Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 2

Mikafu Yehowa Le Hamea Me

Mikafu Yehowa Le Hamea Me

“Makafu wò le amehawo dome.”​—PS. 22:22.

HADZIDZI 59 Kafu Yah Kplim

NYA VEVIAWO *

1. Aleke David se le eɖokui me tso Yehowa ŋu, eye nu kae esia ʋãe wòwɔ?

FIA DAVID ŋlɔ bena: “Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ.” (Ps. 145:3) Elɔ̃ Yehowa, eye lɔlɔ̃ si le esi na Yehowa la ʋãe wòkafui “le amehawo dome.” (Ps. 22:22; 40:5) Ðikeke mele eme o be, wò hã èlɔ̃ Yehowa, eye wò susu wɔ ɖeka kple David tɔ esi wògblɔ be: “Oo Yehowa, mía fofo Israel ƒe Mawu, woakafu wò tso mavɔ me yi mavɔ me.”—1 Kron. 29:10-13.

2. (a) Mɔ ka dzie míate ŋu ato akafu Yehowa? (b) Nu kae nye ame aɖewo ƒe kuxi, eye nu ka me míadzro?

2 Egbea, mɔ aɖe si dzi míetona kafua Yehowa ye nye míaƒe nyaŋuɖoɖowo le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me. Ke hã, esia wɔwɔ nye kuxi na mía nɔvi aɖewo. Wodina be yewoaɖo nya ŋu le kpekpeawo me, gake wovɔ̃na. Aleke woawɔ aɖu vɔvɔ̃ sia dzi? Eye aɖaŋuɖoɖo nyui kawoe ate ŋu akpe ɖe mí katã ŋu míaɖo nya ŋu wòatu mía nɔewo ɖo? Hafi míaɖo biabia siawo ŋu la, na míadzro susu vevi ene siwo tae míeɖoa nya ŋu le kpekpeawo me ɖo la me.

SUSU SIWO TAE MÍEÐOA NYA ŊU LE KPEKPEAWO ME

3-5. (a) Abe ale si Hebritɔwo 13:15 gblɔe ene la, nu ka tae míeɖoa nya ŋu le kpekpeawo me ɖo? (b) Ðe wòle be mí katã míaƒe nyaŋuɖoɖowo nasɔa? Ðe eme.

3 Yehowa na mɔnukpɔkpɔ mía dometɔ ɖe sia ɖe be míakafu ye. (Ps. 119:108) Míaƒe nyaŋuɖoɖowo le kpekpeawo me hã nye “kafukafuvɔsa” si míetsɔna naa Yehowa, eye ame aɖeke mate ŋu asa vɔ ma ɖe mía nu o. (Xlẽ Hebritɔwo 13:15.) Ðe Yehowa di tso mía dometɔ ɖe sia ɖe si be eƒe vɔsawo, alo nyaŋuɖoɖowo nasɔ kple nɔvia tɔa? Ao!

4 Yehowa nya be mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ŋutete kple nɔnɔmewo to vovo, eye edea asixɔxɔ agbagba siwo míedzena le eyama subɔsubɔ me la ŋu vevie. Bu vɔ siwo Israel-viwo sa na Yehowa wòdze eŋu la ŋu kpɔ. Israel-vi aɖewo te ŋu tsɔ alẽvi alo gbɔ̃ sa vɔ nɛ. Gake Israel-vi si da ahe la ate ŋu ana “akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve.” Eye ne Israel-vi aɖe mate ŋu ana xe siawo o la, ate ŋu ana “wɔ memee efa me mama ɖe ewo ƒe akpa ɖeka” wòadze Yehowa ŋu. (3 Mose 5:7, 11) Wɔ mexɔ asi o, gake zi ale si wònye “wɔ memee” ko la, edzea Yehowa ŋu.

