Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Nàkpɔ Dzidzeme Ne Nuwo Trɔ Le Wò Agbe Me Gɔ̃ Hã

Ale Si Nàkpɔ Dzidzeme Ne Nuwo Trɔ Le Wò Agbe Me Gɔ̃ Hã

“Mena nye luʋɔ dze akɔ anyi eye wòli kpoo.”—PS. 131:2.

HADZIDZI: 128, 129

1, 2. (a) Ne nuwo trɔ kpata le Kristotɔ ƒe agbe me la, aleke wòate ŋu ase le eɖokui me? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Le Psalmo 131 ƒe nya nu la, nɔnɔme kae akpe ɖe mía ŋu be míaƒe dzi nadze eme?

ESI wogblɔ na Lloyd kple Alexandra siwo subɔ le Betel ƒe 25 kple edzivɔ la be woaɖo wo ɖe gbeadzi la, wolé blanui le gɔmedzedzea me. Lloyd gblɔ be: “Melɔ̃ Betel kple dɔ si mewɔna le afi ma la ale gbegbe be ewɔ nam be nyemagate ŋu awɔ dɔ bubu aɖeke o. Mese susu siwo tae wowɔ tɔtrɔa ɖo la gɔme ya, gake le kwasiɖa kple ɣleti siwo kplɔe ɖo me la, mesena le ɖokuinye me enuenu be wogbem.” Ɣeaɖewoɣi la, Lloyd sena le eɖokui me be enyo be wowɔ tɔtrɔ ma, gake sẽe kple sẽe ko la, egaléa blanui.

2 Ne nuwo trɔ kpata la, tɔtrɔ siwo gbegbe wòva hiãna be míawɔ le agbe me la ate ŋu ana míanɔ vɔvɔ̃m eye nu nate ɖe mía dzi vevie. (Lod. 12:25) Ate ŋu asesẽ na mí be míatrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu gɔ̃ hã. Le nɔnɔme sia tɔgbi me la, nu kae akpe ɖe mía ŋu be míana míaƒe ‘luʋɔ nadze akɔ anyi eye wòanɔ anyi kpoo’? (Xlẽ Psalmo 131:1-3.) Na míadzro ale si ame siwo nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣiwo kple Yehowa subɔla siwo li egbea la dometɔ aɖewo wɔ kpɔ dzidzeme esime nuwo trɔ kpata le woƒe agbe me la me.

ALE SI “MAWU ƑE ŊUTIFAFA” KPENA ÐE MÍA ŊU

3. Nɔnɔme ka mee Yosef va kpɔ eɖokui le?

3 Yosef xɔ abe ƒe 17 ene esime nɔviaŋutsuwo ʋã ŋui hetsɔe dzra wòzu kluvi. Do ŋgɔ na esia la, Yosef nye Yakob ƒe vi malɔ̃nugbɔa. (1 Mose 37:2-4, 23-28) Yosef nɔ kluvinyenye kple gaxɔ me le Egipte abe ƒe 13 ene le adzɔge ʋĩi tso fofoa Yakob si wòlɔ̃ vevie la gbɔ. Nu kae kpe ɖe Yosef ŋu be mɔkpɔkpɔ mebu ɖee eye wòlé dziku ɖe dɔ me o?

4. (a) Esime Yosef nɔ gaxɔ me la, nu ka ŋue eƒe susu nɔ? (b) Aleke Yehowa ɖo Yosef ƒe gbedodoɖawo ŋui?

4 Esime Yosef nɔ fu kpem le gaxɔ me la, anya tsɔ eƒe susu ɖo ale si Yehowa nɔ eyramee la ŋu. (1 Mose 39:21; Ps. 105:17-19) Gakpe ɖe eŋu la, drɔ̃e siwo wòku, siwo nye nyagblɔɖi, esime wònye sɔhɛ la anya na kakaɖedzii be Yehowa li kpli ye. (1 Mose 37:5-11) Anɔ eme godoo be eɖe eƒe vevesesewo gblɔ na Yehowa zi gbɔ zi geɖe. (Ps. 145:18) Yehowa ɖo gbe siwo Yosef do ɖa tso dzi me la ŋu esi wòna kakaɖedzii be ‘yeanɔ kplii’ le eƒe xaxawo katã me.—Dɔw. 7:9, 10. *

5. Aleke “Mawu ƒe ŋutifafa” ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖoe kplikpaa be míati gbɔgbɔmetaɖodzinuwo yome?

