Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 6

Lé Wò Fɔmaɖimaɖi Me Ðe Asi!

Lé Wò Fɔmaɖimaɖi Me Ðe Asi!

“Nyemaɖe asi le nye fɔmaɖimaɖi ŋu va se ɖe esime maku o!”—HIOB 27:5.

HADZIDZI 34 Zɔ Le Fɔmaɖimaɖi Me

NYA VEVIAWO *

1. Aleke Yehowa Ðasefo etɔ̃ siwo ŋu woƒo nu tsoe le memama sia me la yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa?

BU NU si dzɔ ɖe Yehowa Ðasefo etɔ̃ aɖewo dzi la ŋu kpɔ. (1) Nɔvinyɔnuvi sue aɖe le suku gbe ɖeka, eye woƒe nufialaa bia tso sukuviawo katã si be woakpɔ gome le ŋkekenyui ƒe wɔna aɖe me. Nyɔnuvia nyae be wɔna sia medzea Mawu ŋu o, eya ta, egbe bubutɔe be yemakpɔ gome le eme o. (2) Nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe si ŋu kpena la le gbeƒã ɖem tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu. Ede dzesii be yeƒe sukuhati aɖe si ɖe alɔme le Yehowa Ðasefowo ŋu kpɔ la le aƒe si kplɔe ɖo la me. Ke hã, ɖekakpuia yi ɖaɖe gbeƒã le aƒea me. (3) Nɔviŋutsu aɖe wɔa dɔ veviedodotɔe be yeakpɔ yeƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ, gake gbe ɖeka la, eƒe dɔmemegã bia tso esi be wòawɔ nu fitifiti aɖe. Togbɔ be enya be ne yegbe la dɔa ate ŋu age le ye si hã la, eɖe eme na eƒe dɔmemegãa be ele be yeaɖi anukware ahawɔ ɖe dukɔa ƒe se dzi, elabena esiae Mawu di tso esubɔlawo si.—Rom. 13:1-4; Heb. 13:18.

2. Biabia kawo mee míadzro, eye nu ka tae?

2 Nɔnɔme nyui kae nède dzesi le nɔvi etɔ̃awo ŋu? Ðewohĩ, ànya de dzesi nɔnɔme vovovowo abe dzinɔameƒo kple anukwareɖiɖi ene le wo ŋu. Ke hã, nɔnɔme nyui aɖe hã ɖe dzesi le wo katã ŋu—eyae nye fɔmaɖimaɖi. Wo ame etɔ̃a katã wɔ nuteƒe na Yehowa. Wo dometɔ ɖe sia ɖe gbe be yemada le Mawu ƒe nudidiwo dzi o. Nɔnɔme nyui si nye fɔmaɖimaɖi ye ʋã wo wowɔ nu nenema. Ðikeke mele eme o be, Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu le nɔnɔme nyui sia si woɖe fia ta. Míawo hã míedi be míawɔ nu si adze mía Fofo si le dziƒo la ŋu. Eya ta, na míadzro biabia siawo me: Nu kae nye fɔmaɖimaɖi? Nu ka tae wòle be míanye fɔmaɖilawo? Eye aleke míawɔ ado ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa be míayi edzi alé míaƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi le nɔnɔme sesẽwo me?

NU KAE NYE FƆMAÐIMAÐI?

3. (a) Nu kae nye fɔmaɖimaɖi? (b) Biblia me kpɔɖeŋu kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase nu si fɔmaɖimaɖi nye la gɔme?

