Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzigbɔgbɔ Blewu—Enye Dzidodo Si Ŋu Taɖodzinu Le

Dzigbɔgbɔ Blewu—Enye Dzidodo Si Ŋu Taɖodzinu Le

ESI wònye be xexea me ƒe amemiamiawo nu le sesẽm ɖe edzi le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me ta la, Yehowa ƒe amewo hiã na nɔnɔme nyui si nye dzigbɔgbɔ blewu fifia wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe. (2 Tim. 3:1-5) Míele xexe si me amewo nye ɖokuilɔ̃lawo, ame siwo melɔ̃na ɖe ɖoɖo aɖeke dzi o kple ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o le la me. Zi geɖe la, ame siwo ɖea nɔnɔme siawo fiana metea ŋu gbɔa dzi ɖi o. Eya ta, ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Ðe dzimagbɔɖi ƒe gbɔgbɔ si le xexea me la le ŋusẽ kpɔm ɖe dzinyea? Nu kae dzigbɔgbɔ blewu vavãtɔ fia? Eye aleke mawɔ be Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyui sia nanye nye amenyenye ƒe akpa aɖe ɖaa?’

NU SI DZIGBƆGBƆ BLEWU FIA

Le Biblia me la, nu si dzigbɔgbɔ blewu fia la yi ŋgɔ wu be woatsɔ nɔnɔme sesẽ aɖe kpoo ko evɔ. Ame si gbɔa dzi blewu la doa dzi le taɖodzinu aɖe ta. Metsɔa eƒe susu ɖoa eya ŋutɔ ƒe nyonyo ko ŋu o, ke eƒe susu nɔa ame bubuwo hã ƒe nyonyo ŋu, ne womewɔ nu ɖe eŋu nyuie o gɔ̃ hã. Le susu sia ta, ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ame si nye dzigbɔɖitɔ ŋu la, menaa ta o, ke boŋ enɔa mɔ kpɔm be ƒomedodo si me gblẽ la ava ɖɔ ɖo. Eya ta, mewɔ nuku o be Biblia yɔ ‘dzigbɔgbɔ blewu’ hafi yɔ nɔnɔme nyui bubu geɖe siwo lɔlɔ̃ ʋãa ame wòɖena fiana. * (1 Kor. 13:4) Mawu ƒe Nyaa gblɔ hã be “dzigbɔgbɔ blewu” nye “gbɔgbɔ la ƒe kutsetse” ƒe akpa aɖe. (Gal. 5:22, 23) Gake nu kae wòbia be mawumenɔnɔme sia nanɔ ame si?

ALE SI MÍAWƆ BE MÍASRƆ̃ DZIGBƆGBƆ BLEWU

Hafi míate ŋu atu nɔnɔme nyui si nye dzigbɔgbɔ blewu ɖo la, ele be míado gbe ɖa na Yehowa be wòana eƒe gbɔgbɔa, si wònana ame siwo kana ɖe eyama dzi heɖoa ŋu ɖe eŋu la mí. (Luka 11:13) Togbɔ be ŋusẽ le Mawu ƒe gbɔgbɔa ŋu ale gbegbe hã la, ele be míawɔ míatɔ sinua eye míawɔ nu wòawɔ ɖeka kple míaƒe gbedodoɖawo. (Ps. 86:10, 11) Esia fia be ele be míawɔ míaƒe ŋutete katã be míagbɔ dzi ɖi gbe sia gbe ale be nɔnɔme sia naƒo ke ɖe míaƒe dzi me. Ke hã, ɖewohĩ ahiã be míaku kutri geɖe wu be dzigbɔgbɔ blewu nanye míaƒe amenyenye ƒe akpa aɖe. Nu bubu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