5 Togbɔ be nɔnɔme sesẽwo ɖea kpe na mí hã la, “Mawu ƒe ŋutifafa” si dzɔa míaƒe tamesusuwo ŋu la ate ŋu afa akɔ na mí. (Xlẽ Filipitɔwo 4:6, 7.) Eya ta, ne míetsi dzodzodzoe le dzimaɖitsitsi ta eye míetrɔ ɖe Yehowa ŋu la, ate ŋu ana eƒe ŋutifafa mí be wòado ŋusẽ mí míayi edzi ati gbɔgbɔmetaɖodzinuwo yome eye wòakpe ɖe mía ŋu be míagana ta o. Na míadzro ale si esia va eme le mía nɔvi aɖewo gome egbea la me.

TRƆ ÐE YEHOWA ŊU BE WÒANA DZIDZEME WÒ

6, 7. Ne míeɖe míaƒe dzimenyawo gblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me la, aleke esia ate ŋu ana dzidzeme mí? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

6 Esi wona Ryan kple Juliette nya be ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe mɔɖela vevi ƒe dɔ si wɔm wonɔ la wu enu la, ete ɖe wo dzi ŋutɔ. Ryan gblɔ be: “Enumake míedo gbe ɖa na Yehowa tso nyaa ŋu. Míenyae be nu si dzɔ la nye mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe na mí be míaɖee afia be míeɖoa ŋu ɖe eyama ŋu. Hame si me míenɔ la me tɔ geɖe va nyateƒea me eteƒe medidi o, eya ta míedo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míaɖo kpɔɖeŋu nyui na wo le xɔseɖeɖefia gome.”

7 Aleke Yehowa ɖo woƒe gbedodoɖaa ŋui? Ryan gblɔ be: “Esi míenya do gbe ɖa vɔ ko la, vɔvɔ̃ si nɔ mía me kple ale si míetsi dzimaɖi esi míese nyaa teti la nu yi. Mawu ƒe ŋutifafaa nɔ míaƒe dziwo kple tamesusuwo ŋu dzɔm. Míede dzesii be míagate ŋu ayi edzi anye dɔwɔnu veviwo na Yehowa ne míena susu nyuitɔ le mía si ɖe tɔtrɔa ŋu.”

8-10. (a) Aleke Mawu ƒe gbɔgbɔa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe dzimaɖitsitsiwo nu? (b) Mɔ kawo nue Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le ne míeɖoe kplikpaa be míayi edzi asubɔe?

8 Mawu ƒe gbɔgbɔa ate ŋu ana míaƒe dzi nadze eme, eye ate ŋu ana hã be míaƒe susu nayi Ŋɔŋlɔawo me nya vevi siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatsɔ nu siwo le vevie wu la aɖo nɔƒe gbãtɔ la dzi. (Xlẽ Yohanes 14:26, 27.) Le kpɔɖeŋu me, Philip kple Mary nye atsu kple asi aɖe si subɔ le Betel ƒe 25 kloe. Le ɣleti ene pɛ ko me la, wo ame evea siaa dada ku, woƒe ƒometɔ bubu aɖe hã ku, eye eva hiã be woakpɔ Mary fofo si susumedɔ aɖe ɖea fu na eye wòŋlɔa nu be kabakaba la dzi.

9 Philip gblɔ be: “Le gɔmedzedzea me la, ewɔ nam be mete ŋu nɔ te nɔm ɖe nɔnɔmea nu nyuie, gake mese le ɖokuinye me be nane gakpɔtɔ nam kokoko. Meva ke ɖe Kolosetɔwo 1:11 ŋu le Gbetakpɔxɔ me nusɔsrɔ̃nyati aɖe me. Ele eme be menɔ dzi dom ya, gake nane gasusɔ nam. Ehiã be ‘mado dzi bliboe le dzigbɔgbɔ blewu kple dzidzɔ me.’ Mawunyakpukpui ma ɖo ŋku edzi nam be menye ale si nuwo le edzi yim le nye agbe me lae ana makpɔ dzidzɔ o, ke boŋ ŋusẽ nyui si Mawu ƒe gbɔgbɔa akpɔ ɖe nye agbe dzi gbɔe wòatso.”

