi nu la ŋu kpɔ.

MÈGADRƆ̃ ƲƆNU AMEWO LE KESINƆTƆNYENYE ALO AHEDADA NU O

8. Le 3 Mose 19:15 ƒe nya nu la, aleke amewo ƒe kesinɔtɔnyenye alo ahedada ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si míebua woe dzi?

8 Amewo ƒe ŋutilãmenunɔamesiwo hã tea ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe ale si míebua woe dzi. Biblia gblɔ le 3 Mose 19:15 be: “Mègate ame dahe ɖe to o, eye mègade kesinɔtɔ dzi o. Drɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na hawòvi.” Gake aleke wòate ŋu adzɔe be ame aɖe ƒe kesinɔtɔnyenye alo eƒe ahedada nakpɔ ŋusẽ ɖe ale si míebunɛ dzi?

9. Nyateƒenya wɔnublanui kae Salomo ŋlɔ ɖi, eye nufiame kae le eme na mí?

9 Gbɔgbɔ kɔkɔe la ʋã Salomo wòŋlɔ nya wɔnublanui aɖe si nye nyateƒe le mí ame madeblibowo gome la ɖi. Egblɔ le Lododowo 14:20 be: “Ame dahe haviwo ke hã léa fui, gake xɔlɔ̃ bɔ ɖe kesinɔtɔ si.” Nufiame kae le lododo sia me na mí? Eyae nye be, ne míekpɔ nyuie o la, míava nɔ didim be míadze xɔlɔ̃ nɔvi siwo si alɔme le evɔ míanɔ asa ƒom na nɔvi siwo da ahe ya. Ne ga alo ŋutilãmenu siwo le amewo si la koe kpɔa ŋusẽ ɖe ale si míebua woe dzi la, aleke gbegbee esia ate ŋu agblẽ nui?

10. Kuxi kae Yakobo de dzesii si ate ŋu agblẽ nu ŋutɔ?

10 Ne ŋutilãmenu siwo le amewo si la nue míewɔa nu ɖe wo ŋu le la, ate ŋu awɔe be míava nɔ vovototo dem nɔviwo dome le hamea me. Esia dzɔ le hame aɖewo me le ƒe alafa gbãtɔ me, eye nusrɔ̃la Yakobo xlɔ̃ nu wo tso kuxi ma ŋu. (Xlẽ Yakobo 2:1-4.) Ele be míanɔ ŋudzɔ be míagaɖe mɔ be nuŋububu sia nagblẽ nu le míaƒe hamewo me egbea o. Nu kae míate ŋu awɔ be míagava nɔ nu wɔm ɖe amewo ŋu le ale si wodzena le gotae la nu o?

11. Ðe ame ƒe ŋutilãmenunɔamesiwo wɔa akpa ɖe le ƒomedodo si le woa kple Yehowa dome la mea? Ðe eme.

11 Ele be míabu mía nɔviwo abe ale si Yehowa bua woe ene. Menye kesinɔnu si le ame aɖe si alo ale si ame aɖe da ahee ye wɔnɛ be Yehowa dea asixɔxɔ eŋu o. Míaƒe nunɔamesiwo alo míaƒe ahedada mewɔa akpa aɖeke le ƒomedodo si anɔ mía kple Yehowa dome la me o. Ele eme be Yesu gblɔ be “asesẽ na kesinɔtɔ be wòayi ɖe Dziƒofiaɖuƒe la me” ya, gake megblɔ be manya awɔ o. (Mat. 19:23) Yesu gblɔ hã be: “Dzidzɔtɔwoe nye mi ame dahewo, elabena mia tɔe nye Mawu Fiaɖuƒe la.” (Luka 6:20) Gake esia mefia be ame dahewo katãe aɖo to Yesu eye woayra wo le mɔ tɔxɛ aɖe nu o. Ame dahe geɖe medze Yesu yome o. Nya lae nye be, Menye ame ƒe nunɔamesiwoe ana míanya ƒomedodo si le eya kple Yehowa dome o.

12. Aɖaŋuɖoɖo kae le Ŋɔŋlɔawo me na kesinɔtɔwo kple ame dahewo siaa?

12 Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe le Yehowa ƒe amewo dome siwo nye kesinɔtɔwo, eye bubuwo hã da ahe, ke hã, wo katã wolɔ̃ Yehowa eye wosubɔnɛ kple dzi blibo. Ŋɔŋlɔawo gblɔ na ame siwo nye kesinɔtɔwo la be “woagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aziɔ ɖe kesinɔnu siwo dzi womate ŋu aka ɖo o la ŋu o, ke boŋ ɖe Mawu” ŋu. (Xlẽ 1 Timoteo 6:17-19.) Nenema kee Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu Mawu ƒe amewo katã, kesinɔtɔwo kple ame dahewo siaa, be woakpɔ nyuie be woaganye galɔ̃lawo o. (1 Tim. 6:9, 10) Ne míedze agbagba bua mía nɔviwo abe ale si Yehowa bua woe ene la, esia akpe ɖe mía ŋu be woƒe nunɔamesiwo alo woƒe ahedada makpɔ ŋusẽ ɖe ale si míebua woe dzi o. Ke amewo ƒe ƒexɔxɔ ya ɖe? Ðe wòle be wòakpɔ ŋusẽ ɖe ale si míebua woe dzia? Na míakpɔe ɖa.