3 Aleke Mawu subɔlawo ɖea nɔnɔme nyui si nye fɔmaɖimaɖi fiana? Wowɔa esia to ale si woyia edzi lɔ̃a Yehowa tso dzi blibo me kple ale si wotsɔa wo ɖokuiwo nana Eyama bliboe me, eye esia wɔnɛ be wowɔa nu siwo dzea eŋu ɣeawokatãɣi. Bu ale si wozã nya fɔmaɖimaɖi le Biblia me ŋu kpɔ. Le Biblia me la, Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “fɔmaɖimaɖi” la fia: sɔsɔ bliboe, kpɔtsɔtsɔmanɔŋui alo nu si de le goawo katã me. Le kpɔɖeŋu me, Israel-viwo tsɔa lãwo saa vɔ na Yehowa, eye Sea bia be ele be lã siwo woazã la nasɔ bliboe. * (3 Mose 22:21, 22) Sea meɖe mɔ be Mawu ƒe amewo natsɔ lã aɖe si ƒe ata ŋe, lã ŋkuagbã, alo lã toɖeka atsɔ asa vɔe o; nenema kee mele be woatsɔ lã lédɔ hã asa vɔe o. Le Yehowa gbɔ la, ele vevie be lãa nasɔ bliboe, kpɔtsɔtsɔ naganɔ eŋu o, eye wòade le goawo katã me. (Mal. 1:6-9) Míate ŋu ase nu si tae Yehowa di be lãa nasɔ bliboe alo wòade pɛpɛpɛ la gɔme. Ne míeƒle atikutsetse aɖe la, míedina be eƒe akpa aɖeke navó o; ne míeƒle agbalẽ aɖe la, míedina be eƒe akpa aɖeke naɖe ɖa o; nenema kee ne míeƒle dɔwɔnu aɖe la, míedina be nu sia nu nade pɛpɛpɛ le eŋu. Míedina be nua nasɔ bliboe, kpɔtsɔtsɔ aɖeke naganɔ eŋu o, alo wòade le goawo katã me. Nenema tututue Yehowa hã dina be míalɔ̃ ye ahawɔ nuteƒe na ye. Edi be míalɔ̃ ye kple dzi blibo eye míawɔ nuteƒe na ye le goawo katã me.

4. (a) Nu ka tae ame madeblibo ate ŋu alé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi? (b) Le Psalmo 103:12-14 ƒe nya nu la, nu kae Yehowa bia tso mía si?

4 Ðe wòle be míaƒo nya ta be ele be míanye ame deblibowo hafi míate ŋu alé fɔmaɖimaɖi me ɖe asia? Le nyateƒe me la, mía dometɔ aɖeke mede blibo o, eye míedaa vo zi geɖe. Gake, bu susu eve siwo tae mele be míasusui be ehiã be míade blibo hafi ate ŋu awɔ nuteƒe na Mawu o la ŋu kpɔ. Gbã la, Yehowa metsɔa eƒe susu ɖoa míaƒe vodadawo ŋu o. Eƒe Nya la gblɔ na mí be: “Oo Yah, ne vodadawo ŋue nèléa ŋku ɖo la, Oo Yehowa, anye ne ame kae ate ŋu anɔ te?” (Ps. 130:3) Enyae be míede blibo o, eye míenye nu vɔ̃ mewo; eye etsɔ kea mí dɔmenyotɔe. (Ps. 86:5) Evelia, Yehowa nya afi si míaƒe ŋutetewo se ɖo, eye mebiaa nu si gbɔ míaƒe ŋutete ŋu la tso mía si o. (Xlẽ Psalmo 103:12-14.) Ekema, gɔmesese ka nue wòdi be míasɔ bliboe, kpɔtsɔtsɔ naganɔ mía ŋu o, eye míade le goawo katã me le?

5. Nu ka tae wòle be nɔnɔme nyui si nye lɔlɔ̃ nanɔ Yehowa subɔlawo si hafi woate ŋu alé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi?

5 Nu vevi si akpe ɖe Yehowa subɔlawo ŋu woalé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi ye nye lɔlɔ̃. Ele be lɔlɔ̃ si le mía si na mía Fofo si le dziƒo la kple mía ɖokui tsɔtsɔ nɛ bliboe nakpɔtɔ anye esi sɔ bliboe, esi ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o, alo esi de le goawo katã me. Ne míaƒe lɔlɔ̃ na eyama kpɔtɔ le nenema le dodokpɔwo me gɔ̃ hã la, ekema, efia be míelé míaƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi. (1 Kron. 28:9; Mat. 22:37) Gabu Ðasefo etɔ̃ siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia ƒe gɔmedzedze la ŋu kpɔ. Nu ka tae wowɔ nu nenema ɖo? Ðe nɔvinyɔnuvia medi be yeakpɔ dzidzɔ le suku oa? Alo ɖe nɔviŋutsu ɖekakpuia di be woado ŋukpe ye le ʋɔtrua nua? Eye ɖe ƒome ƒe ta la di be dɔ nage le ye sia? Menye nenemae wòle kura o. Ke boŋ, wonyae be Yehowa di be yewoanɔ agbe ɖe yeƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo nu, eye woƒe susu katã nɔ nu si woawɔ be woadze wo Fofo si le dziƒo ŋu la ŋu. Lɔlɔ̃ si le wo si nɛ la ʋã wo wotsɔ eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe nyametsotsoa me. Woto esia me ɖee fia be yewolé yewoƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi.