Míate ŋu asrɔ̃ dzigbɔgbɔ blewu ne míedzro kpɔɖeŋu deblibo si Yesu ɖo ɖi la me hesrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua. Le ɖekawɔwɔ me kple Yesu ƒe kpɔɖeŋua la, gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòƒo nu tso “amenyenye yeye la,” si ƒe akpa aɖee nye “dzigbɔgbɔ blewu” ŋu, eye wòde dzi ƒo na mí be ‘míana Kristo la ƒe ŋutifafa naɖu dzi le míaƒe dziwo me.’ (Kol. 3:10, 12, 15) Míate ŋu ana ŋutifafa sia “naɖu dzi” le míaƒe dziwo me ne míena xɔse sẽŋu si nɔ Yesu si be Mawu aɖɔ nu siwo na míele fu kpem la ɖo le Eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la su mía si. Ne míesrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua la, nu ka kee ɖale dzɔdzɔm o, míado dziku ahawɔ nu dzimagbɔɖitɔe o.—Yoh. 14:27; 16:33.

Togbɔ be míedi vevie be xexe yeye si ƒe ŋugbe Mawu do la nava kaba hã la, míesrɔ̃a ale si míagbɔ dzi ɖi geɖe wu ne míede ŋugble le ale si Yehowa gbɔ dzi ɖi na míi ŋu. Ŋɔŋlɔawo ka ɖe edzi na mí be: “Yehowa mele wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodo la ŋu abe ale si ame aɖewo se blewuwɔwɔ gɔme ene o, ke boŋ egbɔa dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo katã si woatrɔ dzi me.” (2 Pet. 3:9) Ne míede ŋugble le ale si Yehowa gbɔ dzi ɖi na míi ŋu la, ɖe esia meʋãa mí be míagbɔ dzi ɖi na ame bubuwo geɖe wu oa? (Rom. 2:4) Nɔnɔme siwo me wòhiã be míagbɔ dzi ɖi le la dometɔ aɖewo ɖe?

NƆNƆME SIWO BIAA DZIGBƆÐI

Míedoa go nɔnɔme vovovo siwo doa míaƒe dzigbɔɖi kpɔna gbe sia gbe. Le kpɔɖeŋu me, ne èle dze ɖom kple amewo eye nya vevi aɖe le asiwò nèdi be yeagblɔ la, ɖewohĩ ahiã be nàgbɔ dzi ɖi ale be màgaxɔ nya le amewo nu o. (Yak. 1:19) Ðewohĩ, ahiã hã be nàgbɔ dzi ɖi ne èle nu wɔm kple hati Kristotɔ siwo ƒe nɔnɔme aɖewo mesɔna na wò tututu o. Le esi nàwɔ nu wòagbɔ eme teƒe la, nunya le eme be nàbu ale si Yehowa kple Yesu wɔa nu ɖe míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋui la ŋu. Wometsɔa susu ɖoa vodada suesuesue siwo míewɔna ŋu o. Ke boŋ, wodea dzesi míaƒe nɔnɔme nyuiwo eye wonɔa ŋku lém ɖe agbagba siwo dzem míele be míaƒe nɔnɔme nanyo ɖe edzi la ŋu dzigbɔɖitɔe.—1 Tim. 1:16; 1 Pet. 3:12.

Nɔnɔme bubu si ate ŋu ado míaƒe dzigbɔɖi kpɔe nye ne ame aɖe tso mía nu be míegblɔ nya aɖe alo míewɔ nane si mesɔ o. Edzɔna zi geɖe be míedoa dziku enumake eye míedina be míaɖe mía ɖokui nu. Ke hã, Mawu ƒe Nya la kafu mɔ bubu aɖe na mí. Egblɔ be: “Dzigbɔɖitɔ nyo wu dadala. Mègayɔ ɖe dzikudodo ŋu o, elabena bometsilawo ƒe akɔtae dziku nɔna.” (Nyagb. 7:8, 9) Le esia ta, ne nya si wotsɔ ɖe ŋuwò ƒe akpa aɖeke menye nyateƒe o gɔ̃ hã la, ele be nàgbɔ dzi ɖi ade ŋugble le nya si nàgblɔ ŋu. Yesu wɔ mɔfiame sia dzi esime amewo ɖu fewu le eŋu madzemadzee.—Mat. 11:19.

