Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Susu Nyuiwo Li Siwo Tae Wòle Be Nànɔ Agbe

Susu Nyuiwo Li Siwo Tae Wòle Be Nànɔ Agbe

Eva hiã be woako Faizal awɔ dɔ le eƒe dzi ŋu esi srɔ̃a ku ƒe ɖeka megbe ko. Egblɔ be: “Esi mexlẽ Hiob ƒe agbalẽa la, mekpɔe be susu aɖe tae Yehowae na wotsɔe de Biblia me ɖo. Ne míele nu xam vevie eye míexlẽ nu tso ame aɖe si hã xa nu nenema kpɔ ŋu le Biblia me la, efaa akɔ na mí ŋutɔ.” Egblɔ kpee be: “Susu nyuiwo li siwo tae wòle be míayi edzi anɔ agbe.”

Ðevi koe Tarsha nye esime dadaa ku. Egblɔ be: “Wɔlaa nyanya nana tameɖoɖo kple mɔkpɔkpɔ nɔa agbea ŋu, eye wònana ame kpɔa dzidzɔ togbɔ be anɔ kuxiwo me tom hã. Míeka ɖe edzi be Yehowa alé mí ɖe te eye wòakpe ɖe mía ŋu míanɔ te sesĩe gbe sia gbe.”

NYATI SIWO do ŋgɔ ƒo nu tso nɔnɔme sesẽ vovovo siwo wɔnɛ be agbenɔnɔ sesẽna ŋu. Esi nèle dzi dom le nɔnɔme sesẽ siwo me tom nèle me la, ɖewohĩ àsusu be agbea maganya nɔ o, alo ame aɖeke metsɔ ɖeke le eme na ye o. Ka ɖe edzi be Mawu ya nya fu siwo kpem nèle. Èxɔ asi le Mawu ŋkume.

Psalmo 86 ŋlɔla gblɔ ale si wòka ɖe Mawu dzii. Egblɔ be: “Mayɔ wò le nye xaxagbe, elabena àtɔ nam.” (Psalmo 86:7) Gake awɔ na wò be, ‘Aleke Mawu atɔ nam “le nye xaxagbe”?’

Togbɔ be Mawu maɖe wò kuxiawo ɖa enumake o hã la, eƒe Nya Biblia ka ɖe edzi na wò be Mawu ate ŋu ana wò susu nadze akɔ anyi be nàte ŋu anɔ te ɖe kuxiawo nu: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mito gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada dzi miana Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo; eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu.” (Filipitɔwo 4:6, 7) Míeɖe kuku de ŋugble le ale si mawunyakpukpui siwo gbɔna la ka ɖe edzi na mí be Mawu léa be na mí la ŋu.

Mawu Léa Be Na Wò

“Mawu meŋlɔa [atsutsrɔewo] dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã be o. . . . [Èxɔ] asi sãsãsã wu atsutsrɔe geɖewo.”Luka 12:6, 7.

BU NYA SIAWO ŊU KPƆ: Xe sue siawo gɔ̃ hã le vevie na Mawu. Mawu meŋlɔa atsutsrɔe sue siawo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã be o; wo dometɔ ɖe sia ɖe nye nu gbagbe si xɔ asi le eŋkume. Amegbetɔwo xɔ asi sãsãsã na Mawu wu atsutsrɔewo. Amegbetɔe nye Mawu ƒe nuwɔwɔ siwo le anyigba dzi la dometɔ si ɖe dzesi wu, eyae Mawu wɔ ɖe eƒe “nɔnɔme nu,” eya sie ŋutete le be wòatu nɔnɔme nyui siwo le Mawu si la ɖo ahaɖe wo afia.—1 Mose 1:26, 27.

“Oo Yehowa, èdzro menye, eye nèdze sim nyuie. . . . Èdze si nye susuwo . . . Dzro menye, ne nàkpɔ ale si metsi dzodzodzoe le susu mee ɖa.” Psalmo 139:1, 2, 23.

BU NYA SIAWO ŊU KPƆ: Mawu nya wò nyuie. Enya nu siwo le ɣaɣla le wò dzi me ke kple nu siwo ŋu nètsia dzi ɖo hã. Togbɔ be amewo mase kuxi siwo me tom nèle la gɔme o hã la, Mawu tsɔ ɖe le eme na wò eye wòdi be yeakpe ɖe ŋuwò. Le esia ta susu nyuiwo li siwo ta wòle be nànɔ agbe.

Taɖodzinu Le Wò Agbe Ŋu

“Oo Yehowa, se nye gbedodoɖa; eye nye ɣlidodo hena kpekpeɖeŋu neɖo gbɔwò. . . . ”Ƒu to anyi ɖe ŋunye; ne meyɔ wò la, nàtɔ nam kaba. . . . Atrɔ ɖe wɔnamanɔŋutɔwo ƒe kokoƒoƒo ŋu.”Psalmo 102:1, 2, 17.

BU NYA SIAWO ŊU KPƆ: Ðeko wòle abe tso esime amegbetɔwo dze fukpekpe gɔme ko la, Yehowa wɔa nuŋlɔɖi tso aɖatsi siwo fam amegbetɔwo le la ŋu ene. (Psalmo 56:8) Wò aɖatsiwo hã le eme. Mawu ɖoa ŋku dodokpɔ siwo katã me tom nèle kple wò aɖatsiwo dzi, elabena èxɔ asi nɛ.

“Mègatsi dzi o, elabena nyee nye wò Mawu. Mado ŋusẽ wò; makpe ɖe ŋuwò. . . . ”Nye, Yehowa wò [Mawue], . . . nye ame si le gbɔgblɔm na wò be: ‘Mègavɔ̃ o. Makpe ɖe ŋuwò.’”Yesaya 41:10, 13.

BU NYA SIAWO ŊU KPƆ: Mawu le klalo be yeakpe ɖe ŋuwò. Ne èdze anyi la, afɔ wò ɖe te.

Mɔkpɔkpɔ Li Be Etsɔme Ava Nyo

“Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, be ame sia ame si xɔa edzi sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”Yohanes 3:16.

BU NYA SIAWO ŊU KPƆ: Èxɔ asi na Mawu ale gbegbe be wòtsɔ Via, Yesu na faa tsɔ sa vɔ ɖe tawò. Vɔsa sia awɔe be nàte ŋu ava nɔ agbe tegbee le dzidzɔ me. a

Togbɔ be nu te ɖe dziwò fifia eye wòdze abe wowu tsɔtsɔ na wo ene hã la, dze agbagba nàsrɔ̃ Mawu ƒe Nyaa nyuie eye nànɔ mɔ kpɔm na ŋugbe siwo Mawu do be nàtsɔ ado ŋusẽ wò xɔse. Ana dzi nadzɔ wò eye nàka ɖe edzi be susu nyuiwo li siwo ta wòle be nàyi edzi anɔ agbe.

a Ne èdi be yeanya nu geɖe wu tso nu si nàwɔ be Yesu ƒe tafevɔsaa naɖe vi na wò ŋu la, kpɔ video si nye Ðo Ŋku Yesu Ƒe Kua Dzi si le www.pr418.com/ee. Àkpɔe le MIA ŊU NYAWO > ŊKUÐODZI.