5 Nenema tututue mía Mawu dɔmenyotɔ la sena le eɖokui me egbea hã tso míaƒe vɔsawo ŋu. Yehowa medi tso mía si be, le míaƒe nyaŋuɖoɖo me la, mía dometɔ ɖe sia ɖe nabi ɖe nuƒoƒo me abe Apolo ene alo míaƒe nyawo nawɔ dɔ ɖe ame dzi abe Paulo ƒe nuƒowo ene o. (Dɔw. 18:24; 26:28) Nu si Yehowa di tso mía si koe nye be míaɖo nya ŋu le mɔ nyuitɔ kekeake si míate ŋui nu. Ðo ŋku ahosi si dzɔ gaku sue eve la dzi. Yehowa de asixɔxɔ eŋu, elabe nu siwo katã le esi ye nye ema wòdzɔ.—Luka 21:1-4.

Ne míeɖo nya ŋu la, eɖea vi na míawo ŋutɔwo kple ame bubuwo hã (Kpɔ memama 6-7 lia) *

6. (a) Le Hebritɔwo 10:24, 25 ƒe nya nu la, aleke míesena le mía ɖokui me tso mía nɔviwo ƒe nyaŋuɖoɖowo ŋu? (b) Nu kae nàwɔ atsɔ aɖee afia be èkpɔ ŋudzedze ɖe nyaŋuɖoɖo siwo de dzi ƒo na wò la ŋu?

6 Míetoa míaƒe nyaŋuɖoɖowo dzi dea dzi ƒo na mía nɔewo. (Xlẽ Hebritɔwo 10:24, 25.) Nyaŋuɖoɖo vovovo siwo míesena le kpekpeawo me la nana míekpɔa dzidzɔ. Ne ɖevi sue aɖe ɖo nya ŋu tso dzi me la, enya sena na mí ŋutɔ. Ne ame aɖe tsɔ dzidzɔ ƒo nu tso nyateƒenya aɖe si ŋu wòke ɖo yeyee le eƒe nusɔsrɔ̃ me ŋu la, esia wɔa dɔ ɖe mía dzi ale gbegbe. Eye ne “dzi ɖo” ame siwo ŋu kpena alo ame siwo te míaƒe gbea sɔsrɔ̃ eteƒe medidi o la “ƒo” woɖo nya ŋu la, edea dzi gbɔ na mí. (1 Tes. 2:2) Nu kae míawɔ atsɔ aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe agbagba si wodze te ŋu ɖo nya ŋu la ŋu? Le kpakpa vɔ megbe la, míate ŋu ada akpe na wo ɖe woƒe nyaŋuɖoɖo tuameɖo la ta. Mɔ bubu si dzi míato aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ye nye be míawo ŋutɔwo hã míaɖo nya ŋu. Ekema, menye ɖeko amewo ade dzi ƒo na mí ko evɔ o, ke míawo hã míade dzi ƒo na amewo.—Rom. 1:11, 12.

7. Ne míeɖo nya ŋu la, aleke wòɖea vi na mí?

7 Ne míeɖo nya ŋu la, eɖea vi na míawo ŋutɔwo hã. (Yes. 48:17) Le mɔ ka nu? Gbã la, ne míeɖoe be míaɖo nya ŋu le kpekpeawo me la, esia ʋãa mí be míadzra ɖo nyuie ɖe wo ŋu. Ne míedzra ɖo nyuie la, esia wɔnɛ be míeva sea Mawu ƒe Nya la gɔme nyuie wu. Eye ne míese Mawu ƒe Nya la gɔme nyuie wu la, esia nana be míetea ŋu wɔa nu si míesrɔ̃ la ŋu dɔ nyuie wu. Evelia, míesea vivi na kpekpeawo geɖe wu ne míawo hã míekpɔ gome le numedzodzroa me. Etɔ̃lia, esi wònye be míedzea agbagba geɖe hafi tea ŋu ɖoa nya ŋu ta la, míetea ŋu ɖoa ŋku nya vevi siwo ŋu míeƒo nu tsoe la dzi ɣeyiɣi didi aɖe megbe gɔ̃ hã.

8-9. (a) Abe ale si wòdze le Malaki 3:16 ene la, aleke nèsusu be Yehowa sena le eɖokui me ne míeɖo nya ŋu? (b) Gake nu kae ame aɖewo vɔ̃na na?

8 Ne míeʋu míaƒe xɔse me la, edzea Yehowa ŋu. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ɖoa to mí ne míele nya ŋu ɖom le kpekpeawo me, eye ekpɔa ŋudzedze ɖe agbagba siwo míedzena be míaɖo nya ŋu la ŋu ale gbegbe. (Xlẽ Malaki 3:16.) Ne míeku kutri vevie be míadze eŋu la, eyraa mí tsɔ ɖenɛ fiana be yekpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu.—Mal. 3:10.