NU SI TA WÒHIÃ BE MÍALÉ FƆMAÐIMAÐI ME ÐE ASI

6. (a) Nu ka tae wòhiã be míalé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi? (b) Aleke Adam kple Xawa do kpo nu le fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi gome?

6 Nu ka tae wòle vevie be mí katã míalé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi? Esia le vevie, elabena Satana tso Yehowa nu, eye etsɔ nya ɖe wò hã ŋuwò. Mawudɔla dzeaglã ma va zu Satana, alo “Tsitretsiɖeŋula,” le keke Eden-bɔa me ke. Egblẽ Yehowa ƒe ŋkɔ nyui la ŋu esi wòna wòdze abe ɖe Mawu nye Dziɖula vɔ̃ɖi ɖokuitɔdila maɖianukware ene. Nublanuitɔe la, Adam kple Xawa wɔ ɖeka kple Satana le eƒe aglãdzedze ɖe Yehowa ŋu me. (1 Mose 3:1-6) Mɔnukpɔkpɔ manyagblɔ su wo si le Eden-bɔa me be woana woƒe lɔlɔ̃ na Yehowa nasẽ ɖe edzi hafi. Gake esime Satana va te wo kpɔ la, woƒe lɔlɔ̃a menye esi de le goawo katã me o. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva hiã be woakpɔ ŋuɖoɖo na biabia si nye: Ðe amegbetɔ aɖe ate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa Mawu le esi wòlɔ̃e ta? Ne míagblɔe bubui la, ɖe wòanya wɔ na amegbetɔwo be woalé woƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asia? Biabia sia fɔ ɖe te le Hiob gome.

7. Le Hiob 1:8-11 ƒe nya nu la, aleke Yehowa se le eɖokui me tso Hiob ƒe fɔmaɖimaɖi ŋu, eye aleke Satana ya se le eɖokui me tso eƒe fɔmaɖimaɖi ŋu?

7 Hiob nɔ agbe le ɣeyiɣi si me Israel-viwo nɔ Egipte la me. Le Hiob ƒe agbenɔɣi la, amegbetɔ aɖeke mewɔ nuteƒe na Mawu wòde etɔ nu o. Enye ame madeblibo abe míawo ke ene. Ewɔ vodadawo. Ke hã, Yehowa lɔ̃ Hiob ɖe eƒe fɔmaɖimaɖi ta. Anya nɔ eme be Satana nɔ alɔme ɖem le Yehowa ŋu xoxoxo be amegbetɔwo mate ŋu awɔ nuteƒe nɛ bliboe o. Eya ta, Yehowa gblɔ na Satana be nekpɔ ale si Hiob lé fɔmaɖimaɖi me ɖe asii ɖa. Hiob ƒe agbenɔnɔ katã ɖo kpe edzi be Satana nye aʋatsokala! Satana gblɔ na Yehowa be neɖe mɔ na ye ne yeado Hiob kpɔ. Yehowa ka ɖe exɔlɔ̃ Hiob dzi, eya ta, Eɖe mɔ na Satana be wòadoe kpɔ.—Xlẽ Hiob 1:8-11.