10 Esi Philip kple Mary ɖoe kplikpaa be yewoayi edzi asubɔ Yehowa esime nɔnɔmeawo nɔ sesẽm gɔ̃ hã ta la, Yehowa yra wo le mɔ geɖe nu. Esi wodzo le Betel megbe kpuie la, wo ame evea siaa kpɔ Biblia nusrɔ̃vi siwo di be woava srɔ̃ nu kpli yewo zi eve alo esi wu nenema le kwasiɖaa me. Mary gblɔ emegbe be: “Woawoe nye míaƒe dzidzɔ, elabe Yehowa to mɔ sia dzi nɔ gbɔgblɔm na mí be nu sia nu ayi nyuie.”

WƆ NU SI ANA YEHOWA NAYRA WÒ

Aleke kee nuwo ɖatrɔ le míaƒe agbe me o, aleke míate ŋu asrɔ̃ Yosef ƒe kpɔɖeŋua? (Kpɔ memama 11-13 lia)

11, 12. (a) Nu kae Yosef wɔ si wɔe be Yehowa yrae? (b) Aleke Yehowa ɖo Yosef ƒe dzidodoa teƒe nɛ?

11 Ne nuwo trɔ kpata le míaƒe agbe me la, ele bɔbɔe be míaɖe mɔ dzimaɖitsitsi ɖe ale si nuwo ava nɔ le etsɔme ŋu nana dzi naɖe le mía ƒo. Esia ate ŋu adzɔ ɖe Yosef dzi hafi. Gake le ema teƒe la, ewɔ nu sia nu si wòate ŋui le nɔnɔme si me wòkpɔ eɖokui le la me, si wɔe be Yehowa yrae. Togbɔ be Yosef nɔ gaxɔ me hã la, eku kutri wɔ dɔ ɖe sia ɖe si gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegãa de esi, abe ale si ko wòwɔ esime wònɔ dɔ wɔm na Potifar ene.—1 Mose 39:21-23.

12 Gbe ɖeka, wotsɔ ŋutsu eve siwo nye ame ŋkutawo le Farao ƒe fiasãa me tsã la de Yosef ƒe dzikpɔkpɔ te. Esi ŋutsu eveawo kpɔe be Yosef wɔa nu ɖe yewo ŋu dɔmenyotɔe ta la, wogblɔ nu si nɔ fu ɖem na wo la nɛ eye wolĩ drɔ̃e ɖefuname siwo woku le zã me la nɛ. (1 Mose 40:5-8) Yosef ŋutɔ menya be nu nyuiwo ava do tso dzeɖoɖo ma me na ye mlɔeba o. Togbɔ be eganɔ gaxɔ me ƒe eve hã la, wova ɖee le gaxɔ me mlɔeba eye wodoe ɖe dzi wòzu Farao ƒe gɔmenɔla gbe ma gbe ke.—1 Mose 41:1, 14-16, 39-41.

13. Aleke kee míaƒe nɔnɔmea ɖale o, nu kae míawɔ be Yehowa nayra mí?

13 Abe Yosef ene la, ate ŋu adzɔ be míawo hã míava kpɔ mía ɖokui le nɔnɔme aɖe si ŋu míate ŋu awɔ nu boo aɖeke le o la me. Ke hã, ne míeyi edzi gbɔ dzi ɖi eye míedze agbagba vevie wɔ nu si míate ŋu awɔ le nɔnɔme si me míele me la, esia awɔe be Yehowa nayra mí. (Ps. 37:5) Enye nyateƒe be ɣeaɖewoɣi la, ‘míatɔtɔ’ le mía ɖokui me ya, gake abe ale si Paulo gblɔe ene la, madzɔ gbeɖe be ‘mɔkpɔkpɔ nabu ɖe mí o.’ (2 Kor. 4:8; etenuŋɔŋlɔa) Paulo ƒe nya siawo ava eme na mí, vevietɔ ne míeyi edzi lé fɔ ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu.

YI EDZI NÀLÉ FƆ ÐE WÒ SUBƆSUBƆDƆA ŊU

14-16. Togbɔ be nuwo trɔ le nyanyuigblɔla Filipo ƒe agbe me enuenu hã la, aleke wòna eƒe subɔsubɔdɔa nye nu vevitɔ le eƒe agbe me?