9 Edze ƒãa be susu nyuiwo le mía si siwo tae wòle be míaɖo nya ŋu le kpekpeawo me ɖo. Ke hã, ame aɖewo vɔ̃na be yewoado asi ɖe dzi. Ne nenemae nèsena le ɖokuiwò me la, dzi megaɖe le ƒowò o. Na míadzro Biblia me gɔmeɖosewo, kpɔɖeŋuwo, kple aɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo siwo ate ŋu akpe ɖe mí katã ŋu be míaɖo nya ŋu le kpekpeawo me geɖe wu la me.

ALE SI NÀWƆ AÐU VƆVƆ̃ DZI

10. (a) Nu kae mía dometɔ geɖe vɔ̃na na? (b) Ne èvɔ̃na be yeaɖo nya ŋu la, nɔnɔme nyui ka ƒe dzesie esia ate ŋu anye?

10 Ðe wò dzi lãna kpo ɣesiaɣi si nèdi be yeado asi ɖe dzi aɖo nya ŋua? Ne nenemae la, ke menye wò ɖeka koe o. Nya lae nye be, mía dometɔ geɖe míevɔ̃na vie ne míele nya ŋu ɖom. Hafi nàte ŋu aɖu vɔvɔ̃ sia dzi la, ele be nàde dzesi nu si gbɔ wòtso. Ðe nèvɔ̃na be yeava ŋlɔ nya si yedi be yeagblɔ la be alo yeƒe nyaŋuɖoɖoa masɔ oa? Ðe nètsia dzi be yeƒe nyaŋuɖoɖoa manyo ade ame bubuwo tɔ nu oa? Le nyateƒe me la, vɔvɔ̃ siawo tɔgbi ate ŋu anye nɔnɔme nyui aɖe ƒe dzesi. Ate ŋu afia be ènye ɖokuibɔbɔla eye nèbua ame bubuwo be wonye gã wu ye. Nɔnɔme nyui sia dzea Yehowa ŋu. (Ps. 138:6; Flp. 2:3) Ke hã, Yehowa di be nàkafu ye ahade dzi ƒo na nɔviwo le kpekpeawo me. (1 Tes. 5:11) Elɔ̃ wò, eye ana dzi nanɔ ƒowò be nàte ŋu awɔ esia.

11. Ŋkuɖodzinya kawoe le Ŋɔŋlɔawo me siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

11 Bu Ŋɔŋlɔawo me ŋkuɖodzinya aɖewo ŋu kpɔ. Biblia gblɔ be mí katã míedaa vo le nya siwo míegblɔna kple ale si míegblɔa woe me. (Yak. 3:2) Yehowa medi blibodede tso mía si o, eye nenema kee mía nɔviwo hã medi blibodede tso mía si o. (Ps. 103:12-14) Mí kpli wo katã míenye ƒome ɖeka, eye wolɔ̃ mí. (Marko 10:29, 30; Yoh. 13:35) Wosea egɔme be ɣeaɖewoɣi la, míeɖoa nya ŋu abe ale si tututu míedii ene o.

12-13. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Nehemiya kple Yona ƒe kpɔɖeŋuawo me?

