Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Nu kae kpe ɖe nusrɔ̃la Stefano ŋu wòte ŋu ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ nenema gbegbe esime wonɔ eyome tim?

STEFANO le tsitre ɖe ŋutsu siwo lé fui vevie la ŋkume. Ŋutsu mawoe nye ʋɔnudrɔ̃la 71, siwo nye Sanhedrin, si nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ la me tɔwo, eye wonɔ ame siwo si ŋusẽ le wu le dukɔa me la dome. Nunɔlagã Kayafa, ame si nɔ ŋgɔ esime wodrɔ̃ ʋɔnu Yesu ɣleti ʋɛ aɖewo do ŋgɔ hetso kufia nɛ lae na wova ƒo ƒu. (Mat. 26:57, 59; Dɔw. 6:8-12) Esi aʋatsoɖasefo vovovo siwo wokplɔ vɛ la nɔ Stefano nu tsom la, wode dzesi nu wɔmoyaa aɖe le Stefano ŋu—eƒe mo nɔ “abe mawudɔla ƒe mo ene.”—Dɔw. 6:13-15.

Nu kae kpe ɖe Stefano ŋu wòte ŋu ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ nenema gbegbe le nɔnɔme ɖivɔvɔ̃ ma me? Ɣeaɖeɣi do ŋgɔ hafi woava kplɔ Stefano ayi Sanhedrin la ŋkume la, Mawu ƒe gbɔgbɔ si nye ŋusẽ triakɔ la do ŋusẽe wònɔ eƒe subɔsubɔdɔa wɔm bliboe. (Dɔw. 6:3-7) Gbɔgbɔ ma kee nɔ akɔ fam nɛ henɔ ŋku ɖom nuwo dzi nɛ esime wonɔ ʋɔnu drɔ̃mee. (Yoh. 14:16, etenuŋɔŋlɔa) Abe ale si wòdze le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ƒe ta 7 lia me ene la, esi Stefano nɔ eɖokui ta ʋlim dzinɔameƒotɔe la, gbɔgbɔ kɔkɔea na wòɖo ŋku Hebri Ŋɔŋlɔawo me nya 20 alo esi wu ema dzi. (Yoh. 14:26) Gake nu si gado ŋusẽ Stefano ƒe xɔse geɖe wue nye ŋutega aɖe si Mawu na wòkpɔ, si me Yesu le tsitre ɖe Mawu ƒe ɖusime le.—Dɔw. 7:54-56, 59, 60.

Ðewohĩ ava dzɔ gbe ɖeka be woado ŋɔdzi na mí eye woati mía yome. (Yoh. 15:20) Gake Mawu ƒe Nya la xexlẽ edziedzi kple gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ veviedodotɔe awɔe be Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nawɔ dɔ le mía me. Azɔ hã, ado ŋusẽ mí be míado dzi ne woti mía yome, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, ana míaɖe dzi ɖi bɔkɔɔ.—1 Pet. 4:12-14.