14 Nyanyuigblɔla Filipo ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi le ale si ame nayi edzi alé fɔ ɖe eƒe subɔsubɔdɔa ŋu ne nuwo trɔ le eƒe agbe me gɔ̃ hã la gome. Le Stefano ƒe xɔsetaku megbe la, yometiti gã aɖe va Kristotɔwo dzi le Yerusalem. * Do ŋgɔ la, subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ yeye aɖe su Filipo si. (Dɔw. 6:1-6) Gake esi Kristo yomedzelawo ka hlẽ le yometitia ta la, Filipo menɔ anyi de asi asitɛ me o. Eyi ɖaɖe gbeƒã le Samaria si nye dugã si me ame geɖe mekpɔ se nya nyuia le haɖe o la me.—Mat. 10:5; Dɔw. 8:1, 5.

15 Filipo lɔ̃ faa be yeayi afi sia afi si Mawu ƒe gbɔgbɔa fia mɔe be wòayi, eya ta Yehowa zãe wòyi ɖaɖe gbeƒã le teƒe siwo nya nyuia mekpɔ ɖo haɖe o. Esi wònye be medea vovototo amewo me o ta la, ete ŋu fa akɔ na Samariatɔwo, siwo Yudatɔwo doa vloe la. Eya ta, mewɔ nuku o be amehawo se eƒe nyawo “kple dzi blibo”!—Dɔw. 8:6-8.

16 Eyome, Mawu ƒe gbɔgbɔa kplɔ Filipo yi Asdod kple Kaisarea siwo nye dugã siwo me Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo sɔ gbɔ ɖo la me. (Dɔw. 8:39, 40) Ƒe 20 aɖewo tso esime Filipo yi ɖaɖe gbeƒã zi gbãtɔ le Samaria megbe la, edze ƒãa be nuwo gatrɔ le eƒe agbe me ake. Esi wòva zu ƒome ƒe ta azɔ ta la, eya kple eƒe ƒomea wotsi nuto si me wònɔ gbeƒãɖeɖedɔa wɔm le la me. Togbɔ be nuwo trɔ le Filipo ƒe agbe me zi geɖe hã la, eyi edzi lé fɔ ɖe eƒe subɔsubɔdɔa ŋu, eye esia wɔe be Yehowa yra eya kple eƒe ƒomea geɖe ŋutɔ.—Dɔw. 21:8, 9.

17, 18. Ne míeyi edzi lé fɔ ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu la, aleke esia kpena ɖe mía ŋu míenɔa dzidzɔ kpɔm ne nuwo trɔ le míaƒe agbe me gɔ̃ hã?

17 Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla geɖewo ate ŋu aɖi ɖase be esi yewoyi edzi lé fɔ ɖe yewoƒe subɔsubɔdɔa ŋu esime nuwo trɔ le yewoƒe agbe me gɔ̃ hã la, esia kpe ɖe yewo ŋu yewokpɔtɔ nɔ dzidzɔ kpɔm. Esi Osborne kple Polite, atsu kple asi aɖe si le South Africa la, dzo le Betel la, wosusu be madidi o yewoakpɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ kple teƒe si yewoanɔ. Osborne gblɔ be: “Ke hã, míekpɔ dɔ kaba abe ale si míesusui ene o.” Srɔ̃a Polite, gblɔ be: “Míekpɔ dɔ aɖeke o ɣleti etɔ̃ sɔŋ, eye naneke menɔ gadzraɖoƒe na mí o. Menɔ bɔbɔe kura o.”

18 Nu kae kpe ɖe wo ŋu wodo dzi le nɔnɔme sesẽ ma me? Osborne gblɔe kpuie ale: “Ðekawɔwɔ kple hamea le gbeƒãɖeɖedɔa me kpe ɖe mía ŋu ŋutɔ be míaƒe susu nɔ nu siwo le vevie wu la ŋu eye dzi nɔ mía dzɔm. Míeɖoe be míalé fɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu bliboe tsɔ wu be míanɔ anyi anɔ dzimaɖi tsim, eye esia na míekpɔ dzidzɔ geɖe. Míedi dɔ le afi sia afi, eye mlɔeba míeva kpɔ dɔ.”