12 Bu ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe, siwo ƒe kpɔɖeŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖu vɔvɔ̃ dzi la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ. Èɖo ŋku Nehemiya dzia? Esubɔ le fia sẽŋu aɖe ƒe fiasã me. Eva dzɔ gbe ɖeka be Nehemiya lé blanui, le esi wòse be Yerusalem zu aƒedo ta. (Neh. 1:1-4) Bu ale si eƒe dzi anya lã kpo esime fia la biae be wòagblɔ nu si tae wòlé blanui ɖo la na ye ŋu kpɔ! Nehemiya do gbe ɖa enumake eye wòɖo nya ŋu na fia la. Eye fia la wɔ nu geɖe tsɔ kpe ɖe Mawu ƒe amewo ŋu. (Neh. 2:1-8) Bu Yona hã ŋu kpɔ. Esi Yehowa bia tso esi be wòayi aɖaxlɔ̃ nu Niniwetɔwo la, Yona vɔ̃ ale gbegbe be esi ɖo ta teƒe bubu kura. (Yona 1:1-3) Gake Yehowa kpe ɖe Yona ŋu wòwɔ dɔ si wòde esi la. Eye nya siwo Yona gblɔ na Niniwetɔwo la ɖe vi geɖe na wo. (Yona 3:5-10) Le Nehemiya ƒe kpɔɖeŋua me la, míesrɔ̃e be ele vevie be míado gbe ɖa hafi aɖo nya ŋu. Eye le Yona ƒe kpɔɖeŋua me la, míesrɔ̃e be Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míasubɔe, aleke kee míeɖale vɔvɔ̃m o. Ne míagblɔe tututu la, hame aɖeke meli egbea si me tɔwo ɖi vɔvɔ̃ abe Niniwetɔwo ene o ɖe, alo?

13 Aɖaŋuɖoɖo nyui kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖo nya ŋu le kpekpeawo me wòade dzi ƒo na nɔviwo? Na míadzro wo dometɔ aɖewo me kpɔ.

14. Nu ka tae wòle be míadzra ɖo nyuie ɖe míaƒe kpekpeawo ŋu, eye ɣekaɣie míate ŋu awɔ esia?

14 Dzra ɖo ɖe kpekpe ɖe sia ɖe ŋu. Ne èwɔ ɖoɖo aɖe koŋ ɖe esia wɔwɔ ŋu eye nèdzra ɖo nyuie la, ana dzi nanɔ ƒowò be nàte ŋu aɖo nya ŋu. (Lod. 21:5) Míaƒe ɖoɖowo ate ŋu anɔ vovovo. Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu ahosi aɖe si ŋkɔe nye Eloise, si le eƒe ƒe 80-awo me la dzea Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a dzadzraɖo gɔme ne kwasiɖaa nya dze egɔme ko. Egblɔ be: “Ne medzra ɖo do ŋgɔ hafi de kpekpea la, mesea vivi nɛ geɖe wu.” Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Joy, si wɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔwɔɖui la ɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi koŋ le Memleɖagbe be yeatsɔ anɔ Gbetakpɔxɔ srɔ̃m. Egblɔ be: “Medina be nusɔsrɔ̃a nanɔ yeye le susu me nam.” Nɔviŋutsu Ike, si nye hamemetsitsi si ŋu vovo menɔna kura o eye wòganye mɔɖela la gblɔ be: “Mekpɔe be eɖea vi geɖe nam be masrɔ̃ nua vivivi le kwasiɖa bliboa me tsɔ wu be masrɔ̃ wo katã zi ɖeka.”

15. Aleke nàwɔ adzra ɖo nyuie ɖe kpekpeawo ŋu?

15 Ne èle dzadzram ɖo ɖe kpekpeawo ŋu la, afɔ kawoe wòhiã be nàɖe? Hafi nàdze nusɔsrɔ̃a gɔme la, do gbe ɖa na Yehowa be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea wò. (Luka 11:13; 1 Yoh. 5:14) Eyome, da ŋku ɖe nusɔsrɔ̃a me. Lé ŋku ɖe tanyaa, tanya sueawo, nɔnɔmetataawo kple fotoawo kpakple aɖakaawo ŋu. Azɔ trɔ ɖe memamawo ŋu, eye ne èxlẽ memama ɖe sia ɖe vɔ la, xlẽ mawunyakpukpui siwo me nyawo womeŋlɔ ɖe eme o la. De ŋugble le nu si srɔ̃m nèle la ŋu, vevietɔ esiwo ŋu nàdi be yeaɖo nya ŋu le. Ale si gbegbe nèdzra ɖoe la ye afia ale si gbegbe nusɔsrɔ̃a aɖe vi na wòe kple ale si gbegbe wòate ŋu anɔ bɔbɔe na wò be nàɖo nya ŋu.—2 Kor. 9:6.