MÈGADRƆ̃ ƲƆNU AMEWO LE WOƑE ƑEXƆXƆ NU O

13. Nu kae Ŋɔŋlɔawo fia mí tso bubudede ame tsitsiwo ŋui ŋu?

13 Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí enuenu be míade bubu ame tsitsiwo ŋu. Biblia gblɔ le 3 Mose 19:32 be: “Tso ɖe tsitrenu le ta ƒowɔ ŋkume, nàde bubu ame tsitsi ŋu, eye nàvɔ̃ wò Mawu.” Nenema kee Lododowo 16:31 hã gblɔ be: “Ta ƒowɔ nye atsyɔ̃fiakuku, ne wokpɔe le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi.” Azɔ hã, Paulo xlɔ̃ nu Timoteo be wòagahe nya ɖe ame tsitsi ŋu o, ke boŋ wòawɔ nu ɖe eŋu abe fofo ene. (1 Tim. 5:1, 2) Togbɔ be ŋusẽ aɖe sinu le Timoteo si ɖe nɔviŋutsu tsitsi mawo dzi hã la, ele be wòawɔ nu ɖe wo ŋu le dɔmenyonyo kple bubu me.

14. Ɣekaɣie wòate ŋu ahiã be míaɖɔ ame aɖe si tsi wu mí la ɖo alo aɖo aɖaŋu nɛ?

14 Gake, afi kae míawɔ gɔmeɖose ma ŋu dɔ ase ɖo? Le kpɔɖeŋu me, ne ame tsitsi aɖe ɖoe koŋ le nu vɔ̃ wɔm alo le nu si medzea Yehowa ŋu o la dom ɖe ŋgɔ la, ɖe gɔmeɖose ma da agba ɖe mía dzi be míaŋe aɖaba aƒu nu si wɔm amea le dzi alo ade edzi le esi wònye ame tsitsi ta? Yehowa madrɔ̃ ʋɔnu amewo le woƒe gotagomedzedzeme nu o, eye maŋe aɖaba aƒu ame aɖe si ɖoe koŋ le nu vɔ̃ wɔm la ƒe nuwɔna dzi le esi wònye ame tsitsi ta o. De dzesi gɔmeɖose si dze le Yesaya 65:20. Afi ma gblɔ be: “Ne nu vɔ̃ wɔla xɔ ƒe alafa ɖeka hã la, fiƒode ava edzi.” Gɔmeɖose ma tɔgbi dze le ŋutega aɖe si Ezekiel kpɔ me. (Eze. 9:5-7) Eya ta, nu si wòle be wòanɔ vevie na mí wue nye be míade bubu Ame Si Li Tso Gbe Aɖe Gbe Ʋĩi Ke, si nye Yehowa Mawu, ŋu. (Dan. 7:9, 10, 13, 14) Ne bubudede Yehowa ŋue nɔa vevie na mí wu la, ƒe ka kee ame aɖe ɖaxɔ o, míavɔ̃ be míaɖo aɖaŋu nɛ o.—Gal. 6:1.

Ðe nèdea bubu nɔviŋutsu siwo nye ɖekakpuiwo la ŋua? (Kpɔ memama 15 lia)

15. Nu kae míesrɔ̃ tso apostolo Paulo gbɔ le bubudede nɔviŋutsu siwo nye ɖekakpuiwo ŋu me?

15 Ke ɖekakpui siwo le hamea me ya ɖe? Aleke nèbua woe? Apostolo Paulo gblɔ na ɖekakpui Timoteo be: “Mègana ame aɖeke nado vlo wò ɖekakpuinyenye o. Ke boŋ nànye kpɔɖeŋu na nuteƒewɔlawo le nuƒoƒo me, le agbenɔnɔ me, le lɔlɔ̃ me, le xɔse me, le agbe dzadzɛ nɔnɔ me.” (1 Tim. 4:12) Esi Paulo ŋlɔ nya mawo na Timoteo la, anya nɔ eƒe 30-awo ƒe gɔmedzedze. Ke hã, Paulo tsɔ agbanɔamedzi kpekpewo de esi. Nu ka kee ɖanye susu si tae Paulo ɖo aɖaŋu ma nɛ o, nufiamea ya me kɔ. Mele be ƒe si ɖekakpuiwo xɔ la nakpɔ ŋusẽ ale si míebua woe dzi o. Ƒe 33 koe Yesu xɔ hafi wu subɔsubɔdɔ si wòwɔ le anyigba dzi la nu, gake wò ŋutɔ bu nu siwo gbegbe wòte ŋu wɔ ŋu kpɔ!