8. Aleke Satana dze Hiob dzi?

8 Satana nye tagbɔsẽla vɔ̃ɖi kple amewula. Eva dze Hiob dzi hegblẽ eƒe nunɔamesiwo dome, ewu eƒe subɔviwo, eye wògblẽ ŋkɔ nyui si le esi la ŋu. Edze Hiob ƒe ƒomea dzi hewu via malɔ̃nugbɔ ewoawo. Eyome, edze Hiob ŋutɔ dzi hegblẽ nu le eƒe lãmesẽ ŋu esi wòna ƒoƒoe vɔ̃ɖi aɖe va ƒo ɖe eŋu tso eƒe tame va se ɖe eƒe afɔƒome. Srɔ̃a tɔtɔ, eye wòxa nu vevie ale gbegbe be nu te ɖe edzi, eye wògblɔ na Hiob be negbe Mawu ne wòaku. Hiob ŋutɔ hã di vevie be yeaku, gake eyi edzi lé eƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi goŋgoŋ. Emegbe, Satana gadze edzi le mɔ bubu nu. Fifia ya, eto Hiob ƒe zɔhɛ etɔ̃ aɖewo dzi. Ŋutsu mawo va nɔ Hiob gbɔ ŋkeke geɖe, gake womegblɔ akɔfanya aɖeke nɛ o. Ke boŋ, wohe nya ɖe eŋu dzimesesẽtɔe hegblɔ nya tɔamewo ɖe eŋu. Wogblɔ be, Mawu gbɔe eƒe fukpekpeawo tso eye Mawu metsɔ ɖeke le eƒe fɔmaɖimaɖi me o. Woƒe nyawo ɖee fia gɔ̃ hã be ame vɔ̃ɖie Hiob nye eye edze na vɔ̃ siwo va edzi!—Hiob 1:13-22; 2:7-11; 15:4, 5; 22:3-6; 25:4-6.

9. Togbɔ be dodokpɔ sesẽwo va Hiob dzi hã la, nu kae wògbe be yemawɔ o?

9 Aleke Hiob wɔ nui le fukpekpe mawo katã me? Hiob mede blibo o. Edo dziku heka mo na yeaɖi akɔfala mawo vevie, eye wògblɔ nya siwo dzi eya ŋutɔ va lɔ̃ ɖo emegbe be wonye nya tatrawo. Hiob te tɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye dzi geɖe wu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye. (Hiob 6:3; 13:4, 5; 32:2; 34:5) Ke hã, esi Hiob nɔ nɔnɔme sesẽtɔ kekeake mawo me tom gɔ̃ hã la, egbe be yematrɔ megbe de Yehowa Mawu o. Egbe be yemaxɔ alakpaxɔlɔ̃ mawo ƒe alakpanyawo dzi ase o. Egblɔ be: “Nyemabu mi ame dzɔdzɔewoe gbeɖe o! Nyemaɖe asi le nye fɔmaɖimaɖi ŋu va se ɖe esime maku o!” (Hiob 27:5) Nya mawo ɖo kpe edzi be Hiob ɖoe kplikpaa be, nɔnɔme sesẽ ka kee ɖava ye dzi o, yeayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu. Hiob gbe be yemana ta o; míawo hã míate ŋu awɔ nenema ke.

10. Aleke nya si Satana tsɔ ɖe Hiob ŋu la ka wòe?

10 Aleke nya si Satana tsɔ ɖe Hiob ŋu la ka wòe? Nya siwo Satana tsɔ ɖe Hiob ŋu la kee wòtsɔ ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe hã ŋu egbea. Ðeko wòle abe ɖe Satana le gbɔgblɔm na Yehowa Mawu tso ŋuwò be, mèlɔ̃e kple dzi blibo o, eye àdzudzɔ esubɔsubɔ ne nɔnɔme sesẽwo va dziwò, eye aleke kee nèɖawɔ nuteƒe na Yehowae o, ameŋkumenuwɔwɔ koe wònye ene! (Hiob 2:4, 5; Nyaɖ. 12:10) Aleke nya siawo na nèse le ɖokuiwò me? Ðe nya siawo meku dzi na wò vevie oa? Ke hã, de ŋugble le nya sia ŋu kpɔ: Yehowa ɖe mɔ na Satana be wòado wò nuteƒewɔwɔ akpɔ. Yehowa ka ɖe dziwò ale gbegbe be, ena mɔnukpɔkpɔ wɔnuku aɖe wò be nàkpe asi ɖe eŋu be woaklo nu le Satana dzi be aʋatsokalae wònye. Yehowa ka ɖe dziwò be àte ŋu alé wò fɔmaɖimaɖi me ɖe asi, eye edo ŋugbe be yeakpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia. (Heb. 13:6) Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye esi wònye na mí be xexea me katã ƒe Dziɖulagã la ka ɖe mía dzi! Èkpɔ ale si gbegbe fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi ƒe nyaa le veviea? Ekpena ɖe mía ŋu be míegbea Satana ƒe alakpanyawo eye míeʋlia mía Fofo ƒe ŋkɔ nyui la ta heɖenɛ fiana be míelɔ̃ ɖe edzi be mɔ si nu wòɖua dzi le lae nye nyuitɔ. Afɔ kawoe míate ŋu aɖe be míatu nɔnɔme nyui sia si le vevie ŋutɔ la ɖo?