ÐO ŊU ÐE YEHOWA ŊU BLIBOE

19-21. (a) Nu kae akpe ɖe mía ŋu míaƒe dzi nadze eme? (b) Ne míetrɔ ɖe nɔnɔme yeye si me míekpɔ mía ɖokui le ŋu la, aleke wòaɖe vi na míi?

19 Abe ale si kpɔɖeŋu mawo ɖee fia ene la, ne míewɔ nu sia nu si míate ŋui le nɔnɔme si me míele me eye míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe la, míakpɔ dzidzeme. (Xlẽ Mika 7:7.) Ðewohĩ, míakpɔe be tɔtrɔ ɖe nɔnɔme yeyea ŋu wɔe be mía kple Yehowa dome va le kplikplikpli wu gɔ̃ hã. Polite si ƒe nya míegblɔ va yi la gblɔ tso nɔnɔme siwo me woto ŋu be: “Esi míedzo le Betel va zu mɔɖelawo la, ena mekpɔ nu si tututu wòfia be maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ne nuwo mele yiyim abe ale si mekpɔ mɔe ene o gɔ̃ hã. Nye kplii dome va le kplikplikpli wu.”

20 Mary, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gakpɔtɔ le fofoa si ku amegã la dzi kpɔm esime wòle mɔɖeɖedɔa wɔm. Egblɔ be: “Meva kpɔe be ɣesiaɣi si metsi dzimaɖi la, ele be matɔ sẽe ado gbe ɖa, eye maɖe dzi ɖi. Magblɔ be nu vevitɔ kekeake si mesrɔ̃e nye be magblẽ nu sia nu ɖe Yehowa si me, eye esia nye nu si akpe ɖe ŋunye ɖaa.”

21 Lloyd kple Alexandra, siwo ŋu míeƒo nu tsoe le gɔmedzedzea me la lɔ̃ ɖe edzi be tɔtrɔa do yewoƒe xɔse kpɔ le mɔ siwo meva susu me na yewo kpɔ o nu. Gake wogblɔ be: “Xɔse ƒe dodokpɔwo ɖenɛ fiana nenye be xɔse akuakua si ate ŋu ado ŋusẽ mí ahafa akɔ na mí le xaxaɣiwo lae le mía si. Dodokpɔ siawo wɔnɛ be míaƒe amenyenye ganyona ɖe edzi.”

Tɔtrɔ siwo míele mɔ kpɔm na o la ate ŋu ana míakpɔ yayra siwo míele mɔ kpɔm na o! (Kpɔ memama 19-21 lia)

22. Ne míedze agbagba be míawɔ nu sia nu si míate ŋui le míaƒe nɔnɔme yeyea me la, nu ka dzie míate ŋu aka ɖo?

22 Ne nuwo trɔ le wò agbe me kpata, eɖatso teokrasidɔdeasi yeye si nèxɔ, lãmesẽkuxiwo, alo ƒomegbanɔamedzi yeyewo gbɔ o, ka ɖe edzi be Yehowa tsɔ ɖe le eme na wò eye akpe ɖe ŋuwò le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. (Heb. 4:16; 1 Pet. 5:6, 7) Gake esi nèle Yehowa sinu kpɔm la, wɔ nu sia nu si nàte ŋui le nɔnɔme si me nèle la me. Nɔ gbe dom ɖa na Fofowò si le dziƒo la ale be nàte ɖe eŋu kplikplikpli, eye nàsrɔ̃ ale si nàɖo ŋu ɖe eŋu bliboe. Ne èwɔ esia la, wò hã àkpɔ dzidzeme, togbɔ be nuwo trɔ le wò agbe me gɔ̃ hã.

^ mm. 4 Esi woɖe Yosef le gaxɔ me megbe la, egblɔ be Yehowa fa akɔ na ye le yeƒe vevesesewo me, elabe ena ŋutsuvi ye. Ena ŋkɔ eƒe ŋgɔgbevi la be Manase, elabe egblɔ be: ‘Mawu na meŋlɔ nye fukpekpewo katã be.’—1 Mose 41:51, etenuŋɔŋlɔ.

^ mm. 14 Kpɔ nyati si nye “Ènyaa?” si dze le Gbetakpɔxɔ ƒe tata sia me.