Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Mawu Awɔ?

Nu Kae Mawu Awɔ?

Ne èɖo xaxa me la, àdi godoo be ye xɔlɔ̃ vevi aɖe nakpe ɖe ye ŋu. Esi wòle alea ta la, ame aɖewo gblɔna be Mawu menye yewo xɔlɔ̃ o, elabe wosusu be ne yewo ɖo xaxa me la, mewɔa naneke tsɔ kpena ɖe yewo ŋu o. Gake le nyaa ŋutɔŋutɔ nu la, menye ɖeko Mawu wɔ nu gbogbo aɖewo siwo aɖe vi na mí la ko o, ke aɖe afɔ hã atsɔ akpɔ kuxi kple fukpekpe siwo katã ɖe kpe na mí egbea la gbɔ. Nu kae Mawu awɔ?

AÐE NU VƆ̃ÐI WƆWƆWO KATÃ ÐA

Mawu aɖe nu si gbɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã tsona la ɖa. Biblia ƒo nu tso nu si gbɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo tso ŋu ale: “Xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.” (1 Yohanes 5:19) “Vɔ̃ɖitɔ” ma menye ame bubu aɖeke tsɔ wu ame si Yesu yɔ be “xexe sia dzi ɖula” si nye Satana Abosam o. (Yohanes 12:31) Ale si Satana le ŋusẽ kpɔm ɖe amegbetɔwo dzi gbɔe wòtso be amewo le fu kpem le anyigba dzi. Nu kae Mawu awɔ?

Eteƒe madidi o, Yehowa Mawu ato Via, Yesu Kristo dzi “axɔ ŋusẽ le ame si ate ŋu ahe ku vɛ la si, si nye Abosam.” (Hebritɔwo 2:14; 1 Yohanes 3:8) Le nyateƒe me la, Biblia na míenya be Abosam ŋutɔ nya be “ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ” ne woatsrɔ̃ ye. (Nyaɖeɖefia 12:12) Mawu aɖe ame siwo katã wɔa nu vɔ̃ɖiwo hã ɖa.—Psalmo 37:9; Lododowo 2:22.

ATRƆ ANYIGBA WÒAZU PARADISO

Ne mía Wɔlaa, ɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo katã ɖa le anyigba dzi vɔ la, ana tame si wòɖo be amegbetɔwo nanɔ agbe tegbee le anyigba dzi la nava eme. Nu kawoe míakpɔ mɔ na?

Ŋutifafa kple dedienɔnɔ anɔ anyi ɖaa. “Ame fafawo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo geɖe ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:11.

Nuɖuɖu si me nunyiamewo le la anɔ anyi zã. “Agblemenukuwo ado agbogbo ɖe anyigba la dzi; woaxɔ towo tame keŋ.”—Psalmo 72:16.

Aƒe nyuiwo kple dɔ siwo me dzidzeme le anɔ anyi. “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade waingble aɖu eme kutsetse. . . . Nye ame tiatiawo ase vivi na woawo ŋutɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo bliboe.”—Yesaya 65:21, 22.

Ðe nèle mɔ kpɔm na nu siawoa? Eteƒe madidi o, míakpɔ nu siawo teƒe gbe sia gbe.

AÐE DƆLÉLE KPLE KU ÐA

Dɔléle kple ku ɖe kpe na mía dometɔ ɖe sia ɖe egbea, gake wo nu ava yi kpuie. Madidi o Mawu ana Yesu ƒe tafevɔsaa naɖe vi na mí, ale be “ame sia ame si xɔa edzi sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Nu kae esia ahe vɛ?

Dɔléle maganɔ anyi o. “Dua me tɔ aɖeke magblɔ be, ‘Mele dɔ lém’ o. Woatsɔ ame siwo le anyigba la dzi ƒe vodada ake wo.”—Yesaya 33:24.

Ku magado nuƒo na amegbetɔwo azɔ o. “Ami ku tegbee, eye Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.”—Yesaya 25:8.

Amewo anɔ agbe tegbee. “Mawu ƒe nunanae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu mía Aƒetɔ la dzi.”—Romatɔwo 6:23.

Woafɔ ame siwo ku la ɖe tsitre. “Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Dɔwɔwɔwo 24:15) Mawu ƒe nunana si nye tafea aɖe vi na mí.

Mɔ ka dzie Mawu ato be nu siawo katã nava eme?

AÐO DZIÐUÐU AÐE SI DE BLIBO LA ANYI

Mawu ato dziƒodziɖuɖu aɖe si ƒe Fiae nye Yesu Kristo dzi ana tame si wòɖo be amegbetɔwo nanɔ agbe tegbee le anyigba dzi la nava eme. (Psalmo 110:1, 2) Dziɖuɖu ma, alo fiaɖuƒe ma ŋue Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa le be: “Mía Fofo si le dziƒowo, . . . wò Fiaɖuƒe nava.”—Mateo 6:9, 10.

Mawu Fiaɖuƒea aɖu anyigba bliboa dzi eye wòaɖe nuxaxa kple fukpekpewo katã ɖa le edzi. Fiaɖuƒe sia anye dziɖuɖu nyuitɔ kekeake na amegbetɔwo! Ema tae Yesu tsɔ eɖokui na ɖe gbeƒã “Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la” esime wònɔ eƒe subɔsubɔdɔa wɔm le anyigba dzi, eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woawo hã nawɔe nenema.—Mateo 4:23; 24:14.

Esi Yehowa Mawu lɔ̃ amegbetɔ siwo nye eƒe nuwɔwɔwo ta la, edo ŋugbe be yeawɔ nu nyui siawo katã na wo. Ðe esia mena nèdi vevie be yeadze sii eye yeate ɖe eŋu oa? Ne èwɔ esia la, vi kae wòaɖe na wò? Nyati si kplɔe ɖo la aƒo nu tso eŋu.

NU KAE MAWU AWƆ? Mawu aɖe dɔléle kple ku ɖa, ana amegbetɔwo nawɔ ɖeka le eƒe Fiaɖuƒea te, eye wòana anyigbaa nazu paradiso