AFƆ SIWO MÍAÐE BE MÍALÉ FƆMAÐIMAÐI ME ÐE ASI LE ƔEYIƔI SIAWO ME

11. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Hiob gbɔ?

11 Satana le Mawu ƒe amewo dzi dzem vevie le ‘ŋkeke mamlɛ’ sesẽ siawo me wu tsã. (2 Tim. 3:1) Le ɣeyiɣi doblukɔ sia me la, nu kae míate ŋu awɔ be míado ŋusẽ mía ɖokuiwo ale be míayi edzi alé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi? Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Hiob gbɔ. Hafi dodokpɔwo nava Hiob dzi la, elé eƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi zi gbɔ zi geɖe xoxo. Bu nu vevi etɔ̃ siwo míate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ, siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado ŋusẽ mía ɖokuiwo ale be míayi edzi alé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi la ŋu kpɔ.

Afɔ kawoe míate ŋu aɖe be míado ŋusẽ mía ɖokuiwo ale be míayi edzi alé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi? (Kpɔ memama 12 lia) *

12. (a) Abe ale si Hiob 26:7, 8, 14 ɖee fia ene la, nu kae Hiob wɔ si kpe ɖe eŋu wòkpɔ Yehowa ƒe gãnyenye wɔnuku la dze sii si na wòde bubu deto eŋu? (b) Afɔ kae míate ŋu aɖe be Mawu ƒe gãnyenye wɔnuku la nawɔ dɔ ɖe mía dzi?

12 Hiob na lɔlɔ̃ si le esi na Mawu la gasẽ ɖe edzi esi wòɖe afɔ siwo kpe ɖe eŋu wòkpɔ Yehowa ƒe gãnyenye wɔnuku la dze sii. Hiob di ɣeyiɣi de ŋugble le Yehowa ƒe nuwɔwɔ wɔnukuwo ŋu. (Xlẽ Hiob 26:7, 8, 14.) Esi wòde ŋugble le anyigbaa, dziŋgɔlia, alilikpowo, kple dziɖegbe ŋu la, ewɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe, ke hã, ekpɔe be yemenya nu boo aɖeke tso Yehowa ƒe nuwɔwɔ gbogbo manyaxlẽawo ŋu o. Ede asixɔxɔ gã Yehowa ƒe nyawo hã ŋu. Hiob gblɔ be: “Medzra eƒe numenyawo ɖo nyuie.” (Hiob 23:12) Yehowa ƒe amenyenye wɔ dɔ ɖe Hiob dzi ale gbegbe eye edea bubu deto Yehowa ŋu. Hiob lɔ̃ Fofoa si le dziƒo la eye wòdina be yeawɔ nu si dzea eŋu. Esia wɔe be tame si Hiob ɖo kplikpaa be yealé yeƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi la gasẽ ɖe edzi. Ele be míawo hã míasrɔ̃ Hiob ƒe kpɔɖeŋua. Míenya nu geɖe tso Yehowa ƒe nuwɔwɔ wɔnukuawo ŋu wu Hiob ŋɔli me tɔwo. Eye Biblia bliboa si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya ame si tututu Yehowa nye la hã le mía si. Nu sia nu si míesrɔ̃na ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ eƒe gãnyenye wɔnuku la adze sii. Ne míekpɔ Yehowa ƒe gãnyenye wɔnuku la dze sii eye míedea bubu eya amea ŋu la, esia aʋã mí míalɔ̃e ahaɖo toe, eye esia hã ana didi vevi si le mía me be míalé míaƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi la nagasẽ ɖe edzi.—Hiob 28:28.