16, 17. (a) Aleke hamemetsitsiwo wɔna nyana nenye be nɔviŋutsu aɖe dze woakafui be woaɖoe subɔsubɔdɔwɔla alo hamemetsitsi? (b) Aleke wòate ŋu adzɔe be míawo ŋutɔwo míaƒe susuwo alo ale si wobua ɖekakpuiwoe le mía gbɔ la natsi tsitre ɖe nya si Ŋɔŋlɔawo gblɔ ŋu?

16 Ðewohĩ le afi si míetso la, womebua ɖekakpuiwo ɖe ɖeke me o. Ne nenemae la, ate ŋu adzɔ be hamemetsitsiwo nanɔ hehem ɖe megbe be yewoakafu ɖekakpui siwo dze la be woaɖo wo subɔsubɔdɔwɔlawo alo hamemetsitsiwo. Anyo be hamemetsitsiwo katã naɖo ŋku edzi be Ŋɔŋlɔawo meyɔ ƒe aɖe koŋ si wòle be ŋutsu naxɔ hafi woakafui be woaɖoe subɔsubɔdɔwɔla alo hamemetsitsi o. (1 Tim. 3:1-10, 12, 13; Tito 1:5-9) Ne hamemetsitsi aɖe ɖo se aɖe anyi le go sia me le wo gbɔ dekɔnuwo ta la, ekema mele wɔwɔm ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe mɔfiafia dzi o. Menye ame ŋutɔ ƒe susuwo alo ale si wowɔa nu ɖe ɖekakpuiwo ŋu le mía gbɔ ye wòle be wòafia mɔ mí le ale si míabu woe me o, ke boŋ nya siwo Mawu ƒe Nyaa gblɔ ye.—2 Tim. 3:16, 17.

17 Ne hamemetsitsiwo mewɔ ɖe mɔfiame siwo Biblia na ku ɖe ŋutsuwo ɖoɖo agbanɔamedzinɔƒewoe ŋu dzi o la, awɔe be woanɔ hehem ɖe megbe be woakafu nɔviŋutsu siwo dze la be woaɖo wo. Le dukɔ aɖe me la, subɔsubɔdɔwɔla aɖe tsɔa agbanɔamedzi vevi siwo wode esi la nyuie. Togbɔ be hamemetsitsi siwo le eƒe hamea me la lɔ̃ ɖe edzi be eɖo Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidi siwo wobia tso hamemetsitsiwo si la gbɔ va se ɖe afi si sɔ hã la, womekafui be woaɖoe hamemetsitsi o. Hamemetsitsi siwo tsi wu la dometɔ ʋɛ aɖewo te tɔ ɖe edzi be ɖekakpuia ƒe dzedzeme ɖi sɔhɛ akpa be woabui hamemetsitsii. Nublanuitɔe la, womekafui be woaɖoe hamemetsitsi o le susu ma dzaa ko ta. Togbɔ be kpɔɖeŋu ɖeka koe nye esia hã la, nyatakakawo ɖee fia be nuŋububu mae le ame geɖe si le xexea ƒe teƒe vovovowo. Esia tae wòle vevie ŋutɔ be míawɔ ɖe mɔfiame siwo le Ŋɔŋlɔawo me dzi, ke menye be míalé míawo ŋutɔwo míaƒe susuwo alo dekɔnuwo me ɖe asi o! Ema ko hafi míate ŋu adzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo le ale si wodzena le gotae la nu, abe ale si Yesu de se na mí ene.

MIDRƆ̃ ƲƆNU DZƆDZƆE

18, 19. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míabu mía nɔviwo abe ale si Yehowa bua woe ene?

18 Togbɔ be míede blibo o hã la, míate ŋu asrɔ̃ ale si míawɔ nu ɖe amewo ŋu ameŋkumemakpɔmakpɔe, abe ale si Yehowa wɔnɛ ene. (Dɔw. 10:34, 35) Gake ele be míayi edzi anɔ agbagba dzem le esia ŋu eye míaƒe susu nanɔ ŋkuɖodzinya siwo le Mawu ƒe Nyaa me dzi. Ne míewɔna ɖe ŋkuɖodzinya mawo dzi la, esia awɔe be míawɔ ɖe se si Yesu de be míadzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo le ale si wodzena le gotae nu la dzi.—Yoh. 7:24.

19 Eteƒe madidi o, míaƒe Fia Yesu Kristo ava drɔ̃ ʋɔnu amegbetɔwo katã, menye ɖe nu si eƒe ŋkuwo kpɔ la nu alo nu si eƒe to se la nu o, ke boŋ adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe. (Yes. 11:3, 4) Esia anyo ale gbegbe!