Ehiã vevie be dzilawo nagbɔ dzi ɖi ne wokpɔe be ehiã be yewoaƒo nu tso nuwɔna, dzodzro alo didi manyomanyo aɖewo siwo wode dzesii be ele ŋusẽ kpɔm ɖe yewo viwo dzi la ŋu. Bu Mattias, si nye Scandinavia Betel ƒomea me tɔ la ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Esime wònye ƒewuivi la, eƒe sukuhatiwo ɖea alɔme le eŋu enuenu le eƒe dzixɔsewo ta, gake edo dzi. Le gɔmedzedzea me la, edzilawo menya nu si nɔ edzi yim o. Ke hã, eva hiã be edzilawo nakpe akɔ kple ale si tsitretsiɖeŋu sia nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe wo via dzii, elabe eva nɔ ɖi kem eƒe dzixɔsewo. Mattias fofo, Gillis, gblɔ be: “Nɔnɔme sia bia dzigbɔɖi geɖe.” Mattias biana be: “Ame kae nye Mawu? Ke ne menye Mawu ƒe Nyae Biblia nye o ɖe? Aleke míewɔ nya be Mawue di nu si kple ekemɛ tso mía si?” Egabiaa fofoa hã be: “Nu ka tae woabu fɔm ne nyemesena le ɖokuinye me abe wò ene o eye nyemexɔ nu si dzi nèxɔ se la dzi se o?”

Gillis gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, mía via biaa nyawo dzikutɔe, evɔ menye nye alo dadaa ŋue wòdo dziku ɖo o, ke boŋ nyateƒea ŋue wòdo dziku ɖo, elabe esusui be nyateƒea na agbea le sesẽm na ye.” Aleke Gillis kpɔ nɔnɔme sia gbɔe? Egblɔ be: “Nye kple vinyea míenɔa anyi ɖoa dze gaƒoƒo geɖe. Zi geɖe la, meɖoa to sea eƒe nyawo eye mebiaa nya ɖeka eve aɖewoe be mase eƒe seselelãmewo kple susuwo gɔme. Ɣeaɖewoɣi la, meɖea nu me nɛ henana wòdea ŋugble le numeɖeɖea ŋu ŋkeke ɖeka alo esi wu nenema hafi míegayia míaƒe dzeɖoɖoa dzi. Ɣebubuɣiwo la, megblɔna nɛ be medi be matsɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo abu susu si wòɖe gblɔ la ŋu. To dzeɖoɖo siawo dzi la, Mattias va nɔ nufiafia siwo ku ɖe tafe la, Mawu ƒe dziɖulanyenye kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ŋu la gɔme sem vivivi eye wòxɔ wo dzi se. Exɔ ɣeyiɣi, eye menɔ bɔbɔe o, gake ʋɛʋɛʋɛ la, lɔlɔ̃ na Yehowa va ƒo ke ɖe eƒe dzi me. Nye kple srɔ̃nye míekpɔ dzidzɔ be agbagba siwo míedze dzigbɔɖitɔe be míakpe ɖe mía via ŋu le eƒe ƒewuiwo me la ɖe vi eye míete ŋu ɖo eƒe dzi gbɔ.”

Gillis kple srɔ̃a ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe yewo ŋu esime wonɔ agbagba dzem dzigbɔɖitɔe be yewoakpe ɖe yewo via ŋu. Gillis gblɔ be: “Megblɔna na Mattias enuenu be ale si gbegbe nye kple nɔa míelɔ̃e la ʋãa mí míedoa gbe ɖa na Yehowa vevie be wòakpe ɖe eŋu be wòase nuwo gɔme.” Aleke gbegbe dzila siawo kpɔ dzidzɔe nye esi be yewoɖe nɔnɔme nyui vevi si nye dzigbɔgbɔ blewu fia!