Míate ŋu ado ŋusẽ mía ɖokuiwo be míayi edzi alé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi ne míetsria amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ (Kpɔ memama 13 lia) *

13-14. (a) Abe ale si wòdze le Hiob 31:1 ene la, aleke Hiob ɖee fia be yenye toɖola? (b) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Hiob ƒe kpɔɖeŋua?

13 Ale si Hiob ɖo to Mawu le nu sia nu me la do ŋusẽe wòlé eƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi. Hiob nyae be fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi bia be ame naɖo to Yehowa. Le nyateƒe me la, ɣesiaɣi si míeɖo to Yehowa la, esia nana ale si míeɖoe kplikpaa be míalé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi la gasẽna ɖe edzi. Hiob ku kutri vevie ɖo to Mawu gbe sia gbe. Le kpɔɖeŋu me, eɖɔ ŋu ɖo le ale si wòwɔa nu ɖe nyɔnuwo ŋu la me. (Xlẽ Hiob 31:1.) Esi srɔ̃ le esi ta la, enyae be mesɔ be yeana nyɔnu bubu aɖeke ƒe nu nalé dzi na ye to vovo na yesrɔ̃ o. Egbea, xexe si me míele la tsɔa gbɔdɔnuwɔna vovovowo ɖoa mía ŋkume tsɔ tea mí kpɔna. Abe Hiob ene la, ɖe míawo hã míagbe be míagana míaƒe ŋku nanɔ ame si menye mía srɔ̃ o la ŋu madzemadzee oa? Ðe míawo hã míagbe be míagakpɔ amamaɖefotowo o, afi ka kee wòɖadze le oa? (Mat. 5:28) Ne míeɖua mía ɖokui dzi alea gbe sia gbe la, esia ana míado ŋusẽ mía ɖokuiwo be míayi edzi awɔ nuteƒe.

Míate ŋu ado ŋusẽ mía ɖokuiwo be míayi edzi alé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi ne míedana sɔna le ale si míebua ŋutilãmenuwoe me (Kpɔ memama 14 lia) *

14 Hiob ɖo to Yehowa le ale si wòbu ŋutilãmenuwoe hã me. Hiob de dzesii be, ne yeɖo ŋu ɖe yeƒe nunɔamesiwo ŋu la, esia anye vodada gã si dze na tohehe. (Hiob 31:24, 25, 28) Egbea, xexe si me míele la me tɔwo dia ŋutilãmenu vivivo. Ne míedze agbagba da sɔ le ale si míebua ga kple ŋutilãmenuwoe gome abe ale si Biblia ɖo aɖaŋu na mí ene la, esia ana tame si míeɖo kplikpaa be míayi edzi alé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi la me nagasẽ ɖe edzi.—Lod. 30:8, 9; Mat. 6:19-21.

Míate ŋu ado ŋusẽ mía ɖokuiwo be míayi edzi alé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi ne míenana míaƒe susu nɔa míaƒe mɔkpɔkpɔa dzi ɣeawokatãɣi (Kpɔ memama 15 lia) *

15. (a) Teƒeɖoɖo kae Hiob nɔ mɔ kpɔm na si wɔe be wòte ŋu yi edzi lé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi? (b) Ne míena Yehowa ƒe ŋugbedodowo le susu me na mí la, nu ka tae esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