16. Dɔwɔnu kawoe nàte ŋu azã atsɔ adzra ɖo ɖe kpekpeawo ŋu, eye aleke nèwɔa wo ŋu dɔe?

16 Ne anya wɔ na wò la, zã dɔwɔnu siwo le mɔ̃ dzi siwo le gbe si nèse me la. Yehowa to eƒe habɔbɔa dzi na dɔwɔnu siwo le mɔ̃ dzi la mí be woakpe ɖe mía ŋu míadzra ɖo ɖe kpekpeawo ŋu. JW Library® dɔwɔnua kpena ɖe mía ŋu be míetea ŋu hea agbalẽ siwo míesrɔ̃na la ɖe míaƒe asitelefonwo dzi. Esia wɔnɛ be afi ka kee míeɖale o, míetea ŋu srɔ̃a nu—míetea ŋu xlẽa míaƒe agbalẽwo alo ƒoa esiwo woxlẽ lé ɖi la—ɣesiaɣi si míedi. Ame aɖewo wɔa dɔwɔnu sia ŋu dɔ tsɔ srɔ̃a nu le ŋdɔnuɖuɣi ne wole dɔ me alo suku alo ne wole mɔ zɔm. Watchtower Library kple Gbetakpɔxɔ INTERNET DZI AGBALẼDZRAÐOƑE la nana wònɔa bɔbɔe na mí be míaku nu me le nyati aɖe si ŋu míele nu srɔ̃m tsoe la ŋu tsitotsito.

Ɣekaɣie nèɖo ɖi be yeatsɔ adzra ɖo ɖe kpekpeawo ŋu? (Kpɔ memama 14-16 lia) *

17. (a) Nu ka tae wònyo be míadzra ɖo ɖe nyaŋuɖoɖo vovovowo ŋu? (b) Nu kae nèsrɔ̃ tso video si nye Nye Yehowa Xɔlɔ̃—Dzra Ðo Nàɖo Nya Ŋu la me?

17 Ne anya wɔ la, dzra ɖo ɖe nyaŋuɖoɖo vovovowo ŋu na nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe. Nu ka tae? Nu si tae nye be menye ɣesiaɣie woayɔ wò ne èdo asi ɖe dzi o. Ame bubuwo hã ado asi ɖe dzi le ɣeyiɣi ma ke me, eye ate ŋu adzɔ be nusɔsrɔ̃a dzi kpɔlaa nayɔ wo dometɔ ɖeka. Azɔ hã, nusɔsrɔ̃a dzi kpɔlaa ate ŋu atiae be yeayɔ ame ʋɛ aɖewo ko le nusɔsrɔ̃a ƒe akpa aɖe, le esi wòdi be yeanɔ game dzi ta. Eya ta, ne meyɔ wò le nusɔsrɔ̃a ƒe gɔmedzedze o la, megate ɖe dziwò o, eye dzi megaɖe le ƒowò o. Ne èdzra ɖo ɖe nyaŋuɖoɖo vovovowo ŋu la, mɔnukpɔkpɔ geɖe asu asiwò be nàkpɔ gome le numedzodzroa me. Àte ŋu adzra ɖo be yeaxlẽ mawunyakpukpui aɖe hã. Gake ne anya wɔ na wò la, dzra ɖo be yeaɖo nya ŋu le wò ŋutɔ wò nyagbewo me. *

18. Nu ka tae wòle be wò nyaŋuɖoɖowo nanɔ kpuie?

18 Na wò nyaŋuɖoɖowo nanɔ kpuie. Zi geɖe la, nyaŋuɖoɖo siwo tua ame ɖo la nye esiwo le kpuie hele kpokploe. Eya ta, ɖoe wò taɖodzinu be yeana yeƒe nyaŋuɖoɖowo nanɔ kpuie. Dze agbagba nàɖo nya ŋu le sɛkɛnd 30 ko me. (Lod. 10:19; 15:23) Ne ƒe gbogbo aɖewoe nye esia nèɖoa nya ŋu le kpekpeawo me la, ke akpa vevi aɖe li nàte ŋu awɔ; eyae nye be, nàɖo kpɔɖeŋu nyui le ale si nàɖo nya ŋu kpuie la me. Ne èƒoa nu legbee miniti geɖe la, esia ate ŋu ade vɔvɔ̃ lãme na ame bubuwo eye woase le wo ɖokuiwo me be yewomate ŋu aɖo nya ŋu abe wò ene o. Azɔ hã, nyaŋuɖoɖo kpuiwo wɔnɛ be mɔnukpɔkpɔ sua ame bubuwo hã si be woakpɔ gome le numedzodzroa me. Nu bubu si gale vevie ye nye be, ne wòe woyɔ gbã la, ɖo nyaa ŋu kpuie wòayi nyaa gbɔ tẽe. Mègaƒo nu tso nya sia nya ŋu le memamaa me o. Ne woƒo nu tso nya vevi si le memamaa me ŋu vɔ la, àte ŋu aƒo nu tso numeɖeɖe bubuwo ŋu.—Kpɔ aɖaka si nye “ Nye Nyaŋuɖoɖowo Ate Ŋu Anye:

