Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Dɔléle Sesẽ Aɖe Dze Dziwò

Ne Dɔléle Sesẽ Aɖe Dze Dziwò

“Esi mese be wokpɔ kansa le nye dzitodzito kple dɔgbo me la, mebu be wòtso kufia nam. Gake esi megbɔ tso kɔadzi la, megblɔ na ɖokuinye be, ‘Enyo, menye nu mae menɔ mɔ kpɔm na o, gake ele be mato mɔ aɖe dzi anɔ te ɖe enu.’”—Linda, si xɔ ƒe 71.

“Dɔléle sesẽ aɖe na mesea veve le nye mo ƒe miakpa dzi eye gbegblẽm ɖe edzi koe wòle. Ɣeaɖewoɣi la, vevesesea nana meléa blanui vevie. Zi geɖe la, metsia akogo eye medina be mawu ɖokuinye gɔ̃ hã.”—Elise, si xɔ ƒe 49.

NE WOKPƆ dɔléle si ate ŋu awu ame le wò ŋutɔ alo wò ame vevi aɖe ŋu kpɔ la, ke ànya ale si wògbãa dzi na amee. Tsɔ kpe ɖe dɔlélea ŋutɔ ŋu la, ele be nànɔ te ɖe wò ŋutɔ loo alo dɔnɔa ƒe nuwɔnawo hã nu. Ne mɔ si dzi woto le dɔa dam na wò nana nèsea veve, mèkpɔ ga aƒle atikeawo o, alo atikeawo ava ɖe fu na wò emegbe a, ate ŋu ana vɔvɔ̃ naɖo wò eye nàtsi dzi. Ne ame aɖe ƒe lãme gblẽ vevie la, ale si wònana ame tsia dzii la gagblẽa nyaa ɖe edzi.

Afi kae míakpɔ kpekpeɖeŋu le? Ame geɖe kpɔe be ne yewoziɔ ɖe Mawu ŋu do gbe ɖa nɛ, eye yewoxlẽ akɔfanamenyawo le Biblia me la, enana yewokpɔa gbɔdzɔe ŋutɔ. Lɔlɔ̃ si ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ɖena fiana kple woƒe kpekpeɖeŋu hã kpena ɖe ame ŋu.

NU SI AME AÐEWO WƆ TE ŊU NƆ TE ÐE ENU

Robert si xɔ ƒe 58 ɖo aɖaŋu be: “Na ale si nèxɔ Mawu dzi se nakpe ɖe ŋuwò nàdo dzi. Do gbe ɖa na Yehowa. Gblɔ ale si nèle sesem le ɖokuiwò me nɛ. Bia eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea. Biae be wòado ŋusẽ wò nànɔ te sesĩe eye nàde dzi ƒo na wò ƒomea eye nàɖe dzi ɖi esime nèle dzi dom.

“Eɖea vi ŋutɔ ne wò ƒomea sea veve ɖe nuwò, eye woli na wò. Gbe sia gbe la, wo dometɔ ɖeka alo eve ƒoa ka nam biana be, ‘Èfɔ nyuiea?’ Xɔ̃nye siwo le teƒe vovovowo hã dea dzi ƒo nam. Esia kpena ɖe ŋunye ŋutɔ be magana ta o.”

Ne èyi xɔ̃wò aɖe si dze dɔ srã ge kpɔ la, na Linda ƒe nya sia nanɔ susu me na wò. Egblɔ be: “Dɔnɔa adi be yeaɖe susu ɖa le dɔlélea ŋu ne yeƒe susu nanɔ nu bubuwo ŋu, si ta madi be yeanɔ nu ƒom tso eŋu ɣesiaɣi o. Eya ta miɖo dze tso nu bubu siwo ŋu mieɖoa dze tsonae ŋu ne miedo go.”

Le Mawu ƒe ŋusẽdoame kple akɔfanya siwo le Biblia me kple kpekpeɖeŋu si ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo nana mí ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be susu nyuiwo li siwo tae wòle be míayi edzi anɔ agbe, ne míele dɔ lém vevie gɔ̃ hã.