15 Enɔ susu me na Hiob be Mawu aɖo eteƒe na ye, eye esia na wòyi edzi lé eƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi. Eka ɖe edzi be Mawu tsɔ ɖe le yeƒe fɔmaɖimaɖi me. (Hiob 31:6) Togbɔ be Hiob nɔ dodokpɔ sesẽwo me tom hã la, eka ɖe edzi be Yehowa ava ɖo eteƒe na ye mlɔeba. Ðikeke mele eme o be kakaɖedzi ma kpe ɖe eŋu wòlé eƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi goŋgoŋ. Yehowa kpɔ dzidzɔ ɖe ale si Hiob lé fɔmaɖimaɖi me ɖe asii la ŋu ale gbegbe be eɖo eteƒe nɛ le agbɔsɔsɔ gã aɖe me, togbɔ be egakpɔtɔ nye ame madeblibo gɔ̃ hã! (Hiob 42:12-17; Yak. 5:11) Eye teƒeɖoɖo wɔnuku bubuwo agava su Hiob si le etsɔme. Ðe nèka ɖe edzi bliboe be ne èlé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi la, Yehowa aɖo eteƒe na wòa? Míaƒe Mawu la metrɔ o. (Mal. 3:6) Ne míeɖoa ŋku edzi be míaƒe fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi le vevie na Yehowa eye wòdea asixɔxɔ gã eŋu la, míate ŋu alé míaƒe mɔkpɔkpɔ wɔnuku la me ɖe asi sesĩe.—1 Tes. 5:8, 9.

16. Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ?

16 Ðoe kplikpaa be yemaɖe asi le yeƒe fɔmaɖimaɖi ŋu gbeɖe o! Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu adzɔ be nàse le ɖokuiwò me be ye ɖeka koe le agbagba dzem be yealé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi, gake nyae be menye wò ɖeka koe o. Ɣesiaɣi si nèlé wò fɔmaɖimaɖi me ɖe asi la, nyae be nuteƒewɔla miliɔn geɖe siwo le xexea me godoo, siwo léa fɔmaɖimaɖi me ɖe asi la hã le ewɔm nenema ke. Woabu wò hã akpe ɖe ŋutsu kple nyɔnu xɔsetɔ siwo lé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi le blema esime wodze ŋgɔ ku gɔ̃ hã la ŋu. (Heb. 11:36-38; 12:1) Neva eme be mí katã míaɖoe kplikpaa anɔ agbe wòawɔ ɖeka kple nya siwo Hiob gblɔ, esi wògblɔ be: ‘Nyemaɖe asi le nye fɔmaɖimaɖi ŋu o!’ Eye neva eme be míaƒe fɔmaɖimaɖi nahe ŋutikɔkɔe vɛ na Yehowa!

HADZIDZI 124 Míawɔ Nuteƒe Ðaa

^ mm. 5 Nu kae nye fɔmaɖimaɖi? Nu ka tae Yehowa dea asixɔxɔ nɔnɔme nyui sia ŋu le esubɔlawo ŋu? Nu ka tae fɔmaɖimaɖi le vevie na mía dometɔ ɖe sia ɖe? Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si Biblia ɖo nyabiase siawo ŋui. Akpe ɖe mía ŋu hã be míakpɔ afɔ siwo wòle be míaɖe be míado ŋusẽ mía ɖokuiwo, ale be míayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu gbe sia gbe. Esia ana Yehowa nayra mí geɖe.

^ mm. 3 Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “sɔ bliboe” le lãwo gome la do ƒome kple nya “fɔmaɖimaɖi” si wozãna na amegbetɔwo.

^ mm. 50 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Hiob si nye vifofo si metsi boo o lae nye ema kple viawo dometɔ aɖewo; ele nu fiam wo tso Yehowa ƒe nuwɔwɔ wɔnukuawo ŋu.

^ mm. 52 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu aɖe gbe be yemawɔ ɖeka kple yeƒe dɔwɔhatiwo ne yewoakpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo o.

^ mm. 54 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Esi ŋutsu aɖe le eƒom ɖe Nɔviŋutsu aɖe nu be wòaƒle television gã si xɔ asi ŋutɔ evɔ menye ɖe wòhiãe o eye ga hã mele esi wòaƒlee o la, egbe.

^ mm. 56 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu aɖe di ɣeyiɣi le ŋugble dem le Paradiso mɔkpɔkpɔa ŋu hele gbe dom ɖa tso eŋu.