19. Mɔ ka nue nusɔsrɔ̃a dzikpɔla ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le, gake nu kae wòle be wò ŋutɔ hã nàwɔ?

19 Na nusɔsrɔ̃a dzi kpɔlaa nanya be yedi be yeaɖo nya ŋu le memama aɖe koŋ me. Ne èdi be yeawɔ esia la, ke na nusɔsrɔ̃a dzi kpɔlaa nanya do ŋgɔ hafi kpekpea nadze egɔme. Ne mieɖo memama ma dzi la, do asi ɖe dzi kaba eye nàna asia nayi dzi nyuie ale be nusɔsrɔ̃a dzi kpɔlaa nate ŋu akpɔe.

20. Mɔ ka nue míaƒe hame ƒe kpekpewo le abe kplɔ̃ɖoɖo ene le?

20 Bu hamea ƒe kpekpewo abe kplɔ̃ɖoƒe aɖe si wò kple xɔ̃wò vevi aɖewo miede ene. Tsɔe be, xɔ̃wò aɖewo siwo le hamea me la kpe wò be nàva ne yewoaɖu nu ɖekae, eye wobia tso asiwò be nàɖa nu vi aɖe vɛ. Aleke nàwɔ nui? Ðewohĩ àtsi dzi vie, gake àdze agbagba be yeatsɔ nu nyui aɖe si ado dzidzɔ na wo la ayii. Yehowa, Ame si kpe mí la, tsɔ nu nyui geɖe ɖo kplɔ̃ na mí le míaƒe kpekpewo me. (Ps. 23:5; Mat. 24:45) Eye ne míetsɔ nunana suetɔ kekeake si le mía si vɛ la, edzea eŋu ŋutɔ. Eya ta, dzra ɖo nyuie eye nàɖo nya ŋu zi gbɔ zi ale si nàte ŋui. Ekema, menye ɖeko nàva ɖu nu le Yehowa ƒe kplɔ̃ ŋu ko evɔ o, ke boŋ wò hã àtsɔ nane vɛ na ame bubuwo hã.

HADZIDZI 2 Ŋkɔwòe Nye Yehowa

^ mm. 5 Abe hakpala David ene la, mí katã míelɔ̃ Yehowa, eye edzɔa dzi na mí be míakafui. Ne míekpe ɖekae be míasubɔ Mawu le míaƒe hamewo me la, esia naa mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ mí be míaɖe ale si gbegbe míelɔ̃e la afia. Gake esesẽna na mía dometɔ aɖewo be míaɖo nya ŋu le kpekpeawo me. Ne esia nye wò kuxi la, ke nyati sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàde dzesi nu si gbɔ wòtso be nèvɔ̃na be yeaɖo nya ŋu eye nàɖu vɔvɔ̃ ma dzi.

^ mm. 17 Kpɔ video si nye Nye Yehowa Xɔlɔ̃—Dzra Ðo Nàɖo Nya Ŋu le jw.org. Àkpɔe le BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > ÐEVIWO.

^ mm. 63 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Hamea me tɔwo le gome kpɔm le Gbetakpɔxɔ me dzodzro me dzidzɔtɔe.

^ mm. 65 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Hamea me tɔ siwo dze le foto gbãtɔa me le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a wɔɣi la dometɔ aɖewoe nye esiawo. Togbɔ be wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe nɔnɔmewo le vovovo hã la, wo katã woɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi tsɔ srɔ̃ nyatia do ŋgɔ na kpekpea.