Tsɔ kpe ɖe kpekpeɖeŋu si Kristotɔ vavãwo ate ŋu ana amewo le gbɔgbɔ me gome ŋu la, ele be woasrɔ̃ dzigbɔgbɔ blewu le lɔlɔ̃ me ne wole be lém na woƒe ƒometɔ si le dɔ mavɔleameŋu lém. Bu Ellen, * si hã le Scandinavia ŋu kpɔ.

Ƒe enyi aɖewoe nye esi va yi la, gbagbadɔ dze Ellen srɔ̃ dzi zi eve hegblẽ nu le eƒe ahɔhɔ̃ ŋu. Esia wɔe be megatea ŋu sea veve ɖe ame nu, kpɔa dzidzɔ alo léa blanui o. Nɔnɔmea tea ɖeɖi Ellen ŋu ŋutɔ. Egblɔ be: “Nɔnɔmea bia be magbɔ dzi ɖi geɖe eye medoa gbe ɖa edziedzi.” Egblɔ kpee be: “Mawunyakpukpui vevi si faa akɔ nam wue nye esi dze le Filipitɔwo 4:13, afi si gblɔ be: ‘Metea ŋu wɔa nuwo katã to ame si doa ŋusẽm la dzi.’” Ŋusẽ sia kpe ɖe Ellen ŋu wòle dzi dom dzigbɔɖitɔe eye eka ɖe edzi bliboe be Yehowa akpe ɖe ye ŋu.—Ps. 62:5, 6.

SRƆ̃ YEHOWA ƑE DZIGBƆGBƆ BLEWU

Nyateƒee, Yehowa ye nye ame si ɖo dzigbɔgbɔ blewu ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake si míate ŋu asrɔ̃ la ɖi. (2 Pet. 3:15) Ŋutinya geɖe le Mawu ƒe Nyaa me siwo ƒo nu tso ale si Yehowa ɖe dzigbɔgbɔ blewu geɖe fia la ŋu. (Neh. 9:30; Yes. 30:18) Le kpɔɖeŋu me, aleke Yehowa wɔ nui esime Abraham bia nyawo ku ɖe nyametsotso si Yehowa wɔ be yeatsrɔ̃ Sodom ŋu? Gbã la, Yehowa metso nya le Abraham nu esime Abraham nɔ nu ƒom o. Ke boŋ, Yehowa ɖo to se Abraham ƒe biabiawo kple dzimedidi ɖe sia ɖe dzigbɔɖitɔe. Emegbe, Yehowa ɖee fia be yeɖo to Abraham esime eya ŋutɔ gagblɔ nya siwo Abraham biae kple didi siwo wòɖe gblɔ la katã heka ɖe edzi nɛ be, ne ame dzɔdzɔe ewo koe le Sodom dua me gɔ̃ hã la, yematsrɔ̃e o. (1 Mose 18:22-33) Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi Yehowa ɖo ɖi le ale si wòle be míaɖo to ase nya dzigbɔɖitɔe eye míagawɔ nu wòagbɔ eme o!

Mawumenɔnɔme si nye dzigbɔgbɔ blewu la nye amenyenye yeye si wòle be Kristotɔ ɖe sia ɖe nado la ƒe akpa vevi aɖe. Ne míeku kutri vevie srɔ̃ nɔnɔme nyui xɔasi sia la, esia dea bubu mía Fofo si le dziƒo, si léa be na mí hegbɔa dzi ɖi na mí la ŋu, eye esia awɔe hã be woabu míawo hã ade “ame siwo to xɔse kple dzigbɔɖi me nyi ŋugbedodowo dome la” dome.—Heb. 6:10-12.

^ mm. 4 Míedzro nɔnɔme nyui si nye lɔlɔ̃ me le nyati asieke siwo le vavam ɖe wo nɔewo yome, siwo dometɔ ɖe sia ɖe dzro Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖe me la ƒe gbãtɔ me.

^ mm. 15 Míetrɔ ŋkɔa.